Nyabiaɖaka
◼ Ameka ƒe agbanɔamedzie Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo nye?
Fiaɖuƒe Akpata si le dzadzɛ henya kpɔ ƒoa nu nyui tso gbedasi si míeɖea gbeƒãe ŋu. (Tsɔe sɔ kple Petro I, 2:12.) Ele vevie be Akpata la nanɔ dzadzɛ ahanya kpɔ, eye amesiame ate ŋu akpe asi ɖe edzadzraɖo ŋu. Mele be míakpɔ mɔ be ame ʋɛ aɖewo ko nawɔ eŋuti dɔwo katã o. Zi geɖe la wowɔa ɖoɖo mãna edzadzraɖo na Hame Ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒowo, eye nusɔsrɔ̃dzikpɔla alo eƒe kpeɖeŋutɔ xɔa ŋgɔ. Le akpata siwo me hame siwo wu ɖeka kpena le la, hamemegãwo awɔ ɖoɖo be hameawo katã nakpɔ gome le edzadzraɖo me.
Aleke míawɔ akpɔ agbanɔamedzi sia gbɔ nyuie wu? Ele be ɖoɖo nanɔ anyi si dzi woazɔ ɖo adzra Fiaɖuƒe Akpata la ɖo edziedzi. Ele be nuzazãwo kple dɔwɔnuwo nanɔ asitsɔƒe woazã. Ele be woaŋlɔ dɔ siwo wòhiã be woawɔ la aklã ɖe teƒe si dɔwɔlawo ate ŋu akpɔ hena mɔfiame. Teƒea dzadzraɖo ŋuti nuŋlɔɖia ate ŋu anɔ eve, ɖeka anye teƒea dzadzraɖo suesue siwo woawɔ le kpekpe ɖesiaɖe megbe eye evelia nanye kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe edzadzraɖo si abia dɔ geɖe. Agbalẽ me nusɔsrɔ̃dzikpɔla nawɔ ɖoɖo atia ŋkeke si asɔ na amesiwo katã wodee asi na hena teƒea dzadzraɖo si bia dɔ geɖe la wɔwɔ. Ele be woalé ŋku ɖe sɔgbewo, seƒoƒowo, kple ati bubuwo ŋu edziedzi. Mele be gbeɖuɖɔwo nanɔ afɔtoƒe kple ʋutɔɖoƒewo o. Ele be woaɖoe koŋ adzra teƒea ɖo etɔxɛe ƒe sia ƒe, ɖewohĩ do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia. Woate ŋu awɔ dɔ siwo nye fesrewo kple gliwo ŋu kɔklɔ, anyigbakuntruwo nyanyã, kple atsyɔ̃ɖonuwo dzadzraɖo ene.
Ne míagblɔe la, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔe be agba la nanɔ wodzoe wu ne míeɖea asi le chewing gum (aŋekpetike) alo gbeɖuɖɔwo ŋu le akpata la me alo egodo o. Míate ŋu adzra nugododeƒea ɖo nyuie ne míezãe vɔ ale be wòanɔ dzadzɛ ame bubu nava zã. Kpɔ nyuie be màgagblẽ nuzazã alo naneke le xɔa me o. Mide dzesi anyigbakuntrua ƒe akpa siwo me nane ɖi ɖo, zikpui siwo ŋe, pɔmpi ŋuti nusiwo gblẽ, elektrik-kaɖi siwo fiã, kple nu bubuwo, eye miagblɔe na nɔviŋutsu si kpɔa Fiaɖuƒe Akpata la ƒe dedienɔnɔ gbɔ enumake.
Mina mía dometɔ ɖesiaɖe nalɔ̃ faa awɔ etɔ sinua. Esia nana teƒea nyena tadeaguƒe si dzeani eye wòna míeɖea dzesi be míenye ame dzadzɛ siwo dea bubu Yehowa Mawu ŋu.—Pet. I, 1:16.