INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lfb nusɔsrɔ̃ 43 axa 104
  • Fia David Wɔ Nu Vɔ̃

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia David Wɔ Nu Vɔ̃
  • Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzɔgbevɔ̃e Ðo David Ƒeme
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Ðo Ŋu Ðe Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu Ne Nɔnɔmewo Trɔ Le Wò Agbe Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nuvɔ̃meʋuʋu si Naa Wokpɔa Hayahaya
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ne “Dzi Gbagbã, Si Tugu” Le Tsɔtsɔke Dim
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
lfb nusɔsrɔ̃ 43 axa 104
Nyagblɔɖila Natan le mo kam na David

NUSƆSRƆ̃ 43

Fia David Wɔ Nu Vɔ̃

Esi Saul ku la, David zu fia. Ɣemaɣi la exɔ ƒe 30. Esi wòzu fia ƒe aɖewo megbe la, enɔ eƒe xɔta le fiasã me le zã aɖe me kpɔ nyɔnu dzetugbe aɖe. David bia eta se eye wogblɔ nɛ be eŋkɔe nye Bat-Seba eye srɔ̃a nye aʋawɔla aɖe si ŋkɔe nye Uriya. David na wokplɔ Bat-Seba va eƒe fiasãa me. Edɔ kplii eye nyɔnua fɔ fu. David dze agbagba be yeaɣla nu si yewɔ. David gblɔ na eƒe aʋafia be wòada Uriya ɖe aʋa la ŋgɔ eye woate ɖa le eŋu. Esi wowu Uriya le aʋaa me megbe la, David ɖe Bat-Seba.

Fia David le gbe dom ɖa le tsɔtsɔke biam

Gake Yehowa kpɔ nu gbegblẽ siwo katã wòwɔ. Nu kae wòawɔ? Yehowa dɔ nyagblɔɖila Natan ɖe David gbɔ. Natan gblɔ nɛ be: ‘Alẽ gbogbo aɖe nɔ kesinɔtɔ aɖe si, eye alẽvi sue ɖeka nɔ ame dahe aɖe hã si si gbɔ melɔ̃a nu le o. Ke kesinɔtɔa lé ame dahea ƒe alẽvi ɖeka la.’ Dɔme ve David vevie wògblɔ be: ‘Ele be woawu kesinɔtɔ ma!’ Natan gblɔ na David be: ‘Wòe nye kesinɔtɔ ma!’ David ƒe dzi gbã eye wògblɔ na Natan be: ‘Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.’ Nu vɔ̃ sia si David wɔ la na eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea kpe fu geɖe. Yehowa he to nɛ gake mewui o elabena David to nyateƒe eye wòbɔbɔ eɖokui.

David di be yeatu gbedoxɔ na Yehowa gake Yehowa tia David vi Salomo boŋ be eya natu gbedoxɔa. David ƒo nuwo nu ƒu na Salomo eye wògblɔ be: ‘Yehowa ƒe gbedoxɔ la lolo. Salomo metsi o eya ta makpe ɖe eŋu aƒo nuwo nu ƒu ɖi nɛ.’ David dzɔ eya ŋutɔ ƒe ga gbogbo aɖe na xɔa tutu. Edi aɖaŋudɔwɔlawo. Eƒo sika kple klosalo nu ƒu eye wòna wotsɔ sedertiwo tso Tiro kple Sidon vɛ. Esi wòsusɔ vie David naku la, etsɔ nɔnɔmetata si dzi Salomo akpɔ atu gbedoxɔa la nɛ. Egblɔ nɛ be: ‘Yehowa na meŋlɔ nu siawo da ɖi na wò. Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Mègavɔ̃ o. Lé dzi ɖe ƒo ne nàwɔ dɔa.’

David tsɔ gbedoxɔa ƒe nɔnɔmetata le Salomo si nye ɖekakpui la fiam

“Ame si tsyɔa nu eƒe dzidadawo dzi la, madze edzi nɛ o, ke ame si ʋua eme, eye wòɖea asi le wo ŋu la, woakpɔ nublanui nɛ.”—Lododowo 28:13

Nyabiasewo: Nu vɔ̃ kae David wɔ? Nu kae David wɔ tsɔ kpe ɖe via Salomo ŋu?

2 Samuel 5:3, 4, 10; 7:1-16; 8:1-14; 11:1–12:14; 1 Kronika 22:1-19; 28:11-21; Psalmo 51:1-19

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe