INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • od ta 11 axa 116-122
  • Tadeaguƒewo Ŋuti Ðoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tadeaguƒewo Ŋuti Ðoɖowo
  • Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • FIAÐUƑE AKPATA
  • FIAÐUƑE AKPATA TUTU
  • TAKPEXƆWO
  • Esiae Nye Míaƒe Tadeaguƒe!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Mina Míaƒe Tadeaguƒe Nanɔ Nɔnɔme Nyui Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2003
  • Dzidziɖedzi Wɔnuku na Kekeɖenu Hiã Kpata
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ
od ta 11 axa 116-122

TA 11

Tadeaguƒewo Ŋuti Ðoɖowo

WODE se na Yehowa subɔla vavãwo be woaƒo ƒu ɖekae axɔ nufiame ahade dzi ƒo na wo nɔewo. (Heb. 10:23-25) “Avɔgbadɔ si nye takpegbadɔ” lae nye teƒe gbãtɔ si Mawu ƒe dukɔ tiatia, si nye Israel, la subɔnɛ le. (2 Mose 39:32, 40) Emegbe David vi Salomo tu xɔ, si nye gbedoxɔ be wòanye ŋutikɔkɔe na Mawu. (1 Fia. 9:3) Esi wotsrɔ̃ gbedoxɔ ma le ƒe 607 D.Y. me megbe la, Yudatɔwo wɔ ɖoɖo kpea ta le xɔ siwo woyɔna be ƒuƒoƒewo la me hesubɔa Mawu. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogbugbɔ tu gbedoxɔa, eye wògazu afi si koŋ tadedeagu vavãtɔ yia edzi le. Yesu fia nu amewo le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔa siaa me. (Luka 4:16; Yoh. 18:20) Yesu fia nu amewo le to aɖe dzi gɔ̃ hã.—Mat. 5:1–7:29.

2 Le Yesu ƒe ku megbe la, Kristotɔwo ƒoa ƒu le ƒuƒoƒe siwo amewo kpea ta le kple aƒewo me; wofiaa Ŋɔŋlɔawo hedea ha kple haxɔsetɔwo. (Dɔw. 19:8, 9; Rom. 16:3, 5; Kol. 4:15; Filem. 2) Ɣeaɖewoɣi la, ehiãna be Kristotɔ gbãtɔwo naƒo ƒu ɖe teƒe siwo sa ɖe aga ale be wo yometilawo nagakpɔ wo o. Nyateƒee, enye Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ƒe didi vevie be yewoaƒo ƒu ɖe tadeaguƒewo be ‘Yehowa nafia nu yewo.’—Yes. 54:13.

3 Egbea hã, Kristotɔwo kpea ta le dutoƒotakpeƒewo kple aƒewo me. Zi geɖe la, wokpena le aƒewo me hena gbeadziyiyi. Ame siwo tsɔa woƒe aƒewo nana hena kpekpe siawo wɔwɔ la bunɛ mɔnukpɔkpɔe. Ame geɖe kpɔe be yayra do tso eme na yewo esi yewoɖe mɔ wozã yewoƒe aƒe alea.

FIAÐUƑE AKPATA

4 Afi si koŋ Yehowa Ðasefowo kpena le ye nye Fiaɖuƒe Akpata me. Zi geɖe la, woƒlea anyigba, eye wotua Fiaɖuƒe Akpata yeye alo wotrɔa asi le xɔ aɖe si li xoxo ŋu. Be woaɖe gazazã dzi akpɔtɔ eye woawɔ tadeaguƒe siwo li la ŋu dɔ bliboe la, hame vovovowo tea ŋu zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka ne anya wɔ. Le nuto aɖewo me la, ehiãna be woahaya akpata si me woanɔ ƒu ƒom le. Ne wotu Fiaɖuƒe Akpata yeyewo alo wowɔ asitɔtrɔ gãwo le esiwo li xoxo ŋu la, esɔ be woawɔ xɔŋukɔkɔ ƒe ɖoɖo. Gake ne asitɔtrɔ vi aɖe koe wowɔ le Fiaɖuƒe Akpataa ŋu la, ekema mehiã be woawɔ ɖoɖo ɖe eŋukɔkɔ ŋu o.

5 Mele be Fiaɖuƒe Akpataa nanye xɔ si wodo atsyã na fũu be wòazu nukpɔkpɔ na amewo dzro ko o. Togbɔ be atsyã si me woatui ɖo la ato vovo le teƒeteƒewo hã la, taɖodzinu si tae wotui ɖoe nye be wòasɔ na zazã ɣesiaɣi. (Dɔw. 17:24) Ele be wòanye dziɖeɖiteƒe si sɔ hena Kristotɔwo ƒe kpekpewo wɔwɔ le nutoa me ƒe nɔnɔmewo nu.

6 Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo katã dzɔa ga hena Fiaɖuƒe Akpata si zãm wole la ŋu nyawo gbɔ kpɔkpɔ, beléle nɛ kple edzadzra ɖo. Wometsaa amewo dzi dzɔa ga le wo si le afi ma o, eye womebiaa ga amewo hã o. Nudzɔɖaka nɔa anyi ale be ame siwo va kpekpea nate ŋu adzɔ ga be woatsɔ akpɔ akpataa ŋu gazazãwo gbɔ. Wowɔa esia tso dzi me faa.—2 Kor. 9:7.

7 Ame siwo le hamea me la katã bunɛ be mɔnukpɔkpɔe wònye na yewo be yewoadzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋuti gazazãwo ŋu, eye yewoatsɔ yewo ɖokuiwo ana faa adzra eme ɖo wòanɔ dzadzɛ ahalé be nɛ. Zi geɖe la, wodea dɔ asi na hamemetsitsi alo subɔsubɔdɔwɔla aɖe be wòawɔ ɖoɖo ɖe dɔ sia ŋu. Gbeadziƒuƒoƒowoe dzraa akpataa me ɖo, eye ƒuƒoƒodzikpɔlaa alo eƒe kpeɖeŋutɔ xɔa ŋgɔ le dɔ sia wɔwɔ me. Ele be Fiaɖuƒe Akpataa me kple egodo siaa nanɔ dzadzɛ be wòanye ɖaseɖiɖi nyui tso Yehowa kple eƒe habɔbɔa ŋu.

Ame siwo le hamea me la katã bunɛ be mɔnukpɔkpɔe wònye na yewo be yewoadzɔ ga atsɔ akpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋuti gazazãwo ŋu, eye yewoatsɔ yewo ɖokuiwo ana faa adzra eme ɖo wòanɔ dzadzɛ ahalé be nɛ

8 Le afi si hame siwo wu ɖeka zãa akpataa le la, hame vovovoawo ƒe hamemetsitsiwo ɖoa Fiaɖuƒe Akpata Dzikpɔkɔmiti be wòakpɔ xɔa kple anyigbaa ŋuti nyawo gbɔ. Hamemetsitsiwo ƒe hawo tiaa nɔviŋutsu ɖeka be wòanye akpatadzikpɔkɔmitia ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla. Akpatadzikpɔkɔmitia wɔa dɔ le hamemetsitsiwo ƒe hawo te eye eléa ŋku ɖe akpataa me dzadzraɖo ŋu hekpɔa egbɔ be ele nɔnɔme nyui me eye nuzazã siwo asu la li. Esia bia be hame siwo zãa akpataa nawɔ nu aduadu.

9 Ne hame vovovowoe zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka la, woate ŋu anɔ ŋkeke siwo woɖo ɖi na kpekpeawo dede la ɖɔ lim le wo nɔewo dome. Hamemetsitsiawo awɔ nu le ame nɔewo ŋu bubu kple nɔvilɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ me. (Flp. 2:2-4; 1 Pet. 3:8) Hame ɖeka aɖeke maɖoe eɖokui dzi atso nya me ɖe hame bubuawo nu o. Ne nutome sue dzikpɔla va hame siwo zãa Fiaɖuƒe Akpataa la dometɔ ɖeka srã ge kpɔ la, hame bubuawo atrɔ asi le woƒe kpekpewɔɣiwo ŋu le ale si wòhiã le kwasiɖa ma me nu.

10 Woate ŋu azã Fiaɖuƒe Akpata na srɔ̃kpekpe kple kunuwɔwɔ ne Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti ɖe mɔ ɖe eŋu. Ne ame siwo le hamea me la dometɔ aɖe bia be yeazã Akpataa na wɔna siawo dometɔ aɖe la, kɔmitia dzroa eƒe biabiaa me nyuie eye woƒe nyametsotso nɔa te ɖe mɔfiame si alɔdzedɔwɔƒea na dzi.

11 Wokpɔa mɔ be ame siwo woɖe mɔ na be woazã Fiaɖuƒe Akpataa na wɔna siawo la nawɔ nu ale si dze Kristotɔ vavãwo. Mele be woawɔ naneke le Fiaɖuƒe Akpataa me wòaɖia hamea nu alo ahe vlodoame ava Yehowa alo hamea ƒe ŋkɔ nyui la dzi o. (Fil. 2:14, 15) Alɔdzedɔwɔƒea ate ŋu abia be woazã Fiaɖuƒe Akpataa na teokrasiwɔnawo, abe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku kple Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku la wɔwɔ ene.

12 Ele be ame siwo le hamea me la nade bubu woƒe kpekpewɔƒea ŋu ɣesiaɣi. Ele be woƒe awudodo, dzadzraɖo kple nɔnɔme siwo woɖena fiana naɖe bubu si wòle be woade Yehowa subɔsubɔ ŋu la afia. (Nyagb. 5:1; 1 Tim. 2:9, 10) Aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe nya siawo ŋu dzi wɔwɔ ɖenɛ fiana be míedea asixɔxɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu.

13 Ele vevie be nuwo nayi edzi le ɖoɖo nu le kpekpeawo me. Asɔ be ɖeviwo nanɔ wo dzilawo gbɔ. Woate ŋu ade dzi ƒo na dzila siwo si ɖevi suewo le la be woanɔ teƒe siwo awɔe be womahe nyaselawo ƒe susu boo ne eva hiã be woakplɔ ɖeviawo ayi gota aɖɔ wo ɖo alo akpɔ woƒe hiahiã bubu aɖe gbɔ o.

14 Wodea dɔ asi na nɔviŋutsu siwo dze la be woanye anyinɔƒegbɔkpɔlawo le kpekpeawo me le Fiaɖuƒe Akpataa me. Ele be woanɔ ŋudzɔ, woado vivi ɖe ame ŋu, eye woawɔ nu le ŋuɖɔɖo me. Woƒe agbanɔamedziawo dometɔ aɖewoe nye be woado gbe na ame yeyewo ahana woƒe dzi nadze eme, woakpe ɖe ame siwo tsi megbe ŋu be woakpɔ nɔƒe, woaŋlɔ vavalawo ƒe xexlẽme ɖi, woakpɔ egbɔ be xɔa me ƒe dzoxɔxɔ alo fafa sɔ eye ya le ƒoƒom le xɔa me nyuie. Afi si wòhiã le la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo aɖo ŋku edzi na dzilawo be woƒe ŋku nanɔ wo viwo ŋu ale be woaganɔ du ƒum le akpataa me alo anɔ fefem le kplɔ̃a ta do ŋgɔ na kpekpeawo alo le kpakpã vɔ megbe o. Ne ɖevi aɖe le toɣli ɖem la, anyinɔƒegbɔkpɔlawo ate ŋu agblɔ na edzila le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me be wòakplɔ ɖevia ado goe ale be wòagahe nyaselawo ƒe susu fũu akpa o. Dɔ si anyinɔƒegbɔkpɔlawo wɔna la nana kpekpeawo ɖea vi na ame sia ame. Eɖea vi wu ne anyinɔƒegbɔkpɔlawo nye hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo.

FIAÐUƑE AKPATA TUTU

15 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nu de Kristotɔ aɖewo dzi wu bubuawo. Esia tae apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Be nuwo nasɔ pɛ, eye miaƒe nu siwo gbɔ edzi fifia la, nakpɔ woƒe hiahiã gbɔ na wo, ale be woawo hã ƒe nu siwo gbɔ edzi la, nakpɔ nu siwo hiã mi la gbɔ, ne nuwo nada asɔ.” (2 Kor. 8:14) Wokpɔa egbɔ be “nuwo nasɔ pɛ” egbea hã nenema ke. Wozãa ga si hameawo dzɔna le xexea me godoo la tsɔ kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple asitɔtrɔ le wo ŋu ƒe dɔwo ŋu. Habɔbɔa kple hame siwo gadzɔdzɔ siawo ɖea vi na la siaa kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa nana dɔmenyotɔe la ŋu ŋutɔ.

16 Ðoɖo si alɔdzedɔwɔƒea wɔ na hame siwo le nuto aɖe me lae wokpɔna hafi tiaa Fiaɖuƒe Akpata siwo me woade kpekpewo le na wo. Alɔdzedɔwɔƒea kee tsoa nya me le ɣeyiɣi si wòhiã be woatu Fiaɖuƒe Akpata yeye alo awɔ asitɔtrɔ le akpata siwo le alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigbamama me ŋu. Ne dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ la, wowɔa ɖoɖowo ale be woadzra Fiaɖuƒe Akpata siwo ŋu afɔkua gblẽ nu le la ɖo, eye ɣeaɖewoɣi la, wodzraa nɔviwo ƒe aƒewo hã ɖo.

17 Alɔdzedɔwɔƒea ye dea dɔ asi na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo naa kpekpeɖeŋu le anyigbaƒeƒle, Fiaɖuƒe Akpata ƒe nɔnɔmewo tata, xɔtutu ƒe mɔɖegbalẽwo xɔxɔ kple akpataa tutu kpakple beléle nɛ me. Esi Fiaɖuƒe Akpatawo hiã vevie ŋutɔ le dukɔ geɖe me ta la, wohiã lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla geɖe. Wole dzi dem ƒo na gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ siwo katã dze eye wodi be yewoakpe asi ɖe dɔa ŋu la be woakpe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe dɔbiagbalẽ ɖo eye woatsɔe ana woƒe Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti. Gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo gɔ̃ hã ate ŋu akpe asi ɖe woƒe hamea ƒe Fiaɖuƒe Akpata tutu alo asitɔtrɔ le eŋu ƒe dɔwo ŋu.

TAKPEXƆWO

18 Kristotɔ gbãtɔwo kpena le ƒuƒoƒo suewo me zi geɖe. Ke hã ɣeaɖewoɣi la, “ame gbogbo aɖewo” ƒoa ƒu. (Dɔw. 11:26) Nenema kee Yehowa ƒe ame siwo li egbea hã kpea ta le ƒuƒoƒo gãwo me le nutome sue kple nutome gã takpekpewo me. Zi geɖe la, wohayaa ƒuƒoƒe gãwo na wɔna siawo, gake ne ƒuƒoƒe siwo le nutoa me la mesɔ na wɔna siawo o alo ɖeke meli woahaya o la, wotua tadeaguƒe si woyɔna be Takpexɔ.

19 Ɣeaɖewoɣi la, woƒlea xɔ aɖe si li xoxo hetrɔa asi le eŋu wòzua Takpexɔ si wozãna. Gake zi geɖe la, woƒlea anyigba, eye wotua takpexɔ yeye ɖe edzi. Takpexɔwo ƒe lolome nɔa vovovo le nutoa me ƒe hiahiãwo nu. Alɔdzedɔwɔƒea ye tsoa nya me le anyigba alo xɔ aɖe si li xoxo la ƒeƒle ŋu. Gake hafi woawɔ esia la, wobua eŋuti kɔnta kple zi ale si nu woazã teƒea le ƒea me la ŋu nyuie.

20 Alɔdzedɔwɔƒea ye ɖoa nɔviŋutsu siwo nyea Takpexɔdzikpɔlawo be woakpɔ dɔ siwo ku ɖe Takpexɔa zazã kple beléle nɛ ŋu la gbɔ. Ðoɖo li be hame siwo le nutome sueawo me la nanɔ teƒea dzram ɖo edziedzi. Wowɔa ɣleti ade ɖe sia ɖe ƒe dzadzraɖodɔwo hã hekpe ɖe dzadzraɖodɔ bubu siwo ana nu magblẽ le xɔa ŋu kaba o hã ŋu. Viɖe geɖe dona tso eme ne nɔviwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa na dɔ siawo wɔwɔ. Eya ta wole dzi dem ƒo na hameawo be woakpe asi ɖe ɖoɖo sia ŋu tso dzi blibo me.—Ps. 110:3; Mal. 1:10.

21 Ɣeaɖewoɣi la, woazã Takpexɔa na teokrasiwɔna bubuwo hã, abe Bibliasrɔ̃sukuwo kple nutome sue dzikpɔlawo ƒe kpekpe tɔxɛwo ene. Takpexɔwo hã nye teƒe siwo ŋu wokɔ be woanye tadeaguƒewo, abe ale si wòle le Fiaɖuƒe Akpatawo gome ene. Ne míekpe ta ɖe Takpexɔ me la, ele be míaƒe agbenɔnɔ nanɔ nyuie, eye míaƒe awudodo kple dzadzraɖo nade bubu teƒea ŋu, abe ale si ko wòle ne míeyi Fiaɖuƒe Akpata me hena tadedeagu ene.

22 Ame yeye geɖewo le zi nyem va Mawu ƒe habɔbɔa me le ŋkeke mamlɛawo ƒe ɣeyiɣi mamlɛ siawo me. Esia nye kpeɖodzi be Yehowa ƒe yayra le eƒe amewo dzi. (Yes. 60:8, 10, 11, 22) Eya ta míedina be míakpe asi ɖe ɖoɖo siwo wowɔ be míakpɔ tadeaguƒe siwo míalé be na woanɔ dzadzɛ, siwo me míaɖe dzi ɖi le la ŋu. Ne míewɔnɛ alea la, ke míele eɖem fia be míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si tadeaguƒe siawo kpena ɖe mía ŋu be míade dzi ƒo na mía nɔewo eye míanɔ ewɔm geɖe wu zi ale si míekpɔ be Yehowa ƒe ŋkeke la le ɖoɖom la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe