INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 14 axa 128-135
  • Aleke Yehowa Fiaa Mɔ Eƒe Habɔbɔ Lae?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Yehowa Fiaa Mɔ Eƒe Habɔbɔ Lae?
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sidzedze Eƒe Akpa si Wokpɔna
  • Ele Teokrasi ƒe Ðoɖo Nu
  • Aleke Yehowa Fiaa Mɔ Eƒe Habɔbɔ Lae?
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Nɔ Mawu Ƒe Habɔbɔa Me Be Nàkpɔtɔ Anɔ Dedie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Nuteƒewɔwɔ Na Kristo Kple Eƒe Dɔla Nuteƒewɔla La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • “Miɖo Ŋku Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm Le Mia Dome La Dzi”
    Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 14 axa 128-135

Ta Wuienelia

Aleke Yehowa Fiaa Mɔ Eƒe Habɔbɔ Lae?

1. Yehowa ƒe habɔbɔ ŋuti nyatakaka kae Biblia ɖe fia, eye nukatae wòle vevie na mí?

ÐE HABƆBƆ le Mawu sia? Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me fia mí be ele esi. Ena míekpɔ habɔbɔ ma ƒe akpa wɔnuku si le dziƒo la ƒe dzedzeme sue aɖe to eƒe Nya la dzi. (Xezekiel 1:1, 4-14; Daniel 7:9, 10, 13, 14) Togbɔ be míate ŋu akpɔ eƒe akpa sia si ŋku mekpɔna o hã la, ekpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe tadeagula vavãwo dzi egbea. (Fiawo II, 6:15-17) Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si wokpɔna li, eyae nye eƒe akpa si le anyigba dzi. Biblia kpe ɖe mía ŋu be míanya nusi wònye kple alesi Yehowa fiaa mɔe.

Sidzedze Eƒe Akpa si Wokpɔna

2. Hame yeye kae Mawu ɖo?

2 Israel-dukɔa nye Mawu ƒe hame ƒe 1,545 sɔŋ. (Dɔwɔwɔwo 7:38) Gake Israel-dukɔa do kpo Mawu ƒe sewo me léle ɖe asi eye wogbe eya ŋutɔ Via gɔ̃ hã. Eyata Yehowa gbe hame ma eye wòɖe asi le wo ŋu. Yesu gblɔ na Yudatɔwo be: “Kpɔ ɖa, woagblẽ miaƒe aƒe ɖi na mi aƒedoe.” (Mateo 23:38) Esia megbe Mawu ɖo hame yeye aɖe eye wòbla nu yeye kplii. Ame 144,000 siwo Mawu tia be woawɔ ɖeka kple ye Vi la le dziƒo ye le hame sia me.—Nyaɖeɖefia 14:1-4.

3. Nukae dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi si nye kpeɖodzi si ɖe dzesi nyuie be hame yeye aɖe zãm Mawu le azɔ?

3 Wotsɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na hame yeye ma me tɔ gbãtɔwo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Míexlẽ le nudzɔdzɔ ɖedzesi ma ŋu be: “Esi Pentekoste-ŋkeke la ɖo la, wo katã wotsɔ tame ɖeka nɔ anyi ɖe afi ɖeka. Eye kasia gbe aɖe ɖi tso dziƒo abe yaƒoƒo sesẽ ene, eye wòyɔ aƒe, si me wole la fũ. Eye aɖe mamãwo do ɖe wo gbɔ le abe dzoƒaɖewo ene, eye wodze ɖe wo dome amesiame dzi ɖekaɖeka. Eye gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋtaŋ.” (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Ale Mawu ƒe gbɔgbɔ na kpeɖodzi si ɖe dzesi nyuie be azɔ amesiawoe nye amesiwo Mawu azã atsɔ ana eƒe tameɖoɖo nava emee le Yesu Kristo si le dziƒo ƒe mɔfiafia te.

4. Amekawo ƒe ƒuƒoƒoe nye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna egbea?

4 Egbea ame 144,000 la dometɔ susɔe aɖewo koe gale anyigba dzi. Gake le Biblia ƒe nyagblɔɖi ƒe emevava nu la, wona “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” aɖe, amesiwo de miliɔn geɖe, le ha dem kple amesiamina susɔeawo. Yesu, Alẽkplɔla Nyui la, ƒo ‘alẽ bubu’ siawo kple ame susɔeawo nu ƒu ɖekae be woanye alẽha ɖeka ko anɔ eya si nye woƒe Alẽkplɔla ɖeka la te. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:11, 16) Wo katã wonye hame ɖeka si me ɖekawɔwɔ le, si nye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna kple ŋku.

Ele Teokrasi ƒe Ðoɖo Nu

5. Amekae fiaa mɔ Mawu ƒe habɔbɔa, eye aleke wòfianɛ?

5 Ŋɔŋlɔawo me nyagbɔgblɔ “Mawu gbagbe ƒe hame” la na amesi fiaa mɔe la dze ƒã. Woɖo habɔbɔa ɖe teokrasi ƒe ɖoɖo nu, alo ele Mawu ƒe dziɖuɖu te. Yehowa toa Yesu, amesi Wòtia wònye hamea ƒe Ta makpɔmakpɔ, kple Eya ŋutɔ ƒe Nya Biblia si tso gbɔgbɔ me dzi fiaa mɔ eƒe amewo.—Timoteo I, 3:14, 15; Efesotɔwo 1:22, 23; Timoteo II, 3:16, 17.

6. (a) Aleke mɔfiafia hamea tso dziƒo dze ƒãe le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Nukae ɖee fia be Yesu gakpɔtɔ nye hamea ƒe Ta?

6 Mɔfiafia sia dze ƒã le Pentekoste-ŋkekea dzi. (Dɔwɔwɔwo 2:14-18, 32, 33) Edze ƒã esime Yehowa ƒe dɔla fia mɔ wokaka nyanyuia wòɖo Afrika, esime wose Yesu ƒe gbe wòna mɔfiafia le Saul si tso Tarso la ƒe dzimetrɔɣi, kple esime Petro dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le Dukɔwo me tɔwo dome. (Dɔwɔwɔwo 8:26, 27; 9:3-7; 10:9-16, 19-22) Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, womegasea gbeɖiɖiwo tsoa dziƒo o, mawudɔlawo megaɖea wo ɖokui fiaa amewo o, eye womeganaa gbɔgbɔa ƒe nukununanawo o. Ke hã Yesu do ŋugbe be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20; Korintotɔwo I, 13:8) Egbea Yehowa Ðasefowo lɔ̃ ɖe Yesu ƒe mɔfiafia sia ƒe anyinɔnɔ dzi eye wowɔna ɖe edzi. Eya manɔmee la, gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia mate ŋu ayi edzi le tsitretsiɖeŋu dziŋɔ te o.

7. (a) Amekawo ƒe ƒuƒoƒoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, eye nukatae? (b) Dɔ kae wode asi na “dɔla” la?

7 Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eƒo nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” aɖe si si eya Aƒetɔ la atsɔ agbanɔamedzi tɔxɛ aɖe adee la ŋu. “Dɔla” ma anɔ anyi esime Aƒetɔ la dzo yi dziƒo eye wòaganɔ dɔ dzi vevie le Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ makpɔmakpɔ me le Fiaɖuƒeŋusẽ me. Numeɖeɖe ma mate ŋu aku ɖe ame ɖeka aɖeke ŋu o, ke boŋ esɔ na Kristo ƒe hame si wosi ami na. Esi Yesu ƒlee kple eya ŋutɔ ƒe ʋu ta la, eyɔe be yeƒe “dɔla.” Ede dɔ asi na eme tɔwo be woawɔ nusrɔ̃lawo anɔ wo nyim vivivi, eye woana “[gbɔgbɔ me] nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi.”—Mateo 24:45-47; 28:19; Yesaya 43:10; Luka 12:42; Petro I, 4:10.

8. (a) Agbanɔamedzi kawoe wotsɔ de asi na dɔla ƒe ha la fifia? (b) Nukatae wòle vevie be míawɔ ɖe nufiame si wonana to mɔnu si Mawu ɖo dzi la dzi?

8 Esi dɔla ƒe ha la nɔ Aƒetɔ la ƒe dɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe le eƒe tɔtrɔgbɔ makpɔmakpɔ me le ƒe 1914 me ta la, kpeɖodzi li be egatsɔ agbanɔamedzi bubu geɖe de asi nɛ le ƒe 1919 me. Ƒe siwo kplɔe ɖo la nye ɣeyiɣi si wotsɔ le ɖase ɖim tso Fiaɖuƒea ŋu le xexeame godoo, eye wole Yehowa subɔlawo ƒe ameha gã aɖe nu ƒom ƒu be woakpɔ wo ta le xaxa gã la me. (Mateo 24:14, 21, 22; Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Amesiawo hã hiã na gbɔgbɔmenuɖuɖu, eye dɔla ƒe ha la nanɛ wo. Eyata be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be míaxɔ nufiame siwo wònana to mɔnu sia dzi la eye míawɔ nu wòawɔ ɖeka kple nufiameawo.

9, 10. (a) Ðoɖo kae nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hena biabia siwo ku ɖe nufiafia ŋuti la gbɔ kpɔkpɔ kple mɔfiafia nana le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me? (b) Ðoɖo kae li egbea hena mɔfiafia Yehowa ƒe amewo ƒe dɔwɔnawo?

9 Ɣeaɖewoɣi la, nyabiabiawo doa mo ɖa le nufiafiawo kple ɖoɖowo ŋu. Nukae woawɔ? Dɔwɔwɔwo ta 15 lia gblɔ alesi wokpɔ nya aɖe si do mo ɖa ku ɖe Dukɔwo me tɔwo ŋu gbɔe la ŋu nya na mí. Wotsɔ nya la yi ɖe apostolowo kple ame tsitsi siwo le Yerusalem, amesiwo subɔ abe dziɖuha si fiaa mɔ ene, la gbɔe. Ŋutsu mawo menye vodadamanɔŋutɔwo o, gake Mawu zã wo. Wode ŋugble le nusi ŋɔŋlɔ siwo ku ɖe nya si do mo ɖa ŋu la gblɔ ŋu kple kpeɖodzi siwo fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm le Dukɔwo me tɔwo ƒe anyigbamama yeyea me la ŋu. Le ema megbe la, wowɔ nyametsotso. Mawu yra ɖe ɖoɖo ma dzi. (Dɔwɔwɔwo 15:1-29; 16:4, 5) Dziɖuha ma si nɔ mɔfiame nam dɔ amewo ɖa be woakeke Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ɖe enu.

10 Le míaƒe ŋkekea me la, nɔviŋutsu siwo tso dukɔ vovovo me siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na lae nye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna la ƒe Dziɖuha me tɔwo eye wole Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒe gã. Dziɖuha si bɔbɔ ɖe Yesu Kristo ƒe tanyenye te la doa tadedeagu dzadzɛ ƒe dɔwɔnawo ɖe ŋgɔ le dukɔ ɖesiaɖe me eye wokpɔa egbɔ be wole gbeƒãɖeɖedɔa wɔm ɖe ɖoɖo nu le Yehowa Ðasefowo ƒe hame akpe bla nanewo me. Dziɖuha la me tɔwo ƒe nukpɔsusu wɔ ɖeka kple apostolo Paulo tɔ, amesi ŋlɔ agbalẽ na hati Kristotɔwo be: “Menye bena, míeɖua aƒetɔ ɖe miaƒe xɔse dzi o, ke míenye hadɔwɔlawo na miaƒe dzidzɔkpɔkpɔ; elabena miele tsitre le xɔse me.”—Korintotɔwo II, 1:24.

11. (a) Aleke woɖoa hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawoe? (b) Nukatae wòle be míawɔ dɔ ɖekae kplikplikpli kple amesiwo woɖo subɔsubɔnɔƒewo?

11 Yehowa Ðasefowo le xexeame katã kpɔa Dziɖuha la sinu be wòatia nɔviŋutsu siwo dze, amesiwo hã wona ŋusẽe be woaɖo hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo be woakpɔ hameawo ƒe nyawo gbɔ. Wogblɔ nusiwo wodi tso amesiwo woatia si eme kɔ ƒã ɖe Biblia me, gake wobua eŋu hã be menye ame deblibo siwo mewɔa vodada o ye amesiawo nye o. Agbanɔamedzi kpekpe aɖe le hamemegã siwo kafua ameawo kple amesiwo wona ŋusẽe be woaɖo wo la dzi le Mawu ŋkume. (Timoteo I, 3:1-10, 12, 13; Tito 1:5-9) Eyata wodoa gbe ɖa biaa Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiafia tso eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. (Dɔwɔwɔwo 6:2-4, 6; 14:23) Mina míakpɔ ŋudzedze ɖe amesiawo siwo nye ‘nunana siwo nye amewo,’ amesiwo kpena ɖe mí katã mía ŋu be míade “dzixɔse . . . ƒe ɖekanyenye la gbɔ” la ŋuti.—Efesotɔwo 4:8, 11-16.

12. Aleke Yehowa zãa nyɔnuwo le teokrasiɖoɖoa mee?

12 Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ŋutsuwoe wòle be woakpɔ hamea dzi. Esia meda nyɔnuwo ɖe anyi o elabena wo dometɔ aɖewo nye dziƒo Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo, eye woawoe wɔa gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa gã aɖe. (Psalmo 68:12) Eye alesi nyɔnuwo wɔa woƒe dɔdasiwoe le woƒe ƒomewo me ɣesiaɣi la hã doa hamea ƒe ŋkɔ nyui ɖe dzi. (Tito 2:3-5) Gake ŋutsu siwo woɖo la sie wotsɔ nufiafia le hamea me ƒe dɔ la dee.—Timoteo I, 2:12, 13.

13. (a) Nukpɔsusu kae Biblia xlɔ̃ nu hamemegãwo be wòanɔ wo si ɖe woƒe ɖoƒea ŋu? (b) Mɔnukpɔkpɔ xɔasi kae le mí katã si?

13 Le xexeame la, wobua amesiwo le nɔƒe kɔkɔ ame veviwoe, gake ɖoɖo si le Mawu ƒe habɔbɔa mee nye: “Amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.” (Luka 9:46-48; 22:24-26) Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu hamemegãwo be woakpɔ nyuie be woagaɖu aƒetɔ ɖe amesiwo nye Mawu ƒe domenyinu dzi o, ke boŋ woanye kpɔɖeŋu na alẽha la. (Petro I, 5:2, 3) Menye Yehowa Ðasefowo dome ame tiatia ʋɛ aɖewo ko sie mɔnukpɔkpɔ xɔasi la le be woanye xexeame katã ƒe Dziɖulagã la teƒenɔlawo anɔ nu ƒom le eƒe ŋkɔ me ɖokuibɔbɔtɔe eye woanɔ eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya gblɔm na amewo le afisiafi o, ke boŋ wo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa sie mɔnukpɔkpɔa le.

14. Tsɔ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la dzro nyabiabia siwo kplɔ memama sia ɖo la mee.

14 Anyo be míabia mía ɖokui ase be: ‘Ðe mekpɔa ŋudzedze ɖe alesi Yehowa le mɔ fiam eƒe habɔbɔ si wokpɔna la ŋu vavã? Ðe nye nɔnɔme, nyagbɔgblɔ, kple nuwɔnawo ɖenɛ fiana nenema?’ Ŋugbledede le nya siwo gbɔna ŋu ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be míadzro nya siawo me le mía ɖokui si.

Ne mebɔbɔ ɖokuinye na Kristo abe hamea ƒe Ta ene vavã la, ekema abe alesi wòdze le ŋɔŋlɔ siwo gbɔna mee ene la, nukae manɔ wɔwɔm? (Mateo 24:14; 28:19, 20; Yohanes 13:34, 35)

Ne metsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ xɔ gbɔgbɔmenunana kple ɖoɖo siwo tsoa dɔla habɔbɔa kple eƒe Dziɖuha gbɔ la, ameka ŋue wònye mele bubu demee? (Luka 10:16)

Aleke wòle be hamea me tɔ ɖesiaɖe, vevietɔ hamemegãwo, nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui? (Romatɔwo 12:10)

15. (a) Nukae míaƒe nɔnɔme ɖe Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna ŋu la ɖena fiana? (b) Mɔnukpɔkpɔ kawoe li be míafia be alakpatɔe Abosam nye eye be míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi?

15 Yehowa toa eƒe habɔbɔ si wokpɔna si le Kristo ƒe tanyenye te la dzi fiaa mɔ mí egbea. Nɔnɔme si míeɖena fiana ɖe ɖoɖo sia ŋu ɖea alesi míesena le mía ɖokui me ɖe dziɖulanyenye ƒe nya la ŋu fiana. (Hebritɔwo 13:17) Satana ɖea ɖeklemi be mía ŋutɔwo mía ɖokui tɔ koŋ ko ŋue míetsia dzi ɖo. Gake ne míesubɔna le mɔ sia mɔ si hiã la nu eye míetsria nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siwo ahe susu va mía ɖokui dzii dzodzro la, míeɖoa kpe edzi be alakpatɔe Abosam nye. Ne míelɔ̃a amesiwo xɔa ŋgɔ le mía dome eye míebua wo, eye míenye amesiwo ‘kafua amewo le wo ŋkume ɖe mía ŋutɔ ƒe viɖe ta’ o la, míedoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Yuda 16; Hebritɔwo 13:7) Ne míewɔa nuteƒe na Yehowa ƒe habɔbɔa la, ekema míele eɖem fia be Yehowae nye mía Mawu eye be míewɔ ɖeka le eƒe tadedeagu me.—Korintotɔwo I, 15:58.

Numetoto

• Nukae nye Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna egbea? Taɖodzinu ka tae woɖoe ɖo?

• Amekae wotia wònye hamea ƒe Ta, eye ɖoɖo siwo wokpɔna kawo dzie wòtona naa mɔfiame si me lɔlɔ̃ le mí?

• Nɔnɔme nyui kawoe wòle be míasrɔ̃ wòatsi mía si míaɖe afia ɖe amesiwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 133]

Yehowa fiaa mɔ mí to eƒe habɔbɔ si wokpɔna si le Kristo ƒe tanyenye te dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe