Da La Ƒe Dzidzimevi—Aleke Woklo Nu Le Eŋui?
“Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome.”—MOSE I, 3:15.
1. (a) Nukata Yehowa nye Mawu dzidzɔtɔ la? (b) Nukae wòwɔ be míakpɔ gome le eƒe dzidzɔ la me?
YEHOWAE nye Mawu dzidzɔtɔ la, eye esɔ be wòanɔ nenema. Eyae nye nu nyuiwo Nala gãtɔ kple gbãtɔ, eye naneke mate ŋu agblẽ eƒe tameɖoɖowo me vava me o. (Yesaya 55:10, 11; Timoteo I, 1:11; Yakobo 1:17) Edi be ye subɔlawo nakpɔ dzidzɔ abe ye ke ene, eye ena susu vevi siwo ta wòle be woawɔ nenema la wo. Eyata le amegbetɔ ƒe ŋutinya me ɣeyiɣi doblukɔ kekeake aɖe me—le aglãdzedze le Eden—la, ena nusita míate ŋu akpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe la mí.—Romatɔwo 8:19-21.
2. Esime Yehowa nɔ ʋɔnu drɔ̃m aglãdzelaawo le Eden la, aleke wòna mɔkpɔkpɔ Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwoe?
2 Yehowa ƒe gbɔgbɔmeviwo dometɔ ɖeka to tsitretsitsi ɖe Mawu ŋu kple egɔmezɔzɔ me wɔ eɖokui Satana Abosam teti koe nye ma. Ekpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔ gbãtɔwo, Xawa kple emegbe Adam, dzi eye woda le Yehowa ƒe se si wòde eme kɔ la dzi. Etso kufia na wo wòsɔ. (Mose I, 3:1-24) Gake esi Yehowa nɔ ʋɔnu drɔ̃m aglãdzela siawo la, egblɔ nya aɖe si dzi Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo atu woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo. Le mɔ ka nu? Yehowa gblɔ abe alesi woŋlɔ ɖe Mose I, 3:15 ene be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.” Nyagblɔɖi ma na míesea Biblia bliboa kple blema kpakple fifi nudzɔdzɔ siwo ku ɖe xexeame kple Yehowa subɔlawo siaa ŋu la gɔme.
Nusi Nyagblɔɖia Fia
3. Yɔ amesi (a) Da la, (b) “nyɔnu la,” (d) Da la ƒe “dzidzimevi,” (ɖ) nyɔnu la ƒe “dzidzimevi” si woyɔ le Mose I, 3:15 la nye.
3 Be míase egɔme nyuie la, mina míadzro nyagblɔɖia ŋutɔ ƒe akpa vovovoawo me akpɔ. Da lae nye amesi wogblɔ nya siwo le Mose I, 3:15 la na—menye da tsɛ la ŋutɔ o, ke amesi to edzi lae. (Nyaɖeɖefia 12:9) Menye Xawae nye “nyɔnu la” o, ke Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒewo le boŋ ye. (Galatiatɔwo 4:26) Da la ƒe “dzidzimevi” ye nye Satana ƒe dzidzimevi—gbɔgbɔ vɔ̃wo kple amegbetɔwo kpakple amegbetɔhabɔbɔ siwo ɖea Satana ƒe nɔnɔmewo fiana heléa fu nyɔnua ƒe “dzidzimevi” la. (Yohanes 15:19; 17:15) Yesu Kristo, amesi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na le ƒe 29 M.Ŋ. me koŋue nye nyɔnua ƒe “dzidzimevi” la. Ame 144,000 siwo ‘wotsɔ tsi kple gbɔgbɔ gbugbɔ dzi’ eye wonye Dziƒofiaɖuƒea domenyila kple Kristo la nye dzidzimevi ma si ŋugbe wodo la ƒe akpa bubu. Wodze amesiawo tsɔtsɔ kpe ɖe nyɔnua ƒe Dzidzimevia ŋu gɔme tso ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi.—Yohanes 3:3, 5; Galatiatɔwo 3:16, 29.
4. Aleke Mose I, 3:15 ku ɖe alesi anyigba ava zu paradiso si me amesiwo vo tso nuvɔ̃ kple ku si me le la ŋui?
4 Amesi ƒe amebeble na ameƒomea bu Paradiso lae ƒo nu to da ŋutɔŋutɔ dzi le Eden. Mose I, 3:15 fia asi ɣeyiɣi si me woagbã ta na amesi zã da ma la gudugudu. Ekema mɔ agaʋu ɖi na mawusubɔla amegbetɔwo be woanɔ Paradiso si me nuvɔ̃ kple ku megale o me. Dzidzɔkpɔɣi kae nye si wòanye!—Nyaɖeɖefia 20:1-3; 21:1-5.
5. Nɔnɔme kawoe le Abosam ƒe gbɔgbɔmeviwo si?
5 Le aglãdzedze le Eden megbe la, ame ɖekaɖekawo kple habɔbɔwo va nɔ dodom siwo ɖe Satana Abosam ƒe nɔnɔme mawo tɔgbe fia—aglãdzedze, aʋatsokaka, amegɔmezɔzɔ, kple amewuwu, kpakple tsitretsitsi ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kple amesiwo dea ta agu na Yehowa ŋu. Nɔnɔme mawo ɖe amesiwo nye Abosam ƒe dzidzimevi siwo nye eƒe gbɔgbɔmeviwo la fia. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Kain, amesi wu Habel esime Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Habel ƒe tadedeagu ŋu wu Kain tɔ. (Yohanes I, 3:10-12) Nimrod nye amesi ƒe ŋkɔ gɔ̃ hã ɖee fia be aglãdzelae wònye eye eva zu adela kalẽtɔ kple dziɖula si tsi tre ɖe Yehowa ŋu. (Mose I, 10:9) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, blemafiaɖuƒe aɖewo kplɔ wo nɔewo ɖo, siwo dome Babilon hã nɔ, eye subɔsubɔha siwo wotu ɖe alakpanyawo dzi siwo dzi dziɖuɖuwo da asi ɖo la nɔ wo me, eye wo te Yehowa ƒe tadeagulawo ɖe anyi ŋutasesẽtɔe.—Yeremya 50:29.
‘Adikã Anɔ Mia Kple Nyɔnu la Dome’
6. Mɔ kawo nue Satana lé fu Yehowa ƒe nyɔnu la le?
6 Le ɣeyiɣi siawo katã me la, adikã nɔ Da la kple Yehowa ƒe nyɔnu la dome, si nye Satana Abosam kple Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔ nuteƒewɔlawo le la dome. Satana ɖe eƒe adikãtɔnyenye fia esi wòɖe alɔme le Yehowa ŋu eye wòte kpɔ be yeagblẽ Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa dome to alesi wòble mawudɔlawo wogblẽ woƒe nɔƒe nyui la ɖi me. (Lododowo 27:11; Yuda 6) Satana ɖee fia esime wòzã eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tsɔ tee kpɔ be yeado kplamatse mawudɔla siwo tsɔ gbedasi veviwo tso Yehowa gbɔ. (Daniel 10:13, 14, 20, 21) Edze gaglãa le ƒe alafa 20 lia sia me esi Satana dze agbagba be yeagblẽ Mesia Fiaɖuƒea esime woɖoe anyi.—Nyaɖeɖefia 12:1-4.
7. Nukata Yehowa ƒe dɔla nuteƒewɔlawo lé fu kpɔɖeŋu ƒe Da la, gake dzigbɔɖi kae woɖena fiana?
7 Yehowa ƒe nyɔnu si nye mawudɔla wɔnuteƒewo ƒe ha la hã lé fu kpɔɖeŋu Da la. Satana zɔ Mawu ƒe ŋkɔ nyui la gɔme; etɔ gbe Mawu ƒe nuwɔwɔ nyanu ɖesiaɖe ƒe nuteƒewɔwɔ, mawudɔlawo katã le eme, eye enɔ agbagba dzem vevie be yeagblẽ woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me. (Nyaɖeɖefia 12:4a) Mawudɔlawo, kerubiwo, kple serafi nuteƒewɔlawo nyɔ ŋu amesi wɔ eɖokui Abosam kple Satana la. Gake wokpɔ Yehowa sinu be wòakpɔ nyawo gbɔ le ye ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi kple le mɔ si wòdi nu.—Tsɔe sɔ kple Yuda 9.
Fuléle Mawu ƒe Nyɔnu la ƒe Dzidzimevi
8. Amekae Satana da ŋku ɖi nɔ mɔ kpɔm na?
8 Le ɣeyiɣi mawo me la, Satana da ŋku ɖi vevie nɔ nyɔnu la ƒe Dzidzimevi si ŋuti nya wogblɔ ɖi, amesi Yehowa gblɔ be agbã ta na Da la, lalam. Esi mawudɔla si tso dziƒo ɖe gbeƒãe be Yesu si wodzi le Betlehem lae nye “Xɔla, si nye Kristo, Aƒetɔ la,” eɖo kpe edzi ŋusẽtɔe be eyae ava zu nyɔnua ƒe Dzidzimevi si ƒe nya wogblɔ ɖi.—Luka 2:10, 11.
9. Esi wodzi Yesu megbe la, aleke Satana ɖe eƒe fuléle kaɖikaɖi fiae?
9 Eteƒe medidi o Satana ƒe fuléle vɔ̃ɖi la dze esi wòna trɔ̃subɔla ɣletivimefakalawo zɔ mɔ aɖe va to Fia Herodes gbɔ gbã le Yerusalem eye emegbe woyi ɖe aƒea me le Betlexem, afisi wokpɔ Yesu ŋutsuvi la kple dadaa Maria le. Ema megbe kpuie la, Fia Herodes de se be woawu ŋutsuvi siwo xɔ vaseɖe ƒe eve siwo katã le Betlexem kple eƒe nutowo me. Herodes ɖe Satana ƒe fuléle fia ɖe Dzidzimevia ŋu le esia me. Enɔ nyanya na Herodes nyuie be amesi ava zu Mesia lae yenɔ agbagba dzem be yeawu. (Mateo 2:1-6, 16) Ŋutinya ɖee fia be Fia Herodes nye ame baɖa, ayetɔ, kple amewula—Da la ƒe dzidzimevi ɖekae wònye vavã.
10. (a) Le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe la, aleke Satana ŋutɔ te kpɔ be yeagblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖo le Dzidzimevi si ŋugbe wodo ŋu me? (b) Aleke Satana zã Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo le eƒe tameɖoɖowo ŋudɔwɔwɔ me?
10 Esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu le ƒe 29 M.Ŋ. me eye Yehowa ƒo nu tso dziƒo hegblɔ be ye Vie Yesu nye megbe la, Satana dze agbagba enuenu be yeana Yesu nana ta le tetekpɔ me, eye eto ema me te kpɔ be yeagblẽ tame si Yehowa ɖo ɖe Via ŋu me. (Mateo 4:1-10) Esi wòdo kpo nu le ema me la, eyi edzi zã amegbetɔwo be woana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Amesiwo wòzã tsɔ dze agbagba be yeaɖi gbɔ Yesu la dometɔ aɖewoe nye subɔsubɔhakplɔla alakpatɔwo. Woto alakpadada kple amegɔmezɔzɔ siwo nye mɔnu siwo Satana ŋutɔ zã la tɔgbe dzi. Esi Yesu gblɔ na lãmetututɔ aɖe be, “Na wò dzi nadze me, wotsɔ wò nuvɔ̃awo ke wò” la, agbalẽfialawo gblɔ be Yesu nye busunyagblɔla, esime womelala kpɔe ɖa be woda dɔ na amea nyateƒe loo womedae nɛ o. (Mateo 9:2-7) Esi Yesu da dɔ na amewo le Sabat dzi la, Farisitɔwo bu fɔe be enye Sabat-se dzi dala eye woɖoe be yewoawui. (Mateo 12:9-14; Yohanes 5:1-18) Esi Yesu nyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe la, Farisitɔwo tsɔ nya ɖe eŋu be edo ka kple “Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia.” (Mateo 12:22-24) Le Lazaro fɔfɔ tso ku me megbe la, ame geɖe xɔ Yesu dzi se, gake nunɔlagãwo kple Farisitɔwo gaɖoe be yewoawui.—Yohanes 11:47-53.
11. Ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, amekawoe wògblɔ be wonye Da la ƒe dzidzimevi ƒe akpa aɖe, eye nukatae?
11 Togbɔ be Yesu nya nyuie be woɖo nugbe ɖe ye ŋu hã la, eyi Yerusalem-gbedoxɔa me tẽ vɔvɔ̃manɔmee le Nisan 11, 33 M.Ŋ. dzi eye wòdrɔ̃ ʋɔnu wo le gaglãgbe le afima. Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo katã ɖe amesiwo ƒomevi wonye fia ɣesiaɣi; eyata Yesu gblɔ be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.” Yesu gblɔe kaŋ be Da la ƒe dzidzimevi ƒe akpa aɖee wonye esi wògblɔ be: “Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?” (Mateo 23:13, 33) Eƒe nyawo ɖe nyagblɔɖi si le Mose I, 3:15 la me nyawo fia.
12, 13. (a) Aleke nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo gaɖo kpe amesi woƒe gbɔgbɔmefofo nye la dzii? (b) Amekae va wɔ ɖeka kpli wo? (d) Le Mose I, 3:15 me vava me la, aleke woɖu afɔkpodzi na nyɔnua ƒe Dzidzimevi lae?
12 Ðe Yesu ƒe nyawo sese tso dzika ƒo na wo, ale be woɖe kuku na Mawu be wòakpɔ nublanui na yewoa? Ðe wotrɔ le woƒe vɔ̃ɖinyenye mea? Ao! Marko 14:1 ka nya ta be le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi tututu, esi wokpe ta ɖe nunɔlagã la ƒe aƒeme la, “nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo di alesi woawɔ [alé Yesu] le aɖaŋu me, ne woawui.” Woyi edzi ɖe Satana si Yesu yɔ va yi be enye amewula la ƒe amewuwu ƒe gbɔgbɔ fia. (Yohanes 8:44) Eteƒe medidi o Yuda Iskariot si Satana ʋã wòzu xɔsegbela la va kpe ɖe wo ŋu. Yuda gblẽ Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevi maɖifɔ la ɖi eye wòva wɔ ɖeka kple Da la ƒe dzidzimevi.
13 Le Nisan 14 ƒe ŋdi kanya la, Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo kplɔ Yesu yi Roma-mɔmefia gbɔe abe gamenɔla ene. Nunɔlagãwoe do ɣli gbã le afisia be woaklã Yesu ɖe ati ŋuti. Esi Pilato bia be: “Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia?” la, nunɔlagãwoe ɖo eŋu be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe kaisaro ko.” (Yohanes 19:6, 15) Le nyateƒe me la, woɖee fia le mɔ sia mɔ nu be Da la ƒe dzidzimevi ƒe akpa aɖee yewonye. Gake edze ƒã be menye woawo koe nye eƒe akpa aɖe o. Mateo 27:24, 25 ƒe nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la ka nya ta be: “Pilato [tsɔ] tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me.” Eye dukɔ blibo la katã gblɔ be: “Eƒe ʋu neva mía kple mía viwo dzi!” Yudatɔ ƒe dzidzime ma me tɔ geɖe to esia me ɖee fia be Da la ƒe dzidzimevi ƒe akpa aɖee yewonye. Yesu ku hafi ŋkeke ma wu enu. Satana zã eƒe dzidzimevi si wokpɔna la tsɔ ɖu afɔkpodzi na Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevi la.
14. Nukata nyɔnua ƒe Dzidzimevi la ƒe afɔkpodzi ɖuɖu mefia be Satana ɖu dzi o?
14 Ðe Satana ɖu dzia? Kura o! Yesu Kristo ɖu xexeame dzi eye ekpe edziɖula la hã dzi. (Yohanes 14:30, 31; 16:33) Elé eƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa vaseɖe ku me. Eƒe amegbetɔ deblibo ƒe ku la zu tafe si hiã bene woagbugbɔ aƒle agbenɔnɔ ƒe gomenɔamesi si dome Adam gblẽ la. Eyata eʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔ ɖi na amesiwo axɔ nunana ma dzi ase ahawɔ ɖe Mawu ƒe sededewo dzi. (Mateo 20:28; Yohanes 3:16) Yehowa fɔ Yesu tso ku me yi makumaku ƒe agbenɔnɔ me le dziƒo. Yesu atsrɔ̃ Satana ɖa le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Wogblɔe ɖi le Mose I, 22:16-18 be Yehowa ave anyigba dzi ƒome siwo katã awɔ afɔɖeɖe si hiã bene woakpɔ yayra la nu to Dzidzimevi nuteƒewɔla ma dzi.
15. (a) Le Yesu ƒe ku megbe la, aleke eƒe apostolowo yi edzi klo nu le Da la ƒe dzidzimevi la ŋui? (b) Fuléle kae Da la ƒe dzidzimevi yi edzi ɖe fia vaseɖe míaƒe ŋkekea me?
15 Le Yesu ƒe ku megbe la, Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na yi edzi klo nu le Da la ƒe dzidzimevia ŋu abe alesi woƒe Aƒetɔ wɔe ene. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòxlɔ̃ nu le ‘sedzimawɔla’ si ƒe vava anye “le Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ nu” la ŋu. (Tesalonikatɔwo II, 2:3-10) Amesia si tsi tre ɖi na amewo ƒe ƒuƒoƒo lae nye Kristodukɔa ƒe osɔfowo. Da la ƒe dzidzimevi la hã ti Yesu Kristo yomedzelawo yome vevie. Apostolo Yohanes gblɔe ɖi le nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 12:17 me be Satana ayi edzi aho aʋa ɖe Mawu ƒe nyɔnua ƒe Dzidzimevia ƒe akpa susɔea ŋu vaseɖe míaƒe ɣeyiɣia me. Ema tututue dzɔ. Woɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi le dukɔ geɖe me, amehawo dze agbo ɖe wo dzi, wode wo gaxɔ me, alo de wo fuwɔamesaɖawo me le woƒe tenɔnɔ sesĩe na Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple eƒe mɔ dzɔdzɔeawo ta.
Nukoklo le Da la ƒe Dzidzimevia Ŋu Egbea
16. Le egbeɣeyiɣiawo me la, ameka ŋue woklo nu le be enye Da la ƒe dzidzimevi la ƒe akpa aɖe, eye alekee?
16 Nyateƒe Kristotɔwo srɔ̃ Yesu Kristo eye womena ta le nukoklo le Da la kple eƒe dzidzimevia ŋu dzideƒotɔe me o. Le ƒe 1917 me la, Yehowa Ðasefowo siwo woyɔna ɣemaɣi be Biblia Nusrɔ̃viwo ta agbalẽ si nye The Finished Mystery, si me woklo nu le Kristodukɔa ƒe osɔfowo ƒe alakpanuwɔwɔwo dzi le. Tameɖoɖo kplikpaa aɖe si wota le ƒe 1924 me si ƒe tanyae nye Ecclesiastics Indicted la kplɔ esia ɖo. Womã ɖekaɖeka miliɔn 50 le xexeame katã. Le ƒe 1937 me la, J. F. Rutherford si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi la klo nu le Satana ƒe dzidzimevia ŋu ŋusẽtɔe le nuƒo siwo ƒe tanyae nye “Woklo Nu le Eŋu” kple “Mawusubɔsubɔ Kple Kristotɔnyenye” me. Le ƒe si kplɔe ɖo me esi takpekpe gã 50 dela siwo le dukɔ vovovowo me nɔ to ɖom la, eƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Lɔ̃ Ðe Nyateƒenyaawo Dzi” si radiodɔwɔƒe vovovowo lé tso London, England. Ɣleti ɖeka megbe la, woƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Fasitɔnyenye alo Ablɔɖe” to radiodɔwɔƒe aɖe si wotsiã yi United States ƒe teƒe geɖe dzi. Nukokloleameŋu sẽŋu bubuwo hã nɔ agbalẽwo abe Enemies kple Religion ene me eye ɖewo nɔ agbalẽvi si nye Uncovered hã me. Agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!a si wota ɖe gbegbɔgblɔ 65 me fifia la ƒo nu tso dunyahedziɖula gbegblẽwo kple asitsatsa me nu fitifitiwɔla vɔ̃ɖi siwo klẽa ŋu la ŋuti wòsɔ kple nya siwo wota le ƒe 1920-awo me be woawo hã nye Da la ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ si wokpɔna kple ŋku la me tɔwo. Ne dunyahehe ƒe ŋgɔnɔlawo daa alakpa tsɔ flua wo teviwo, womedea bubu aɖeke ʋu ƒe kɔkɔenyenye ŋu o, eye wotea Yehowa ƒe subɔlawo ɖe anyi (tsɔ fiaa alesi wolé fu Mawu ƒe nyɔnu la ƒe Dzidzimevi lae) la, ke woɖee fia be Da la ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖee yewonye vavã. Nenema ke nye asitsatsa me nufitifitiwɔlawo, amesiwo esi woƒe dzitsinya mebua fɔ wo o ta la, wokaa aʋatso tsɔ kpɔa gae eye wowɔa adzɔnu siwo wonya nyuie be ehea dɔléle vɛ alo dzranɛ.
17. Mɔnukpɔkpɔ kae gale ʋuʋu ɖi na ame ŋkuta siwo ado tso xexemenuɖoanyia me?
17 Menye amesiame si kpɔa gome le xexeame ƒe mawusubɔsubɔ, dunyahehe, alo asitsatsa mee woabu mlɔeba be enye Da la ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe o. Ŋutsu kple nyɔnu siawo dometɔ aɖewo kpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu. Wowɔa woƒe ŋusẽ ŋudɔ tsɔ naa kpekpeɖeŋu wo, eye wovaa tadedeagu vavãtɔ me le ɣeyiɣi aɖe megbe. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 13:7, 12; 17:32-34.) Wokpe amesiawo katã be: “Eyata mi fiawo, midze nunya, eye mina woaxlɔ̃ nu mi, mi anyigba dzi ʋɔnudrɔ̃lawo! Misubɔ Yehowa kple vɔvɔ̃, eye mitso aseye kple dzodzo nyanyanya! Migbugbɔ nu na via, be magado dɔmedzoe, eye miatsrɔ̃ le mɔ ta o! Elabena esusɔ ʋee, eƒe dɔmedzoe nafla. Woayra amesiwo katã sii tso la!” (Psalmo 2:10-12) Le nyateƒe me la, ele vevie be amesiwo katã di be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la nawɔ nu fifia, hafi Dziƒoʋɔnudrɔ̃la la natu mɔnukpɔkpɔ ƒe ʋɔtru la!
18. Amekawoe nye Yehowa ƒe tadeagulawo togbɔ be womenye nyɔnua ƒe dzidzimevi la ƒe akpa aɖeke o hã?
18 Amesiwo aƒo ƒu awɔ Dziƒofiaɖuƒe la koe nye nyɔnua ƒe Dzidzimevi la ƒe akpa aɖe. Amesiawo ƒe xexlẽme le sue. (Nyaɖeɖefia 7:4, 9) Gake ame bubuwo ƒe ameha gã aɖe li, ẽ, ame miliɔn geɖe, siwo nye Yehowa ƒe tadeagula siwo le mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi. Wotoa woƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna dzi gblɔna na Yehowa ƒe amesiaminawo be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.”—Zaxarya 8:23.
19. (a) Tiatia kae wòle be amewo katã nawɔ? (b) Amekawo koŋue wokpe moveviɖoɖotɔe be woawɔ nu le nunya me esime mɔnukpɔkpɔ kpɔtɔ li?
19 Fifiae wòle be ameƒomea katã nawɔ tiatia. Ðe wodi be yewoade ta agu na Yehowa ahaʋli eƒe dziɖulanyenye ta, alo ɖe woaɖe mɔ Satana nanye woƒe dziɖula to nusiwo dzea eŋu wɔwɔ mea? Amesiwo ade miliɔn atɔ̃ siwo tso dukɔwo katã me va le Yehowa ƒe akpa dzi eye wowɔ ɖeka kple nyɔnua ƒe dzidzimevi susɔe siwo nye Fiaɖuƒedomenyilawo. Ame miliɔn enyi bubuwo hã ɖe ɖetsɔleme fia to nana be woasrɔ̃ Biblia kple yewo alo woƒe kpekpewo dede me. Yehowa Ðasefowo le egblɔm na amesiawo katã be: Mɔnukpɔkpɔ ƒe ʋɔtru la gale ʋuʋu ɖi. Miɖoe kplikpaa be yewoanɔ Yehowa ƒe akpa dzi. Mixɔ Kristo Yesu be eyae nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la. Mitsɔ dzidzɔ de ha kple Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la. Neva eme be yayra siwo katã Wòana mí to Fia Kristo Yesu ƒe dziɖuɖua dzi la nasu asiwò.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Amekae nye Da si woyɔ le Mose I, 3:15 la? Eye amekae nye nyɔnu la?
◻ Nɔnɔme kawoe le Da la ƒe dzidzime la si?
◻ Aleke Yesu klo nu le Da la ƒe dzidzimevi la ŋui?
◻ Amekawo ŋue woklo nu le be wonye Da la ƒe dzidzimevi ƒe akpa aɖe le egbeɣeyiɣiawo me?
◻ Afɔɖeɖe ka wɔwɔe hiã kpata be woagabu mí Da la ƒe dzidzimevii o?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Yesu klo nu le subɔsubɔhakplɔla alakpatɔwo ŋu be wonye Da la ƒe dzidzimevi la ƒe akpa aɖe