INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kp axa 20-21
  • Toɖoɖo Na Wotsi Agbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Toɖoɖo Na Wotsi Agbe
  • Minɔ Ŋudzɔ!
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èbua Nuxlɔ̃ame Siwo Tso Amesiwo Dzi Woate Ŋu Aka Ðo Gbɔ la Nu Veviia?
  • Ðe Nèle Ŋudzɔ Ðe Míaƒe Ɣeyiɣiawo Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Biblia Me Nyagblɔɖiwo Dzixɔxɔse Xɔa Ame Ðe Agbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ðe Nàkpɔ Ðeɖe Ne Mawu Ðe Afɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Sisi Yi Dedienɔƒe Hafi “Xaxa Gã” La Nava
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Minɔ Ŋudzɔ!
kp axa 20-21

Toɖoɖo Na Wotsi Agbe

YESU KRISTO na nuxlɔ̃ame do ŋgɔ tso Yudatɔwo ƒe nuɖoanyi, si ƒe akpa vevi aɖee nye gbedoxɔ si nɔ Yerusalem, ƒe nuwuwu ŋuti. Meyɔ ŋkeke si dzi wòava nuwuwui o. Gake eƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo ahe tsɔtsrɔ̃ ma vɛ ŋu. Exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋudzɔ eye be woasi le afɔkuteƒea.

Yesu gblɔe ɖi be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ.” Egblɔ hã be: “Ne miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu . . . la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la . . . , ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi.” Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be womegatrɔ va be yewoatsɔ yewoƒe nunɔamesiwo o. Ele be woasi enumake ne wodi be yewoatsi agbe.—Luka 21:20, 21; Mateo 24:15, 16.

Be Cestius Gallus natsi aglã si dzem Yerusalemtɔwo nɔ ɖe wo ŋu ɣeyiɣi didi aɖee nye ma nu la, enɔ ŋgɔ na Roma-srafowo wodze dua dzi le ƒe 66 M.Ŋ. me. Ege ɖe dua me gɔ̃ hã heɖe to ɖe gbedoxɔa. Zitɔtɔ yɔ dugãa me. Amesiwo le ŋudzɔ ate ŋu akpɔe adze sii be afɔku aɖe le dzɔdzɔ ge. Gake ɖe woate ŋu akpɔ mɔ asia? Le vome la, ɖeko Cestius Gallus na eƒe asrafohawo gbugbɔ trɔ dzo. Yudatɔ aglãdzelawo ti wo yome. Ɣeyiɣia de ɣemaɣi be woasi adzo le Yerusalem kple Yudea katã!

Le ƒe si kplɔe ɖo me la, Roma-srafo siwo Vespasian kple via Titus nɔ ŋgɔ na la trɔ va. Aʋa nɔ edzi yim le dukɔa ƒe afisiafi. Le ƒe 70 M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la, Romatɔwo tsɔ ati siwo nu le tsũe ƒu kpo ɖe Yerusalem ŋu. Woxe sisiƒewo katã. (Luka 19:43, 44) Aʋawɔha siwo nɔ dua me wu wo nɔewo. Romatɔwo wu ame mamlɛawo dometɔ aɖewo hekplɔ bubuawo yi aboyo me. Wotsrɔ̃ dua kple eƒe gbedoxɔa keŋkeŋ. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Yudatɔ siwo wu miliɔn ɖeka kpe fu heku. Womegagbugbɔ tu gbedoxɔ ma kpɔ o.

Ne ɖe Kristotɔwo gakpɔtɔ nɔ Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me la, anye ne wowu wo alo kplɔ wo yi aboyo me kpe ɖe amesiwo katã nɔ afima ŋu. Gake blema ŋutinyaŋlɔlawo ka nya ta be Kristotɔ vavãwo ɖo to Mawu ƒe nuxlɔ̃amea eye wosi dzo le Yerusalem kple Yudea katã yi towo dzi le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Ame aɖewo va tsi Pella, le Perea nutoa me. Wodzo le Yudea keŋkeŋ eye womegatrɔ gbɔ o. Toɖoɖo Yesu ƒe nuxlɔ̃amea na wotsi agbe.

Èbua Nuxlɔ̃ame Siwo Tso Amesiwo Dzi Woate Ŋu Aka Ðo Gbɔ la Nu Veviia?

Esi ame geɖe se nuxlɔ̃ame gbogbo aɖewo siwo meva eme o ta la, womegatsɔa ɖeke le nuxlɔ̃ame aɖeke me o. Ke hã, toɖoɖo nuxlɔ̃ame ate ŋu ana nàtsi agbe.

Le ƒe 1975 me le China la, woxlɔ̃ nu amewo be anyigba aʋuʋu. Dziɖuɖumegãwo ɖe afɔ kpata. Ameawo hã wɔ nu nenema ke. Woɖe ame akpe geɖe ƒe agbe.

Le April 1991 me le Philippines la, kɔƒemetɔ siwo le Pinatubo-toa ƒe balime ka nya ta be dzudzɔ kple afi nɔ tutum tso toa tame. Le ŋkuléle ɖe nɔnɔmea ŋu ɣleti eve megbe la, Philippines ƒe Dzoto Kple Anyigbaʋuʋu Ŋuti Nusrɔ̃ƒe xlɔ̃ nu be afɔku aɖe tu aƒe. Wowɔ nu kpata na ame akpe geɖe dzo le nutoa me. Le June 15 ƒe ŋdikanya la, toa wó ŋɔdzitɔe eye wòhlẽ dzofi kple ba xɔdzo si ƒe kpekpeme ade tɔn biliɔn atɔ̃ ɖe yame heva kɔ ɖe dua dzi. Toɖoɖo na ame akpe geɖe tsi agbe.

Biblia xlɔ̃ nu tso nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋuti. Míele ŋkeke mamlɛawo me fifia. Esi nuwuwua le aƒe tum la, ɖe nèle ŋudzɔa? Ðe nèle afɔɖeɖe wɔm be nàdo le afɔkuteƒea? Ðe nuwɔwɔ kpata ƒe susu le asiwò nètsɔ le nu xlɔ̃m ame bubuwo hã be woawɔe nenema?

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Toɖoɖo nuxlɔ̃ame na ame geɖe tsi agbe esime Pinatubo-toa wó hehlẽ dzofi kple ba xɔdzo ɖe yame

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Kristotɔ siwo ɖo to Yesu ƒe nuxlɔ̃amea tsi agbe esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 70 M.Ŋ. me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe