Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me
Nu Ka Tae Wòle Be Nàsrɔ̃ Nu Tso Mawu Ŋu?
Nyati sia adzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.
1. Nu ka tae wòle be nàsrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?
Nu si nyo wu ŋuti nya nyui le Mawu si na ameƒomea. Eƒo nu tso eŋu le Biblia me. Biblia le abe lɛta si mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋlɔ na mí ene.—Xlẽ Yeremiya 29:11.
2. Nu kae nye nya nyui sia?
Ameƒomea hiã na dziɖuɖu nyui. Dziɖula si nye amegbetɔ aɖeke mete ŋu kpɔ ameƒomea ta tso ŋutasẽnuwɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, dɔléle, alo ku si me o. Gake nya nyui aɖe li. Mawu ana dziɖuɖu nyui aɖe naɖu ameƒomea dzi, eye wòana ablɔɖe mí tso míaƒe fukpekpewo katã me.—Xlẽ Daniel 2:44.
3. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu?
Mawu aɖe ame siwo katã nana míekpea fu la ɖa kpuie. Gake fifia ele ɖokuibɔbɔla miliɔn geɖe fiam ale si woanɔ agbe si ɖɔʋu wu, le lɔlɔ̃ me. To Mawu ƒe Nyaa dzi la, amewo le ale si woanɔ te ɖe agbemekuxiwo nu, ale si woawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ, kple ale si woadze Mawu ŋu, la srɔ̃m.—Xlẽ Zefaniya 2:3.
4. Ame ka gbɔe Biblia me nyawo tso?
Agbalẽ suesue 66 ye le Biblia me. Ame 40 ye ŋlɔe. Mose ye ŋlɔ agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi. Apostolo Yohanes ye ŋlɔ agbalẽ mamlɛtɔ ƒe 1,900 kple edzivɔwoe nye esi. Gake Mawu ƒe susuwoe Biblia ŋlɔlawo ŋlɔ, ke menye woawo ŋutɔwo tɔwoe o.—Xlẽ 2 Timoteo 3:16; 2 Petro 1:21.
Míenya be Mawu gbɔe Biblia tso, elabena egblɔ nu siwo ava dzɔ la ŋuti nya ɖi tsitotsito, eye wova eme pɛpɛpɛ. Amegbetɔ aɖeke mate ŋu awɔ esia o. (Yesaya 46:9, 10) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ƒo nu tso Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu na mí. Ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ be woava zu agbe ɖɔʋu nɔlawo. Nyateƒenya siawo na ame miliɔn geɖe ka ɖe edzi be Biblia nye Mawu ƒe Nya.—Xlẽ Yosua 23:14; 1 Tesalonikatɔwo 2:13.
5. Aleke nàwɔ ase Biblia me nyawo gɔme?
Wonya Yesu nyuie be enye Mawu ƒe Nya la fiala. Togbɔ be ame siwo wòƒo nu na la dometɔ akpa gãtɔ nya Biblia xoxo hã la, ehiã be woakpe ɖe wo ŋu woase emenyawo gɔme. Eya ta nu si Yesu wɔe nye be, ehea woƒe susu yia mawunyakpukpui vovovowo dzi heɖea wo me “bene woase Ŋɔŋlɔawo gɔme.” Gbetakpɔxɔ me nyati sia si nye “Na Mawu Ƒe Nya La Nafia Nu Wò,” azã mɔnu sia ke atsɔ akpe ɖe ŋuwò.—Xlẽ Luka 24:27, 45.
Ne èsrɔ̃ nu si Mawu gblɔ ku ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu la, ahe dzidzɔ geɖe ŋutɔ vae na wò. Ke hã, madzɔ dzi na ame aɖewo be èle Biblia srɔ̃m o. Gake dzi megaɖe le ƒowò o. Hafi nàkpɔ agbe mavɔ la, ehiã be nàdze si Mawu.—Xlẽ Mateo 5:10-12; Yohanes 17:3.
Kpɔ agbalẽ sia, Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 2 lia, be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nya sia ŋu.