INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 16 axa 144-150
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Kuxiwo Do Mo Ða
  • Di Mɔ Siwo Nu ‘Nàkeke Ðokuiwò Ðe Enu’ Le
  • “Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • “Miyi Edzi Miazɔ Le Lɔlɔ̃ Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
  • ‘Vevietɔ La Mitsɔ Lɔlɔ̃ Deto Lɔ̃ Mia Nɔewo’
    Minɔ Ŋudzɔ!
  • Mina Míaƒe Nɔvilɔlɔ̃ Nayi Edzi Anɔ Dzidzim Ðe Edzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 16 axa 144-150

Ta Wuiadelia

“Mitsɔ Lɔlɔ̃ Lɔ̃ Mia Nɔewo Vevie”

1. Zi geɖe la, nukae dea dzi gbɔ na ame yeyewo le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me?

NE AMEWO va Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo zi gbãtɔ la, zi geɖe la, lɔlɔ̃ si woɖena fiana wɔa dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Wokpɔnɛ le alesi woxɔ wo atuu kple hadede si me lɔlɔ̃ le la me. Amesiwo vaa míaƒe takpekpewo hã dea dzesi lɔlɔ̃ sia. Nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ŋlɔ le takpekpe aɖe ŋu be: ‘Ame aɖeke mezã atikevɔ̃ɖi alo mu aha o. Ame aɖeke mele bublum ɖe nɔvia ta alo le ɣli dom o. Ame aɖeke mele nɔvia tutum o. Ame aɖeke metu asi nɔvia o. Ame aɖeke meta nu o alo ƒo fi de nɔvia o. Ame aɖeke mezã dzugbe alo gblɔ nya ƒaƒã o. Atamadzudzɔ aɖeke mele ya me o. Ame aɖeke mefi nɔvia o. Ame aɖeke metsɔ ganugoe ƒu gbe ɖe gbeawo dzi o. Le nyateƒe me la, etɔgbe mebɔ o.’ Esiawo katã nye ɖaseɖiɖi le lɔlɔ̃ ƒe anyinɔnɔ ŋu, lɔlɔ̃ si ƒomevi ‘mewɔa nusi medze o, eye media ye ŋutɔ tɔ o.’—Korintotɔwo I, 13:4-8.

2. (a) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, nukae wòle be wòanɔ dzedzem le mía ŋu le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia gome? (b) Le Kristo sɔsrɔ̃ me la, lɔlɔ̃ ka ƒomevie wòhiã be míatu ɖo?

2 Nɔvilɔlɔ̃e nye nusi dea dzesi Kristotɔ vavãwo. (Yohanes 13:35) Ne míele tsitsim ɖe edzi le gbɔgbɔ me la, míesrɔ̃a alesi míanɔ eɖem fia bliboe wu. Apostolo Paulo do gbe ɖa be ye hati Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ “nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu.” (Filipitɔwo 1:9) Apostolo Yohanes ɖee fia be ele be míaƒe lɔlɔ̃ nanye ɖokuitsɔtsɔsavɔ lɔlɔ̃. Eŋlɔe bena: “Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena [Mawu ƒe Vi la] tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.” (Yohanes I, 3:16; Yohanes 15:12, 13) Ðe míatsɔ míaƒe agbe ana ŋutɔŋutɔ ɖe mía nɔviwo ta? Togbɔ be mehiãna nenema le nudzɔdzɔ akpa gãtɔ me o hã la, vaseɖe afikae míedzea agbagba be míakpe ɖe wo ŋu faa fifia, ne masɔ na mí tututu o gɔ̃ hã?

3. (a) Mɔ ka nue míate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia bliboe le wu? (b) Nukatae wòle vevie be míalɔ̃ mía nɔewo vevie fifia?

3 Hekpe ɖe míaƒe dɔwɔna siwo ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ gbɔgbɔ fiana ŋuti la, ehiã hã be seselelãme vavã si me vividodoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ le la nanɔ mía me na mía nɔviwo. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃.” (Romatɔwo 12:10) Mí katã míesenɛ le mía ɖokui me nenema na ame aɖewo. Gake ɖe míate ŋu asrɔ̃ alesi lɔlɔ̃ deto ma nanɔ mía me na ame bubu geɖewoa? Esi nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, ele vevie be míate ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu kplikplikpli wu tsã. Biblia gblɔ be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. . . . Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.”—Petro I, 4:7, 8.

Ne Kuxiwo Do Mo Ða

4. (a) Nukatae kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa le hamea me tɔwo dome? (b) Togbɔ be menye ɣesiaɣie wòanye míaƒe didi be míatsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo awɔ dɔe o hã la, vi kae wòaɖe ne míetsɔe wɔ dɔe?

4 Gake zi alesi míenye ame madeblibowo la, míawɔ nanewo ɣeaɖewoɣi siwo anye agɔdzedze le amewo dzi. Anɔ eme be mía nɔviwo hã ada vo ɖe mía ŋu le mɔ vovovo nu. (Yohanes I, 1:8) Ne wòdzɔ ɖe dziwò nenema la, nukae wòle be nàwɔ? Ŋɔŋlɔawo na mɔfiafia si hiã la mí. Gake ate ŋu adzɔ be aɖaŋu si woɖo la masɔ kple nusi mí amegbetɔ madeblibowo míadi be míawɔ o. (Romatɔwo 7:21-23) Ke hã míaƒe agbagbadzedze vevie be míatsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo awɔ dɔe la aɖo kpe míaƒe didi vevie be míadze Yehowa ŋu dzi. Esia wɔwɔ agadzi míaƒe lɔlɔ̃ na amewo hã ɖe edzi.

5. Ne ame aɖe wɔ nu wòve mí la, nukatae mele be míaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o?

5 Ɣeaɖewoɣi ne wowɔ nu wòve amewo la, wodia mɔ siwo dzi woato aɖo eteƒe na vodala la. Gake ɖeko ema gagblẽa nyaa ɖe edzi. Ne teƒeɖoɖo hiã la, ele be míagblẽe ɖe Mawu si me. (Lododowo 24:29; Romatɔwo 12:17-21) Ame bubuwo adze agbagba be yewomagade nu eme na agɔdzelaa alo awɔ naneke kplii o. Gake mele be míawɔ ema ɖe mía hati tadeagula ŋu o, elabena hafi mía ŋutɔwo míaƒe tadedeagu nadze Mawu ŋu la, eƒe akpa aɖe nɔ te ɖe mía nɔviwo lɔlɔ̃ dzi. (Yohanes I, 4:20) Eyata Paulo ŋlɔ be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo, ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti la, alesi [Yehowa] hã tsɔ ke mii la, miawo hã miwɔ nenema ke.” (Kolosetɔwo 3:13) Àte ŋu awɔe nenema?

6. (a) Zi nenie wòle be míatsɔ ake mía nɔewo? (b) Sidzedze nukae akpe ɖe mía ŋu le nuvɔ̃ si wowɔ ɖe mía ŋu gbɔ kpɔkpɔ me?

6 Ke ne amea yia edzi daa vo ɖe mía ŋu enuenu gake menye nuvɔ̃ gã siwo tae woaɖe ame le hamee wòwɔ o ɖe? Le nuvɔ̃ suesue mawo me la, apostolo Petro do susu ɖa be yeatsɔe ake “halase zi adre” hã. Gake Yesu gblɔ be: “Nyemegblɔ na wò bena vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi blaadre vɔ adre.” Eɖe alesi gbegbe fe si míenyi le Mawu ŋu la lolo wu fe ɖesiaɖe si amegbetɔ aɖe anyi le mía ŋu la fia. (Mateo 18:21-35, NW) Míedaa vo ɖe Mawu ŋu le mɔ geɖe nu gbesiagbe—ɣeaɖewoɣi anye ɖokuitɔdidi nuwɔna aɖe, nusi míegblɔna alo susuna, alo míado kpo nusi wòle be míawɔ la wɔwɔ—míanya gɔ̃ hã be nuvɔ̃ wònye míele wɔwɔm o. (Romatɔwo 3:23) Gake Mawu yi edzi le nublanui kpɔm na mí. (Psalmo 103:10-14; 130:3, 4) Edi tso mía si be míawɔ nu ɖe mía nɔewo ŋu nenema ke. (Mateo 6:14, 15; Efesotɔwo 4:1-3) Ne míewɔe nenema la, ke míele lɔlɔ̃ si ƒomevi ‘meléa vɔ̃ si wowɔ ɖe eŋu la ɖe dɔme o’ la ɖem le fiafiam.—Korintotɔwo I, 13:4, 5; Petro I, 3:8, 9.

7. Nukae wòle be míawɔ ne nya aɖe le nɔvi aɖe si ɖe mía ŋuti?

7 Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míade dzesii be togbɔ be míelé mía nɔvi aɖe ɖe dɔme o hã la, eya lé mí ɖe dɔme. Míate ŋu aɖoe be míatsɔ ‘lɔlɔ̃ atsyɔ edzi,’ abe alesi Petro I, 4:8 ɖo aɖaŋui ene. Alo míate ŋu atso le mía ɖokui si aƒo nu kplii eye míadze agbagba be ŋutifafa nagaɖo mía kplii dome.—Mateo 5:23, 24.

8. Ne haxɔsetɔ aɖe wɔa nusi vea mí la, nukae míate ŋu awɔ tso eŋu?

8 Ate ŋu anye hã be haxɔsetɔ aɖe le nane si menye wò ɖeɖekoe wòɖea fu na o ke boŋ eɖenɛ na ame bubuwo hã wɔm. Ðe manyo be nàƒo nu nɛ oa? Ðewohĩ anyo. Ne wò ŋutɔ èɖe kuxia me nɛ le dɔmefafa me la, nu nyuiwo ate ŋu atso eme. Gake gbã la, ele be nàbia ɖokuiwò se be: ‘Ðe nusi wɔm wòle la mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu ŋutɔŋutɔ oa? Alo kuxia koŋ ye nye be anye nuteƒekpɔkpɔ kple hehe si mexɔ ye to vovo na etɔa?’ Kpɔ nyuie be màgaɖo wò ŋutɔ wò dzidzenuwo atsɔ anɔ ʋɔnu drɔ̃mee o. (Yakobo 4:11, 12) Yehowa xɔa ameƒomevi ɖesiaɖe ameŋkumemakpɔmakpɔe eye wògbɔa dzi ɖi na wo esime wole tsitsim le gbɔgbɔ me.

9. (a) Amekawoe kpɔa nuvɔ̃ gã siwo wowɔ le hamea me gbɔ? (b) Ɣekaɣie wònye amesi ŋu wodze agɔ le ƒe agbanɔamedzi be wòaɖe afɔ gbã, eye kple taɖodzinu ka?

9 Ne hamea me tɔ aɖe wɔ nuvɔ̃ gã aɖe, abe agbegbegblẽnɔnɔ ene la, ehiã be woakpɔ egbɔ kaba. Amekawoe akpɔ egbɔ? Hamemegãwoe. (Yakobo 5:14, 15) Gake ne wowɔ nuvɔ̃ ɖe ame aɖe ŋu, abe le dɔwɔnyawo me alo le aɖe zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu le ame ŋu me ene la, ekema amesi ŋu wodze agɔa le la ŋutɔ nadze agbagba gbã be yeayi ɖe agɔdzelaa gbɔ, wòanye le wo kple evea ɖeɖeko dome. (Mateo 18:15) Ne ema mete ŋu kpɔ nyaa gbɔ o la, ke ehiã be woaɖe afɔ bubuwo, abe alesi wogblɔe ɖe Mateo 18:16, 17 ene. Lɔlɔ̃ na mía nɔvi si da vo la kple didi be ‘míaɖee’ akpe ɖe mía ŋu be míawɔ esia le mɔ si wòanɔ bɔbɔe be wòade eƒe dzi gbɔ nu.—Lododowo 16:23.

10. Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, nukae akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ nukpɔsusu nyuitɔ akpɔ nya lae?

10 Ne kuxi aɖe do mo ɖa, eɖanye kuxi gã alo sue o, ne míedze agbagba be míase alesi Yehowa bunɛ gɔme la, akpe ɖe mía ŋu. Medaa asi ɖe nuvɔ̃ aɖeke ƒomevi dzi o, eye le eƒe ɣeyiɣi si sɔ dzi la, woɖea nuvɔ̃ gã wɔla matrɔdzimewo le eƒe habɔbɔa me. Gake migana míaŋlɔ be o be mí katã míewɔa nuvɔ̃ le mɔ suesuewo nu eye míehiã eƒe dzigbɔgbɔ blewu kple nublanuikpɔkpɔ. To esia me Yehowa ɖo kpɔɖeŋu si míasrɔ̃ ne amewo wɔ nuvɔ̃ ɖe mía ŋu la ɖi na mí. Ne míekpɔa nublanui la, ekema míele eƒe lɔlɔ̃ ɖem fia.—Efesotɔwo 5:1, 2.

Di Mɔ Siwo Nu ‘Nàkeke Ðokuiwò Ðe Enu’ Le

11. Nukatae Paulo de dzi ƒo na Korintotɔwo be ‘woakeke wo ɖokui ɖe enu’?

11 Paulo zã ɣleti geɖewo ɖe hame si nɔ Korinto le Hela la tutuɖo ŋu. Ewɔ dɔ sesĩe le kpekpeɖeŋu nana nɔvi siwo le afima me, eye wòlɔ̃ wo. Gake numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ ƒe lɔlɔ̃ si wòtsɔ lɔ̃ woe la, menye nenemae wo dometɔ aɖewo ya lɔ̃e o. Wonɔ vodada dim le eŋu vevie. Ede dzi ƒo na wo be ‘woakeke wo ɖokui ɖe enu’ le lɔlɔ̃ ɖeɖe fia me. (Korintotɔwo II, 6:11-13; 12:15) Anyo be mí katã míabu afisi míaƒe lɔlɔ̃ na amewo sena ɖo ŋu eye míadi mɔ siwo dzi míato akeke mía ɖokui ɖe enu.—Yohanes I, 3:14.

12. Aleke míawɔ be míaƒe lɔlɔ̃ na hamea me tɔ ɖesiaɖe nadzi ɖe edzi?

12 Ðe ame aɖewo le hamea me siwo ŋu wòsesẽna na mí be míate ɖoa? Ne míedze agbagba etɔxɛe be míatsyɔ nu amenyenye ƒe vovototo ɖesiaɖe si anɔ mía kple wo dome dzi—abe alesi míadi be woawo hã nawɔ na mí ene—la, ate ŋu ana mía kpli wo dome navivi. Míaƒe seselelãme ɖe wo ŋu anyo ɖe edzi ne míeléa ŋku ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu hebua emawo ko ŋu. Esia ana míaƒe lɔlɔ̃ na wo nadzi ɖe edzi godoo.—Luka 6:32, 33, 36.

13. Aleke míate ŋu akeke mía ɖokui ɖe enu le míaƒe hamea me tɔwo lɔlɔ̃ mee?

13 Nyateƒee wònye be seɖoƒe li na nusiwo míate ŋu awɔ na amewo. Anɔ eme be míate ŋu ado gbe na amesiame le kpekpe ɖesiaɖe me o. Ðewohĩ míate ŋu akpe amesiame ne míekpe nɔviwo hena nuɖuɖu o. Gake ɖe míate ŋu akeke mía ɖokui ɖe enu azã aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo atsɔ adze si míaƒe hamea me tɔ aɖe nyuie wua? Ðe míate ŋu amia asi ame aɖe si míenya nyuie o ɣeaɖewoɣi be wòawɔ dɔ kpli mí le gbeadzia?

14. Ne míele Kristotɔ siwo mía kple wo míedo go kpɔ o dome la, aleke míate ŋu aɖee afia be míelɔ̃ mía nɔewo vevie?

14 Kristotɔwo ƒe takpekpewo nyea mɔnukpɔkpɔ nyuiwo na mí be míakeke míaƒe lɔlɔ̃ ɖe enu. Ame akpeakpewo ava. Míate ŋu ado go wo katã o, gake míate ŋu aɖee afia le alesi míawɔ nui me be woƒe nyonyo le vevie na mí wu mía ŋutɔ míaƒe dzidzemekpɔkpɔ. Míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia le ɖiɖiɖemeɣiwo ne míedze agbagba be míadze si amesiwo dome míele la dometɔ aɖewo. Gbaɖegbe la, amesiwo katã le anyigba dzi la anye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wɔ ɖeka le Mawu vavã si nye mí katã mía Fofo la subɔsubɔ me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye be míate ŋu adze si mía nɔewo! Lɔlɔ̃ deto na wo aʋã mí be míadi be míadze si wo. Nukatae màdze egɔme fifia o?

Numetoto

• Ne kuxiwo do mo ɖa le Kristotɔwo dome la, aleke wòle be woakpɔ wo gbɔe, eye nukatae?

• Ne míele tsitsim le gbɔgbɔ me la, mɔ kawo nue wòle be míaƒe lɔlɔ̃ hã natsi le?

• Aleke wòanya wɔe be míalɔ̃ ame geɖe vevie wu mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ko?

[Nɔnɔmetata si le axa 148]

Míeɖea Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ fiana le mɔ vovovo nu, abe le hamea ƒe kpekpewo me ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe