INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 1 axa 4
  • Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔdonya Si Anyɔ Ðetsɔleme
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 1 axa 4

NUSƆSRƆ̃ 1

Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie

Mawunyakpukpui

Dɔwɔwɔwo 17:22

NU SI NÀWƆ: Ele be wò ŋgɔdonyaa nana nyaa sese nadzro wò nyaselawo, wòana wò nyatia nadze ƒãa, eye wòana wò nyaselawo nakpɔ nu si tae wòle be woatsɔ ɖe le eme.

ALE SI NÀWƆE:

  • Na nyaa sese nadzro amewo. Bia nya aɖe, ƒo nu tso nya aɖe ŋu, gblɔ agbemenudzɔdzɔ aɖe, alo nàƒo nu tso nyadzɔdzɔ yeye aɖe si me wò nyaselawo atsɔ ɖe le ŋu.

    Aɖaŋuɖoɖo

    De ŋugble le nu siwo le vevie na wò nyaselawo kple nu siwo ŋu wotsi dzi ɖo la ŋu do ŋgɔ eye nàtrɔ asi le wò ŋgɔdonyaa ŋu wòasɔ ɖe woƒe nɔnɔmea nu.

  • Na wò nyatia nadze ƒãa. Kpɔ egbɔ be wò ŋgɔdonyaa na taɖodzinu si le wò gbedeasia ŋu kple nyati si ŋu wòku ɖo la me kɔ na wò nyaselawo.

  • Na woakpɔ nu si tae nyatia le vevie. Trɔ asi le wò nyawo ŋu woasɔ ɖe wò nyaselawo ƒe nuhiahiãwo nu. Na woakpɔ ale si nyatia ate ŋu akpe ɖe wo ŋui la nyuie.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ne èle nuƒo aɖe dzram ɖo la, bia ɖokuiwò be, ‘Nu kawo me tom nɔvi siwo le nye hamea me la le?’ Eyome, trɔ asi le wò ŋgɔdonyaa ŋu wòasɔ ɖe woƒe nuhiahiãwo nu.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

Lé ŋku ɖe amea ƒe dɔwɔnawo alo teƒe si wòle ŋu be nànya nu siwo me wòatsɔ ɖe le. Bia nya aɖe alo nàgblɔ nya kpui aɖe tso nu mawo ŋu nàtsɔ adze dzeɖoɖoa gɔme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe