Mina Míaƒe Tadeaguƒe Nanɔ Nɔnɔme Nyui Me
1. Taɖodzinu ka tae Fiaɖuƒe Akpataa li ɖo?
1 Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo wu 94,000 sɔŋ ye le xexeame godoo. Hame akpa gãtɔ kpena hena Biblia sɔsrɔ̃ kpakple Kristotɔwo ƒe hadede le Fiaɖuƒe Akpata, si nye tadedeagu vavãtɔ wɔƒe si le nutoa me la me.
2. Nukatae wòle vevie be woadzra Fiaɖuƒe Akpata ɖo wòanɔ dzadzɛ ahanya kpɔ?
2 Edzadzra Ðo Edziedzi ƒe Ðoɖowɔɖi: Dɔ siwo míewɔna tsɔ dzraa Fiaɖuƒe Akpata ɖo nye míaƒe subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa vevi aɖe. Míaƒe Subɔsubɔdɔ ƒe agbalẽa gblɔ le axa 61-2 be: “Ele be nɔviawo nabui be enye gomekpɔkpɔ be yewoakpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata la ŋu le ga gome eye yewoawɔ dɔ faa ana wòanɔ dzadzɛ, anya kpɔ ahanɔ sesĩe. Le eme kple gota siaa la, ele be Fiaɖuƒe Akpata la naɖi ɖase nyui le Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu.” Esi míezãa Fiaɖuƒe Akpataa edziedzi kwasiɖa ɖesiaɖe ta la, ehiã be míanɔ edzram ɖo ahanɔ ɖɔɖɔɖodɔwo wɔm le eŋu edziedzi. Zi geɖe la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le hame si(wo) kpena le Fiaɖuƒe Akpata me lae kpɔa dɔ siawo gbɔ. Abe alesi wònɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ene la, ele be Yehowa subɔla siwo li egbea nado vevie nu le míaƒe tadeaguƒe ‘ɖɔɖɔɖo kple edzadzraɖo’ me.—Kron. II, 34:10.
3. Aleke wowɔa ɖoɖo ɖe Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖo ŋui, eye amekawoe ate ŋu akpɔ gome le eme?
3 Ele be woaklã kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo ŋuti ɖoɖowɔɖi ɖe gbeƒãɖeʋuƒoa dzi. Ele be agbalẽ me nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo katã nadzra eme ɖo ɖe wo nɔewo yome, eye woazɔ ɖe nusiwo hiã wòle be woawɔ ƒe nuŋlɔɖi dzi. Ehiã be amesiame si ŋu ŋusẽ le nakpɔ gome le mɔnukpɔkpɔ si sua mía si kwasiɖa siaa kwasiɖa be míadzra Fiaɖuƒe Akpataa me ɖo be wòanɔ dzadzɛ ahanya kpɔ la me. Ðeviwo ate ŋu akpɔ gome le eme le wo dzilawo ƒe kpɔkplɔ te, eye woato esia dzi afia alesi woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ame bubuwo subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ sia ŋui la wo. Vevietɔ le afisiwo hame siwo wu ɖekae zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, nuwɔwɔ aduadu le vevie ale be míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi sia nagazu ame ʋɛ aɖewo alo hame ɖeka ko ƒe agba o.
4. Nukae wòle be woawɔ be hamea nanya nusi woawɔ ne wole Fiaɖuƒe Akpataa me dzram ɖo?
4 Woate ŋu aklã nusiwo wòle be woawɔ ƒe ɖoɖowɔɖi ɖe afisi xɔmedzraɖonuwo nɔna. Ele be dɔ siwo wòle be woawɔ kwasiɖa sia kwasiɖa, siwo nye nukpɔkplɔ, nugododeƒe kple aɖuɖɔɖɔƒea kɔklɔ, fesrewo kple kplɔ̃wo ŋu tutu, gbeɖuɖɔ tsɔtsɔ ƒu gbe, kpakple anyigba kɔklɔ kple ahuhɔ̃ewo ŋu tutu nadze le ɖoɖowɔɖi sia dzi. Mahiã be woawɔ dɔ aɖewo abe nusisi na atinuwo kple zikpuiwo kɔklɔ, xɔmetsovɔwo nyanya, kple elektrikkaɖigoewo ŋu tutu ene, ɣesiaɣi o. Ele be woadzra xɔmedzraɖotikewo ɖo nyuie be woaganɔ ŋkukpɔƒe na ɖeviwo o eye ele be woaŋlɔ atike siwo wonye la aklã ɖe wo ŋu wòadze nyuie. Ele be alesi woazã atikeawo dometɔ ɖesiaɖe ŋuti numeɖeɖe kpui aɖe nanɔ wo ŋu.
5. Aleke dedienɔnɔ le vevie, nukawo ŋue wòle be woalé ŋku ɖo edziedzi? (Kpɔ aɖaka si le axa 4 lia.)
5 Amewo ƒe dedienɔnɔ le Fiaɖuƒe Akpataa me le vevie ŋutɔ. (Mose V, 22:8) Le esia ta, aɖaka si le axa 4 lia yɔ nanewo siwo ŋu wòle be woalé ŋku ɖo edziedzi be woaxe mɔ ɖe afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ nu.
6. Aleke wokpɔa Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖo ƒe dɔwo dzii?
6 Ðɔɖɔɖodɔwo Wɔwɔ le Fiaɖuƒe Akpataa Ŋu: Hamemegãwo ƒe ha la ƒe dɔe wònye be woakpɔ Fiaɖuƒe Akpataa ƒe ɖɔɖɔɖodɔwo dzi. Zi geɖe la, wotiaa hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla be wòakpɔ dɔa dzi. Ekpɔa egbɔ be Fiaɖuƒe Akpataa le nɔnɔme nyui me hena zazã gbesiagbe, ele dzadzɛ eye woɖɔ nusiwo gblẽ le eŋu la ɖo nyuie. Ele be wòakpɔ egbɔ be dɔwɔnu ɖesiaɖe si woazã ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ la li. Ele vevie be woakpɔ egbɔ be naneke mele akpataa me alo egodo si ahe afɔku vɛ o. Ne hame siwo wu ɖekae zãa akpata ɖeka la, hamemegãwo ƒe hawo ɖoa kɔmiti aɖe anyi hena ɖoɖowɔwɔ ɖe akpataa kple emenuwo dzi kpɔkpɔ ŋu. Kɔmiti sia wɔa dɔ le hamemegãwo ƒe hawo ƒe mɔfiafia te.
7. (a) Nukae wowɔna ƒe sia ƒe tsɔ kpɔa egbɔ be woɖɔ nusiwo gblẽ le Fiaɖuƒe Akpataa ŋu ɖo? (b) Nukawo ŋue wòle be woalé ŋku ɖo edziedzi? (Kpɔ aɖaka si le axa 5 lia.)
7 Woléa ŋku ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ƒe akpa sia akpa ŋu tsitotsito ƒe sia ƒe. Hamemegãwo ƒe dɔe wònye be woawɔ ɖoɖo ɖe nusianu si hiã be woakpɔ egbɔ la ŋu. Woate ŋu amia asi gbeƒãɖelawo be woana kpekpeɖeŋu le ɖɔɖɔɖodɔ siwo hiã la wɔwɔ me. Ele be amesiame nanɔ ŋudzɔ ɖe nu suetɔ kekeake si gblẽ la ɖɔɖɔɖo ŋu eye woatso kaba ɖe nya siwo gbɔ kpɔkpɔ hiã kpata la ŋu. Mele be woahe megbelele o.
8. Ɣekaɣie wòahiã be hamemegãwo nate ɖe Fiaɖuƒe Akpata Tudɔdzikpɔƒea ŋu le ɖɔɖɔɖodɔwo wɔwɔ me?
8 Ne hamemegãwo kpɔe be yewohiã aɖaŋuɖoɖo alo kpekpeɖeŋu le Fiaɖuƒe Akpataa dzadzraɖo me la, woate ŋu ate ɖe Fiaɖuƒe Akpata Tudɔdzikpɔƒea ŋu. Nusiwo me woahiã kpekpeɖeŋu le ate ŋu anye nugododeƒea dzadzraɖo, yafafɛnamɔ̃wo dzadzraɖo, kpakple xɔ si le ɖuɖum ƒe kuxiwo.
9. Ðoɖo ka dzie wòle be woazɔ ɖo ne eva hiã be woahaya dɔnyala aɖe?
9 Hamea ƒe Ga Zazã Nyuie: Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawoe wɔa dɔ siwo ku ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me kple egodo la ƒe akpa gãtɔ. Woƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe agbagbadzedzewo nyea lɔlɔ̃ɖeɖefia eye wòɖea gazazãwo dzi kpɔtɔna. Ne eva hiã be woahaya dɔnyala aɖewo la, hamemegãwo akpɔ egbɔ be yewodi mɔnu si dzi woato aɖe gazazã fũ dzi akpɔtɔ. Gbã la wowɔa dɔ si wòle be woawɔ kple eŋuti dɔwɔnu siwo ahiã ŋuti nuŋlɔɖi tsitotsito. Wotsɔa nuŋlɔɖi sia naa dɔa nyala vovovowo bena wo katã woanya dɔ si tututu wodi be woawɔ hafi ado woƒe asiwo. Ne hamemegãwo xɔ asi vovovo siwo dɔa nyalawo do la, ekema woate ŋu atia esi nyo wu. Mɔnu siae wòle be woazã ne nɔvie be yeawɔ dɔa alo be yeana dɔwɔnu siwo hiã le asi gobi aɖe dzi gɔ̃ hã.
10. Nukawoe wowɔna tsɔ kpɔa egbɔ be wozã hamea ƒe ga nyuie?
10 Le afisiwo hame siwo wu ɖeka zãa Fiaɖuƒe Akpata ɖeka le la, gadeƒe nɔa xɔdzikpɔkɔmitia si le gadzraɖoƒe hena eƒe ganyawo gbɔ kpɔkpɔ, henaa hamemegãwo ƒe ha ɖesiaɖe xɔa woƒe ɣleti sia ɣleti ganyawo ŋuti nuŋlɔɖi, si wɔnɛ be gaa ŋudɔwɔwɔ nɔa nyanya na hamemegãawo. Hamemegãwo ƒe dɔe wònye be woakpɔ hamea ƒe gazazãwo dzi nyuie.
11. Nukae wòle be woawɔ ne xɔme dzadzraɖodɔ alo asitɔtrɔ gãwo wɔwɔ hiã?
11 Akpataa Dzadzraɖo ƒe Dɔ Gãwo: Ne Fiaɖuƒe Akpata dzikpɔkɔmitia kpɔe be dɔ gã aɖe li wòle be woawɔ ku ɖe Fiaɖuƒe Akpataa zazã kple edzadzraɖo ŋu la, kɔmitia naa nyanya hamemegãwo ƒe hawo hena mɔfiame xɔxɔ. Ne wode dzesii be edzadzraɖo alo asitɔtrɔ le eŋu ƒe dɔ gã aɖe ahiã alo be woahiã kpekpeɖeŋu tso teƒe bubu si gbɔ hame si(wo) zãa Fiaɖuƒe Akpataa mate ŋu akpɔ o la, ke hamemegãwo ate ŋu ate ɖe Fiaɖuƒe Akpata Tudɔdzikpɔƒea ŋu. Nɔviŋutsu bibi kpɔnuteƒe siawo naa aɖaŋuɖoɖo ku ɖe dɔa wɔwɔ ŋu. Ne ahiã gazazã geɖe la, ekema ahiã be woaxɔ ga si woazã na dɔa wɔwɔ ŋuti kɔntabubu si sɔ ahawɔ gakpɔkpɔ na dɔa ŋuti ɖoɖowo atsɔ aɖo hamea ŋkume hena asidada ɖe edzi.—Kpɔ February 1994 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe Nyabiaɖaka.
12. Aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu?
12 Aleke míedea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si sua mía si be míakpe ɖekae le Fiaɖuƒe Akpata me ŋui enye esi! Míadi be míagblẽ míaƒe kpekpewo ɖi alo abu wo nu tsɛe gbeɖe o. Amesiame ate ŋu akpe asi ɖe mɔnuɖoɖo si wowɔ hena dzideƒoname xɔxɔ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu to gomekpɔkpɔ le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖo me bliboe. Esia doa tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ eye wòhea bubu vɛ na Yehowa ƒe ŋkɔ. Mina míaɖoe kplikpaa be míana míaƒe tadeaguƒe nanɔ dzadzɛ ahanɔ nɔnɔme nyui me.
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Dedienɔnɔ Gbɔ Kpɔkpɔ
◻ Ele be woaɖɔli fesre me huhɔ̃e siwo gbã enumake.
◻ Ele be dzeside siwo dze nyuie nanɔ mɔnu kple atrakpui siwo dzi woasi ato ne afɔku dzɔ ŋu, akaɖi nanɔ teƒe siawo nyuie, woanye teƒe siwo woate ŋu ato ado bɔbɔe.
◻ Nudzraɖoƒewo, nugododeƒewo, kple awuɖɔliƒewo nanɔ dzadzɛ ahanɔ ɖoɖo nu, afisi nusiwo léa dzo kabakaba, ame ɖekaɖekawo ƒe nuzazãwo, kple gbeɖuɖɔ manɔ o.
◻ Ele be woalé ŋku ɖe xɔgbanu kple tsitoƒewo ŋu ahaɖe gbeɖuɖɔ le eme edziedzi.
◻ Ele be akaɖi nanɔ ametoƒewo kple ʋutɔɖoƒewo eye woaɖe nusi ana anyigba naɖiɖi ahana woadze anyi la ɖa.
◻ Ele be woalé ŋku ɖe eletriknuwo, yafafɛnamɔ̃wo, kple yagbɔmɔ̃wo ŋu ɣesiaɣi ahadzra wo ɖo.
◻ Ele be woatre teƒe siwo ŋɔ alo fe la kaba be nuwo nagagblẽ ɖe edzi o.
◻ Ele be woado ʋɔtruwo nyuie ne ame aɖeke mele akpataa me o.
[Aɖaka si le axa 5]
Beléle na Xɔa Kple Emenuwo
◻ Egodo: Ðe xɔgbanuwo, yatoƒewo, aŋɔsisi, fesrewo, kple Fiaɖuƒe Akpata ƒe dzesifianu le nɔnɔme nyui me eye wotutua wo ŋu kwasiɖa ɖesiaɖea?
◻ Anyigba: Ðe woléa be na anyigbaa nyuiea? Ðe ametoƒewo, kpɔtɔtɔwo, kple ʋutɔɖoƒea le nɔnɔme nyui mea? Ðe woƒo gbewo dzi nyuie hedea tsi seƒoƒowoa?
◻ Eme: Ðe woklɔa alo tutua zikpuiwo dzi nyuie eye gliawo ŋu nɔa dzadzɛ ɣesiaɣia? Ðe agbalẽdaɖoƒea le nɔnɔme nyui mea? Ðe ɖi mele eme o eye woɖe pepa manyomanyo xoxowo le emea?
◻ Mɔ̃wo: Ðe akaɖiwo, nuƒomɔ̃, yagbɔmɔ̃, kple yafafɛnamɔ̃ le dɔ wɔm nyuiea?
◻ Nugododeƒewo: Ðe teƒe siawo le dzadzɛ henyo na zazãa? Ðe adzalẽ kple tsi li ɣesiaɣi na asi kɔklɔa?
◻ Dɔwɔnuwo: Ðe tɔkpowo, xawo, anyigbaklɔnuwo, kple adzalẽ li ɣesiaɣia? Ðe tsi li woatsɔ aklɔ teƒeawoea?
◻ Hamea ƒe nuŋlɔɖiwo: Ðe segbalẽwo kple nutɔnyenye ƒe nuŋlɔɖiwo de pɛpɛpɛa?