INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 20
  • Dɔ Kawoe Dɔdzikpɔha Si Li Egbea Wɔna?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔ Kawoe Dɔdzikpɔha Si Li Egbea Wɔna?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Le Mawu Ƒe Amewo Kplɔm Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Akpa Si “Kluvi Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” La Wɔna
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • “Mí Katã Míelɔ̃ Ðe Edzi”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 20

NUSƆSRƆ̃ 20

Dɔ Kawoe Dɔdzikpɔha Si Li Egbea Wɔna?

Ƒe alafa gbãtɔ me dɔdzikpɔha la

Ƒe alafa gbãtɔ me dɔdzikpɔha la

Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo le Dɔdzikpɔhaa ƒe lɛta xlẽm

Woxlẽ dɔdzikpɔha la ƒe lɛtawo

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ƒuƒoƒo sue aɖe, si nye ‘apostolo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem’ lae nye dɔdzikpɔha la, eye woawoe nɔa Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame bliboa teƒe wɔa nyametsotso veviwo. (Dɔwɔwɔwo 15:2) Hafi wo katã woada asi ɖe nyametsotso aɖe dzi la, wodzroa Ŋɔŋlɔawo me nyuie eye wonana Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ wo. (Dɔwɔwɔwo 15:25) Aleae dɔdzikpɔha si li egbea hã wɔa nui.

Mawu le wo zãm be yeana yeƒe lɔlɔ̃nu nava eme. Amesiaminawo dometɔ siwo nye Dɔdzikpɔha la me tɔwo tsɔa ɖe le Mawu ƒe Nya la me vevie, eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su nɔviŋutsu siawo si le hakplɔɖoɖowo kple Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo nana me. Wokpena kwasiɖa sia kwasiɖa dzroa nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me katã la ƒe hiahiãwo me. Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, egbea hã dɔdzikpɔha la toa lɛtawo, dzikpɔla mɔzɔlawo kple mɔ bubuwo dzi naa Biblia me mɔfiame hameawo. Ðoɖo siawo nana nuwɔwɔ aduadu kple ɖekawɔwɔ nɔa Mawu ƒe amewo dome. (Dɔwɔwɔwo 16:4, 5) Dɔdzikpɔha la kpɔa Ŋɔŋlɔawo me nufiamewo nana dzi, wodoa ŋusẽ mí na Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, eye wodaa asi ɖe nɔviŋutsu siwo wotia na agbanɔamedzinɔƒewo dzi.

Wonana Mawu ƒe gbɔgbɔ fiaa mɔ wo le woƒe dɔwo wɔwɔ me. Yehowa, si nye Xexea Me Katã ƒe Dziɖulagã, kple Yesu, si nye hamea ƒe Ta la gbɔe Dɔdzikpɔha la xɔa mɔfiamewo tsonae. (1 Korintotɔwo 11:3; Efesotɔwo 5:23) Nɔviŋutsu siwo nye dɔdzikpɔha la me tɔwo mebua wo ɖokuiwo be yewoe nye Mawu ƒe amewo kplɔlawo o. Woawo kple Kristotɔ amesiamina bubuawo katã “dzea Alẽvi la [si nye Yesu] yome, afi ka kee wòɖayi o.” (Nyaɖeɖefia 14:4) Dɔdzikpɔha la kpɔa ŋudzedze ɖe gbe siwo míedona ɖa ɖe wo ta la ŋu vevie.

  • Ame kawoe ƒo ƒu wɔ dɔdzikpɔha la le ƒe alafa gbãtɔ me?

  • Mɔ kawo dzie Dɔdzikpɔha si li egbea tona xɔa Mawu ƒe mɔfiamewo?

ANYO BE NÀWƆ ESIA

Xlẽ Dɔwɔwɔwo 15:1-35 ne nàkpɔ ale si ƒe alafa gbãtɔ me dɔdzikpɔha la zã Ŋɔŋlɔawo kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiame tsɔ kpɔ nyaʋiʋli aɖe si do mo ɖa la gbɔe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe