Fia Nu Viwòwo
Yesu Srɔ̃ Toɖoɖo
ÐE TOÐOÐO sesẽna na wò ɣeaɖewoɣia?—a Ne ele nenema la, mewɔ nuku o. Toɖoɖo sesẽna na ame sia ame ɣeaɖewoɣi. Ènya be enɔ na Yesu gɔ̃ hã be wòasrɔ̃ toɖoɖoa?—
Ame kae wòle be ɖeviwo naɖo toe?— Ɛ̃, papa kple dada. Biblia gblɔ be: “Miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me.” (Efesotɔwo 6:1) Ame kae nye Yesu fofo?— Yehowa Mawue, eye enye míawo hã mía Fofo. (Mateo 6:9, 10) Gake ne ègblɔ be Yesu fofoe nye Yosef, eye dadae nye Maria la, mègblẽ o. Ènya ale si wòdzɔe be wova zu Yesu dzilawoa?—
Mawudɔla Gabriel va gblɔ na Maria be adzi vi togbɔ be ŋutsu aɖeke medɔ kplii o hã. Yehowa na esia va eme to nukumɔ aɖe dzi. Gabriel ɖe eme na Maria be: “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò. Le esia ta, woayɔ vi si nàdzi la be kɔkɔetɔ, Mawu ƒe Vi.”—Luka 1:30-35.
Mawu trɔ Via si nɔ dziƒo ƒe agbe de Maria ƒe vidzidɔ me. Eye wòzu vi nɔ dɔme nɛ henɔ tsitsim vivivi. Abe ɣleti asieke ene megbe la, wodzi Yesu. Le ɣeyiɣi mawo me la, Maria zu Yosef srɔ̃, si na amewo susui be Yosef ye nye Yesu fofo ŋutɔŋutɔ. Le nyateƒe me la, ɖeko Yosef ya xɔe nyi. Eya ta le mɔ aɖe nu la, fofo eve va nɔ Yesu si.
Esi Yesu xɔ ƒe 12 pɛ ko la, ewɔ nane si ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ Yehowa, Fofoa si le dziƒo, la fia. Ɣemaɣi la, Yesu kple eƒe ƒometɔwo zɔ mɔ yi Ŋutitotoŋkekenyui ɖuƒe le Yerusalem, abe ale si wowɔna ƒe sia ƒe ene. Esi wotrɔ gbɔna Nazaret la, Yesu mekplɔ wo ɖo o, gake Yosef kple Maria menya o. Ènya nu si tae womete ŋu nya oa?—
Ɣemaɣi la, vi bubuwo nɔ Yosef kple Maria si. (Mateo 13:55, 56) Anɔ eme be woƒe ƒometɔ aɖewo, abe Yakobo kple Yohanes kpakple wo fofo Zebedeo kple wo dada Salome, si anya nye Maria nɔvinyɔnu, ene hã nɔ mɔa zɔm kpli wo. Eya ta Maria anya susu be Yesu nɔ ƒometɔ bubuawo ŋu le amehaawo dome.—Mateo 27:56; Marko 15:40; Yohanes 19:25.
Esi Yosef kple Maria va de dzesii be Yesu menɔ amehaa dome o la, wotrɔ yi Yerusalem enumake. Wotsi dzodzodzoe nɔ wo via dim ŋkubiãtɔe. Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wova ke ɖe eŋu le gbedoxɔ me. Maria gblɔ nɛ be: “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Kpɔ ɖa, mía kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm.” Gake Yesu ɖo eŋu be: ‘Nu ka tae miayi aɖanɔ diyem? Mienyae be manɔ Fofonye ƒe aƒe me oa?’—Luka 2:45-50.
Èsusu be enyo be Yesu naɖo nya ŋu na dadaa nenema?— Le nyateƒe me la, Yesu dzilaawo nya nyuie be elɔ̃a Mawu ƒe aƒea me nɔnɔ hena tadedeagu. (Psalmo 122:1) Eya ta ɖe Yesu tɔ medzɔ be wòagblɔ be Mawu ƒe aƒea mee nye teƒe gbãtɔ si wòle be woadi ye le oa?— Maria yi edzi nɔ ŋugble dem tso Yesu ƒe nya sia ŋu.
Aleke Yesu wɔ nu ɖe Yosef kple Maria ŋui?— Biblia gblɔ be: “[Yesu yi] kpli wo, eye wòva Nazaret, eye wòyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo.” (Luka 2:51, 52) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?— Nyateƒee, ele be míawo hã míaɖo to mía dzilawo.
Gake menɔ bɔbɔe na Yesu ɣesiaɣi be wòaɖo to o—be wòaɖo to Fofoa si le dziƒo gɔ̃ hã o.
Le fiẽ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, ebia Yehowa be ne anya wɔ la, netrɔ nu si wòdi tso ye si. (Luka 22:42) Gake Yesu ɖo to Mawu togbɔ be menɔ bɔbɔe nɛ o hã. Biblia gblɔ be “esrɔ̃ toɖoɖo le nu siwo ƒe fu wòkpe la me.” (Hebritɔwo 5:8) Ðe manyo ŋutɔ be míawo hã míasrɔ̃ toɖoɖo abe ale si Yesu wɔe ene oa?—
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èle nyati sia xlẽm na ɖevi aɖe la, fli kpui siawo aɖo ŋku edzi na wò be ele be nàtɔ vie bene ɖevia naɖo biabiaa ŋu.
NYABIASEWO:
▪ Aleke wòdzɔe be Maria va nye Yesu dada, eye gɔmesese ka nue fofo eve va nɔ Yesu si le?
▪ Nu ka tae Yesu dzilaawo mete ŋu nya be Yesu menɔ yewo dome le mɔa dzi o?
▪ Afi kae Yesu nɔ mɔ kpɔm be ye dzilaawo adi ye le?
▪ Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo me?
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Nu ka tae nèkpɔe be gbedoxɔ mee wòle be Yosef kple Maria nadi Yesu le gbã?