INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bt ta 14 axa 108-115
  • “Mí Katã Míelɔ̃ Ðe Edzi”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mí Katã Míelɔ̃ Ðe Edzi”
  • ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Nyagblɔɖilawo Ƒe Nyawo Wɔ Ðeka Kple Esia” (Dɔw. 15:13-21)
  • ‘Wotia Ame Aɖewo Ðo Ða’ (Dɔw. 15:22-29)
  • “Wokpɔ Dzidzɔ Le Dzideƒonamenya Sia Ta” (Dɔw. 15:30-35)
  • Dɔ Kawoe Dɔdzikpɔha Si Li Egbea Wɔna?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Ame Kae Le Mawu Ƒe Amewo Kplɔm Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • ‘Nyaʋiʋli Ðo Wo Dome Vevie’
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Akpa Si “Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” La Wɔna
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
bt ta 14 axa 108-115

TA 14

“Mí Katã Míelɔ̃ Ðe Edzi”

Ale si dɔdzikpɔhaa tso nya mee kple ale si esia na hameawo wɔ ɖeka

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 15:13-35 dzi

1, 2. (a) Nyabiase vevi kawoe wòle be dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me nakpɔ ŋuɖoɖo na? (b) Nu kae akpe ɖe wo ŋu woatso nya me nyuie?

APOSTOLO kple hamemetsitsi siwo kpe ta le Yerusalem anya nɔ wo nɔewo ŋkume kpɔm. Wonya be nyametsotso vevi aɖee nye esia dze ŋgɔ yewo eye wole mɔ kpɔm vevie na ale si wòava wu enui. Aʋatsotso ƒe nyaa fɔ nyabiase vevi aɖewo ɖe te. Ðe Kristotɔwo gale Mose ƒe Sea tea? Ðe woade vovo Yudatɔwo kple Kristotɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo domea?

2 Nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm dzro kpeɖodzi vovovoawo me. Wolé ŋku ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖiwo kple ɖaseɖiɖi siwo ɖee fia be Yehowa le yayram ɖe xɔsetɔ yeyeawo dzi ŋu. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒo nu faa. Nu siwo katã dzi woanɔ te ɖo atso nya mea dze ƒãa. Eme kɔ be Yehowa ƒe gbɔgbɔe le mɔ fiam wo. Ðe nɔviawo awɔ ɖe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia dzia?

3. Aleke nudzɔdzɔ si le Dɔwɔwɔwo ta 15 lia me dzodzro ate ŋu aɖe vi na míi?

3 Ebia xɔse kple dzinɔameƒo be woawɔ ɖe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia dzi le nya sia me. Nu si tae nye be nyametsotsoa ate ŋu ana Yudatɔwo ƒe subɔsubɔhakplɔlawo nagalé fu wo ɖe edzi, eye hamea me tɔ siwo nɔ tɔ tem ɖe edzi be ele be Mawu ƒe amewo nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi hã ate ŋu atsi tsitre ɖe wo ŋu. Nu kae dɔdzikpɔhaa awɔ? Míava kpɔe, eye míakpɔe hã be Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha si li egbea srɔ̃a woƒe kpɔɖeŋua. Enye kpɔɖeŋu nyui aɖe si mí Kristotɔ siwo li egbea hã míate ŋu asrɔ̃ ne nya sesẽ aɖewo dze ŋgɔ mí le agbe me.

“Nyagblɔɖilawo Ƒe Nyawo Wɔ Ðeka Kple Esia” (Dɔw. 15:13-21)

4, 5. Nyagblɔɖinya kawo dzie Yakobo he susu yii le numedzodzroa me?

4 Nusrɔ̃la Yakobo, si nye Yesu nɔvi, hã ƒo nu.a Edze abe eyae nɔ zi me na ame tsitsiawo le kpekpe sia me ene. Eƒe nyawo ɖe ale si wo katã wotso nya mee fia kpokploe. Yakobo gblɔ na nɔvi siwo kpe ta be: “Simeon gblɔe eme kɔ nyuie, ale si Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu zi gbãtɔ, be yeaɖe amewo tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la. Eye Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo wɔ ɖeka kple Esia.”—Dɔw. 15:14, 15.

5 Anɔ eme be nya siwo Simeon, alo Simon Petro, gblɔ kple ɖase siwo Barnaba kple Paulo va ɖi, na Yakobo ɖo ŋku Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo ku ɖe nya si me dzrom wole ŋu dzi. (Yoh. 14:26) Esi Yakobo gblɔ be “Nyagblɔɖilawo ƒe nyawo wɔ ɖeka kple esia” vɔa, eyɔ nya tso Amos 9:11, 12. Amos ƒe agbalẽa kpe ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si woyɔna zi geɖe be “Nyagblɔɖilawo” ƒe nyawo ŋu. (Mat. 22:40; Dɔw. 15:16-18) Àde dzesii be nya siwo Yakobo yɔ tso Amos ƒe agbalẽa me mesɔ pɛpɛpɛ kple ale si wòdze le Amos ƒe agbalẽa me egbea o. Anɔ eme be Septuagint, si nye Hebri Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me, mee Yakobo yɔ nyawo tsoe.

6. Ŋɔŋlɔawo me numekɔkɔ kawoe kpe ɖe wo ŋu le numedzodzroa me?

6 Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila Amos dzi be ɣeyiɣi aɖe avaa, yeafɔ “David ƒe agbadɔ,” si nye fiaƒome si me Mesia Fiaɖuƒea ado tso, ɖe te. (Eze. 21:26, 27) Ðe esia fia be Yehowa agana be Yudatɔwo ɖeɖe nanye eƒe dukɔa? Ao. Nyagblɔɖia gblɔ yi edzi be woaƒo ‘dukɔ me tɔwo katã’ nu ƒu, eye woanye ame siwo ŋu “woyɔ [Mawu ƒe] ŋkɔ ɖo.” Ðo ŋku edzi be Petro ɖo kpe edzi do ŋgɔ be Mawu “mede vovototo aɖeke [yewo Kristotɔ Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo va zu xɔsetɔwo] dome kura o, ke boŋ ekɔ woƒe dzi ŋu to xɔse me.” (Dɔw. 15:9) Esia fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo siaa nava nye Fiaɖuƒea ƒe domenyilawo. (Rom. 8:17; Ef. 2:17-19) Nyagblɔɖia ƒe akpa aɖeke megblɔ be ele be Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo va zu xɔsetɔwo natso aʋa alo atrɔ dzi me azu Yudatɔwo o.

7, 8. (a) Susu kae Yakobo do ɖa? (b) Aleke wòle be míase Yakobo ƒe nyawo gɔmee?

7 Kpeɖodzi siwo le Ŋɔŋlɔawo me kple ɖaseɖiɖi sẽŋu siwo wosea na Yakobo do susu ɖa be: “Eya ta nu si mekpɔe nye be, míagaɖe fu na dukɔwo me tɔ siwo le tɔtrɔm ɖe Mawu ŋu la o, ke boŋ míaŋlɔ na wo be woatsri nu siwo trɔ̃wo ƒo ɖii, kple gbɔdɔdɔ manɔsenu, kple lã tsiʋumewo kpakple ʋu. Elabena tso blema ke la, amewo ɖea gbeƒã Mose ƒe sewo le du sia du me, elabena woxlẽnɛ wosena le ƒuƒoƒewo le sabat sia sabat dzi.”—Dɔw. 15:19-21.

8 Esi Yakobo zã nya “nu si mekpɔe nye be” la, ɖe wòfia be enɔ eƒe susu zim ɖe nɔvi susɔeawo dzi le esi wònye eyae le zi me na kpekpea ta? Kura o! Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nu si mekpɔe nye be,” agate ŋu afia “nye susue nye be.” Esia fia be menye ɖe Yakobo nɔ eƒe susu zim ɖe nɔviawo dzi kura o. Ke boŋ ɖaseɖiɖi siwo wose kple nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso nyaa ŋu ye wòtsɔ ɖo wo ŋkume.

9. Aleke susu si Yakobo do ɖaa ɖe vii?

9 Ðe susu si Yakobo do ɖaa sɔa? Edze ƒãa be esɔ, elabe apostoloawo kple hamemetsitsiawo va da asi ɖe edzi. Aleke esia ɖe vii? Gbãa, susu si wòdo ɖa ‘maɖe fu na’ Kristotɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo o, elabe womezii ɖe wo dzi be woawɔ Mose ƒe Sea dzi o. (Dɔw. 15:19) Evelia, nyametsotsoa de bubu Kristotɔ Yudatɔwo ƒe dzitsinya ŋu, elabe tso blema kea, woxlẽa “Mose ƒe sewo . . . wosena le ƒuƒoƒewo le sabat sia sabat dzi.”b (Dɔw. 15:21) Nyametsotsoa ana ɖekawɔwɔ si le Kristotɔ Yudatɔwo kple Kristotɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo dome nasẽ. Vevietɔ wua, nyametsotso sia adze Yehowa Mawu ŋu, elabe ewɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo. Esia nye mɔ nyui aɖe si dzi woto kpɔ nya si ate ŋu agblẽ Mawu ƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔ me gbɔ. Eye enye kpɔɖeŋu nyui aɖe na Kristo hame si li egbea.

Albert Schroeder le nu ƒom le ƒe 1998 dukɔwo dome takpekpe aɖe me

10. Aleke Dɔdzikpɔha si li egbea srɔ̃a dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒe kpɔɖeŋu?

10 Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me enea, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha si li egbea srɔ̃a dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, eye wokpɔa Dziɖulagã Yehowa kple Via Yesu Kristo si nye hamea ƒe Ta si nu be woafia mɔ yewo le nya ɖe sia ɖe me.c (1 Kor. 11:3) Aleke wowɔa esiae? Nɔviŋutsu Albert D. Schroeder, si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ tso ƒe 1974 me va se ɖe esime wòwu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu le March 2006 me, gblɔ be: “Dɔdzikpɔhaa kpea ta Kuɖa sia Kuɖa. Wodzea kpekpea gɔme kple gbedodoɖa eye wobiaa Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia. Wodzea agbagba vevie be nya sia nya si gbɔ yewoakpɔ kple nyametsotso ɖe sia ɖe si yewoawɔ nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya, Biblia.” Milton G. Henschel, si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ ɣeyiɣi didi aɖe eye wòwu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nu le March 2003 me hã bia nya vevi aɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia suku ƒe klass 101 nu wulawo. Ebia wo be: “Ðe habɔbɔ bubu aɖe gale anyigba dzi, si ƒe Dɔdzikpɔha zãa Mawu ƒe Nya, Biblia, tsɔ tsoa nya me le nya veviwo ŋua?” Nyabiase sia ƒe ŋuɖoɖo dze ƒãa.

‘Wotia Ame Aɖewo Ðo Ða’ (Dɔw. 15:22-29)

11. Aleke dɔdzikpɔhaa wɔ ɖo woƒe nyametsotsoa ɖe hameawo?

11 Dɔdzikpɔha si nɔ Yerusalem kpɔ ta na aʋatsotso ƒe nyaa azɔ, eye wo katã ƒe nu sɔ le nyametsotsoa ŋu. Gake hafi hameawo me tɔwo katã nawɔ nu ɖekaea, ele be ale si woagblɔ nyametsotsoa na wo me nakɔ eye wòade dzi ƒo. Aleke woawɔ esia? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Apostoloawo kple hamemetsitsiawo kpakple hame blibo la katã tso nya me be yewoatia ame aɖewo tso yewo dome akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu aɖo ɖe Antiokia; ame siawoe nye Yuda si wogayɔna be Barsaba kple Sila, siwo nye ŋgɔxɔlawo le nɔviawo dome.” Tsɔ kpe ɖe eŋua, woŋlɔ lɛta de ŋutsu siawo si be woaxlẽ le hamewo katã me le Antiokia, Siria, kple Kilikia.—Dɔw. 15:22-26.

12, 13. (a) Nu ka tae wòsɔ be Yuda kple Sila kpe ɖe ame dɔdɔawo ŋu? (b) Nu ka tae wòsɔ be dɔdzikpɔhaa ŋlɔ lɛta de wo si?

12 Esi Yuda kple Sila “nye ŋgɔxɔlawo le nɔviawo dome” taa, wodze anɔ dɔdzikpɔhaa teƒe. Ame ene siwo wodɔ ɖo ɖa ana nɔviawo nakpɔe be menye nya si fɔ ɖe te ƒe ŋuɖoɖowo koe wotsɔ vɛ o, ke boŋ dɔdzikpɔhaa ƒe mɔfiame yeyewoe wotsɔ vɛ. Ame ene ‘siwo wotia’ ɖo ɖa ana ɖekawɔwɔ nanɔ Kristotɔ Yudatɔ siwo le Yerusalem kple Kristotɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔ siwo le du vovovoawo me dome. Ðoɖo nyui aɖee nye esia wowɔ! Mewɔ nuku o be ɖoɖo sia na ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nɔ Mawu ƒe amewo dome.

ÐOÐO SI NU DƆDZIKPƆHAA LE EGBEA

Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome enea, Dɔdzikpɔhaa me tɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na lae kpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi egbea hã. Dɔdzikpɔhaa me tɔwo kpea ta kwasiɖa sia kwasiɖa. Woma ɖe kɔmiti ade siwo gbɔnaa me, eye wokpɔa dɔ vovovowo gbɔ.

  • Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmitia ye kpɔa senyawo gbɔ eye ezãa nyadzɔdzɔgblɔmɔnuwo tsɔ ɖea habɔbɔa ƒe dzixɔsewo me ne ehiã. Ekpɔa afɔkuwo, yometitiwo kple nudzɔdzɔ kpata siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le xexea me godoo la hã gbɔ.

  • Dɔwɔlawo Ƒe Kɔmitia ye wɔa ɖoɖo ɖe Betel ƒomea me tɔ siwo wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo le xexea me godoo ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋua, kɔmiti siae daa asi ɖe ame yeye siwo wokpe be woava wɔ dɔ le alɔdzedɔwɔƒewo la dzi.

  • Agbalẽtata Kɔmitia ye kpɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata, kple wo ɖoɖo ɖe hamewo ƒe dɔa dzi. Azɔ hã, ekpɔa agbalẽtaƒewo kple nunɔamesi siwo Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔha vovovowo zãna la dzi, eye wòwɔa ɖoɖo ɖe alɔdzedɔwɔƒewo, Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo tutu ŋu. Kɔmiti siae wɔa ɖoɖo ɖe ale si woazã habɔbɔa ƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo ŋu.

  • Subɔsubɔ Kɔmitia ye kpɔa gbeƒãɖeɖedɔa, hamemetsitsiwo, nutome sue dzikpɔlawo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖelawo ƒe nyawo gbɔ. Ekpea amewo na Gilead Sukua, eye wòdea dɔ asi na wo be woavae do ŋusẽ hameawo eye woado xexea me katã ƒe dɔa ɖe ŋgɔ.

  • Nufiafia Kɔmitia ye trɔa asi le nu siwo woafia le takpekpe suewo, takpekpe gãwo kple hame ƒe kpekpewo me ŋu eye wòwɔa ɖoɖo ɖe ɔdio kple videowo ŋu. Eyae trɔa asi le nu siwo woasrɔ̃ le Gilead Suku, Mɔɖelawo ƒe Subɔsubɔ Suku kple suku bubuwo ŋu eye wòwɔa gbɔgbɔmeɖoɖo bubuwo na nɔvi siwo le alɔdzedɔwɔƒewo.

  • Agbalẽŋɔŋlɔ Kɔmitia ye kpɔa agbalẽ kple dɔwɔnu siwo míezãna le kpekpeawo me kple esiwo míezãna le gbeadzi la ƒe dɔa dzi. Kɔmiti sia ɖoa Biblia me nyabiasewo ŋu, kpɔa gbegɔmeɖelawo ƒe dɔa dzi le xexea me godoo, eye wòdaa asi ɖe dramagbalẽ kple nuƒogbalẽ siwo woazãa dzi.

Dɔdzikpɔha me tɔwo ɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu be wòafia mɔ yewo. Womebua wo ɖokuiwo be yewoe le Yehowa ƒe amewo kplɔm o. Ke boŋ abe Kristotɔ amesiamina bubuwo enea, wodzea “Alẽvi la [Yesu Kristo] yome yia afi sia afi si wòyina.”—Nyaɖ. 14:4.

13 Lɛta si woɖo ɖe nɔviawo na Kristotɔ Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo kpɔ ŋuɖoɖo na aʋatsotso ƒe nyaa, eye wokpɔ nu vevi siwo wòle be woawɔ be woƒe nu nadze Yehowa ŋu ne wòayra wo. Lɛtaa ƒe akpa vevi aɖe gblɔ be: “Enyo gbɔgbɔ kɔkɔe la kple míawo ŋutɔwo hã ŋu be, míagatsɔ agba bubu aɖeke akpee na mi wu nu vevi siawo ko o: be miatsri nu siwo wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo, kple ʋu kple lã tsiʋumewo kpakple gbɔdɔdɔ manɔsenu. Ne miete mia ɖokui ɖa kura tso nu siawo ŋu la, ekema eme anyo na mi. Minɔ anyi nyuie!”—Dɔw. 15:28, 29.

14. Nu kae na Yehowa ƒe amewo wɔ ɖeka le xexe si me mama bɔ ɖo me?

14 Le xexea me godoo egbea, togbɔ be Yehowa Ðasefowo wu 8,000,000 eye wole hame siwo wu 100,000 me hãa, woƒe dzixɔsewo sɔ eye wowɔ ɖeka. Nu kae na wote ŋu wɔ ɖeka le xexe tɔzi si me mama bɔ ɖo me? Susu vevitɔe nye be Yesu Kristo, si nye hamea ƒe Ta, fiaa mɔ wo eme kɔna to “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si nye Dɔdzikpɔhaa dzi. (Mat. 24:45-47) Ale si nɔvi siwo le xexea me godoo lɔ̃na faa wɔna ɖe mɔfiame siwo tso Dɔdzikpɔhaa gbɔ dzi hã wɔe be míewɔ ɖeka.

“Wokpɔ Dzidzɔ Le Dzideƒonamenya Sia Ta” (Dɔw. 15:30-35)

15, 16. Nu nyui kawoe do tso ale si wokpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔe me, eye nu kae na nuwo va yi nyuie alea?

15 Nuŋlɔɖia yi edzi be esi ame dɔdɔawo tso Yerusalem va ɖo Antiokia la, “woƒo ha la me tɔwo katã nu ƒu hetsɔ agbalẽ la na wo.” Aleke nɔvi siwo le afi ma wɔ nu ɖe dɔdzikpɔhaa ƒe nyametsotsoa ŋui? “Esi [woxlẽ agbalẽa] la, wokpɔ dzidzɔ le dzideƒonamenya sia ta.” (Dɔw. 15:30, 31) Tsɔ kpe ɖe eŋua, Yuda kple Sila ƒo “nuƒo geɖe tsɔ de dzi ƒo na nɔviawo, eye wodo ŋusẽ wo.” Esia na woyɔ wo be “nyagblɔɖilawo,” abe ale si ko woyɔ Barnaba, Paulo, kple ŋutsu bubuawo be nyagblɔɖilawo ene, le gɔmesesea nu be wona wonya Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nu vevi aɖewo ŋu.—Dɔw. 13:1; 15:32; 2 Mose 7:1, 2.

16 Edze ƒãa be Yehowa yra ɖe ɖoɖo bliboa dzi, si na wokpɔ nyaa gbɔ le dzidzɔ me. Nu kae na nuwo dze edzi nyuie alea? Eme kɔ ƒãa be dɔdzikpɔhaa tso ɖe nyaa ŋu kaba, eye woɖe mɔ Mawu ƒe Nyaa kple gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe wo ŋu wofia mɔ nɔviawo ɖe ɣeyiɣi dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋua, lɔlɔ̃ ʋã wo wowɔ ɖoɖo nyuie be nyametsotsoa naɖo hameawo gbɔ.

17. Aleke nutome sue dzikpɔla siwo li egbea srɔ̃a nɔvi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me?

17 Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha si li egbea hã wɔna nenema ke. Wofiaa mɔ nɔvi siwo le xexea me godoo ɖe ɣeyiɣi dzi. Ne wotso nya me le nya aɖe ŋua, woɖoa mɔfiameawo ɖe hameawo. Mɔ vovovo siwo dzi wotona mɔfiameawo ɖoa hameawo gbɔ dometɔ ɖekae nye to nutome sue dzikpɔlawo dzi. Nɔvi siawo tsɔ wo ɖokuiwo na faa eye wosrãa hameawo kpɔ, naa mɔfiame siwo me kɔ nɔviawo, eye wodea dzi ƒo na wo. Abe Paulo kple Barnaba enea, dzikpɔla siawo hã zãa ɣeyiɣi geɖe le gbeadzi tsɔ nɔa ‘nu fiam, eye wo kple ame bubu geɖewo nɔa Yehowa ƒe nya la ŋuti nya nyuia gblɔm.’ (Dɔw. 15:35) Eye abe Yuda kple Sila enea, ‘woƒoa nuƒo geɖe tsɔ dea dzi ƒo na nɔviawo, eye wodoa ŋusẽ wo.’

18. Nu kae wòle be Mawu ƒe amewo nawɔ hafi aka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi ayra yewo?

18 Nu kae akpe ɖe hame siwo katã le xexea me godoo egbea hã ŋu be ŋutifafa nanɔ wo dome eye woawɔ ɖeka le xexe si me mama le me? Ðo ŋku edzi be nusrɔ̃la Yakobo gblɔ emegbe be: “Nunya si tso dziƒo la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa, esea nu gɔme, elɔ̃na faa ɖoa to . . . Gawu la, woƒãa dzɔdzɔenyenyekutsetse ƒe ku le ŋutifafa me ɖe ame siwo wɔa ŋutifafa dome.” (Yak. 3:17, 18) Míenya ne kpekpe si wowɔ le Yerusalem ye nɔ susu me na Yakobo wògblɔ nya sia ya o. Gake esi míedzro nudzɔdzɔ si le Dɔwɔwɔwo ta 15 lia mea, ena míekpɔe be ne míewɔ ɖeka ko hafi Yehowa ayra mí.

19, 20. (a) Nu kae ɖee fia be ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ va le Antiokia hamea me? (b) Dɔ ka ŋue Paulo kple Barnaba tsɔ woƒe susu ɖo azɔ?

19 Ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si va le Antiokia hamea me dze ƒãa. Antiokia nɔviawo mehe nya kple ame dɔdɔ siwo tso Yerusalem va o, ke boŋ wokpɔ dzidzɔ ɖe Yuda kple Sila ƒe sasrãkpɔa ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be esi “wonɔ afi ma vie la, nɔviawo do mɔ wo le ŋutifafa me be woatrɔ ayi ame siwo dɔ wo ɖa la gbɔ,” si fia be woatrɔ ayi Yerusalem.d (Dɔw. 15:33) Míate ŋu aka ɖe edzi be dzi dzɔ nɔvi siwo le Yerusalem hã esi wose nyatakaka tso nɔvi siwo yi dɔa gbe gbɔ. Yehowa gbɔe wòtso be dɔ vevi sia te ŋu dze edzi!

20 Fifia Paulo kple Barnaba, siwo tsi Antiokia, ate ŋu atsɔ woƒe susu katã aɖo nyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu abe ale si nutome sue dzikpɔla siwo li egbea wɔnɛ ene ne wovasrã hameawo kpɔ. (Dɔw. 13:2, 3) Yayra ka gbegbee nye esi wonye na Yehowa ƒe amewo! Gake aleke Yehowa gazã nyanyuigblɔla dovevienu eve siawo eye wòyra woe? Míakpɔe le ta si kplɔe ɖo me.

Vidada aɖe kple vianyɔnu le takpekpe eye wole agbalẽ si nye “Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo,” Babla 2 lia me kpɔm.

Kristotɔ siwo li egbea nana ɖoɖo nyui siwo Mawu wɔ to Dɔdzikpɔhaa kple eteƒenɔlawo dzia ɖea vi na wo

YAKOBO SI NYE “AƑETƆ LA NƆVI”

Yakobo si nye Yosef kple Maria viŋutsu ye woyɔna gbã le Yesu nɔviwo dome. (Mat. 13:54, 55) Ðewohĩ eyae dzɔ ɖe Maria ƒe vi tsitsitɔ Yesu yome. Yakobo kple Yesu wonɔ ɖevime tsi ɖekae, eya ta ekpɔ eƒe subɔsubɔdɔa teƒe, eye ne mede ɖeke oa, ekpɔ “ŋusẽdɔ” siwo Yesu wɔ alo se wo ŋu nya. Gake esime Yesu, si nye wo fo nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzia, Yakobo kple nɔvia bubuawo “mexɔ edzi se o.” (Yoh. 7:5) Ðewohĩ Yakobo hã susui be Yesu ƒe “tagbɔ le gbegblẽm” abe ale si woƒe ƒometɔ mamlɛawo nɔ egblɔm ene.—Marko 3:21.

Yakobo le Ŋɔŋlɔawo xlẽm.

Gake Yakobo va trɔ susu esi Yesu ku eye wofɔe ɖe tsitre megbe. Togbɔ be woƒo nu tso Yakobo etɔ̃ bubu aɖewo ŋu le Hela Ŋɔŋlɔawo me hãa, edze ƒãa be Yakobo si nye Yesu nɔvi ye Yesu ɖe eɖokui fia le ŋkeke blaene siwo wòtsɔ nɔ anyigba dzi esime wofɔe ɖe tsitre megbe. (1 Kor. 15:7) Anɔ eme be esia na Yakobo va de dzesi ame si tututu nɔvia nye. Aleke kee wòɖale o, mede ŋkeke ewo tso esime Yesu yi dziƒo megbe oa, Yakobo, nɔa kple nɔviaŋutsuwo wɔ ɖeka kple apostoloawo woƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe me nɔ gbe dom ɖa.—Dɔw. 1:13, 14.

Yakobo va zu ame vevi aɖe le Yerusalem hamea me, eye wobui be enye apostolo alo “amedɔdɔ” siwo le hamea mea dometɔ ɖeka. (Gal. 1:18, 19) Esia va dze ƒãa, elabe esime woɖe apostolo Petro le gaxɔ me nukutɔea, egblɔ na nusrɔ̃lawo be: “Mika nya siawo ta na Yakobo kple nɔviawo.” (Dɔw. 12:12, 17) Esi wotsɔ aʋatsotso ƒe nyaa vɛ na “apostoloawo kple hamemetsitsiawo” le Yerusalem la, Yakobo ye anya nɔ zi me na numedzodzroa. (Dɔw. 15:6-21) Eye apostolo Paulo de dzesii be Yakobo kple Kefas (Petro) kpakple Yohanes ye “wobuna sɔtiwoe” le Yerusalem hamea me. (Gal. 2:9) Le ƒe aɖewo megbe esi Paulo trɔ gbɔ tso eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ etɔ̃lia mea, eyi vae ka nya ta na Yakobo eye ‘hamemetsitsiawo katã hã nɔ afi ma.’—Dɔw. 21:17-19.

Yakobo sia si Paulo yɔ be “Aƒetɔ la nɔvi” ye ŋlɔ Biblia-gbalẽ si ŋu woyɔ eƒe ŋkɔ ɖo. (Gal. 1:19) Le agbalẽa mea, megblɔ be yenye apostolo alo Yesu nɔvi o, ke boŋ egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be yenye “Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe kluvi.” (Yak. 1:1) Yakobo ƒe agbalẽa na míekpɔe be eya hã léa ŋku ɖe dzɔdzɔmenuwo kple amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu abe Yesu ke ene. Yakobo zã dzɔdzɔmenuwo abe ƒutsotsoe si ya ƒona, ɣletivi keklẽwo, ɣe ƒe dzoxɔxɔ, seƒoƒo siwo duduna, dzo gblẽnuwo kple lã siwo womla la tsɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa me nyateƒewo gɔme. (Yak. 1:6, 11, 17; 3:5, 7) Mawu na wòse amewo ƒe agbenɔnɔ kple nuwɔnawo gɔme ale be wòɖo aɖaŋu nyui siwo ana ŋutifafa nanɔ amewo dome.—Yak. 1:19, 20; 3:2, 8-18.

Paulo ƒe nya siwo dze le 1 Korintotɔwo 9:5 na míekpɔe be, srɔ̃ nɔ Yakobo si. Biblia meƒo nu tso ɣeyiɣi si Yakobo ku alo ale si wòkui ŋu o. Gake Josephus gblɔ be le Porcius Festus, si nye Roma dziɖuɖua teƒenɔla le ƒe 62 K.Ŋ. me ƒe ku megbe kple hafi Albinus, ame si va xɔ ɖe eteƒe nava zia dzi la, Nunɔlagã Ananus (Anania) “kpe ta kple Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo eye wòna wohe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yakobo, si nye Yesu si wogayɔna be Kristo nɔviŋutsu la, kple ame bubu aɖewo va wo ŋkume.” Le Josephus ƒe nya nua, Ananus “bu fɔ wo be esi woda se dzi taa, woaƒu kpe wo.”

a Kpɔ aɖaka si nye “Yakobo Si Nye ‘Aƒetɔ La Nɔvi.’”

b Enyo ŋutɔ be Yakobo he susu yi Mose ƒe nuŋlɔɖiwo dzi. Nuŋlɔɖi siawo dometɔ aɖewoe nye Mose ƒe Sea kple mɔfiame siwo Mawu na amegbetɔwo katã hafi va ɖo Sea ŋutɔ anyi. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe susu le ʋu, ahasiwɔwɔ, kple trɔ̃subɔsubɔ ŋu dze le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. (1 Mose 9:3, 4; 20:2-9; 35:2, 4) Yehowa na gɔmeɖose siwo dzi wòle be ame sia ame nawɔ ɖoa dze ƒãa, eɖanye Yudatɔ alo Trɔ̃subɔdukɔmetɔ o.

c Kpɔ aɖaka si nye “Ðoɖo Si Nu Dɔdzikpɔhaa Le Egbea.”

d Le kpukpui 34 lia, Biblia aɖewo gblɔ be Sila tiae be yeatsi Antiokia. (Eʋegbe Biblia) Gake edze be ɖe wova tsɔ nya mawo kpee emegbe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe