INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 8/15 axa 15-20
  • Ðe Nàkpɔ Ðeɖe Ne Mawu Ðe Afɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàkpɔ Ðeɖe Ne Mawu Ðe Afɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Yesu Gblɔ Ði Kple Nusi Dzɔ
  • Ŋutilã Siwo Woɖe—Alekee?
  • Aleke Wò Etsɔme Anɔ?
  • ‘Nusiawo Ava Eme Tsã’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Woxɔ Wo Ðe Agbe Tso Xaxa Gã La Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • ‘Nukae Anye Wò Anyinɔnɔ Ƒe Dzesi?’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 8/15 axa 15-20

Ðe Nàkpɔ Ðeɖe Ne Mawu Ðe Afɔa?

“Ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.”—MATEO 24:22.

1, 2. (a) Nukata wòsɔ le dzɔdzɔme nu be míadi be míanya míaƒe etsɔme? (b) Anye be nya vevi kae dzɔdzɔme ƒe didi na wobia?

ALEKE gbegbe nètsɔa ɖe le ɖokuiwò mee? Ame aɖewo tsɔa ɖe le wo ɖokui me kakaka va zua ɖokuitɔdilawo. Gake Biblia metsi tre ɖe ɖetsɔtsɔ le nusiwo ka mí siwo sɔ me ŋu o. (Efesotɔwo 5:33) Ðetsɔtsɔ le míaƒe etsɔme me hã le eme. Eyata asɔ be nàdi be yeanya yeƒe etsɔme. Èdiia?

2 Míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu ƒe apostolowo tsɔ ɖe le woƒe etsɔme me nenema. (Mateo 19:27) Anɔ eme be nu ma hã nye susu siwo ta wo dometɔ ene nɔ Yesu gbɔ le Amitoa dzi la ƒe ɖe. Wobia be: “Gblɔ ɣeyiɣi, si dzi nusiawo lava la, na mí, eye nuka lanye dzesi na ɣeyiɣi, si me nusiawo katã lawu nu mahã?” (Marko 13:4) Yesu meŋe aɖaba ƒu didi si sɔ be woanya etsɔme dzi o—le woawo kple mía tɔ siaa gome. Eɖe alesi wòakpɔ ŋusẽ ɖe eyomedzelawo dzii kple nusi ado tso eme mlɔeba la me na wo zi geɖe.

3. Nukata míetsɔ Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa sɔ kple míaƒe ɣeyiɣia?

3 Nya si Yesu tsɔ ɖo eŋui la nye nyagblɔɖi si ƒe emevava gãtɔ le eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me. Míate ŋu akpɔ esia le xexemeʋawo kple aʋa bubu siwo wowɔ le míaƒe ƒe alafa sia me, anyigbaʋuʋu siwo me ame gbogbo aɖe tsrɔ̃na le, dɔtoto siwo hea dɔléle kple ku vɛ, kple dɔvɔ̃wo—tso Spaniatɔwo ƒe ƒe 1918 me dzamezã la dzi va ɖo AIDS dɔvɔ̃ si li fifia dzi la me. Gake Yesu ƒe ŋuɖoɖoa ƒe akpa gã aɖe hã va eme do ŋgɔ na Romatɔwo ƒe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. me kple le etsrɔ̃ɣi. Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye miatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.”—Marko 13:9.

Nusi Yesu Gblɔ Ði Kple Nusi Dzɔ

4. Nuxlɔ̃ame siwo le Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa me dometɔ aɖewoe ɖe?

4 Menye alesi amewo awɔ nu ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu koe wògblɔ na wo o. Ena wonya alesi wòle be woawo ŋutɔ nawɔ nui hã. Le kpɔɖeŋu me: “Gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la—amesi le exlẽm la, nese egɔme—ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi.” (Marko 13:14) Nuŋlɔɖi si ɖi esia si le Luka 21:20 la gblɔ be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ.” Aleke wòva eme tututue le emevava gbãtɔa me?

5. Nukae dzɔ le Yudatɔwo dome le Yudea le ƒe 66 M.Ŋ. me?

5 The International Standard Bible Encyclopedia (ƒe 1982) gblɔ na mí be: “Yudatɔwo ƒe akɔmadzemadzeanyi nu nɔ sesẽm ɖe edzi le Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te eye dzidzim ɖe edzi koe dziɖuɖuteƒenɔlawo ƒe ŋutasesẽ, tagbɔsesẽ, kple anukwaremaɖimaɖi nɔ. Wodze aglã wòdze gaglãa le ƒe 66 A.D. [M.Ŋ.] me. . . . Aʋa la dze egɔme esime Zazɛ̃nyahelawo xɔ Masada eye emegbe, le Menahem ƒe kpɔkplɔ te la, wozɔ ɖe Yerusalem dzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wotsrɔ̃ Yudatɔ siwo nɔ Kaisarea-dugã si me mɔ̃mefia nɔ la me dometɔ gbogbo aɖewo, eye ŋutasesẽnuwɔwɔ sia ŋuti nya ɖi hoo le dukɔa me godoo. Wotso gaku yeye siwo dzi woŋlɔ aglãdzedze la ƒe Ƒe 1 vaseɖe 5 lia ɖo.”

6. Nukae Yudatɔwo ƒe aglãdzedze na Romatɔwo wɔ?

6 Romatɔwo ƒe Aʋalɔgo Wuievelia si nɔ Cestius Gallus ƒe kpɔkplɔ te ho tso Syria, va gblẽ nu le Galilea kple Yudea, eye wodze fiadua dzi, woxɔ “du kɔkɔe Yerusalem” ƒe dzigbegome gɔ̃ hã. (Nexemya 11:1; Mateo 4:5; 5:35; 27:53) Agbalẽ si nye The Roman Siege of Jerusalem gblɔ nusiwo dzɔ la kpuie be: “Ŋkeke atɔ̃ sɔŋ Romatɔwo dze agbagba be yewoalia glia, gake ɣesiaɣi ɖeko wogbugbɔa wo. Esi wòva glo la, aʋawɔnu siwo dam wonɔ tre ɖe enu la kpe dua taʋlilawo dzi be wona ta. Roma-srafowo wɔ aɖaŋu si nye be wotsɔ woƒe akpoxɔnuwo kpe le afisi woƒe ta anɔ dzedzem le tsɔ kpɔ wo ɖokui tae eye woku glia te eye wote kpɔ be yewoatɔ dzo agbo la. Vɔvɔ̃ gã aɖe lé dua taʋlilawo.” Kristotɔ siwo nɔ dua me ate ŋu aɖo ŋku Yesu ƒe nyawo dzi eye woakpɔe adze sii be ŋunyɔnu aɖe va tsi tre ɖe kɔkɔeƒe la.a Gake esi woɖe to ɖe dua la, aleke Kristotɔ siawo awɔ asi, abe alesi Yesu xlɔ̃ nu woe ene?

7. Esi wòsusɔ vie ne Romatɔwo naɖu dzi le ƒe 66 M.Ŋ. me la, nukae wowɔ?

7 Ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ be: “Togbɔ be Cestius [Gallus] menya naneke tso amesiwo ŋu wòɖe to ɖo ƒe mɔkpɔkpɔbuɖeame alo woƒe seselelãmewo ŋu o hã la, eyɔ eƒe amewo eye wòna ta togbɔ be menye ɖe woɖu edzi o, eye wòtrɔ dzo le Dugã la me gɔmesese aɖeke manɔŋui.” (The Jewish War, II, 540 [xix, 7]) Nukae na Gallus trɔ dzo? Eɖanye nuka ke na o, eƒe tɔtrɔdzoa wɔe be Kristotɔwo te ŋu wɔ ɖe se si Yesu de dzi eye wosi yi towo dzi hena woƒe dedienɔnɔ.

8. Nukae nye Romatɔwo ƒe Yerusalem dzidzedze ƒe akpa evelia, eye nukae dzɔ ɖe agbetsilawo dzi?

8 Toɖoɖo kpɔ woƒe agbe ta. Eteƒe medidi kura hafi Romatɔwo ho aʋa ɖe aglãdzedzea ŋu o. Aglãdzedzenutsitsidɔ si wowɔ le Aʋafia Titus ƒe kpɔkplɔ te la ɖo etaƒoƒo esime woɖe to ɖe Yerusalem ŋu le ƒe 70 M.Ŋ. ƒe April va ɖo August me. Fu siwo Yudatɔwo kpe si Josephus ŋlɔ ɖi la xexlẽ able lãme na wò. Hekpe ɖe amesiwo wowu esi wonɔ aʋa wɔm kple Romatɔwo ŋu la, Yudatɔwo ŋutɔ ƒe aʋalɔgo siwo nɔ ho ʋlim kple wo nɔewo wu wo nɔvi Yudatɔ bubuwo, eye dɔtoto na woɖu amelã. Va ɖo ɣeyiɣi si me Romatɔwo ɖu wo dzi la, Yudatɔ 1,100,000 sɔŋ ye ku.b Wowu ame 97,000 siwo tsi agbe la dometɔ aɖewo enumake; wowɔ bubuwo kluviwoe. Josephus ŋlɔ be: “Wode ga amesiwo tsi xɔ wu ƒe wuiadre kplɔ wo yi Egipte be woava wɔ dɔ sesẽ le afima, eye Titus tsɔ wo dometɔ gbogbo aɖewo na nutowo be woatsɔ yi awu woe alo lã wɔadãwo navuvu wo le fefewɔƒewo.” Esime amewo me tiatia sia nɔ edzi yim la, dɔ wu gameme 11,000 woku.

9. Nukatae nusi dzɔ ɖe Yudatɔwo dzi medzɔ ɖe Kristotɔwo dzi o, gake nyabiabia kawoe gali?

9 Kristotɔwo ada akpe be yewowɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe nuxlɔ̃amea dzi si dzo le dua me hafi Roma-srafowo gatrɔ gbɔ. Esia na woɖe wo tso nusi Yesu yɔ be ‘xaxa gã si meva kpɔ o tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe ɣemaɣi, eye magadzɔ’ ɖe Yerusalem dzi ‘ake o’ la ƒe akpa aɖe me. (Mateo 24:21) Yesu gblɔ kpee be: “Ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.” (Mateo 24:22) Nukae nya mawo fia ɣemaɣi, eye nukae wofia fifia?

10. Aleke míeɖe Mateo 24:22 me va yi?

10 Tsã la, míeɖea egɔme be ‘ŋutilã siwo woaɖe’ ye nye Yudatɔ siwo tsi agbe le xaxa si va Yerusalem dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me la me. Kristotɔwo si, eyata Mawu ɖe mɔ Romatɔwo he tsɔtsrɔ̃ kpata vɛ. Ne míagblɔe bubui la, le esi “ame tiatiawo” si le afɔkua nu ta la, woate ŋu aɖe xaxaŋkekeawo dzi, ale be Yudatɔwo ƒe “ŋutilã” aɖewo nakpɔ ɖeɖe. Míesusui va yi be Yudatɔ siwo tsi agbe la nye kpɔɖeŋu na amesiwo atsi agbe le míaƒe ŋkekea ƒe xaxa gã si gbɔna me.—Nyaɖeɖefia 7:14.

11. Nukatae wòdze abe ele be woagabu Mateo 24:22 gɔmeɖeɖea ŋu ene?

11 Gake ɖe numeɖeɖe ma sɔ ɖe nusi dzɔ le ƒe 70 M.Ŋ. me la nua? Yesu gblɔ be woakpɔ amegbetɔ ‘ŋutilãwo’ ta bene ‘woaɖe’ wo tso xaxa la me. Ne èbu ame akpe geɖe siwo dɔ wu woku alo esiwo wowu le fefewɔƒewo ŋu la, ɖe nàgblɔ be agbetsila 97,000 mawo ‘kpɔ ɖeɖea?’ Josephus gblɔ le fefewɔƒeawo dometɔ ɖeka ŋu, le Kaisarea, be: “Ame xexlẽme sinu ku le avuwɔwɔ kple lã wɔadãwo me alo le avuwɔwɔ kple wo nɔewo me alo wotɔ dzo wo agbagbee la wu 2,500.” Togbɔ be womeku le toɖeɖe ɖe wo ŋu la me o hã la, womekpɔ “ɖeɖe” o. Eye ɖe Yesu abu wo be wosɔ kple “xaxa gã” la me agbetsila kpɔdzidzɔwoa?

Ŋutilã Siwo Woɖe—Alekee?

12. Amekawoe nye “ame tiatiawo” le ƒe alafa gbãtɔ me siwo me Mawu tsɔ ɖe le?

12 Va ɖo ƒe 70 M.Ŋ. me la, Mawu megabua dzɔdzɔme Yudatɔwo eƒe dukɔ tiatiae o. Yesu fia be Mawu gbe dukɔ ma eye ana woƒe fiadu la, gbedoxɔ, kple subɔsubɔnuɖoanyi nava nuwuwu. (Mateo 23:37–24:2) Mawu tia dukɔ yeye aɖe si nye gbɔgbɔ me Israel. (Dɔwɔwɔwo 15:14; Romatɔwo 2:28, 29; Galatiatɔwo 6:16) Eme tɔwo nye ŋutsu kple nyɔnu siwo wotia tso dukɔwo katã me eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na wo. (Mateo 22:14; Yohanes 15:19; Dɔwɔwɔwo 10:1, 2, 34, 35, 44, 45) Ƒe aɖewo do ŋgɔ na Cestius Gallus ƒe aʋahohoa la, Petro ŋlɔ agbalẽ na “amesiwo nye ame tiatiawo le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le [gbɔgbɔ] ƒe kɔkɔewɔwɔ me.” Amesiawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la nye “dzidzime tiatia . . . fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe.” (Petro I, 1:1, 2; 2:9) Mawu akplɔ ame tiatia siawo ayi dziƒo be woaɖu fia kple Yesu.—Kolosetɔwo 1:1, 2; 3:12; Tito 1:1; Nyaɖeɖefia 17:14.

13. Anye be gɔmesese kae nɔ Yesu ƒe nya siwo le Mateo 24:22 ŋu?

13 Enyo be míede dzesi ame tiatia siawo, elabena Yesu gblɔ ɖi be “le ame tiatiawo ta” ye woaɖe xaxaŋkekeawo dzi. Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘le wo ta’ la gɔme be “woawo ta woxa ɖo” alo “woawo ŋue wobu tae.” (Marko 2:27; Yohanes 12:30; Korintotɔwo I, 8:11; 9:10, 23; 11:9; Timoteo II, 2:10; Nyaɖeɖefia 2:3) Eyata Yesu ate ŋu anɔ gbɔgblɔm be, ‘Ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke woaxa ɖe ame tiatiawo ta aɖe ŋkeke mawo dzi.’c (Mateo 24:22) Ðe nane dzɔ si ɖe vi na Kristotɔ siwo woxaxa ɖo ɖe Yerusalem alo be ‘woawo tae woxa ɖoa’?

14. Aleke woɖe ‘ŋutilãwoe’ esime Roma-ʋakɔa trɔ dzo le vome le Yerusalem le ƒe 66 M.Ŋ. me?

14 Miɖo ŋku edzi be le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Romatɔwo tsa le dua me, woxɔ Yerusalem ƒe dzigbe gome, eye wode asi glia te kuku me. Josephus gblɔ be: “Ðe wògaɖe to ɖe wo wòdidi vie la, anye ne exɔ Dugã la enumake.” Bia ɖokuiwò be, ‘Nukatae kasia ko Roma-ʋakɔ sẽŋua dzudzɔ aʋahohoa hetrɔ dzo “gɔmesese aɖeke manɔŋui”?’ Rupert Furneaux si bi ɖe asrafowo ƒe ŋutinya gɔmeɖeɖe me la gblɔ be: “Ŋutinyaŋlɔla aɖeke mete ŋu gblɔ susu si tututu tae Gallus wɔ nyametsotso wɔnuku ma si me afɔku le la o.” Eɖanye susu ka tae o, nusi dzɔe nye be woɖe xaxa la dzi. Romatɔwo na ta eye Yudatɔwo ɖe wo ɖe enu esime wodzo yina. Ke Kristotɔ amesiamina ‘ame tiatia’ siwo woxaxa ɖo ya ɖe? Esi wodzudzɔ toɖeɖe ɖe wo wɔe be woɖe wo be woagawu wo le xaxa la me o. Eyata “ŋutilã” si woyɔ le Mateo 24:22 lae nye Kristotɔ siwo wòɖe vi na be woɖe xaxa si va le ƒe 66 M.Ŋ. dzi.

Aleke Wò Etsɔme Anɔ?

15. Nukata nàgblɔ be ele be míatsɔ ɖe le Mateo ta 24 me etɔxɛ le míaƒe ŋkekea me?

15 Ðewohĩ ame aɖe abia be, ‘Nukata wòle be matsɔ ɖe le Yesu ƒe nyawo gɔmesese si me wogakɔ alea me vevie?’ Susu geɖe li siwo ta míaƒo nya ta be Yesu ƒe nyagblɔɖia ava eme le mɔ si lolo wu nu, wòawu nusi dzɔ va ɖo ƒe 70 M.Ŋ. kple le ƒea me.d (Tsɔe sɔ kple Mateo 24:7; Luka 21:10, 11; Nyaɖeɖefia 6:2-8.) Yehowa Ðasefowo ɖe gbeƒãe ƒe bla nanewo be emevava gãtɔ si le edzi yim le míaƒe ɣeyiɣia me ɖo kpe edzi be míate ŋu akpɔ mɔ na “xaxa gã” si gbɔ medidi kura o, si lolo wu. Aleke nyagblɔɖinya siwo le Mateo 24:22 ava emee ɣemaɣi?

16. Nyateƒe dedziƒoname kae Nyaɖeɖefia gblɔ le xaxa gã si gbɔna ŋu?

16 Apostolo Yohanes ŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa anye ƒe blaeve le xaxa si va Yerusalem dzi megbe. Eɖo kpe edzi be xaxa gã le ŋgɔ gbɔna. Eye esi míedi be míanya nusi adzɔ ɖe mía ŋutɔwo dzi la, ɖewohĩ nyanya be Nyaɖeɖefia ka ɖe edzi na mí le nyagblɔɖi me be amegbetɔ ŋutilã atsi agbe le xaxa gã si gbɔna me la ana gbɔdzɔe mí. Yohanes gblɔ nya ɖi le “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” ŋu. Amekawoe wonye? Gbe aɖe tso dziƒo ɖo eŋu be: “Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me.” (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Ẽ, woatsi agbe! Nyaɖeɖefia gana míenya alesi nuwo adzɔe le xaxa gã si gbɔna me kple alesi Mateo 24:22 ava emee.

17. Nukae adzɔ le xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ me?

17 Nusi adzɔ le xaxa sia ƒe gɔmedzedze enye be woadze kpɔɖeŋugbolo si woyɔna be “Babilon Gã” la dzi. (Nyaɖeɖefia 14:8; 17:1, 2) Etsi tre ɖi na alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, eye Kristodukɔa ŋue mokaka le wu. Le Nyaɖeɖefia 17:16-18 ƒe nya nu la, Mawu adee dzime na dunyahenuɖoanyia be woadze kpɔɖeŋugbolo sia dzi.e Kpɔ alesi wòadze na Mawu ƒe amesiamina ‘tiatiawo’ kple woƒe zɔhɛwo, “ameha gã” lae ɖa. Ne wodze subɔsubɔhawo dzi alea hele wo tsrɔ̃m la, awɔ abe subɔsubɔhawo katã, kple Yehowa ƒe amewo hãe, woatsrɔ̃ ene.

18. Nukatae wòadze abe ɖe “ŋutilã” aɖeke makpɔ ɖeɖe le xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ me o ene?

18 Afisiae Yesu ƒe nya siwo le Mateo 24:22 ava eme le mɔ si lolo wu nu le. Abe alesi wòdze abe ɖe ame tiatia siwo nɔ Yerusalem nɔ afɔku me ene la, adze abe ɖe woatsrɔ̃ Yehowa subɔlawo le subɔsubɔhawo dzidzedzea me, abe ɖe amedzidzedze ma atsrɔ̃ Mawu ƒe amewo ƒe “ŋutilã” katã ene. Gake mina míaɖo ŋku nusi dzɔ le ƒe 66 M.Ŋ. me dzi. Woɖe xaxa si Romatɔwo he vɛ la dzi, si na mɔnukpɔkpɔ geɖe Mawu ƒe amesiamina tiatiawo be woasi atsi agbe. Eyata míate ŋu aka ɖe edzi be womaɖe mɔ be subɔsubɔhawo dzidzedzea naɖe tadeagula vavãwo ƒe xexeame katã ƒe hamea ɖa o. Adzɔ kabakaba abe ke “ŋkeke ɖeka dzi” wòdzɔ ene. Gake woato mɔ aɖe nu aɖe edzi, womana wòawɔ eƒe taɖodzinu ade goe o, bene Mawu ƒe amewo nate ŋu akpɔ “ɖeɖe.”—Nyaɖeɖefia 18:8.

19. (a) Nukae ava dze le xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ megbe? (b) Nukae nusia ahe vɛ?

19 Satana Abosam ƒe anyigba dzi habɔbɔa ƒe akpa bubuwo anɔ anyi le ema megbe vie, woafa kadodo si tso le wo kple woƒe subɔsubɔ ƒe gbolo xoxoa dome. (Nyaɖeɖefia 18:9-19) Ava ɖo afi aɖe la, woakpɔe be Mawu subɔla vavãwo gali, ‘woli bɔkɔɔ eye gli mele wo ŋu o’ eye adze abe woate ŋu adze wo dzi bɔbɔe ene. Aka ɖe wo yaa ŋutɔ! Mawu atso ɖe esubɔlawo dzidzedze alo ŋɔdzidodo na wo sia ŋu eye wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe futɔwo le xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa me.—Xezekiel 38:10-12, 14, 18-23.

20. Nukata xaxa gã la ƒe akpa evelia made Mawu ƒe amewo afɔku me o?

20 Xaxa gã la ƒe akpa evelia sia asɔ kple nusi dzɔ ɖe Yerusalem kple emenɔlawo dzi le Romatɔwo ƒe amedzidzedze evelia me le ƒe 70 M.Ŋ. me. Anye “xaxa gã . . . esi meva kpɔ tso xexeame ƒe gɔmedzedze vaseɖe [ɣemaɣi] o, eye megale vava ge akpɔ o.” (Mateo 24:21) Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe ame tiatiawo kple woƒe zɔhɛwo manɔ afɔkuteƒe afisi woawu wo le o. Ao, menye ɖe woasi ayi anyigba ƒe teƒe aɖe o. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem te ŋu si le dugã ma me yi to abe Pella ene dzi le Yordan godo. Gake le etsɔme la, Mawu ƒe Ðasefo nuteƒewɔlawo anɔ xexeame katã, eyata menye teƒe ɖeka aɖee woanɔ hafi woanɔ dedie eye woakpɔ wo ta o.

21. Amekawoe awɔ aʋa le aʋawɔwɔ mamlɛa me, eye nukae ado tso eme?

21 Menye Roma-ʋakɔwo alo amegbetɔ ƒe habɔbɔ bubu aɖekee ahe tsɔtsrɔ̃a vɛ o. Ke boŋ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be ametsrɔ̃lawo tso dziƒo. Ẽ, menye amegbetɔ ƒe aʋakɔ aɖekee ahe xaxa gã la ƒe akpa mamlɛ ma vɛ o, ke “Mawu ƒe Nya la,” Fia Yesu Kristo, kple ‘dziƒoʋakɔwo,’ kpakple Kristotɔ amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre woe ahee vɛ. “Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ” atsrɔ̃ nu gbidigbidi wu esi Romatɔwo wɔ le ƒe 70 M.Ŋ. me. Aɖe Mawu ƒe futɔ siwo nye amegbetɔwo katã ɖa—fiawo, aʋafiawo, ablɔɖeviwo kple kluviwo, ɖeviwo, kple ame tsitsiwo. Amegbetɔ ƒe habɔbɔ siwo le Satana ƒe xexeame gɔ̃ hã ava woƒe nuwuwu.—Nyaɖeɖefia 2:26, 27; 17:14; 19:11-21; Yohanes I, 5:19.

22. Susu bubu ka hã nue woaɖe ‘ŋutilãwo’ le?

22 Miɖo ŋku edzi be woaɖe amesiamina susɔeawo kple “ameha gã” la siaa ƒe “ŋutilã” la do ŋgɔ na esime woatsrɔ̃ Babilon Gã la keŋkeŋ kabakaba le xaxa la ƒe akpa gbãtɔ me. Nenema ke le xaxa la ƒe akpa mamlɛa me la, woaɖe “ŋutilã” si asi ava Yehowa ƒe akpa dzi. Aleke gbegbe esia ato vovo na nusi dzɔ ɖe Yudatɔ dzeaglãawo dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me enye si!

23. Nukae “ŋutilã” siwo atsi agbe ate ŋu akpɔ mɔ na?

23 Le nusi ate ŋu adzɔ le wò ŋutɔ kple wò lɔlɔ̃tɔwo ƒe etsɔme ŋu bubu me la, se ŋugbe si wodo le Nyaɖeɖefia 7:16, 17 ɖa: “Dɔ megale wo wu ge akpɔ o, eye tsikɔ hã megale wo wu ge akpɔ o, eye ɣe kple ŋdɔkutsu megale wo ɖu ge o; elabena alẽvi, si le fiazikpui la titina la, anyi wo, eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.” Emae anye ‘ɖeɖekpɔkpɔ’ wɔnuku ŋutɔŋutɔ si anɔ anyi ɖaa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ June 1, 1996, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 14-19.

b Josephus gblɔ be: “Esi Titus ge ɖe dua me la eƒe sesẽ wɔ nuku nɛ ŋutɔ . . . Edo ɣli be: ‘Mawue de mía dzi; Mawue ɖiɖi Yudatɔwo ɖe anyi tso mɔ̃ sesẽ siawo me; elabena nukae amegbetɔ ƒe asi kple dɔwɔnuwo ate ŋu awɔ le mɔ̃ kɔkɔ siawo ŋu?’”

c Anyo be míade dzesii be Shem-Tob ƒe Mateo 24:22 nuŋɔŋlɔa zã Hebrigbe me nya ʽa·vurʹ si gɔmee nye “woawo tae woxa ɖo, le wo ta, ale be.”—Kpɔ nyati si do ŋgɔ, axa 13.

d Kpɔ Gbetakpɔxɔ February 15, 1994, axa 11 kple 12, kpakple nuŋlɔɖi si le axa 14 kple 15, siwo gblɔ Yesu ƒe nyagblɔɖi me nyaŋuɖoɖo siwo le Mateo ta 24, Marko ta 13, kple Luka ta 21 ɖe ɖoɖo nu la.

e Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 235-58, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta le ƒe 1991 me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

◻ Akpa eve kawo mee Roma-ʋakɔa ƒe Yerusalem dzidzedzea mã ɖo?

◻ Nukatae manye Yudatɔ 97,000 siwo tsi agbe le ƒe 70 M.Ŋ. me ye nye “ŋutilã” si woyɔ le Mateo 24:22 o?

◻ Aleke woɖe Yerusalem ƒe xaxa ƒe ŋkekeawo dzii, eye aleke esia na ‘ŋutilãwo’ kpɔ ɖeɖee?

◻ Aleke woaɖe ŋkekewo dzi le xaxa gã si gbɔna me eye woaɖe ‘ŋutilãwoe’?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Yudatɔwo ƒe gakui si wotso le aglãdzedzea megbe. Hebri-nuŋɔŋlɔa gblɔ be “Ƒe evelia,” si fia ƒe 67 M.Ŋ., si nye woƒe ɖokuisidziɖuɖu ƒe ƒe evelia

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Romatɔwo ƒe gakui si wotso le ƒe 71 M.Ŋ. me. Romatɔ aɖe si bla aʋakpa enye ma le miame; Yuda-nyɔnu aɖe si le konyi fam enye ma le ɖusime. Nya siwo nye “IVDAEA CAPTA” gɔmee nye “Yudea si Woɖe Aboyoe”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe