INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 35 axa 86-axa 87 mm. 1
  • Hana Do Gbe Ða Bia Ŋutsuvi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hana Do Gbe Ða Bia Ŋutsuvi
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ale Si Xana Kpɔ Dzidzemee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Na Yehowa Nana Nàkpɔ Gbɔdzɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 35 axa 86-axa 87 mm. 1
Hana kplɔ Samuel ɖevi la vɛ na Eli le avɔgbadɔa me

NUSƆSRƆ̃ 35

Hana Do Gbe Ða Bia Ŋutsuvi

Srɔ̃ eve nɔ Israel ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Elkana si, woƒe ŋkɔwoe nye Hana kple Penina, gake ŋutsua lɔ̃ Hana wu. Penina ɖua fewu le Hana ŋu ɣesiaɣi elabena Hana medzi vi o evɔ vi geɖe nɔ Penina ya si. Elkana kplɔa eƒe ƒomea yia Silo ƒe sia ƒe woɖadea ta agu le avɔgbadɔa me. Gbe ɖeka esi wònɔ afi ma la, ede dzesii be dzi menɔ ye srɔ̃ lɔlɔ̃a Hana dzɔm kura o. Egblɔ be: ‘Hana, meɖe kuku mègafa avi o. Meli na wò. Melɔ̃ wò.’

Emegbe Hana ɖeɖe yi ɖado gbe ɖa. Esi wònɔ kuku ɖem na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu la, enɔ avi fam. Edo ŋugbe be: ‘Yehowa, ne èna medzi ŋutsuvi la, matsɔe ana wò, eye wòasubɔ wò le eƒe agbe me katã.’

Nunɔlagã Eli le Hana kpɔm esime wòle avi fam le gbe dom ɖa

Nunɔlagã Eli kpɔ Hana wònɔ avi fam eye wòsusu be emu aha. Hana gblɔ nɛ be: ‘Ao, nye aƒetɔ nyememu aha o. Mele kuxi sesẽ aɖe me tom eye mele egblɔm na Yehowa.’ Eli kpɔe be yewɔ vodada eya ta egblɔ nɛ be: ‘Mawu newɔ nu si dim nèle la na wò.’ Hana ƒe dzi dze eme eye wòdzo. Kaka ƒe ɖeka naɖo la, edzi ŋutsuvi eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel. Kpɔ ale si gbegbe dzi adzɔ Hanae ɖa!

Hana meŋlɔ ŋugbe si wòdo na Yehowa la be o. Esi wòtso no na Samuel ko la, ekplɔe va avɔgbadɔa me be wòasubɔ le afi ma. Egblɔ na Eli be: ‘Ðevi siae medo gbe ɖa bia. Mele edom na Yehowa le eƒe agbe me katã.’ Elkana kple Hana yia Samuel gbɔ ƒe sia ƒe hetsɔa awu ʋlaya yeye si ŋu abɔ mele o yina nɛ. Yehowa na Hana gadzi ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi eve bubuwo.

“Minɔ ebiabia dzi, eye woana mi; minɔ edidi dzi, eye miakpɔe.”—Mateo 7:7

Nyabiasewo: Nu kae na Hana nɔ nu xam? Aleke Yehowa yra Hanae?

1 Samuel 1:1–2:11, 18-21

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe