INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 7 axa 16-17
  • Ewɔ Na Wò Kpɔ Be Ye Ðeɖe Yetsi Anyia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ewɔ Na Wò Kpɔ Be Ye Ðeɖe Yetsi Anyia?
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ewɔna Na Wò Ɣeaɖewoɣi Be Yetsi Akogo Eye Vɔvɔ̃ Ðoa Wòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Eƒe Mawu Fa Akɔ Nɛ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Ekpɔ Akɔfafa Tso Eƒe Mawu Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Àwɔ Nuteƒe Abe Eliya Enea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 7 axa 16-17
Ŋutsuvi aɖe le sesem le eɖokui me be wogblẽ ye ɖi eye wòle vɔvɔ̃m

NUSƆSRƆ̃ 7

Ewɔ Na Wò Kpɔ Be Ye Ðeɖe Yetsi Anyia?

Kpɔ ɖevi sue ma le nɔnɔmetataa me ɖa. Edze abe wogblẽe ɖi eye wòle vɔvɔ̃m ene. Nenemae? Ðe wòwɔ na wò nenema kpɔa?​— Ewɔna na mí katã nenema ɣeaɖewoɣi. Biblia ƒo nu tso Yehowa xɔlɔ̃ aɖewo siwo wòwɔ na be wogblẽ yewo ɖeɖe ɖi eye vɔvɔ̃ ɖo wo la ŋu. Wo dometɔ ɖeka ŋkɔe nye Eliya. Na míasrɔ̃ nu tso eŋu.

Fia nyɔnu Izebel le ɣli dom sesiẽ

Izebel di be yeawu Eliya

Eliya nɔ anyi le Israel gbe aɖe gbe ʋĩ ke hafi wova dzi Yesu. Israel-fia Axab gbe be yemasubɔ Mawu vavã Yehowa o. Axab kple srɔ̃a Izebel nɔ alakpamawu Baal subɔm. Eya ta Israel-vi gbogbo aɖewo hã va nɔ Baal subɔm. Fianyɔnu Izebel ɖoe koŋ be yeawu Eliya kple ame siwo katã subɔa Yehowa. Ènya nu si Eliya wɔa?​—

Eliya si dzo! Eyi teƒe didi aɖe le gbedadaƒo eye wòva be ɖe agado aɖe me. Nu ka tae Eliya va be ɖe afi ma?​— Nyateƒee, enɔ vɔvɔ̃m. Gake mele be Eliya navɔ̃ hafi o. Nu ka tae? Elabena enya be Yehowa akpe ɖe ye ŋu. Yehowa na Eliya kpɔ ale si gbegbe ŋusẽ le esi la va yi. Gbe ɖeka la, Yehowa na dzo ge tso dziƒo esi Eliya do gbe ɖa nɛ. Eya ta Yehowa agate ŋu akpe ɖe Eliya ŋu fifia hã!

Yehowa na dzo ge tso dziƒo esi Eliya do gbe ɖa nɛ; Eliya le agado me; Eliya kpɔ dzidzɔ esime Yehowa gblɔ dzideƒonya aɖe nɛ

Aleke Yehowa kpe ɖe Eliya ŋui?

Esi Eliya nɔ agadoa me la, Yehowa biae be: ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia?’ Eliya ɖo eŋu be: ‘Nye ɖeka koe gakpɔtɔ le subɔwòm. Nye ɖeka koe tsi anyi, eye mele vɔvɔ̃m be woawum.’ Eliya susu be wowu Yehowa subɔla susɔeawo katã. Gake Yehowa gblɔ na Eliya be: ‘Gbeɖe, menye nyateƒee o. Ame 7,000 li siwo gale subɔyem. Mègavɔ̃ o. Dɔ geɖe li nàwɔ nam!’ Èsusu be nya sia do dzidzɔ na Eliya?​—

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Eliya dzi la me?​— Mele be wòawɔ na wò be wogblẽ ye ɖeka ɖi eye vɔvɔ̃ naɖo wò o. Xɔlɔ̃ siwo lɔ̃ wò eye wolɔ̃ Yehowa hã le asiwò. Gakpe ɖe eŋu la, ŋusẽ gã aɖe le Yehowa si, eya ta akpe ɖe ŋuwò ɣesiaɣi! Ðe dzi medzɔ wò be womegblẽ wò ɖi kura oa?​—

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • 1Fiawo 19:3-18

  • Psalmo 145:18

  • 1Petro 5:9

BIABIAWO:

  • Ðe Israel-vi geɖe subɔ Yehowa le Eliya ƒe ŋkekea mea? Nu kae wosubɔ?

  • Nu ka tae Eliya si va be ɖe agado me?

  • Nya kae Yehowa gblɔ na Eliya?

  • Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Eliya dzi la me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe