INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 38 axa 96-axa 97 mm. 7
  • Yohanes Di Be Yease Nya Aɖe Tso Yesu Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yohanes Di Be Yease Nya Aɖe Tso Yesu Gbɔ
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Xɔse Menɔ Yohanes Si Oa?
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Ame Kae Nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Yesu Le Dzidziɖedzi Kpɔm, Ke Yohanes Le To Yim
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa—Eƒe Kpɔɖeŋua Akpe Ðe Mía Ŋu Míayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 38 axa 96-axa 97 mm. 7
Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖeɖe nɔ anyi ɖe gaxɔ me

TA 38

Yohanes Di Be Yease Nya Aɖe Tso Yesu Gbɔ

MATEO 11:2-15 LUKA 7:18-30

  • YOHANES AMENYRƆÐETSIMELAA BIA NYA TSO YESU ƑE WƆƑE ŊU

  • YESU KAFU YOHANES

Anɔ abe ƒe ɖeka ene ye nye esia Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa le gaxɔ me. Ke hã, ele Yesu ƒe nukunuwo ŋu nya sem. Bu ale si Yohanes ase le eɖokui me esi eƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nɛ be Yesu fɔ ahosi aɖe si le Nain la viŋutsu ɖe tsitre la ŋu kpɔ. Gake Yohanes di be yease nu si nukudɔ siawo katã fia la tso Yesu ŋutɔ gbɔ tẽe. Eya ta Yohanes dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖe egbɔ. Ðe susu ka ta? Edɔ wo be woabia Yesu be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?”—Luka 7:19.

Ðe wòwɔ nuku be wòbia nya ma? Yohanes nye mawusubɔla dovevienu, eye ƒe eve kloe do ŋgɔ esime wònɔ Yesu nyrɔm la, ekpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ wòɖi ɖe Yesu dzi eye wòse Mawu ƒe gbe wògblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Masɔ be míaƒo nya ta be Yohanes ƒe xɔsee gbɔdzɔ o. Ðe Yohanes ƒe xɔse gbɔdzɔ la, anye ne Yesu makafui nenema gbegbe abe ale si wòwɔe gbe ma gbe ene o. Gake ne menye ɖi kemee Yohanes le o ɖe, ke nu ka tae wòdɔ amewo be woabia nya ma Yesu?

Anye be ɖeko Yohanes di be yeakpɔ kpeɖodzi tso Yesu ŋutɔ gbɔ tẽe be eyae nye Mesia la. Esia ado ŋusẽ Yohanes esime wòle fu kpem le gaxɔa me. Edze ƒãa be susu bubu aɖe hã tae Yohanes bia nya ma ɖo. Enya Biblia me nyagblɔɖi siwo ɖee fia be Mawu ƒe Amesiamina la anye fia kple ɖela. Ke hã, ɣleti geɖe le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, Yohanes gakpɔtɔ le gaxɔ me. Eya ta Yohanes di be yeanya nenye be ame bubu aɖe gbɔna ɖe Yesu yome si ana nu siwo katã wogblɔ ɖi be Mesia la awɔ la nava eme bliboe.

Bunɔ kple  nyɔnu ŋkuagbãtɔ aɖe le dzidzɔ kpɔm esi Yesu da gbe le wo ŋu

Le esi Yesu nagblɔ na Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo be, ‘Ɛ̃, nyee nye Ame si gbɔna’ teƒe la, ena kpeɖodzi siwo ɖee fia be Mawu le megbe na ye esi wòda dɔléle kple lãmegbegblẽ ƒomevi vovovowo le ame geɖe ŋu. Eyome egblɔ na nusrɔ̃laawo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo sem miele kple nu siwo kpɔm miele la na Yohanes: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo.”—Mateo 11:4, 5.

Yohanes ƒe nyabiabia la ate ŋu afia be ele mɔ kpɔm be Yesu nawɔ nu si yi ŋgɔ wu nu si wɔm wòle fifia eye ɖewohĩ wòaɖe ye le gaxɔa me. Gake Yesu le gbɔgblɔm na Yohanes be megakpɔ mɔ na nu si yi ŋgɔ wu nukunu siwo wɔm yele la o.

Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo dzo la, Yesu ka ɖe edzi na ameha la be menye nyagblɔɖila koe Yohanes nye o. Eyae nye Yehowa ƒe “dɔla” si ƒe nya wogblɔ ɖi le Malaki 3:1. Eya kee nye nyagblɔɖila Eliya si ƒe nya wogblɔ ɖi le Malaki 4:5, 6 hã. Yesu gblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi be, le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke medo kpɔ, si nye gã wu Yohanes Amenyrɔɖetsimela o; gake ame si nye suetɔ le Dziƒofiaɖuƒea me la nye gã wui.”—Mateo 11:11.

Nya si Yesu gblɔ be ame si nye suetɔ le Dziƒofiaɖuƒea me nye gã wu Yohanes la fia be Yohanes manɔ Dziƒofiaɖuƒea me o. Yohanes ye dzra mɔ dzi ɖo na Yesu, gake eku hafi Kristo ʋu dziƒoyiyi ƒe mɔnukpɔkpɔa ɖi. (Hebritɔwo 10:19, 20) Ke hã, Yohanes nye Mawu ƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe eye anye Mawu Fiaɖuƒea tevi le anyigba dzi.

  • Nu ka tae Yohanes dɔ be woabia Yesu be eyae nye Ame si gbɔna la loo alo ɖe wòle be yewoakpɔ mɔ na ame bubu?

  • Nyagblɔɖi kawoe Yesu gblɔ be Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa na wova eme?

  • Nu ka tae Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa manɔ dziƒo kple Yesu o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe