INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 10 axa 22-23
  • Yesu Ðo To Ɣesiaɣi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Ðo To Ɣesiaɣi
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Srɔ̃ Toɖoɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • “Amesia Enye Vinye”
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 10 axa 22-23
Yosef kple Maria va ke ɖe Yesu ŋu le gbedoxɔa me

NUSƆSRƆ̃ 10

Yesu Ðo To Ɣesiaɣi

Ðe wònɔa bɔbɔe na wò ɣesiaɣi be nàɖo to dziwòlawoa?​— Menɔa bɔbɔe ɣeaɖewoɣi o. Èsusu be enɔ bɔbɔe na Yesu be wòaɖo to Yehowa kple edzilawoa?​— Eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖo to dziwòlawo togbɔ be toɖoɖo mele bɔbɔe o hã. Na míasrɔ̃ nu tso nya sia ŋu vie.

Yesu nɔ Fofoa Yehowa gbɔ le dziƒo hafi va anyigba dzi. Gake dzilawo hã nɔ Yesu si le anyigba dzi. Woƒe ŋkɔwoe nye Yosef kple Maria. Ènya ale si wòdzɔe be wova zu Yesu dzilawoa?​—

Yehowa trɔ Yesu si nɔ dziƒo la ƒe agbe de Maria ƒe dɔ me ale be nyɔnu sia te ŋu dzii ɖe anyigba dzi. Nukunue esia nye! Yesu nɔ tsitsim le Maria ƒe dɔ me vivivi abe ale si ko vidzĩ tsina le dadaa ƒe dɔ me ene. Abe ɣleti asieke ene megbe la, wodzi Yesu. Aleae wòdzɔe be Maria kple srɔ̃a Yosef va zu Yesu dzilawo le anyigba dzi.

Esi Yesu xɔ ƒe 12 pɛ ko la, ewɔ nane si ɖee fia be elɔ̃ Fofoa Yehowa vevie. Nu sia dzɔ esime Yesu kple eƒe ƒometɔwo zɔ mɔ didi aɖe yi Yerusalem be yewoaɖu azã si woyɔna be Ŋutitoto la. Esi wotrɔ gbɔna aƒe la, Yosef kple Maria di Yesu ʋuu gake womekpɔe o. Ènya afi si Yesu nɔa?​—

Nu ka tae Yesu nɔ gbedoxɔa me?

Yosef kple Maria ɖe abla trɔ yi Yerusalem eye wodi Yesu le afi sia afi. Wotsi dzodzodzoe elabena wodii kakaka womekpɔe o. Gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, wova kpɔe le gbedoxɔa me! Ènya nu si tae Yesu nɔ gbedoxɔa mea?​— Elabena ate ŋu asrɔ̃ nu tso Fofoa Yehowa ŋu le afi ma. Elɔ̃ Yehowa eye wòdi be yeasrɔ̃ ale si yeawɔ nu wòado dzidzɔ nɛ. Esi Yesu tsi gɔ̃ hã la, eɖoa to Yehowa ɣesiaɣi. Yesu ɖoa to togbɔ be menɔa bɔbɔe nɛ o eye wòhiã be wòakpe fu gɔ̃ hã. Ðe Yesu ɖo to Yosef kple Maria hã?​— Nyateƒee, Biblia gblɔ be eɖo to wo.

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?​— Ele be nàɖo to dziwòlawo nenye be esia wɔwɔ sesẽ na wò gɔ̃ hã. Àɖo to woa?​—

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • Luka 1:30-35; 2:45-52

  • Efesotɔwo 6:1

  • Hebritɔwo 5:8

BIABIAWO:

  • Aleke wòdzɔe be Yosef kple Maria va zu Yesu dzilawo le anyigba dzi?

  • Esi Yesu dzilawo dii le Yerusalem la, afi kae wova kpɔe le?

  • Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe