INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 16 axa 44-axa 45 mm. 4
  • Ame Kae Nye Hiob?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Hiob?
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Kpɔ Mɔ Na Yehowa”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 16 axa 44-axa 45 mm. 4
Abi xɔ Hiob ŋuti katã esime ŋutsu etɔ̃ va srãe kpɔ

NUSƆSRƆ̃ 16

Ame Kae Nye Hiob?

Ŋutsu aɖe si subɔa Yehowa la, nɔ Uz-nyigba dzi. Eŋkɔe nye Hiob. Enye kesinɔtɔ gã aɖe si si ƒome gã aɖe nɔ. Enye dɔmenyotɔ eye wòkpena ɖe ame dahewo, ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo siaa ŋu. Gake ɖe wòfia be esi Hiob wɔa nu nyui ta la, nya vɔ̃ aɖeke mate ŋu adzɔ ɖe edzi oa?

Satana Abosam

Hiob menya be Satana Abosam nɔ ŋku lém ɖe ye ŋu o. Yehowa bia Satana be: ‘Èlé ŋku ɖe nye subɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Eɖoa tom eye wòwɔa nu dzɔdzɔe.’ Satana ɖo eŋu be: ‘Esi nèkpɔa eta, nèyrae eye nèna anyigba kple lãwoe tae Hiob ɖoa to wò ɖo. Ne èxɔ nu siawo katã le esi la, adzudzɔ wò subɔsubɔ.’ Yehowa gblɔ nɛ be: ‘Àte ŋu ado Hiob kpɔ. Gake mèkpɔ mɔ awui o.’ Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ be Satana nado Hiob kpɔ? Mawu ka ɖe Hiob dzi be madzudzɔ ye subɔsubɔ o.

Satana he afɔku geɖe va Hiob dzi be yeatsɔ adoe kpɔ. Gbã la, edɔ Sabatɔwo ɖa wova fi Hiob ƒe nyiwo kple tedziwo. Emegbe dzo fiã Hiob ƒe alẽwo katã. Ame bubu siwo nye Kaldeatɔwo hã va fi Hiob ƒe kposɔwo. Wowu subɔvi siwo katã nɔ lãawo kplɔm la hã. Afɔku si vɔ̃ɖi wu la va dzɔ. Hiob ƒe viwo katã ku esime xɔ si me wonɔ nu ɖum le la mu dze wo dzi. Hiob ƒe dzi gbã ale gbegbe, gake medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o.

Satana di be Hiob ƒe veveseseawo nadzi ɖe edzi, eya ta ena Hiob ƒe ŋuti katã wɔ abi keŋ. Hiob se veve ŋutɔ. Hiob menya nu si ta nu siawo katã nɔ dzɔdzɔm ɖe ye dzi o. Ke hã eyi edzi subɔ Yehowa. Mawu kpɔ nu siawo katã eye wòkpɔ dzidzɔ ɖe Hiob ŋu ŋutɔ.

Emegbe Satana dɔ ŋutsu etɔ̃ aɖewo ɖa be woado Hiob kpɔ. Wogblɔ nɛ be: ‘Anye be nu vɔ̃ aɖe si nèwɔ tsɔ ɣla gbɔe wòtso be Mawu le to hem na wò ɖo.’ Hiob ɖo eŋu be: ‘Nyemewɔ nu vɔ̃ aɖeke o.’ Gake emegbe la, Hiob va nɔ bubum be Yehowa gbɔe yeƒe kuxiawo tso eye wògblɔ be Mawu mewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o.

Ðekakpui si ŋkɔe nye Elihu zi kpi kpoo nɔ to ɖom woƒe dzeɖoɖoawo. Emegbe eke nu gblɔ be: ‘Nya siwo mi katã miegblɔ la mesɔ o. Yehowa lolo wu ale si míate ŋu anya. Mate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi aɖeke o. Ekpɔa nu sia nu eye wòkpena ɖe ame siwo le kuxiwo me tom la ŋu.’

Hiob kple srɔ̃a kpakple wo vi

Emegbe Yehowa ƒo nu kple Hiob. Egblɔ be: ‘Afi kae nènɔ esi mewɔ dziƒo kple anyigba? Nu ka tae nègblɔ be nyemewɔ nu ɖe ye ŋu nyuie o? Ègblɔ nyawo gake mèse nu si tae nuwo yi nenema gɔme o.’ Hiob lɔ̃ ɖe edzi be yewɔ vodada eye wògblɔ be: ‘Tɔnye medzɔ o. Wogblɔ nya le ŋuwò mese, ke azɔ la, menya wò. Ètea ŋu wɔa nu sia nu. Tsɔe kem elabena nyemegblɔe nyuie o.’

Esi Hiob ƒe dodokpɔawo nu va yi la, Yehowa na eƒe lãme gasẽ eye wòna nu geɖe va su esi wu tsã. Hiob nɔ agbe didi eye wòkpɔ dzidzɔ geɖe. Yehowa yra Hiob ɖe ale si wòɖo toe togbɔ be nuwo menɔ bɔbɔe nɛ o hã la ta. Ðe nàyi edzi asubɔ Yehowa abe Hiob ene eɖanye nu ka kee dzɔ oa?

“Miese Hiob ƒe dzidodo ŋu nya, eye miekpɔ ale si Yehowa na nuwo va wu enu nɛ.”—Yakobo 5:11

Nyabiasewo: Aleke Satana do Hiob kpɔe? Aleke Yehowa ɖo eteƒe na Hiob?

Hiob 1:1–3:26; 4:7; 32:1-5; 34:5, 21; 35:2; 36:15, 26; 38:1-7; 40:8; 42:1-17

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe