INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 4 axa 32-40
  • Amesi Ŋu Nyagblɔɖilawo Katã Ði Ðase Le

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amesi Ŋu Nyagblɔɖilawo Katã Ði Ðase Le
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Nyagblɔɖiawo Ðe Fia
  • Ðee Fia be Yexɔ Kristo Dzi Se
  • Amesi Ŋuti Nyagblɔɖilawo Katã Ði Ðase Le
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Da La Ƒe Dzidzimevi—Aleke Woklo Nu Le Eŋui?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Biblia ƒe Tanya Vevi La
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Agbe Mavɔ Mɔ Ðeka Kolia La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 4 axa 32-40

Ta Enelia

Amesi Ŋu Nyagblɔɖilawo Katã Ði Ðase Le

1. Nukae nya siwo ku ɖe Yesu ƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu ŋu fia mí ku ɖe ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome ŋu?

“FOFO la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ.” (Yohanes 5:20) Aleke gbegbe Vi la kple Fofoa Yehowa dome vivii enye si! Ƒomedodo kplikplikpli si le wo dome la dze egɔme tso ɣeyiɣi si wòwɔe ke, esi nye ƒe akpeakpe siwo ƒe xexlẽme míate ŋu anya o hafi wova dzii amegbetɔe. Eyae nye Mawu ƒe Tenuvi la, amesi ko Yehowa ŋutɔ wɔ tẽ. Ŋgɔgbevi malɔ̃nulegbɔ sia dzie wòto wɔ nu bubu ɖesiaɖe le dziƒo kple anyigba dzi. (Kolosetɔwo 1:15, 16) Enye Mawu ƒe Nya, alo Nyanuɖela hã, Amesi dzi Mawu tona gblɔa eƒe lɔlɔ̃nu na ame bubuwo. Vi sia si gbɔ Mawu melɔ̃a nu le kura o ye va zu amegbetɔ Yesu Kristo.—Lododowo 8:22-30; Yohanes 1:14, 18; 12:49, 50.

2. Aleke gbegbe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ƒo nu tso Yesu ŋui?

2 Hafi woafɔ Mawu ƒe Vi gbãtɔa ƒe fu nukutɔe la, woŋlɔ nyagblɔɖi gbogbo aɖe siwo tso gbɔgbɔ me tso eŋu. Apostolo Petro ɖi ɖase tso eŋu na Kornelio be: “Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le.” (Dɔwɔwɔwo 10:43) Woƒo nu tso nusiwo Yesu awɔ ŋu le Biblia me ale gbegbe be mawudɔla aɖe gblɔ na apostolo Yohanes be: “Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.” (Nyaɖeɖefia 19:10) Nyagblɔɖi mawo ɖe eyama fia kɔte be eyae nye Mesia la. Wohe susu yi akpa vovovo siwo wòawɔ le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me dzi. Ele be míatsɔ ɖe le esiawo katã me vevie egbea.

Nusi Nyagblɔɖiawo Ðe Fia

3. (a) Amekae da la, “nyɔnu” la, kple ‘da la ƒe dzidzimevi’ nye kpɔɖeŋu na le nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15 me? (b) Nukatae Yehowa subɔlawo tsɔ ɖe le ‘ta gbagbã na da la’ me vevie?

3 Wogblɔ nyagblɔɖi siawo ƒe gbãtɔ le aglãdzedze le Eden-bɔa me megbe. Yehowa gblɔ na da la be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15) Satana, amesi nɔ megbe na da la, koŋ ye wogblɔ nyagblɔɖi ma na. “Nyɔnu” lae nye Yehowa ŋutɔ ƒe dziƒohabɔbɔ wɔnuteƒe si le abe srɔ̃nyɔnu wɔnuteƒe nɛ ene. ‘Da la ƒe dzidzimevie’ nye mawudɔla kple amegbetɔ siwo katã ɖea Satana ƒe gbɔgbɔ fiana, amesiwo tsia tre ɖe Yehowa kple Eƒe amewo ŋu. ‘Ta gbagbã na da la’ fia aglãdzela Satana, amesi gblẽ Yehowa ŋu eye wòhe vevesese gã aɖe vɛ na ameƒomea, tsɔtsrɔ̃ ɖa kura mlɔeba. Gake amekae nye “dzidzimevi,” si agbã ta na da la, ƒe akpa vevitɔ? Nya sia nye ‘nya ɣaɣla kɔkɔe’ ƒe akpewo.—Romatɔwo 16:20, 25, 26.

4. Aleke dzidzime si me Yesu dzɔ ɖo la kpe ɖe mía ŋu míekpɔe dze sii be eyae nye Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la?

4 Anye ƒe 2,000 megbe le ameƒomea ƒe ŋutinya me la, Yehowa na numekɔkɔ bubuwo kpee. Eɖee fia be Dzidzimevia adzɔ tso Abraham ƒe ƒomea me. (Mose I, 22:15-18) Gake manye amewo ƒe dzɔdzɔme le ŋutilã me dzie woanɔ te ɖo afia amesi dzi Dzidzimevia adzɔ atoe o; Mawu ƒe tiatia boŋ dzie wòato. Togbɔ be Abraham lɔ̃ via Ismael si Hagar dzi nɛ hã la, Yehowa gblɔ be: “Mabla nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò.” (Mose I, 17:18-21) Emegbe woɖo kpe nubabla ma dzi, menye na Isak viŋutsu gbãtɔ Esau o, ke boŋ na Yakob, amesi me Israel-to 12 la dzɔ tso. (Mose I, 28:10-14) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, woɖee fia be Dzidzimevia adzɔ le Yuda ƒe toa me, le Dawid ƒe dzidzime me.—Mose I, 49:10; Kronika I, 17:3, 4, 11-14.

5. Esime Yesu dze eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa gɔme la, nukae na wòdze kɔte be eyae nye Mesia la?

5 Nya kawo hãe wogagblɔ siwo akpe ɖe mía ŋu míanya amesi Dzidzimevia nye? Ƒe 700 kple edzivɔ do ŋgɔ la, Biblia yɔ Betlexem be eyae nye du si me woadzi Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo la le. Egblɔ hã be Dzidzimevia ƒe “dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke,” tso esime wowɔe le dziƒo ke. (Mixa 5:1) Wogblɔ ɣeyiɣi si tututu wòado anye Mesia la le anyigba dzi hã ɖi, to nyagblɔɖila Daniel dzi. (Daniel 9:24-26) Eye esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu wòzu Yehowa ƒe Amesiamina ŋutɔŋutɔ la, Mawu ŋutɔ ƒe gbe ɖi tso dziƒo tsɔ fia be eyae nye Ye Vi. (Mateo 3:16, 17) Woɖe Dzidzimevia fia kɔte! Eyatae Filipo te ŋu tsɔ kakaɖedzi gblɔe be: “Míekpɔ Yesu, . . . amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le le Mose ƒe se la kple nyagblɔɖilawo me.”—Yohanes 1:45.

6. (a) Abe alesi wòdze le Luka 24:27 ene la, nukae Yesu yomedzelawo va kpɔ dze sii? (b) Amekae nye ‘nyɔnu la ƒe dzidzimevi’ la ƒe akpa vevitɔ, eye nukae eƒe ta gbagbã na da la fia?

6 Emegbe Yesu yomedzelawo va kpɔe dze sii be wogblɔ nyagblɔɖi gbogbo aɖewo tso eyama ŋu ɖe Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la me. (Luka 24:27) Ena wògava dze kɔte wu be Yesue nye ‘nyɔnu la ƒe dzidzimevi’ la ƒe akpa vevitɔ, amesi agbã ta na da la, wòagbã Satana gudugudu, aɖee ɖa kura. Yesu dzie Mawu ƒe ŋugbedodowo katã na ameƒomea, nusiwo katã dzroa mí vevie la, ato ava eme.—Korintotɔwo II, 1:20.

7. Tsɔ kpe ɖe sidzedze Amesi ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖiwo me ŋu la, nu bubu ka hãe wòade mía dzi be míawɔ?

7 Dɔ kae wòle be nusiawo katã nyanya nawɔ ɖe mía dzi? Biblia ƒo nu tso Etiopiatɔ aƒedzikpɔla aɖe si xlẽ nyagblɔɖi siawo siwo ku ɖe Ðela kple Mesia si gbɔna ŋu la dometɔ aɖewo. Mese eme o eye wòbia nyanyuigblɔla Filipo be: ‘Ameka ŋuti nyagblɔɖila la gblɔ esia ɖo?’ Gake aƒedzikpɔla la mena nya la tɔ ɖe afima esi wòse ŋuɖoɖoa o. Esi wòɖo to se Filipo ƒe numeɖeɖea nyuie vɔ la, ekpɔ be nyagblɔɖi sia si va eme la gɔmesese kple akpedada ɖe eta bia be yeawɔ nane. Ese eme be ele be yeaxɔ nyɔnyrɔ. (Dɔwɔwɔwo 8:32-38; Yesaya 53:3-9) Ðe míawo hã míewɔa nu nenema?

8. (a) Nukae alesi Abraham te kpɔ be yeatsɔ Isak asa vɔe nye vɔvɔli na? (b) Nukatae Yehowa gblɔ na Abraham be dukɔwo katã ayra wo ɖokui to Dzidzimevia dzi, eye aleke nya sia ka míi egbeae?

8 Gabu alesi Abraham te kpɔ be yeatsɔ ye vi Isak, eƒe tenuvi si Sara dzi nɛ, asa vɔe ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzia hã ŋu kpɔ. (Mose I, 22:1-18) Enye vɔvɔli na nusi Yehowa awɔ—atsɔ eƒe Tenuvi la asa vɔe: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Ena kakaɖedzi mí be alesi Yehowa tsɔ eƒe Tenuvi la na be wòana Yeƒe tameɖoɖo nava emee la, nenemae ‘wòana nu bubuwo katã hã mí dɔmenyotɔe.’ (Romatɔwo 8:32) Ke nukae wobia tso míawo hã si? Abe alesi woŋlɔe ɖe Mose I, 22:18 ene la, Yehowa gblɔ na Abraham be dukɔwo katã ayra wo ɖokui to Dzidzimevia dzi ‘le esi Abraham ɖo to Mawu ƒe gbe ta.’ Ele be míawo hã míaɖo to Yehowa kple Via: “Amesi xɔa Via dzi sena la, agbe mavɔ le esi; amesi meɖoa to Via o la, makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia eyama dzi.”—Yohanes 3:36.

9. Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe agbe mavɔ nɔnɔ mɔkpɔkpɔ si su mía si le Yesu ƒe vɔsa ta ŋu la, nukae míawɔ?

9 Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe agbe mavɔ nɔnɔ mɔkpɔkpɔ si su mía si le Yesu ƒe vɔsa la ta ŋu la, míadi be míawɔ nusiwo Yehowa gblɔ na mí to Yesu dzi. Nusiawo do ƒome kplikplikpli kple lɔlɔ̃ na Mawu kple mía haviwo. (Mateo 22:37-39) Yesu fia be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa aʋã mí be míafia ame bubuwo hã be “woawɔ nusiwo katã [Yesu ɖo] na [mí] la.” (Mateo 28:19, 20) Eye míadi be míaɖe lɔlɔ̃ ma afia nɔvi siwo mía kpli wo míele Yehowa subɔm to alesi ‘míaƒo ƒu kpli wo’ edziedzi me. (Hebritɔwo 10:25; Galatiatɔwo 6:10) Eye le toɖoɖo Mawu kple Via me la, mele be míasusui be blibodede dim wole tso mía si o. Hebritɔwo 4:15 gblɔ be míaƒe Nunɔlagã Yesu ‘ate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí.’ Aleke gbegbe wòfaa akɔ enye si, vevietɔ ne míeva Mawu gbɔ le gbedodoɖa me to Kristo dzi bene wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi!—Mateo 6:12.

Ðee Fia be Yexɔ Kristo Dzi Se

10. Nukatae xɔxɔ mele ame aɖeke me wu Yesu Kristo o?

10 Esi apostolo Petro ɖe eme na Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ si nɔ Yerusalem be Biblia ƒe nyagblɔɖiwo va eme ɖe Yesu dzi la, eƒo nya ta ŋusẽtɔe be: “Menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o; elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.” (Dɔwɔwɔwo 4:12) Esi Adam ƒe dzidzimeviwo katã nye nuvɔ̃mewo ta la, asixɔxɔ aɖeke mele woƒe ku ŋu si woazã wòanye tafe ɖe ame aɖeke ta o. Gake Yesu ya nye ame deblibo, eye tafevɔsa ƒe asixɔxɔ le eƒe agbe ŋu. (Psalmo 49:7-10; Hebritɔwo 2:9) Etsɔ tafe si ƒe asixɔxɔ sɔ pɛpɛpɛ kple agbe deblibo si Adam bu la na Mawu. (Timoteo I, 2:5, 6) Esia ʋu agbe mavɔ kpɔkpɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me ƒe mɔ na mí.

11. Ðe alesi Yesu ƒe vɔsa la ate ŋu aɖe vi geɖe na mí me.

11 Fifia gɔ̃ hã tafea ʋu mɔ na mí be míaxɔ viɖe bubuwo hã. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be míenye nuvɔ̃wɔlawo hã la, Yesu ƒe vɔsa la wɔe be dzitsinya dzadzɛ nɔa mía si le esi wotsɔa míaƒe nuvɔ̃wo kea mí ta. Esia yi ŋgɔ wu nusianu si lãwo ƒe vɔsawo te ŋu wɔ na Israel-viwo si wobia le Mose ƒe Sea te. (Dɔwɔwɔwo 13:38, 39; Hebritɔwo 9:13, 14; 10:22) Gake bene míakpɔ nuvɔ̃tsɔtsɔke sia la, ehiã be míalɔ̃ ɖe edzi anukwaretɔe be míehiã Kristo ƒe vɔsa la vevie: “Ne míegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mía ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o. Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.”—Yohanes I, 1:8, 9.

12. Nukatae nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me nye nu vevi aɖe le dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ le Mawu gbɔ me?

12 Aleke nuvɔ̃wɔlawo awɔ aɖee afia be yewoxɔ Kristo kple eƒe vɔsa la dzi se? Esi amewo zu xɔsetɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me la, woɖee fia le gaglãgbe. Le mɔ ka nu? Woxɔ nyɔnyrɔ. Nukatae? Elabena Yesu de se be yeƒe nusrɔ̃lawo katã naxɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 8:12; 18:8) Ne nunana sia si lɔlɔ̃ Mawu la na to Yesu dzi ʋã ame aɖe ƒe dzi vavã la, mahe ɖe megbe o. Awɔ tɔtrɔ siwo katã hiã le eƒe agbenɔnɔ me, atsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu le gbedodoɖa me, eye wòatsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me awɔ eƒe adzɔgbeɖeɖea ƒe kpɔɖeŋui. Xɔse ɖeɖe fia le mɔ sia nu mee ‘wòɖea kuku na Mawu le be wòana dzitsinya nyui ye.’—Petro I, 3:21.

13. Ne míekpɔ be míewɔ nuvɔ̃ aɖe la, nukae wòle be míawɔ tso eŋu, eye nukatae?

13 Nyateƒee, le esia megbe gɔ̃ hã la, nuvɔ̃ ƒe nɔnɔmewo adze le ame ŋu. Ke nukae woawɔ azɔ? Apostolo Yohanes gblɔ be: “Meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o. Eye ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti.” (Yohanes I, 2:1, 2) Ðe wòfia be eɖanye nuka ke míewɔ o, ne míedo gbe ɖa bia Mawu ƒe tsɔtsɔke ko ke evɔa? Mefia nenema kokoko o. Nu vevi si dzi woanɔ te ɖo atsɔ ake mí ye nye dzimetɔtrɔ vavãtɔ. Ate ŋu anye be míehiã kpekpeɖeŋu tso Kristo-hamea me tɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me eye wokpɔ nuteƒe wu la hã gbɔ. Ele be míakpɔ alesi nusi míewɔ nye nuvɔ̃e adze sii eye míalɔ̃ ɖe edzi, eye le nyateƒe me, wòave mí vevie ale be míadze agbagba vevie be míagawɔe ake o. (Dɔwɔwɔwo 3:19; Yakobo 5:13-16) Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu akpe ɖe mía ŋu eye wòana Yehowa nagakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.

14. (a) Ƒo nu tso mɔ vevi aɖe si nu Yesu ƒe vɔsaa ɖe vi na mí le ŋu. (b) Ne xɔse le mía si ŋutɔŋutɔ la, nukae míawɔ?

14 Yesu ƒe vɔsa la ʋu agbe mavɔ nɔnɔ le dziƒo ƒe mɔ na “alẽha sue” aɖe, amesiwo nye dzidzimevi si ŋu Mose I, 3:15 ƒo nu tsoe la ƒe akpa evelia. (Luka 12:32; Galatiatɔwo 3:26-29) Egaʋu agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔ na ameƒomea me tɔ biliɔn bubu geɖewo hã. (Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 20:11, 12; 21:3, 4) ‘Mawu ƒe nunana le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, mee agbe mavɔ nye.’ (Romatɔwo 6:23; Efesotɔwo 2:8-10) Ne míexɔ nunana ma dzi se eye míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔ si nu woto wɔe be míaƒe asi nate ŋu asu edzi la ŋu la, míaɖe esia afia. Ne míekpɔ alesi Yehowa zã Yesu nukutɔe tsɔ na Eƒe lɔlɔ̃nu va emee kple alesi gbegbe wòle vevie be mí katã míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome tututu la, míana Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nanye míaƒe agbe me nuwɔna vevitɔwo dometɔ ɖeka. Míaƒe xɔse adze le kakaɖedzi si míetsɔ ƒoa nu na amewo tso Mawu ƒe nunana wɔnuku sia ŋu me.—Dɔwɔwɔwo 20:24.

15. Aleke Yesu Kristo dzixɔse tea amewo ƒoa ƒu ɖekae?

15 Viɖe nyui kawo gbegbe enye si xɔse sia si tea mí ƒoa ƒu ɖekae hena vɛ! To edzi la, mía kple Yehowa, Via, kpakple mía nɔviwo le Kristo-hamea me dome nɔa kplikplikpli. (Yohanes I, 3:23, 24) Enaa dzi dzɔa mí be dɔmenyotɔe la, Yehowa “[tsɔ] ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la [ke Via, negbe eya Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ ko], bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.”—Filipitɔwo 2:9-11.

Numetoto

• Esi Mesia la do la, nukatae amesi wònye la dze kɔte na Mawu ƒe Nya la dzixɔselawo?

• Nukawoe nye nusiwo wòle be míawɔ atsɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Yesu ƒe vɔsa la ŋu?

• Mɔ kawo nue Yesu ƒe vɔsa la ɖe vi na mí le xoxo? Aleke esia kpena ɖe mía ŋu ne míedo gbe ɖa bia Yehowa be wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí?

[Nɔnɔmetata si le axa 36]

Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woafia amewo be woawɔ Mawu ƒe sewo dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe