Fia Nu Viwòwo
Ewɔna Na Wò Ɣeaɖewoɣi Be Yetsi Akogo Eye Vɔvɔ̃ Ðoa Wòa?
EGBEA, ame geɖe senɛ le wo ɖokui me be yewotsi akogo; ewɔna na wo be ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na yewo o. Ame tsitsiwo sena le wo ɖokui me nenema zi geɖe. Gake ɖevi geɖewo hã sena le wo ɖokui me nenema. Ele alea le ɖevi mawusubɔla geɖewo hã gome. Ènya nu si taea?—a
Nu vovovowo gbɔe wòtsona. Míatsɔ ŋutsu aɖe si nɔ agbe ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi, abe ƒe akpe ɖeka kloe ene do ŋgɔ na Yesu dzidzi, la awɔ kpɔɖeŋui. Eŋkɔe nye Eliya. Enɔ agbe le ɣeyiɣi si me Israel viwo megava nɔ Yehowa, Mawu vavã la, subɔm o la me. Wo dometɔ akpa gãtɔ va nɔ alakpamawu Baal subɔm. Eya ta Eliya gblɔ be: “Nye ɖeka koe kpɔtɔ.” Gake èsusu be Eliya ɖeka hɔ̃ɔ koe gakpɔtɔ nɔ Yehowa subɔma?—
Togbɔ be Eliya menya o hã la, ame aɖewo nɔ Israel siwo gakpɔtɔ nɔ Mawu vavã la subɔm. Gake woyi ɖaɣla wo ɖokui, elabena wonɔ vɔvɔ̃m. Ènya nu si taea?—
Israel fia Ahab menɔ Yehowa subɔm o; enɔ srɔ̃a vɔ̃ɖi Izebel ƒe alakpamawu Baal, subɔm. Eya ta Izebel kple Ahab nɔ ame siwo subɔa Yehowa la dim be yewoawu, vevietɔ Eliya. Esia tae Eliya si ɖo. Afi si wòyi la didi kilometa 483 kloe, le Xoreb ƒe gbedadaƒo, si wogayɔna le Biblia me be Sinai. Ƒe alafa nanewo do ŋgɔ na Eliya ƒe ŋkekea la, Yehowa tsɔ Se Ewoawo kpakple eƒe Se bubuawo na eƒe amewo le afi ma. Eliya ɣla eɖokui ɖe agado aɖe me le Xoreb, eya ɖeka koe nɔ afi ma. Ðe wòle be Eliya nanɔ vɔvɔ̃m hafia?—
Biblia na míenya be do ŋgɔ la, Yehowa to Eliya dzi wɔ nukunu gãwo. Gbe ɖeka esi Eliya do gbe ɖa la, Yehowa na dzo tso dziƒo va fiã lã le vɔsamlekpui dzi. Yehowa to esia dzi ɖee fia be yee nye Mawu vavã la, ke menye Baal o. Azɔ esi Eliya nɔ agadoa me la, Yehowa ƒo nu kplii.
Yehowa biae be: ‘Nu ka wɔm nèle le afi sia?’ Ɣemaɣie Eliya gblɔ be, ‘Nye ɖeka koe kpɔtɔ le ame siwo subɔa wò la dome.’ Tete Yehowa ɖɔ Eliya ɖo dɔmenyotɔe gblɔ bena, ‘Ame akpe adre gale asinye siwo subɔam.’ Yehowa ɖe eme na Eliya be dɔ geɖe le ye si nɛ, eya ta egblɔe nɛ be wòatrɔ ayi wo de.
Nu kae nèsusu be míate ŋu asrɔ̃ tso Eliya ƒe ŋutinyaa me?— Vɔvɔ̃ ate ŋu aɖo ame siwo subɔa Yehowa la gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi. Eya ta ele be mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míaɖo ŋku edzi atrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu. Biblia do ŋugbe na mí be: ‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.’
Nufiame bubue nye esi: Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le mía si le xexea me godoo siwo lɔ̃ Yehowa kple míawo hã. Biblia gblɔ be: “Nu siawo, siwo nye fukpekpewo, ke hemee wole le [mia] nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo si le xexea me la dzi vam.” Ðe medzɔ dzi na wò be nànya be menye míawo ɖeɖe koe li oa?—
Xlẽe le wò Biblia me
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
[Nɔnɔmetata si le axa 25]