INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 178
  • Ame Kae Nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Nu kae na Yohanes Amenyrɔɖetsimela le etɔxɛe?
  • Ame kawoe nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzilawo?
  • Ame kae na wowu Yohanes Amenyrɔɖetsimela?
  • Ðe Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu nye futɔwoa?
  • Yohanes Di Be Yease Nya Aɖe Tso Yesu Gbɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ðe Xɔse Menɔ Yohanes Si Oa?
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Le Dzidziɖedzi Kpɔm, Ke Yohanes Le To Yim
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa—Eƒe Kpɔɖeŋua Akpe Ðe Mía Ŋu Míayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 178
Yohanes Amenyrɔɖetsimela le ŋutsu aɖe nyrɔm ɖe tsi me.

Ame Kae Nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Yohanes Amenyrɔɖetsimela nye Mawu ƒe nyagblɔɖila. (Luka 1:76) Wodzii le ƒe 2 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me eye wòku le ƒe 32 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me. Mawu de dɔ asi nɛ be wòadzra mɔ dzi ɖo na Mesia alo Kristo. Yohanes wɔ dɔ sia esi wòɖe gbeƒã Mawu ƒe gbedeasia na etɔ Yudatɔwo kple susu be woatrɔ woƒe dzi ɖe Mawu ŋu.—Marko 1:1-4; Luka 1:13, 16, 17.

Yohanes ƒe gbedeasia kpe ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu wokpɔe be Yesu Nazaretetɔ lae nye Mesia si ŋugbe wodo. (Mateo 11:10) Yohanes xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be woatrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me, eye woaxɔ nyɔnyrɔ atsɔ aɖo kpe woƒe dzimetɔtrɔa dzi. (Luka 3:3-6) Esi Yohanes nyrɔa ame geɖewo ta la, woyɔnɛ be Yohanes Amenyrɔɖetsimela. Ame vevitɔ kekeake si wònyrɔe nye Yesu.a—Marko 1:9.

Nyati sia aɖo biabia siawo ŋu

  • Nu kae na Yohanes Amenyrɔɖetsimela le etɔxɛe?

  • Ame kawoe nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzilawo?

  • Ame kae na wowu Yohanes Amenyrɔɖetsimela?

  • Ðe Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu nye futɔwoa?

  • Ame nenie woyɔ be Yohanes le Biblia me?

Nu kae na Yohanes Amenyrɔɖetsimela le etɔxɛe?

Wogblɔ dɔ si wòava wɔ la ŋu nya ɖi: Yohanes to eƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi na nyagblɔɖi si ku ɖe Yehowa ƒe dɔla ŋu la va eme ɖe edzi. (Malaki 3:1; Mateo 3:1-3) Eyae nye ame si ‘dzra dukɔ la ɖo ɖi’ be ‘woasu te na Yehowa.’ Esia fia be ekpe ɖe etɔ Yudatɔwo ŋu be woanɔ dzadzraɖoɖi axɔ Yehowa Mawu teƒenɔla vevitɔ Yesu Kristo ƒe gbedeasia.—Luka 1:17.

Nu siwo wòwɔ: Yesu gblɔ be ame aɖeke “medo kpɔ, si nye gã wu Yohanes Amenyrɔɖetsimela o; gake ame si nye suetɔ le Dziƒofiaɖuƒea me la nye gã wui.” (Mateo 11:11) Menye nyagblɔɖila koe Yohanes Amenyrɔɖetsimela nye o, ke eganye “dɔla” si ŋu nya wogblɔ ɖi hã. Esia tae wogblɔ be Mawu subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ nɛ la dometɔ aɖeke menye gã wui o ɖo. Yesu ƒe nyawo fia be Yohanes manɔ ame siwo aɖu fia le dziƒo la dome o.b Nyagblɔɖila wɔnuteƒe sia ku hafi Kristo va ʋu dziƒo yiyi ƒe mɔnukpɔkpɔa ɖi. (Hebritɔwo 10:19, 20) Ke hã Yohanes anɔ ame siwo ava nɔ agbe tegbee le Mawu Fiaɖuƒea te le anyigbaa dzi le Paradiso me la dome.—Psalmo 37:29; Luka 23:43.

Ame kawoe nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzilawo?

Edzilawoe nye Zakariya kple Elizabet, siwo nye srɔ̃tɔwo. Zakariya nye Yuda nunɔla aɖe. Yohanes dzidzi nye nu si wɔnuku, elabe dada tsi ko, alo mate ŋu adzi vi o. Azɔ hã, Zakariya kple srɔ̃ Elizabet, “wotsi xɔ ƒe geɖe.”—Luka 1:5-7, 13.

Ame kae na wowu Yohanes Amenyrɔɖetsimela?

Fia Herodes Antipa na wotso ta le Yohanes nu. Ewɔ nu sia, elabe srɔ̃ Herodia, to vianyɔnu dzi ƒoe ɖe enu. Herodia lé fu Yohanes, elabe Yohanes gblɔ na Herodes si yɔ eɖokui be ye nye Yudatɔ be Herodia si woɖe la mesɔ le Yudatɔwo ƒe se nu o.—Mateo 14:1-12; Marko 6:16-19.

Ðe Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu nye futɔwoa?

Nya aɖeke medze le Biblia me si da asi ɖe susu sia dzi o. (Yohanes 3:25-30) Le nyateƒe me la, Yohanes lɔ̃ ɖe edzi be yeƒe dɔe nye be yeadzra mɔ dzi ɖo na Mesia la, ke menye be yeaʋli ho kplii o. Yohanes gblɔ be: “Susu si ta mele amewo nyrɔm ɖe tsi mee nye be, woaɖe eya amea afia Israel.” Eye wògblɔ kpee be: “Ame siae nye Mawu ƒe Vi la.” (Yohanes 1:26-34) Eya ta esi Yesu nɔ dzidzedze kpɔm le eƒe subɔsubɔdɔa me la, esia dzɔ dzi na Yohanes ŋutɔ.

a Yesu “mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.” (1 Petro 2:21, 22) Eya ta menye esi wòhiã be wòatrɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me tae wonyrɔe o, ke boŋ etsɔ eɖokui nɔ Mawu nam faa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Vɔ si wòsa ɖe mía ta hã le esia me.—Hebritɔwo 10:7-10.

b Kpɔ nyati si nye “Ame Kawoe Ayi Dziƒo?”

Ame nenie woyɔ be Yohanes le Biblia me?

Ame atɔ̃e wòyɔ le Biblia me be Yohanes.

  1. 1. Yohanes Amenyrɔɖetsimela, si nye Zakariya kple Elizabet ƒe vi.—Marko 1:4; Luka 1:57-60.

  2. 2. Yohanes si nye apostolo Petro fofo.—Yohanes 1:42.

  3. 3. Apostolo Yohanes, si nye “Zebedeo vi.” (Mateo 10:2) Apostolo siae ŋlɔ Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa, eya kee ŋlɔ Yohanes ƒe agbalẽ Gbãtɔ, Evelia kple Etɔ̃lia kpakple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa.

  4. 4. Yohanes, si wogayɔ be Marko si ŋlɔ Marko ƒe Nyanyuigbalẽa.—Dɔwɔwɔwo 12:12.

  5. 5. Yuda kplɔla aɖe, si ɖewohĩ enye nunɔla Ana ƒe ƒometɔ.—Dɔwɔwɔwo 4:6.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe