Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Ðe Mawu de akpa aɖe dzi esi wòtia amesiwo nye dziɖuha gbãtɔ me tɔwo tso ameƒomevi kple dukɔ ɖeka me tɔwo dome—esi wo katã wonye Yudatɔwoa?
Ao, mede akpa aɖeke dzi kura o. Yudatɔwoe nye ame gbãtɔ siwo Yesu yɔ be woanye yeƒe nusrɔ̃lawo. Ke le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkeke dzi la, Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔla-zu-Yudatɔwo va zu ame gbãtɔ siwo wosi ami na eye mɔnukpɔkpɔ su wo si be woava ɖu fia kple Kristo le dziƒo. Emegbe kura hafi Samariatɔwo kple Trɔ̃subɔla aʋamatsomatsotɔwo va kpe ɖe wo ŋu. Eyata eme kɔ be Yudatɔwoe nye dziɖuha la me tɔwo ɣemaɣi, abe alesi Dɔwɔwɔwo 15:2 gblɔe ene be wonye “apostolowo kple hamemegã, siwo le Yerusalem.” Ŋɔŋlɔawo me sidzedze kple nuteƒekpɔkpɔ le tadedeagu vavãtɔ ŋu ƒe gɔmeɖoanyi si de to wu le amesiawo si, eye ɣeyiɣi geɖe su wo si wotsɔ tsii hezu Kristotɔ hamemegã bibiwo.—Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 3:1, 2.
Ɣeyiɣi si me dziɖuha la nɔ takpekpe si ŋu nya wogblɔ le Dɔwɔwɔwo ta 15 wɔm la, Trɔ̃subɔla geɖe va zu Kristotɔwo. Afrikatɔwo, Europatɔwo, kple nuto bubu me tɔwo nɔ eme. Gake nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be wotsɔ Trɔ̃subɔladukɔ me tɔ aɖewo kpe dziɖuha la be wòana Kristotɔnyenye nadzro amesiwo menye Yudatɔwo o. Togbɔ be dzimetrɔla yeye siawo tso Trɔ̃subɔladukɔwo me va zu Kristotɔwo eye wonye “Mawu ƒe Israel” me tɔ siwo sɔ kple Yudatɔ siwo le eme xoxo hã la, ele be woade bubu Yudatɔ Kristotɔ siwo ƒe tsitsi kple nuteƒekpɔkpɔ de ŋgɔ wu, abe apostoloawo, siwo nye dziɖuha la me tɔwo ɣemaɣi ene la ŋu. (Galatiatɔwo 6:16) De dzesi alesi wode asixɔxɔ nuteƒekpɔkpɔ ma ŋui le Dɔwɔwɔwo 1:21, 22.—Hebritɔwo 2:3; Petro II, 1:18; Yohanes I, 1:1-3.
Mawu wɔ nu ɖe Israel-dukɔ si me Yesu tia eƒe apostoloawo tsoe la ŋu le mɔ tɔxɛ nu ƒe alafa geɖe. Menye vodada alo madzɔmadzɔnyenyee wònye be apostolo aɖeke metso dukɔ siwo woyɔna fifia be Dziehe Amerika, Afrika, alo Ɣedzeƒe Asia dukɔwo me o. Mɔnukpɔkpɔ siwo de ŋgɔ sã wu apostolonyenye le anyigba dzi, ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha me tɔ nyenye, alo dɔdasi ɖesiaɖe si woaxɔ le Mawu ƒe amewo dome egbea la asu ŋutsu kple nyɔnu siwo tso teƒe mawo la si emegbe.—Galatiatɔwo 3:27-29.
Nya la ʋã apostolo ɖeka wògblɔ be “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Nyateƒee, Kristo ƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo li na amewo katã ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Eye amesiwo tso to sia to, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ, kple dukɔ sia dukɔ me anɔ Dziƒofiaɖuƒea me nɔlawo kple ameha gã siwo akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi la dome.
Ame geɖe va tsi dzi ɖe ŋutigbalẽ, gbegbɔgblɔ, alo ameƒomevinyenye ŋu vevie. Nusi míexlẽ le Dɔwɔwɔwo 6:1 le nya aɖe si de liʋiliʋilili Kristotɔ Helagbe kple Hebrigbegblɔlawo dome ŋu la ɖe esia fia. Ðewohĩ míenɔ amesiwo tsia dzi egbea ɖe ŋutigbalẽ, gbegbɔgblɔ, alo ameƒomevinyenye ŋu vevie dome tsi alo woƒe nukpɔsusu aɖewo ge ɖe mía me. Esi wòate ŋu adzɔ alea bɔbɔe ta la, anyo be míadze agbagba vevie be míatrɔ asi le míaƒe seselelãmewo kple nuwɔnawo ŋu be wòasɔ ɖe Mawu ƒe nukpɔsusu nu, esi nye be amegbetɔwo katã sɔ le eŋkume eɖanye aleke míaƒe gotagomedzedzeme le o. Esi Mawu na woŋlɔ hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe nudidiwo ɖi la, megblɔ nya aɖeke le gbegbɔgblɔ alo ameƒomevinyenye ŋu o. Ao, amesiwo asubɔ la ƒe gbɔgbɔ me ƒe dzedze dzie wòhe susu yii. Alea wòle le hamemegã siwo le míaƒe hameawo me, dzikpɔla mɔzɔlawo, kple alɔdzedɔwɔƒe dɔwɔlawo gome egbea, abe alesi wònɔ le dziɖuha gbãtɔ me le ƒe alafa gbãtɔ me ene.