INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 3 axa 23-31
  • Lé Mawu ƒe Nya la Me Ðe Asi Sesĩe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lé Mawu ƒe Nya la Me Ðe Asi Sesĩe
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpe Ðe Amewo Ŋu Woase Egɔme eye Woade Asixɔxɔ Eŋu
  • Míaƒe Biblia Xexlẽ
  • Míaƒe Taɖodzinu
  • Milé Mawu ƒe Nya la ɖe Asi Sesĩe
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Viɖekpɔkpɔ Tso Biblia Xexlẽ Gbesiagbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Biblia Xexlẽ—Viɖe Le Eŋu Eye Wòvivina
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Do Vevie Nuxexlẽ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 3 axa 23-31

Ta Etɔ̃lia

Lé Mawu ƒe Nya la Me Ðe Asi Sesĩe

1. (a) Aleke blema Israel kpɔ Mawu ƒe nya la ƒe nyateƒenyenye teƒee? (b) Nukatae nya sia ka mí?

“MIENYAE tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me.” (Yosua 23:14-16) Esiawoe nye nya siwo Yosua gblɔ na Israel-metsitsiwo esime wova xɔ anyinɔ ɖe Ŋugbedodonyigba la dzi. Ẽ, wokpɔe be kakaɖedzi le Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu nyateƒe. Wokpɔ nuŋlɔɖi ma—kple Biblia ƒe akpa mamlɛawo—ta na mí bene “mɔkpɔkpɔ” nanɔ mía si.—Romatɔwo 15:4.

2. (a) Gɔmesese ka nue Biblia ‘tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me’ le? (b) Agba kae enyanya be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso la da ɖe mía dzi?

2 Togbɔ be amegbetɔ siwo ade 40 ye wozã tsɔ ŋlɔ Bibliae hã la, Yehowa ŋutɔe nye amesi nye Eŋlɔla. Ðe wòfia be efia mɔ le nusianu si le eme la ŋɔŋlɔ ŋua? Ẽ. Ewɔ esia to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si nye eƒe dɔwɔŋusẽ triakɔ la dzi. Apostolo Paulo gblɔ nyateƒetɔe be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ . . . tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me . . . bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” Amesiwo xɔ nya mawo dzi se le afisiafi la wɔna ɖe Biblia me nyawo dzi eye wotua woƒe agbenɔnɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi.—Timoteo II, 3:16, 17; Tesalonikatɔwo I, 2:13.

Kpe Ðe Amewo Ŋu Woase Egɔme eye Woade Asixɔxɔ Eŋu

3. Mɔ kae nye nyuitɔwo kekeake dometɔ ɖeka si dzi míato akpe ɖe amesiwo meka ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye o la dometɔ geɖe ŋu?

3 Amesiwo míeƒoa nu na dometɔ geɖe meka ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye abe alesi míawo ya míeka ɖe edzii ene o. Aleke míawɔ akpe ɖe wo ŋu? Zi geɖe mɔ nyuitɔwo kekeake dometɔ ɖekae nye be míaʋu Biblia la afia emenyawo wo. “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Menye ŋutinya gbɔlo aɖe koe “Mawu ƒe nya la” nye o; ele agbe! Biblia ƒe ŋugbedodowo le zɔ ɖem yi ŋgɔ eye naneke mate ŋu axe mɔ na wo me vava o. Dɔ si Biblia me nyawo wɔna ɖe ameʋãŋusẽ si tso ame ƒe dzi me dzi la nu sẽ ale gbegbe wu nya sia nya si mía ŋutɔwo míagblɔ.

4. Biblia ƒe nyateƒewo me ɖeɖe kawoe na alesi amewo bua Bibliae la trɔ, eye nukatae?

4 Mawu ƒe ŋkɔ kpɔkpɔ le Biblia me na ame geɖe di be yewoaku eme tsitotsito ayi to wu. Ame bubuwo ɖoe be yewoasrɔ̃ Biblia esi wofia nu wo tso nusi wògblɔ le tameɖoɖo si le agbe ŋu, nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu, nusi nusiwo le dzɔdzɔm fifia fia, alo agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Le dukɔ siwo me subɔsubɔ nuwɔnawo wɔe be gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na amewo la, alesi Biblia ɖe nusi gbɔ nusia tso kple alesi woawɔ avo tso wo si me la na be ame geɖe ɖoe be yewoasrɔ̃e. Nukatae nusiawo wɔa dɔ ɖe dzianukwaretɔwo dzi? Esi Biblia koe nye agbalẽ si me woakpɔ nya siwo ŋu kakaɖedzi le tso nya vevi mawo katã ŋu tae.—Psalmo 119:130.

5. (a) Ne amewo gblɔ be yewomexɔ Biblia dzi se o la, ate ŋu anye nukatae? (b) Aleke míawɔ akpe ɖe amesiawo ŋu?

5 Gake ne amewo gblɔ na mí be yewomexɔ Biblia dzi se o ɖe? Ðe wòle be míatɔ dzeɖoɖoa ɖe afima? Ne wolɔ̃ be yewoase numeɖeɖe la, ke mele be míatɔe ɖe afima o. Ðewohĩ esi wobua Biblia Kristodukɔa ƒe agbalẽe tae. Ate ŋu anye Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔwɔ kple nudede dunya me ƒe ŋutinya si wonya nyuie, kpakple eƒe gabiabia fũ tae Biblia ƒe nya megadoa dzidzɔ na ame aɖewo o ɖo. Anyo be nàbia wo se nenye nusiawo tae. Ne nenemae la, ke alesi Biblia tsi tre ɖe Kristodukɔa ƒe nuwɔna siwo nye xexeame nuwɔnawo ŋu, kpakple nya siwo fia vovototo si le Kristodukɔa kple Kristotɔnyenye vavãtɔ dome la ate ŋu ana woadi be yewoasrɔ̃ Biblia.—Mixa 3:11, 12; Mateo 15:7-9; Yakobo 4:4.

6. (a) Nukae na wò ŋutɔ nèka ɖe edzi be Mawu ƒe Nyae Biblia nye? (b) Nya kawo hãe míagate ŋu agblɔ atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woakpɔe be Mawu gbɔe Biblia tso vavã?

6 Le ame bubuwo gome la, kpeɖodzi siwo fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ mee Biblia tso ate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Nukae ɖo kpe edzi na wò ŋutɔ kɔte be Yehowa Mawu ƒe agbalẽe Biblia nye? Nusi Biblia ŋutɔ gblɔ tso afisi nye eƒe dzɔtsoƒe ŋuea? Alo nyagblɔɖi gbogbo siwo le Biblia me siwo fia be enya nu tso alesi etsɔme anɔ ŋu tsitotsito, siwo fia be amesi de ŋgɔ wu amegbetɔ gbɔ koe nyagblɔɖi siawo ate ŋu atso taea? (Petro II, 1:20, 21) Esi ɖekawɔwɔ si wɔ nuku le Biblia ŋutɔ me, togbɔ be ame 40 ye ŋlɔe le ƒe siwo anye 1,600 me taea? Alo alesi wòsɔ pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya me si to vovo na agbalẽ bubu siwo nɔ anyi ɣemaɣi taea? Alo eŋlɔlawo ƒe nyateƒetoto le woƒe vodadawo ŋuea? Alo alesi wokpɔ eta togbɔ be wodze agbagba vɔ̃ɖivɔ̃ɖii be woatsrɔ̃e ɖa hã taea? Nusianu si nèkpɔ be ewɔ dɔ ɖe ye dzi la, àte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu.a

Míaƒe Biblia Xexlẽ

7, 8. (a) Nukae wòle be míanɔ wɔwɔm kple Biblia? (b) Nuka hãe gahiã mí tsɔ kpe ɖe míaƒe ɖokuisi Biblia xexlẽ ŋu? (d) Aleke Yehowa ƒe tameɖoɖowo gɔmesese kpe ɖe wò ŋutɔ ŋuwòe?

7 Tsɔ kpe ɖe kpekpe ɖe amewo ŋu be woaxɔ Biblia dzi ase ŋu la, ele be mía ŋutɔwo míadi ɣeyiɣi anɔ exlẽm edziedzi. Èxlẽnɛ nenema? Le agbalẽ siwo katã woŋlɔ kpɔ dome la, eyae nye vevitɔ kekeake. Gake mefia be ne míexlẽe le mía ɖokui si ko la, ke míegahiã naneke kpee o. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí le mía ɖokui ɖeɖe ɖe aga ŋu. Mele be míasusui be míate ŋu ake ɖe nusianu ŋu le mía ŋutɔwo míaƒe ɖokuisi numekuku me o. Ðokuisinusɔsrɔ̃ kple Mawu ƒe amewo ƒe kpekpewo dede edziedzi siaa hiã bene míanye Kristotɔ siwo da sɔ.—Lododowo 18:1; Hebritɔwo 10:24, 25.

8 Le esia gome la, Biblia ƒo nu na mí tso Etiopia-megã aɖe si nɔ Yesaya ƒe nyagblɔɖia xlẽm ŋu. Mawudɔla aɖe fia mɔ Kristotɔ nyanyuigblɔla Filipo be wòabia amea be: “Èle nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?” Etiopiatɔa ɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Eɖe kuku na Filipo be wòaɖe Ŋɔŋlɔa ƒe akpa ma me na ye. Ele be míade dzesii be menye amesi xlẽa Biblia le eɖokui si ko eye eya ŋutɔ ɖea Ŋɔŋlɔawo me alesi wòse emee ye Filipo nye o. Kadodo kplikplikpli nɔ woa kple Mawu ƒe habɔbɔ si wokpɔna la dome. Eyata ete ŋu kpe ɖe Etiopiatɔa ŋu mɔfiame si nam Yehowa nɔ to habɔbɔ ma dzi ɖe vi nɛ. (Dɔwɔwɔwo 6:5, 6; 8:5, 26-35) Nenema ke egbea hã ame aɖeke mete ŋu sea Yehowa ƒe tameɖoɖowo me le eɖokui si o. Mí katã míehiã kpekpeɖeŋu si Yehowa nana lɔlɔ̃tɔe to eƒe habɔbɔ si wokpɔna la dzi.

9. Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi kae ate ŋu aɖe vi na mí katã?

9 Bene míate ŋu ase Biblia me la, Yehowa ƒe habɔbɔa naa Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe nyuiwo mí le agbalẽ vovovowo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wowɔa Biblia xexlẽ edziedzi ƒe ɖoɖo na mí le Teokrasi Subɔsubɔ Suku si wowɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã me le xexeame godoo la me. Ne mía ŋutɔwo míedzroa Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la, ate ŋu aɖe vi gbogbo aɖe na mí. (Psalmo 1:1-3; 19:8, 9) Dze agbagba vevie be nànɔ Biblia xlẽm edziedzi. Togbɔ be màse nusianu me tsitotsito o hã la, nya blibo siwo ŋu Ŋɔŋlɔawo me nyawo ku ɖo nyanya aɖe vi gbogbo aɖe na wò. Le kpɔɖeŋu me, ne èxlẽa Biblia ƒe axa ene alo atɔ̃ gbesiagbe la, àte ŋu awu exexlẽ nu le ƒe ɖeka me.

10. (a) Ɣekaɣie nèxlẽa Biblia? (b) Amekawo hãe wòle be míade eme ne míele Biblia xlẽm, eye nukatae exexlẽ edziedzi le vevie ɖo?

10 Ɣekaɣie nàte ŋu aɖo na wò Biblia xexlẽ? Ne aɖabaƒoƒo 10 alo 15 pɛ koe nèɖo nɛ gbesiagbe hã la, aɖe vi geɖe na wò. Ne manya wɔ na wò nenema o la, ke ɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ya teti ɖi kwasiɖa sia kwasiɖa, eye dze agbagba nàzɔ ɖe ɖoɖowɔɖi ma dzi. Ne srɔ̃tɔe nènye la, mia kple srɔ̃wò miate ŋu ase vivi na Biblia la xexlẽ ne miekɔa gbe dzi xlẽnɛ na mia nɔewo. Ne mia viwo tsi ate ŋu axlẽ nu la, woate ŋu axlẽe ɖe wo nɔewo yome. Ele be Biblia xexlẽ nazu agbe me nutsiamesi na mí, abe nuɖuɖu ene. Abe alesi nènyae ene la, ne ame aɖe meɖua nu nyuie o la, agblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu. Nenema ke wòle le míaƒe gbɔgbɔ me lãmesẽ hã gome, eye le esia ta míaƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ nɔ te ɖe “nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me” tsɔtsɔ nyi mía ɖokui edziedzii dzi.—Mateo 4:4.

Míaƒe Taɖodzinu

11. Nukae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu le Biblia xexlẽ me?

11 Nukae wòle be wòanye míaƒe taɖodzinu le Biblia xexlẽ me? Mele be míaƒe taɖodzinu nanye be míawu axa xexlẽme aɖe nu ko evɔ o. Nusi wòle be wòaʋã mí ye nye didi be míanya Mawu nyuie wu ale be míalɔ̃e ɖe edzi eye míasubɔe le mɔ si adze eŋu nu. (Yohanes 5:39-42) Ele be míaƒe nɔnɔme naɖi Biblia ŋlɔla si gblɔ be, “Yehowa, ɖe wò mɔwo fiam, eye nafia wò toƒewòm” la tɔ.—Psalmo 25:4.

12. (a) Nukatae wòhiã be ‘sidzedze vavã’ nasu ame si, eye agbagba kawoe wòle be míadze ne míele nu xlẽm be sidzedze ma nasu mía si? (b) Mɔnu ene kawoe wòaɖe vi na mí be míazã atsɔ adzro nu mee ne míele Biblia xlẽm? (Kpɔ aɖaka si le axa 30 lia.) (d) Ðo nya siwo wobia le memama sia me ŋu nàtsɔ awɔ eƒe kpɔɖeŋui. Xlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ o.

12 Ne míele Yehowa ƒe nufiafiawo xɔm la, ele be wòanye míaƒe didi be ‘sidzedze vavã’ nasu mía si. Eya manɔmee la, aleke míawɔ atsɔ Mawu ƒe Nya la awɔ dɔe alesi dze le mía ŋutɔwo míaƒe agbenɔnɔ me alo aɖe eme alesi sɔ na amewo? (Kolosetɔwo 3:10; Timoteo II, 2:15) Bene sidzedze vavã nasu mía si la, ele be míatsɔ beléle axlẽ nui, eye ne teƒe aɖe me goglo la, ahiã be míaxlẽe wu zi ɖeka bene míase eme. Ne míegbɔ dzi ɖi de ŋugble le nyatia ŋu, míebu eŋu le mɔ vovovowo nu, hã la, aɖe vi na mí. Wofia mɔnu vevi ene siwo dzi míato adzro nuxexlẽa me tsitotsito la le axa 30 lia. Míate ŋu azã mɔnu siawo dometɔ ɖeka alo esi wu nenema atsɔ adzro Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa geɖe me tsitotsito wòaɖe vi. Ne èle biabia siwo le axa siwo kplɔe ɖo ŋu ɖom la, àkpɔ alesi nàte ŋu awɔe.

(1) Zi geɖe la, Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si xlẽm nèle la afia nane wò tso amesi ƒomevi Yehowa nye la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míekpɔ alesi gbegbe Mawu tsɔ ɖe le vi nɔdɔmewo mee le Psalmo 139:13, 14: “[Èkpɔ] tanye le danye ƒe dɔme. Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.” Aleke gbegbe Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo wɔ nukui enye si! Amegbetɔ ƒe wɔwɔme nye eƒe lɔlɔ̃ gã na mí ƒe ɖaseɖiɖi gã aɖe.

Le nya si Yohanes 14:9, 10 gblɔ ta la, ne míexlẽ nu tso alesi Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui ŋu la, alesi Yehowa ŋutɔ awɔ nui enye ma srɔ̃m míele. Esi esia le susu me na mí la, nukae míate ŋu agblɔ tso Yehowa ŋu tso nudzɔdzɔ siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Luka 5:12, 13 kple Luka 7:11-15 la me?

(2) De ŋugble le alesi nudzɔdzɔa do ƒome kple Biblia ƒe tanyae: esi nye Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli kple eƒe ŋkɔ la ŋuti kɔkɔ to Fiaɖuƒe si le Ŋugbedodovi Yesu Kristo si me la dzi.

Aleke Xezekiel kple Daniel te gbe ɖe Biblia ƒe tanya dzii? (Xezekiel 38:21-23; Daniel 2:44; 4:14; 7:9-14)

Aleke Biblia ɖee fia kɔte be Yesue nye Ŋugbedodovi la? (Galatiatɔwo 3:16)

Aleke Nyaɖeɖefia ƒo nu tso tanya si nye Fiaɖuƒe la ƒe taƒoƒo keŋkeŋ ŋui? (Nyaɖeɖefia 11:15; 12:7-10; 17:16-18; 19:11-16; 20:1-3; 21:1-5)

(3) Bia alesi nàte ŋu atsɔ nusi xlẽm nèle awɔ dɔe la ɖokuiwò. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ nu tso Israel-viwo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple aglãdzedze ŋu le Mose ƒe Agbalẽ Evelia vaseɖe Atɔ̃lia me. Míekpɔ be nu gbegblẽwoe do tso nɔnɔme kple nuwɔna mawo me. Eyata ele be wòaʋã mí míadi be míagasrɔ̃ Israel-viwo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa o bene míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. “Nusiawo katã va ame mawo dzi abe kpɔɖeŋu ene, eye woŋlɔe ɖi, bene wòanye nuxɔxlɔ̃ hena mí amesiwo dzi xexe sia me ƒe nuwuwu va ɖo la.”—Korintotɔwo I, 10:11.

Nufiame kae le Kain ƒe Abel wuwu ŋuti nuŋlɔɖia me na mí? (Mose I, 4:3-12; Hebritɔwo 11:4; Yohanes I, 3:10-15; 4:20, 21)

Ðe nuxlɔ̃amenya siwo Biblia gblɔ na Kristotɔ siwo si dziƒomɔkpɔkpɔ le la ku ɖe amesiwo si agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi le hã ŋua? (Mose IV, 15:16; Yohanes 10:16)

Togbɔ be míele tenɔnɔ nyui me le Kristo-hamea me hã la, nukatae wòhiã be míabu alesi míatsɔ Biblia ƒe nuxlɔ̃ame siwo míenya xoxo awɔ dɔe bliboe wu ŋu? (Korintotɔwo II, 13:5; Tesalonikatɔwo I, 4:1)

(4) Bu alesi nàte ŋu atsɔ nusi xlẽm nèle akpe ɖe ame bubuwo ŋui la ŋu. Amesiame tsia dzi ɖe lãmesẽnyawo ŋu, eyata míate ŋu axlẽ nusi Yesu wɔ tsɔ fia nusi wòava wɔ le mɔ si lolo wu nu ne eva eƒe Fiaɖuƒeŋusẽ me la na wo: “Ameha geɖe va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi vɛ, . . . eye wòda gbe le wo ŋu.”—Mateo 15:30.

Amekawo ŋue Yairo vinyɔnu ƒe tsitretsitsi ŋuti nuŋlɔɖia ate ŋu akpe ɖo? (Luka 8:41, 42, 49-56)

13. Nukawoe míate ŋu akpɔ mɔ na ne míeyi edzi wɔ ɖe Biblia xexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo si Yehowa ƒe habɔbɔa wɔna la dzi?

13 Aleke gbegbe Biblia xexlẽ ɖea vi ŋutɔ na amee nye si ne míetsɔ mɔnu ene siwo míeyɔ va yi la de ŋugble le nusi míexlẽ ŋui! Vavãe, Biblia xexlẽ bia veviedodonu. Gake ate ŋu aɖe vi na mí le míaƒe agbe me katã, elabena ne míexlẽa Ŋɔŋlɔawo la, ana míatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me. Biblia xexlẽ edziedzi ate mí ɖe mía Fofo lɔ̃ame Yehowa kple mía nɔvi Kristotɔwo ŋu kplikplikpli wu. Akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be ‘míalé agbenya la me ɖe asi sesĩe.’—Filipitɔwo 2:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, si Yehowa Ðasefowo ta hena numedzodzro le nusita wòdze be míade ŋugble le Biblia ŋu.

Numetoto

• Nukatae woŋlɔ Biblia eye wokpɔ eta vaseɖe míaƒe ŋkekea me?

• Aleke míawɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woase Biblia me eye woade asixɔxɔ eŋu?

• Nukatae ame ŋutɔ ƒe Biblia xexlẽ edziedzi ɖea vi? Mɔnu ene kawoe míate ŋu azã atsɔ adzro nusi míexlẽna mee tsitotsito?

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 30]

NE ÈLE BIBLIA ƑE AKPA AÐE XLẼM LA, BU NUSIAWO ŊU

Nusi fiam wòle wò tso amesi ƒomevi Yehowa nye ŋu

Alesi wòku ɖe tanya gã si le Biblia bliboa si ŋu

Alesi wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe wò ŋutɔ wò agbenɔnɔ dzii

Alesi nàte ŋu azãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe