INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 2/15 axa 29
  • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nàkpɔ Ðeɖe Ne Mawu Ðe Afɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • ‘Gblɔe Na Mí, Ɣekaɣie Nu Siawo Adzɔ?’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • “Gblɔe Na Mi̇́, Ɣekaɣie Nusiawo Ava?”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Woxɔ Wo Ðe Agbe Tso Xaxa Gã La Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 2/15 axa 29

Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ

August 15, 1996, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be: “Le xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa me la, woaɖe ‘ŋutilã’ si asi ava Yehowa ƒe akpa dzi.” Ðe nya ma le fiafiam be ne xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ nu va yi la, ame yeye geɖe atrɔ dzime ava Mawu ƒe akpa dzia?

Menye nenema gblɔm míele o.

Yesu ƒe nya siwo le Mateo 24:22 ava eme le mɔ vevitɔ nu le etsɔme ne wokpɔ ɖeɖe le xaxa gã si gbɔna la ƒe akpa gbãtɔ si nye subɔsubɔhawo dzidzedze la me. Nyatia gblɔ be: “Miɖo ŋku edzi be woaɖe amesiamina susɔeawo kple ‘ameha gã’ la siaa ƒe ‘ŋutilã’ la do ŋgɔ na esime woatsrɔ̃ Babilon Gã la keŋkeŋ kabakaba le xaxa la ƒe akpa gbãtɔ me.”

Nuteƒewɔla siawo manɔ afɔku me ne Yesu kple eƒe dziƒoʋakɔ la tso le xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa me o. Gake amekawoe ato xaxa la ƒe akpa ma me? Nyaɖeɖefia 7:9, 14 fia be ameha gã aɖe si si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le atsi agbe. Ke Kristotɔ amesiaminawo hã ɖe? August 15, 1990, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” dzro nusita míate ŋu ayɔ ɣeyiɣi si dzi tututu woakplɔ amesiamina susɔeawo ayi dziƒoe o me. Eyata nyati si do nyitsɔ laa (August 15, 1996) hã metɔ asi naneke dzi tẽ o, eye wògblɔ gbadzaa ko be: “Nenema ke le xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa me la, woaɖe ‘ŋutilã’ si asi ava Yehowa ƒe akpa dzi.”

Le ne ame yeye aɖewo agate ŋu asrɔ̃ nyateƒea eye woava Mawu ƒe akpa dzi ne xaxa gã la dze egɔme vɔ gome la, de dzesi Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 24:29-31. Ne xaxa gã la dze egɔme vɔ la, Amegbetɔvi la ƒe dzesi la adze. Yesu gblɔ be anyigba dzi ƒomeawo katã aƒo akɔta ado konyifaɣli. Megblɔ nya aɖeke be amewo anyɔ le wo ɖokui me, atrɔ dzime ava Mawu ƒe akpa dzi, eye woazu nusrɔ̃la vavãwo o.

Nenema ke le alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa me la, Amegbetɔvi la ado eye wòadrɔ̃ ʋɔnu amã amewo me le nusi wowɔ va yi alo nusi womewɔ va yi o nu. Yesu megblɔ nya aɖeke be amesiwo ɖe gbɔ̃wo ƒe nɔnɔme fia ɣeyiɣi didi aɖe la atrɔ dzime ava azu alẽwo o. Nusi ameawo ɖe fia be yewonye xoxo la nue wòava adrɔ̃ ʋɔnu ɖo.—Mateo 25:31-46.

Gake le esia hã gome la, mehiã be míagblɔ nya aɖeke tẽ le nya sia ŋu o. Mawu ƒe amewo, amesiaminawo kple ameha gã la siaa nya nusi wòle be woawɔ fifia—be woaɖe gbeƒã awɔ nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20; Marko 13:10) Fifiae nye ɣeyiɣi si me wòle be míana nuxlɔ̃ame sia nade dzi gbɔ na mí be: “Esi míenye hadɔwɔlawo ŋuti la, míele nu xlɔ̃m mi hã bena, miagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o. Elabena egblɔ bena: ‘Meɖo to wò le amenuveɣi la, eye mexɔ na wò le xɔxɔgbe la dzi.’ Kpɔ ɖa, fifi enye amenuveɣi, kpɔ ɖa, fifi enye xɔxɔgbe!”—Korintotɔwo II, 6:1, 2.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe