INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • th nusɔsrɔ̃ 13 axa 16
  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa
  • Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Dzonɔameme
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Nufiame Nanɔ Eme Na Nyaselawo
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
Kpɔ Bubuwo
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
th nusɔsrɔ̃ 13 axa 16

NUSƆSRƆ̃ 13

Viɖe Si Le Eŋu Dɔ Wɔwɔ Me Nadze Ƒãa

Mawunyakpukpui

Lododowo 3:21

NU SI NÀWƆ: Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ ale si nyatia aɖe vi na woe, eye nàfia wo ale si woawɔ nu si srɔ̃m wole la ŋu dɔ.

ALE SI NÀWƆE:

  • Bu wò nyaselawo ŋu. De ŋugble le nu si tae wòhiã be wò nyaselawo nase nya si gblɔ ge nàla la ŋu, eye nàde dzesi nyatia ƒe akpa si aɖe vi na wo wu.

  • Le wò nuƒoa alo dɔdeasi bliboa me la, na wò nyaselawo nakpɔ nu si wòle be woawɔ. Tso gɔmedzedzea ke la, na nyasela ɖe sia ɖe nase le eɖokui me be nyaa ka ye. Ne èle nya veviawo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, fia wo ale si woawɔ eŋu dɔe. Mègagblɔ nyawo gbadzaa ko o, gblɔ nu si tututu wòle be woawɔ.

    Aɖaŋuɖoɖo

    Ne èle ale si woawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔe me ɖem la, ƒo nu veveseɖeamenutɔe le lɔlɔ̃ me. Mègana nyaselawo nase le wo ɖokuiwo me be èle fɔ bum yewo o, ke boŋ do ŋusẽ woƒe xɔse kple woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa eye nàka ɖe edzi be woƒe dzi aʋã wo be woawɔ nu si le eteƒe.

LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

Ne èle dzadzram ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, de ŋugble le nyadzɔdzɔwo kple nu siwo me amewo atsɔ ɖe le le miaƒe anyigbamamaa me ŋu. Trɔ asi le wò nyawo ŋu woasɔ ɖe nu si me wotsɔ ɖe le ɣemaɣi la nu. Ne èle dze ɖom kple ame aɖe la, bia nyawo ŋuɖɔɖotɔe be wòana amea nagblɔ nu siwo le vevie nɛ kple nu siwo me wòtsɔ ɖe le. Lé to ɖe nya siwo wòagblɔ ŋu eye nàtrɔ asi le wò nyawo ŋu be woaɖe vi nɛ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe