INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 2 axa 16-20
  • Lɛta Si Tso Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɛta Si Tso Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Gbɔe Nya Nyui La Tso Vavã?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàsrɔ̃ Nu Tso Mawu Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ŋkɔ Le Mawu Si
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 2 axa 16-20

TA 2

Lɛta Si Tso Mawu Si Lɔ̃ Mí Gbɔ

GBLƆE nam, agbalẽ kae dzɔa dzi na wò vevie wu?— Agbalẽ siwo ƒo nu tso lãwo ŋu dzɔa dzi na ɖevi aɖewo. Bubuwo atia agbalẽ si me foto geɖe le. Agbalẽ mawo xexlẽ ate ŋu ado dzidzɔ na ame.

Gake agbalẽ nyuitɔ siwo ƒo ɖesiaɖe ta le xexeamee nye esiwo gblɔa nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu na mí. Agbalẽ mawo dometɔ ɖeka xɔ asi boo wu bubuawo katã. Ènya agbalẽ si wònyea?— Eyae nye Biblia.

Nukatae Biblia la nye agbalẽ vevi alea gbegbe?— Elabena Mawu gbɔe wòtso. Eƒo nu na mí tso eyama ŋu eye wògblɔ nu nyui siwo wòava wɔ la na mí. Eye efia nusiwo wòle be míawɔ be míaƒe nu nadze eŋu hã mí. Ele abe lɛta si tso Mawu gbɔ ene.

Mawu ate ŋu aŋlɔ Biblia bliboa katã le dziƒo atsɔ ana amegbetɔ hafi. Gake mewɔe nenema o. Togbɔ be Mawu gbɔe susuawo tso hã la, eƒe subɔla siwo le anyigba dzie wòzã be woaŋlɔ Biblia la ƒe akpa gãtɔ.

Aleke Mawu wɔ esiae?— Be nàse alesi wòwɔe gɔme la, bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ne míese ame aɖe ƒe gbe le radio dzi la, míenya be ame aɖe si le didiƒe ʋĩ gbɔe wòtso. Ne míekpɔ television la, míate ŋu akpɔ amesiwo le xexeame ƒe dukɔ bubuwo me gɔ̃ hã le edzi, eye míate ŋu ase nya siwo gblɔm wole.

Amegbetɔwo ate ŋu anɔ yamenutomeyimɔ̃wo me ayi keke dzinua dzi ke, eye woate ŋu aɖo woƒe nyawo ɖe anyigba dzi tso afima ke. Ènya be wote ŋu wɔ esia?— Nenye be amegbetɔwo ate ŋu awɔ esia la, ke ɖe Mawu mate ŋu aɖo nya ɖa tso dziƒo oa?— Nyateƒee, ate ŋui! Eye ewɔe ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ hafi amewo va wɔ radio alo television.

Ŋutsu aɖe si le ɣleti dzi la le nu ƒom kple ame siwo le anyigba dzi

Aleke míewɔ nya be Mawu ate ŋu aƒo nu na mí tso didiƒe ʋĩ ke?

Mose nye ŋutsu aɖe si see ŋutɔŋutɔ Mawu ƒo nu. Mose mete ŋu kpɔ Mawu kple ŋku o, gake ete ŋu se Mawu ƒe gbe. Ame akpeakpe nanewo nɔ afima esime nusia dzɔ. Le nyateƒe me la, gbemagbe Mawu na be to blibo aɖe ʋuʋu, eye wose dziɖegbewo eye wokpɔ dzikedzowo hã. Ameawo nyae be Mawu nɔ nu ƒom, gake vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe. Eyata wogblɔ na Mose bena: ‘Mawu megaƒo nu kpli mí o, elabena míele vɔvɔ̃m be míava ku.’ Emegbe Mose ŋlɔ nya siwo Mawu gblɔ nɛ la da ɖi. Eye nusi Mose ŋlɔ la le Biblia me.—Mose II, 20:18-21.

Mose ye ŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ gbãtɔ atɔ̃awo. Gake menye eya ɖeka koe ŋlɔ Biblia o. Mawu na ŋutsu siwo ade 40 sɔŋ ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo. Ŋutsu siawo nɔ agbe ɣeyiɣi didi aɖe enye si va yi, eye exɔ ƒe geɖe hafi wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu. Ẽ, exɔ abe ƒe 1,600 sɔŋ ene hafi wowu eŋɔŋlɔ nu! Nusi wɔ nuku enye be togbɔ be ŋutsu siawo dometɔ aɖewo mekpɔ wo nɔewo kpɔ o hã la, nusianu si woŋlɔ la wɔ ɖeka kple wo nɔewo tɔ pɛpɛpɛ.

Salomo, Petro kple Yohanes, Mose, Luka, kple Amos

Nukawoe nàte ŋu asrɔ̃ tso Biblia xexlẽ me?

Ame aɖewo siwo Mawu na woŋlɔ Biblia la nye ame xɔŋkɔwo. Togbɔ be alẽkplɔlae Mose nye hã la, eva zu Israel-dukɔa kplɔla. Salomo nye fia si nye nunyala gãtɔ kple kesinɔtɔ gãtɔ kekeake le xexeame. Gake Biblia ŋlɔla bubu aɖewo menye ame xɔŋkɔwo o. Amos nye ati aɖe si woyɔna be gboti ƒe agbledela.

Hekpe ɖe eŋu la, Biblia ŋlɔlawo dometɔ ɖeka nye ɖɔkta. Ènya eŋkɔa?— Eyae nye Luka. Biblia ŋlɔla bubu nye adzɔxɔla. Eŋkɔe nye Mateo. Eye bubu aɖe hã nye senyala, amesi nya Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ ŋuti sewo nyuie. Amesia ŋlɔ Biblia-gbalẽ geɖe wu ame bubuawo katã. Ènya eŋkɔa?— Eyae nye Paulo. Eye Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo nye Petro kple Yohanes, amesiwo hã ŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo, la nye tɔƒodelawo.

Biblia ŋlɔla siawo dometɔ geɖe ŋlɔ nu tso nusiwo Mawu ɖo be yeava wɔ le etsɔme ŋu. Aleke wowɔ nya nu mawo do ŋgɔ na ɣeyiɣi si woava eme?— Mawue tsɔ nyatakaka mawo na wo. Eyae gblɔ nusi ava dzɔ la na wo.

Esime Yesu si nye Nufiala Gã la va anyigba dzi la, woŋlɔ Biblia la ƒe akpa gãtɔ ɖi xoxo. Azɔ ɖo ŋku edzi be Nufiala Gã la nɔ dziƒo do ŋgɔ hafi va. Enya nusiwo Mawu wɔ. Ðe wòxɔ edzi se be Mawu gbɔe Biblia tsoa?— Ẽ, exɔe se.

Ne Yesu le nu ƒom na amewo tso Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu la, Biblia mee wòxlẽa nyawo tsonɛ. Ɣeaɖewoɣi egblɔa nusi woŋlɔ ɖe eme na wo tẽ tso susu me. Yesu gaxɔ nyatakaka bubu geɖe vɛ na mí tso Mawu gbɔ. Yesu gblɔ be: “Nusiwo nye hã mese le egbɔ la, nu mawo ke megblɔna na xexeame.” (Yohanes 8:26) Yesu se nu geɖe tso Mawu gbɔ elabena Mawu gbɔe wònɔ. Eye afikae míate ŋu axlẽ nya siwo Yesu gblɔ la le?— Biblia mee. Woŋlɔ wo katã ɖi na mí be míaxlẽ.

Le nyateƒe me la, esi Mawu na amewo nɔ Biblia ŋlɔm ɖi la, gbegbɔgblɔ siwo wodona ɣemaɣi mee woŋlɔe ɖo. Eyata woŋlɔ Biblia la ƒe akpa gãtɔ ɖe Hebrigbe me, akpa aɖewo ɖe Aramgbe me, eye akpa geɖewo hã ɖe Helagbe me. Esi egbea ame akpa gãtɔ mete ŋu xlẽa gbe mawo o ta la, woɖe Biblia gɔme ɖe gbe bubuwo me. Egbea woate ŋu axlẽ Biblia ƒe akpa aɖewo le gbegbɔgblɔ siwo wu 2,260 me. Wò ya bu ema ŋu kpɔ ko! Lɛta si Mawu ŋlɔ na amewo le afisiafi ye Biblia nye. Eye eɖanye zi gbɔ zi nenie wokpɔ edzi gbugbɔ ŋlɔe o, Mawu gbɔe emenyawo tso.

Nya siwo Biblia gblɔ la le vevie na mí. Woŋlɔe gbaɖegbe ʋĩ ke. Gake eƒo nu tso nusiwo le dzɔdzɔm egbea ŋu. Eye egblɔ nusiwo Mawu ava wɔ le etsɔ si gbɔna kpuie me la hã na mí. Emenyawo doa dzidzɔ na ame! Enaa mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe mí.

Ŋutsuvi aɖe le Biblia xlẽm na ɖevi eve aɖewo

Biblia ŋlɔla siawo ƒe ŋkɔwo ɖe?

Biblia la gblɔ alesi Mawu di be míanɔ agbee hã na mí. Egblɔ nusi nyo kple nusi menyo o na mí. Ehiã be nànya nusiawo, eye ehiã be nye hã manyae. Egblɔ amesiwo wɔ nu baɖawo kple nusi dzɔ ɖe wo dzi ŋu nya na mí, ale be míagakpe fu siwo wokpe o. Egblɔ amesiwo wɔ nu nyuiwo kple viɖe siwo wòhe vɛ na wo hã ŋu nya na mí. Woŋlɔ nusiawo katã ɖi be wòaɖe vi na mí.

Gake be Biblia naɖe vi gbogbotɔ na mí la, ehiã be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia aɖe. Biabia lae nye: Amekae tsɔ Biblia la na mí? Aleke nàɖo eŋui?— Nenemae, Mawu gbɔe Biblia bliboa katã tso. Ekema aleke míawɔ aɖee afia be míenye amesiwo dze nunya?— Míaɖee afia ne míeɖoa to Mawu eye míewɔna ɖe nya siwo wògblɔ dzi.

Eyata ehiã be míadi ɣeyiɣi axlẽ Biblia la ɖekae. Ne míexɔ lɛta aɖe tso amesi míelɔ̃ vevie gbɔ la, míexlẽnɛ gagbugbɔ xlẽnɛ ake. Enyea nu xɔasi na mí. Aleae wòle be Biblia la nanɔ na míi elabena enye lɛta si tso Amesi lɔ̃ mí vevie gbɔ. Ẽ, enye lɛta si tso Mawu si lɔ̃ mí gbɔ.

Azɔ zã miniti ʋɛ aɖewo tsɔ xlẽ mawunyakpukpui siawo siwo ɖee fia be Mawu ƒe Nyae Biblia nye vavã, eye be míaƒe viɖe tae woŋlɔe ɖo: Romatɔwo 15:4; Timoteo II, 3:16, 17; kple Petro II, 1:20, 21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe