INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jr ta 9 axa 103-113
  • Mègadi ‘Nu Gãwo’ Na Ðokuiwò O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègadi ‘Nu Gãwo’ Na Ðokuiwò O
  • Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU KAWOE NYE ‘NU GÃ’ MAWO?
  • “MANA WÒ AGBE NAZU ABOYONU NA WÒ”
  • ÐE NÀDI “NU GÃWOA?”
  • ‘KESINƆNUWO’ ƑE AMEBLEŊUSẼ
  • ÐE NÀNA “WÒ AGBE NAZU ABOYONU” NA WÒA?
  • Barux Yeremya ƒe Agbalẽŋlɔla Wɔnuteƒe La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Yehowa Léa Ŋku Ðe Mía Ŋu Hena Míaƒe Nyui
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Dze Agbagba Mia Kple Nɔviwò Kristotɔwo Dome Nanɔ Kplikplikpli Hafi Nuwuwua Nava
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Yehowa Yraa Toɖolawo Eye Wòkpɔa Wo Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Mawu Le Nu Ƒom Na Mí To Yeremiya Dzi
jr ta 9 axa 103-113

TA ASIEKELIA

Mègadi ‘Nu Gãwo’ Na Ðokuiwò O

1, 2. (a) Le Yoyakim ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, nu kae dzɔ ɖe Barux dzi? (b) Aleke Yehowa kpe ɖe Barux ŋui?

LE FIA vɔ̃ɖi Yoyakim ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe enelia me la, Yeremiya gbugbɔ nya siwo katã Yehowa na wògblɔ ɖi tso Yerusalem kple Yuda ŋu le ƒe 23 kple edzivɔ siwo va yi me tso esime wòzu nyagblɔɖila la gblɔ na Barux be wòaŋlɔ ɖe agbalẽxatsaxatsa me. Ƒe 625 D.M.Ŋ. me lɔƒoe. (Yer. 25:1-3; 36:1, 2) Barux maxlẽ nya siwo wòaŋlɔ la na Yudatɔwo enumake o. Ƒe ɖeka ava yi hafi wòaxlẽe na wo. (Yer. 36:9, 10) Gake nane te ɖe Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla wɔnuteƒe Barux dzi vevie. Nu kae le fu ɖem nɛ?

2 Barux fa konyi be: “Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam.” Ðewohĩ nu te ɖe wò hã dziwò kpɔ ale gbegbe be wòzu helehelé tsi akɔta na wò alo nèɖe hũu ame aɖe se. Ne Barux ƒe hũɖeɖea meɖi ame aɖeke se o hã la, Yehowa ya see. Esi Mawu dzroa dziwo katã me kpɔ ta la, enya nu si tututu nɔ fu ɖem na Barux. Eya ta eto Yeremiya dzi ɖo aɖaŋu nɛ. (Xlẽ Yeremiya 45:1-5.) Ðewohĩ àbia be nu kae te ɖe Barux dzi nenema gbegbe hã. Ðe wòanye be dɔ si wode esi yea? Alo nɔnɔme siwo me wòwɔ dɔa le yea? Ao, eƒe dzimedidiwo gbɔe kuxia tso. Nya lae nye be, Barux ‘le nu gãwo dim.’ Nu kawoe nye nu gã siwo dim wòle? Nu ka ƒe ŋugbee Yehowa do be yeawɔ nɛ ne eɖo to yeƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiamewo? Eye nusɔsrɔ̃ kae le nu si dzɔ ɖe Barux dzi me na mí?

NU KAWOE NYE ‘NU GÃ’ MAWO?

3. Nu ka gbɔe Barux ƒe kuxia tso?

3 Barux ŋutɔ koe nya ‘nu gã’ siwo yome tim wònɔ. Gake eva nyɔ le eɖokui me be Mawu tsɔ “ŋku ɖo amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòle eƒe afɔɖeɖewo katã kpɔm.” (Hiob 34:21) Menye dɔ si wode esi be wòaŋlɔ Yeremiya ƒe nyagblɔɖinyawo ɖi ye wɔe be mekpɔ “gbɔdzɔe aɖeke o.” Ke boŋ nu siwo ŋu eƒe dzi ku ɖo, siwo eya ŋutɔ susu be wonye nu gãwo, gbɔe wòtso be nu ti kɔ nɛ. Esi Barux na eƒe dzi katã ku ɖe ‘nu gãwo’ didi ŋu ta la, megava kpɔ nu siwo le vevie wu, nu siwo ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu, la dze sii o. (Flp. 1:10) Hebrigbe me dɔwɔnya si wozã la fia be Barux “yi edzi le nu gãwo dim.” Esia fia be menye ɖeko nu siawo va susu me nɛ flui o. Ele ‘nu gãwo’ dim xoxoxo hafi Yehowa va gblɔ nɛ be wòadzudzɔ. Togbɔ be Yeremiya ƒe agbalẽŋlɔla wɔnuteƒe sia nɔ dɔ si do ƒome kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm hã la, eganɔ ‘nu gãwo’ dim na eɖokui le ɣeyiɣi ma ke me.

4, 5. Nu kae fia be ŋkɔxɔxɔ kple ɖoƒe gã nɔnɔ hã anya nɔ ‘nu gã’ siwo ŋu bum Barux le dome, eye nu ka tae wòsɔ be Yehowa xlɔ̃ nui?

4 Ðewohĩ nu siwo ŋu Barux ƒe dzi va ku ɖo dometɔ aɖewoe nye ŋkɔxɔxɔ kple ɖoƒe gã nɔnɔ. Togbɔ be Yeremiya zãe wòŋlɔ agbalẽ nɛ hã la, ɖewohĩ menye eya ɖeka ƒe agbalẽŋlɔla koe wònye o. Esi woyɔ Barux le Yeremiya 36:32 be “agbalẽŋlɔla” la, nu si wòfiae nye be dɔ ma koŋ wɔlae wònye. Nu siwo ŋu tomenukulawo ke ɖo la fia be ɖoƒe kɔkɔ aɖee esia nye su esi le fiasãa me. Ðoƒe sia kee nɔ “agbalẽŋlɔla Elisama” hã si, eye woyɔe de Yuda-megãwo dome. Esia fia be mɔnukpɔkpɔ sua Barux hã si wògena ɖe “agbalẽŋlɔla ƒe xɔ me le fia ƒe me” abe Elisama ƒe hadɔwɔla ene. (Yer. 36:11, 12, 14) Eya ta Barux anya nye fiasãmemegãwo dometɔ ɖeka si nya agbalẽ ŋutɔ. Nɔvia Seraya hã nye Fia Zedekiya ƒe mɔzɔmegã, eye woa kple fiaa wode nya vevi aɖe gbe le Babilon. (Xlẽ Yeremiya 51:59.) Esi Seraya nye mɔzɔmegã ta la, eyae kpɔa fiaa kple eŋumewo ƒe nuɖuɖu kple dzeƒe nyawo gbɔ le afi sia afi si wozɔ mɔ yi. Ðoƒe kɔkɔ aɖee nye ema vavã.

5 Àte ŋu ase nu si tae Yudatɔwo ŋuti ʋɔnudrɔ̃nya gbogboawo ŋɔŋlɔ ɖi ti kɔ na Barux si ɖu amegã wòmae la gɔme azɔ. Le nyateƒe me la, kpekpeɖeŋunana Yeremiya ate ŋu awɔe be Barux ƒe ɖoƒe kple dɔwɔɖuia nage le esi. Gake nu kae adzɔ ne Yehowa gbã nu siwo eya ŋutɔ tu abe ale si wògblɔe le Yeremiya 45:4 ene? ‘Nu gã’ siwo katã ŋu bum Barux le la azu dzodzro. Eya ta eɖanye ɖoƒe dim wòle kpee le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyi si woatsrɔ̃ kpuie me loo, ɖoƒe si le esi xoxoe mele didim be wòage le ye si o loo, alo kesinɔnuwo dim wòle o, esɔ be Mawu gblɔ nɛ be wòadzudzɔ nu mawo didi.

6, 7. Ne kesinɔnuwoe nye ‘nu gã’ siwo dim Barux le la, ke eya kple ame kawo ƒe nɔnɔmee sɔ?

6 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ate ŋu anye hã be kesinɔnuwoe nye ‘nu gã’ siwo dim Barux le. Dukɔ siwo ƒo xlã Yuda ɖoa dzi ɖe nunɔamesiwo ŋu vevie. Moabtɔwo ɖoa dzi ɖe woƒe ‘dɔwɔwɔwo kple kesinɔnuwo’ ŋu. Nenema kee nye Amon viwo hã. Eye Yehowa gblɔ to Yeremiya dzi be Babilon ƒe “kesinɔnu do agbogbo.” (Yer. 48:1, 7; 49:1, 4; 51:1, 13) Gake nya lae nye be, dukɔ mawo ƒe nu medze Mawu ŋu o.

7 Eya ta ne nudzedziname kple kesinɔnuwo yomee Barux ti la, àte ŋu ase nu si tae Yehowa xlɔ̃ nui be wòadzudzɔ nu mawo didi gɔme. Ne Mawu ‘do eƒe asi ɖe Yudatɔwo ŋu’ la, woƒe aƒewo kple agblewo azu woƒe futɔwo tɔ. (Yer. 6:12; 20:5) Tsɔe be wò hã ènɔ Yerusalem le Barux ƒe ɣeyiɣia me. Mia de fia ŋutɔ, amegãwo, nunɔlawo, kple dua me tɔ akpa gãtɔ di be yewoawɔ aʋa kple Babilontɔwo bene woagaxɔ dua le yewo si o. Gake èsee Yeremiya gblɔ be: “Misubɔ Babel fia, ekema mianɔ agbe.” (Yer. 27:12, 17) Ne kesinɔnu gbogbo aɖewo le asiwò le dua me ɖe, ɖe Mawu ƒe mɔfiame ma dzi wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wòa? Ðe wò kesinɔnu gbogboawo ŋu bubu mana nàdze amehawo yome ahado kpo Yeremiya ƒe nuxlɔ̃amea dzi wɔwɔ oa? Nu si va dzɔe nye be, futɔawo va ha kesinɔnu siwo katã le Yuda kple Yerusalem helɔ wo yi Babilon. Womegblẽ nu siwo le gbedoxɔa me gɔ̃ hã ɖi o. Eya ta kesinɔnuwo yome nɔnɔ maɖe vi aɖeke ɣemaɣi o. (Yer. 27:21, 22) Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane tso esia mea?

Aleke Yehowa kpe ɖe Barux ŋu lɔlɔ̃tɔe wòɖɔ eƒe susu le ‘nu gawo’ didi ŋu ɖoe? Nu ka tae nèsusu be nunya le eme be míalɔ̃ axɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃ame?

“MANA WÒ AGBE NAZU ABOYONU NA WÒ”

8, 9. Nu ka tae nàte ŋu agblɔ be Barux ƒe agbetsitsi nye aboyonu xɔasi nɛ?

8 Azɔ bu nya sia ŋu kpɔ: Nu kae anye Barux tɔ gome ne ewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame dzi? Eyae nye eƒe agbe! Emae azu “aboyonu” nɛ. (Xlẽ Yeremiya 45:5.) Ame ʋɛ aɖewo koe tsi agbe ɣemaɣi. Ame kawoe? Woawoe nye ame siwo wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamea dzi hena ta Kaldeatɔawo. (Yer. 21:9; 38:2) Esia awɔ na ame aɖewo sẽe woabia be, ‘Nu ka ta wònye woƒe agbe dzaa koe azu aboyonu na wo?’

9 Enyo, wò ya bu ale si nɔnɔmeawo nɔ le Yerusalem esime Babilontɔwo ɖe to ɖe dua ŋu kpɔ. Ɣeyiɣi didi si toɖeɖea xɔ wɔe be nu te dua me tɔwo ŋu belibeli hafi kukulawo ku. Mele abe ale si wotsrɔ̃ Sodom le aɖabaƒoƒo ɖeka me ene o. Le mɔ aɖe nu la, míate ŋu agblɔ be Sodom tɔ nyo sãsãsã wu. (Kony. 4:6) Barux ƒe nya siwo wòŋlɔ ɖi fia be yi, dɔvɔ̃, kple dɔwuame atsrɔ̃ Yerusalem nɔlawo. Emegbe ekpɔ ale si nya siawo va emee teƒe. Nuɖuɖu va vɔ le Yerusalem keŋkeŋ. Tsɔe be wò hã èle dua me ɣemaɣi. Ðe wò lãme mable fu ŋutɔ be nàkpɔe nyɔnu siwo “ame ƒe nu wɔa nublanui na” le dzɔdzɔme nu la naɖa woawo ŋutɔ wo viwo aɖu le dɔwuame ta oa? (Kony. 2:20; 4:10; Yer. 19:9) Gake Barux tsi agbe. Ɛ̃, agbetsitsi koe anye nu vevitɔ si ŋu ame sia ame atsi dzi ɖo le nɔnɔme sesẽ mawo me. Edze ƒãa be Barux ɖo to Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoa hedzudzɔ ‘nu gãwo’ didi. Esiae na Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu wòtsi agbe.—Yer. 43:5-7.

[Nɔnɔmetata si le axa 107]

ÐE NÀDI “NU GÃWOA?”

10, 11. Aleke nu si dzɔ ɖe Barux dzi ka mí egbeae?

10 Togbɔ be Barux nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm hã la, eƒe dzi va ku ɖe ‘nu gãwo’ didi ŋu ɣeaɖeɣi. Yehowa xlɔ̃ nui tso afɔku ma ŋu, si na woa kple Mawu dome megblẽ o, eye wòtsi agbe. Ðe wòate ŋu adzɔ be míawo hã míanɔ Yehowa subɔm, gake míaƒe dzimedidiwo nava zu tetekpɔ na mí abe ale si wònɔ le Barux gome enea?

11 Tetekpɔ gã aɖee didi be yeaxɔ ŋkɔ anya nye na Barux. Ðewohĩ etsi dzi le eɖokui me be: “Aleke mawɔ be nye ‘agbalẽŋlɔladɔa’ nagage le asinye o? Aleke mawɔ be ɖoƒe si kɔ wu nasu asinye?” Ke míawo ya ɖe? Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe “didi vevie” le menye be mawɔ ŋgɔyiyi geɖe le ŋutilãmedɔ me fifia alo le etsɔmea?’ Anyo be Kristotɔ sɔhɛwo hã nabia wo ɖokui be, ‘Ðe suku kɔkɔ dede kple susu be maxɔ ŋkɔ alo azu kesinɔtɔ le etsɔme zu “nu gã” mele didim na ɖokuinyea?’

12. Aleke mía nɔviŋutsu aɖe di nu gãwo na Yehowae, eye aleke nèkpɔ tso tiatia si wòwɔ ŋu?

12 Esime nɔviŋutsu aɖe si le subɔsubɔm fifia le míaƒe dɔwɔƒegã si le Amerika xɔ ƒe 15 la, wona mɔnukpɔkpɔe be wòade yunivɛsiti femaxee. Kaka eƒe nufialawo nase la, egbe be yemade yunivɛsitia o, ke boŋ edi be yeazu mɔɖela. Gake ema mefia be ɖe wòlé fu nusɔsrɔ̃ le agbe me o. Eva zu dutanyanyuigblɔla le saɖagaƒukpo aɖe dzi, eye wòɖoe eɖokui dzi be yeasrɔ̃ gbe si ame 10,000 kple nu vi aɖe dona le afi ma. Esi nyagɔmeɖegbalẽ aɖeke mele gbegbɔgblɔ ma me o ta la, eya ŋutɔ dze agbagba ŋlɔ nya vevi aɖewo kple wo gɔmeɖeɖe ɖi heɖo wo ɖe ɖoɖo nu. Mlɔeba la, eva ɖu tu na gbea nyuie, eye habɔbɔa na wòɖe míaƒe agbalẽ aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ ma me. Emegbe la, nya siwo gɔme wòɖe heɖo wo ɖe ɖoɖo nu da ɖi dzie ƒukpoa dzi nɔlawo va nɔ te ɖo ɖe nyagɔmeɖegbalẽ gbãtɔ ɖe go le gbegbɔgblɔ ma me. Gbe ɖeka la, egblɔ na ameha gã aɖe le nutome gã takpekpe me be: “Ne ɖe melɔ̃ de yunivɛsitia la, adegbe koe matsɔe anɔ ƒoƒom le ɖokuinye ŋu. Ɛ̃, yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ mele asinye o, eya ta nyemedze na kafukafu ɖe nu si mewɔ ta o. Yehowae dze na kafukafua.” (Lod. 25:27) Aleke nèkpɔ tso tiatia si nɔviŋutsu sia wɔ esime wòxɔ ƒe 15 pɛ ko la ŋu? Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ geɖewo su esi le Mawu ƒe amewo dome. Ke wò ɖe, aleke nàdi be yeazã yeƒe ŋutetewoe? Ðe nàzã wo atsɔ adi bubu na ɖokuiwò loo alo atsɔe akafu Yehowa?

13. Nu ka tae wòle be dzilawo nade ŋugble tso nu si dzɔ ɖe Barux dzi ŋu?

13 Afɔku bubu si ɖi emae nye nu gã didi na míaƒe ƒometɔwo, alo ato wo dzi be ‘nu gãwo’ nasu mía si. Ànya de dzesii be dzila siwo menye Ðasefowo o dzea agbagba be yewo viwo nazu kesinɔtɔwo alo ame ŋkutawo ne yewoatsɔ aƒo adegbee. Ðewohĩ àsee woagblɔ be: “Nyemedi be vinye nava ɖu aya abe nye ene o,” alo “Medi be vinye nade yunivɛsiti ne nu nadze edzi nɛ le agbe me.” Dzila Kristotɔwo hã ate ŋu ase le wo ɖokui me nenema. Nyateƒee, ame aɖe ate ŋu agblɔ be, ‘Nyemele nu gãwo dim na ɖokuinye o.’ Gake ɖe wòanye be ele edim to ame aɖe, ɖewohĩ viaŋutsu alo vianyɔnu, dzia? Abe ale si ko Barux anya to eƒe ɖoƒe kple dɔwɔɖuia dzi di ŋkɔxɔxɔ ene la, dzila aɖe hã ate ŋu anɔ didim le eƒe dzi me be ye vi ƒe ŋkɔ nanyɔ wòanye bubu na ye. Ke hã, ɖe Ame si “doa dziwo kpɔna” la makpɔ esia adze sii abe ale si wòde dzesii le Barux ŋu ene oa? (Lod. 17:3) Ðe manyo be míabia Mawu be wòadzro míaƒe dzimedidiwo me, abe ale si ko David ƒo koko nɛ ene oa? (Xlẽ Psalmo 26:2; Yeremiya 17:9, 10.) Yehowa ate ŋu ato mɔ vovovowo dzi akpe ɖe mía ŋu míanyɔ le mía ɖokui me ahaƒo asa na ‘nu gãwo’ didi. Mɔ siawo dometɔ ɖekae nye numedzodzro si wɔm míele tso Barux ŋu.

‘Nu gã’ siwo dim Barux anya nɔ dometɔ aɖewo ɖe? Nu kae nèsrɔ̃ tso esia me?

‘KESINƆNUWO’ ƑE AMEBLEŊUSẼ

14, 15. Aleke kesinɔnuwo ate ŋu azu ‘nu gãwo’ míanɔ didim egbeae?

14 Tsɔe be kesinɔnuwoe nye ‘nu gã’ siwo dim Barux nɔ. Abe ale si míegblɔe va yi ene la, ne ɖe Barux yi edzi na eƒe dzi ku ɖe kesinɔnu siwo nɔ esi le Yuda ŋu la, anye ne asesẽ nɛ ŋutɔ be wòawɔ ɖe mɔfiame si Mawu na be woana ta Kaldeatɔwo la dzi. Ðewohĩ ède dzesii be kesinɔtɔwo ɖoa dzi ɖe woƒe ‘kesinɔnuwo’ ŋu. Gake Biblia na míenya be nu mawo makpɔ wo ta ŋutɔŋutɔ abe ale si ‘wobuna’ ene o. (Lod. 18:11) Abe ale si Mawu ƒe Nyaa gblɔe ene la, ele vevie be Yehowa subɔlawo katã nana kesinɔnuwo ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ nasu wo si. (Xlẽ Lododowo 11:4.) Gake ame aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokui me be, ‘Aa, ɖe nane gblẽ le eŋu be ame naɖu agbe le xexe sia me viea?’

15 Ne Kristotɔ aɖe ƒe dzi ku ɖe nunɔamesiwo ŋu la, esia ana nuɖoanyi sia me nu siwo nu ayi kpuie la nanɔ edzrom vevie. Yeremiya kple Barux mewɔe nenema o. Le ƒe aɖewo megbe la, Yesu gblɔ nuxlɔ̃amenya aɖe si yi na ame siwo anɔ agbe le ɣeyiɣi si me “woaɖe Amegbetɔvi la ɖe go afia.” Egblɔ be: “Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi.” Ðeko esia sɔ kple gbɔgblɔ na mí be: ‘Miɖo ŋku Yeremiya kple Barux dzi.’ (Luka 17:30-33) Ne míaƒe dzi va ku ɖe kesinɔnuwo ŋu vevie la, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi. Gake ɖo ŋkui be Barux ɖo to Mawu eye wòtsi agbe.

[Nɔnɔmetata si le axa 111]

16. Ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe si me Mawu subɔlawo ɖee fia le be ŋutilãmenuwo ŋuti nukpɔsusu nyui le yewo si la ŋu.

16 Na míade ŋugble tso yometiti si me mía nɔviwo to le Romania esime Kɔmiunisttɔwo nɔ dzi ɖum ŋu kpɔ. Dziɖuɖua ƒe amedɔdɔwo va tsana le Ðasefowo ƒe aƒewo me be yewoaxɔ woƒe agbalẽwo le wo si, eye woxɔa woƒe nunɔamesiwo hã ɣeaɖewoɣi, vevietɔ nu siwo woate ŋu adzra. (Kony. 5:2) Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo dzi wova dze alea la lɔ̃ faa ɖe asi le woƒe nunɔamesiwo ŋu. Wolé wo dometɔ aɖewo, eye wòva hiã be woagblẽ woƒe nunɔamesiwo ɖi. Ke hã, woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa. Ne yometiti sia tɔgbi va dziwò ɖe, ɖe nàlɔ̃ faa aɖe asi le nunɔamesiwo ŋu be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Mawua?—2 Tim. 3:11.

17. Aleke Yeremiya kple Barux ŋɔlimetɔ aɖewo anya kpe ɖe wo ŋui?

17 Anyo be míade dzesii be ame aɖewo na kpekpeɖeŋu Yeremiya kple Barux. Zefaniya hã gblɔ nya ɖi le Yosiya ƒe dziɖuɣi, esime Yeremiya nɔ eƒe nyagblɔɖidɔa wɔm. Aleke Yeremiya awɔ nu ɖe Zefaniya ƒe nya siwo le Zefaniya 1:18 ŋui? (Xlẽe.) Ðe mèkpɔe be Yeremiya anya he Barux ƒe susu ayi aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi oa? Nyagblɔɖila bubu si nɔ anyi le Yeremiya ŋɔlie nye Xezekiel, ame si woɖe aboyoe yi Babilon le ƒe 617 D.M.Ŋ. me. Nya siwo Xezekiel gblɔ ɖi le afi ma la dometɔ aɖewo ku ɖe Yudatɔ siwo tsi wo de la ŋu tẽe. Eya ta Yeremiya anya se eƒe nyawo eye eya hã anya se Yeremiya tɔwo. Xezekiel ƒe nya siwo Yeremiya anya se dometɔ ɖekae nye esi le Xezekiel 7:19. (Xlẽe.) Nya mawo anya kpe ɖe Yeremiya kple Barux ŋu, eye woate ŋu akpe ɖe míawo hã mía ŋu egbea. Amewo ado ɣli na woƒe mawuwo be woaɖe yewo le Yehowa ƒe dzikudogbe, gake woƒe mawuwo alo woƒe kesinɔnuwo mate ŋu aɖe wo o.—Yer. 2:28.

ÐE NÀNA “WÒ AGBE NAZU ABOYONU” NA WÒA?

18. Nu kae míadi be wòazu “aboyonu” na mí, eye aleke míawɔ be esia nava eme na mí?

18 Eteƒe madidi o “xaxa gã” la ava, eye ele be wòanɔ susu me na mí be nu si ƒe ŋugbe Yehowa do be azu aboyonu na míe nye míaƒe “agbe.” Ne eva dzɔ be mawusubɔla ʋɛ aɖewo ku le yometiti si ava mía dzi ne lã wɔadã la ƒe dzowo, si nye dunyaheŋusẽwo, dze subɔsubɔhawo dzi me hã la, ema mefia be nuteƒewɔla mawo bu woƒe agbe o. Kakaɖedzi li be woagbɔ “agbe” wo woava se vivi na “agbe vavã la” le xexe yeyea me. (Nyaɖ. 7:14, 15; 1 Tim. 6:19) Gake míenya be mawusubɔla wɔnuteƒe akpa gãtɔ ato xaxa gã la me ado dedie. Eye míeka ɖe edzi be ne Mawu ŋutɔ he afɔku va dukɔwo dzi la, nuteƒewɔla aɖeke manɔ ‘ame siwo Yehowa wu’ la dome o.—Yer. 25:32, 33.

[Nɔnɔmetatawo si le axa 113]

Tia nu si ŋu viɖe vavãtɔ le (Tsɔe sɔ kple axa 46.)

19. Aleke Yeremiya kple Barux ƒe kpɔɖeŋua me dzodzro do ŋusẽ wò be nàdze agbagba ɖe sia ɖe aƒo asa na ‘nu gãwo’ didi na ɖokuiwòe?

19 Ame aɖewo ate ŋu atsi dzi be, aleke yewoawɔ ne nu sia nu va vɔ le yewo si, eye yewoƒe “agbe” koe azu aboyonu na yewo hã. Gake mele be esia nazu tamebubu na mí kura o. Ðo ŋku edzi be esi dɔ nɔ amewo wum wonɔ kukum le Yerusalem la, Yehowa kpɔ Yeremiya ta. Aleke wòwɔe? Fia Zedekiya na wode ga Yeremiya ɖe Dzɔlawo ƒe Xɔxɔnu eye “wotsɔa abolo ɖeka nɛ gbe sia gbe tso aboloƒolawo ƒe ablɔ me, va se ɖe esime woɖu abolowo katã wòvɔ le dua me.” (Yer. 37:21) Ale Yeremiya tsi agbe! Yehowa ate ŋu ato mɔ sia mɔ dzi alé eƒe amewo ƒe agbe ɖe te. Ele be míaka ɖe edzi be alé mí ɖe te, elabena eya ŋutɔe do agbe mavɔ ŋugbe na mí. Esi Barux dzudzɔ ‘nu gãwo didi’ ta la, etsi agbe le Yerusalem tsrɔ̃ɣia. Eya ta míawo hã míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be míatsi agbe le Harmagedon me ale be míatsɔ míaƒe “agbe” si zu aboyonu na mí la akafu Yehowa yi ɖe mavɔmavɔ me.

Nu ka tae nunya le eme be míadzudzɔ ‘nu gãwo’ didi egbea eye míakpɔ mɔ be míaƒe “agbe” boŋ nava zu aboyonu na mí?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe