NUSƆSRƆ̃ 11
Nu Si Nàwɔ Be Biblia Naɖe Vi Na Wò Geɖe Wu
Ðe nèɖoe kpɔ be yeadze dɔ gã aɖe gɔme gake èse le ɖokuiwò me be dɔa sesẽ akpa? Ðewohĩ, be wòanɔ bɔbɔe na wò la, èɖoe be yeanɔ ewɔm vivivi. Nenema kee wòle le Biblia xexlẽ hã gome. Ðewohĩ àbia be, ‘Afi kae madze exexlẽ gɔme tsoe?’ Le nusɔsrɔ̃ sia me la, míadzro nu bɔbɔe aɖewo siwo nàte ŋu awɔ be nàse vivi na wò Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ la me.
1. Nu ka tae wòle be míanɔ Biblia xlẽm edziedzi?
Ne ame aɖe xlẽa Biblia, alo ‘Yehowa ƒe sea’ edziedzi la, akpɔ dzidzɔ eye eƒe mɔwo adze edzi nɛ. (Xlẽ Psalmo 1:1-3.) Le gɔmedzedzea me la, àte ŋu anɔ exlẽm miniti ʋɛ aɖewo ko gbe sia gbe. Zi ale si nèva le Biblia gɔme sem la, zi nenemae nànɔ vivi sem na Mawu ƒe Nyaa xexlẽ.
2. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò?
Hafi Biblia xexlẽ naɖe vi na mí la, ehiã be míatɔ ade ŋugble le nu si xlẽm míele la ŋu. Menye ɖeko míaxlẽe ko evɔ o, ke ele be ‘míade ŋugble le eŋu’ hã. (Yosua 1:8, etenuŋɔŋlɔ) Ne èle Biblia xlẽm la, bia nya siawo tɔgbi ɖokuiwò: ‘Nu ka gblɔmee nya sia le nam tso Yehowa Mawu ŋu? Aleke mate ŋu awɔ nya sia ŋu dɔ le nye agbe me? Aleke mate ŋu azã kpukpui siawo atsɔ akpe ɖe amewo ŋui?’
3. Aleke nàwɔ akpɔ ɣeyiɣi atsɔ anɔ Biblia xlẽm?
Ðe wòsesẽna na wò be nàkpɔ ɣeyiɣi atsɔ anɔ Biblia xlẽma? Aleae wòle le mía dometɔ geɖe gome. Dze agbagba ‘nàwɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.’ (Efesotɔwo 5:16) Àte ŋu awɔ esia ne èɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi na Biblia xexlẽ gbe sia gbe. Ame aɖewo ɖoe be yewoanɔ Biblia xlẽm ŋdi kanyaa. Ame bubuwo xlẽnɛ emegbe le ŋkekea me, ɖewohĩ le ŋdɔnuɖuɣiwo. Ame aɖewo hã xlẽa Biblia le zã me hafi mlɔa anyi. Ɣekaɣie asɔ na wò wu?
SRƆ̃ NU BUBUWO
Àkpɔ ale si nàna Biblia xexlẽ navivi nuwò geɖe wu. Azɔ hã, àkpɔ ale si nàdzra ɖo ɖe miaƒe Biblia me dzodzroa ŋu ale be wòaɖe vi geɖe na wò.
Abe ale si ko míate ŋu asrɔ̃ nane si míeɖu kpɔ o ɖuɖu ene la, nenema kee míate ŋu asrɔ̃ ale si míaxlẽ Biblia ase vivi nɛ
4. Ale si nàwɔ ase vivi na Biblia xexlẽ
Ðewohĩ, manɔ bɔbɔe be nàdze Biblia xexlẽ gɔme ya o. Gake, abe ale si ko nàte ŋu ana nane si mèɖu kpɔ o la ɖuɖu nava nɔ nuwò vivim ene la, nenema kee nàte ŋu ana Biblia xexlẽ hã nava ‘nɔ dzrowòm vevie.’ Mixlẽ 1 Petro 2:2, eye miadzro nyabiase sia me:
Ðe nèsusu be ne èxlẽa Biblia gbe sia gbe la, exexlẽ ava nɔ nuwò vivim ale gbegbe be àdi vevie be yeanɔ exlẽm edziedzia?
Mikpɔ VIDEOA be miakpɔ nu si ame aɖewo wɔ hafi Biblia xexlẽ va le wo nu vivim. Eyome midzro biabia siwo gbɔna me.
Le videoa me la, kuxi kawo dzie sɔhɛawo ɖu?
Nu kae kpe ɖe wo ŋu be woyi edzi nɔ Biblia xlẽm edziedzi?
Nu kae wowɔ si wɔe be Biblia xexlẽ va le wo nu vivim geɖe wu?
Aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò nàdze Biblia xexlẽ gɔme:
Zã Biblia gɔmeɖeɖe si de pɛpɛpɛ, si gɔme nàte ŋu ase bɔbɔe. Àte ŋu ate Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia zazã kpɔ ne ele mia degbe me.
Dze exexlẽ gɔme tso Biblia ƒe akpa siwo nèkpɔ be woavivi ye nu wu. Àkpɔ esia ƒe mɔfiame aɖewo le agbalẽ sia ƒe akpa si nye “Ðoe Be Yeanɔ Biblia Xlẽm.”
Nɔ dzesi dem afi si nèxlẽe se ɖo. Zã agbalẽ sia ƒe akpa si nye “De Dzesi Afi Si Nèɖo Le Wò Biblia Xexlẽ Me.”
Zã JW Library® dɔwɔnua. Ne dɔwɔnu sia le asitelefon alo elektrɔnikmɔ̃ bubu aɖe dzi na wò la, àte ŋu axlẽ Biblia alo ase esi woxlẽ lé ɖi la le afi sia afi si nèle.
Zã Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe megbenyawo. Àkpɔ anyigbatatawo, nya tɔxɛwo gɔmeɖeƒe kple nyatakakaɖaka siwo ana Biblia xexlẽ nado dzidzɔ na wò geɖe wu la le afi ma.
5. Dzra ɖo ɖe miaƒe Biblia me dzodzroa ŋu
Mixlẽ Psalmo 119:34, eye miadzro biabia sia me:
Nu ka tae wònyo be nàdo gbe ɖa hafi axlẽ Biblia alo adzra ɖo ɖe Biblia me dzodzroa ŋu?
Nu kae nàte ŋu awɔ be miaƒe Biblia me dzodzro ɖe sia ɖe naɖe vi geɖe na wò? Ne èle nusɔsrɔ̃ aɖe me tom be yeatsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzroa ŋu la, te mɔnu sia kpɔ:
A. Xlẽ memama siwo le nusɔsrɔ̃a ƒe gɔmedzedze.
B. Xlẽ mawunyakpukpuiawo eye nàdze agbagba akpɔ ale si wodo ƒome kple numeɖeɖeawo.
D. De dzesi nya vevi siwo nye biabia ɖe sia ɖe ƒe ŋuɖoɖo; esia akpe ɖe ŋuwò ne wò kple wò nufialaa mieva le nusɔsrɔ̃a me dzrom.
Ènyaa?
Yehowa Ðasefowo zãa Biblia ƒe gɔmeɖeɖe vovovowo. Gake míelɔ̃a Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia koŋ zazã, elabena woɖe egɔme wòde pɛpɛpɛ, egɔmesese le bɔbɔe, eye Mawu ƒe ŋkɔ dze le eme.—Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Ðe Yehowa Ðasefowo Ƒe Biblia To Vovoa?” le jw.org.
AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Biblia sɔsrɔ̃ bia dɔ geɖe akpa. Vovo menɔa ŋunye o, eye ɖeɖi tea ŋunye akpa be masrɔ̃ nu.”
Aleke nèsusu tso nya sia ŋu?
NU SIWO MÍESRƆ̃
Hafi Biblia naɖe vi geɖe na wò la, ele be nàɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ anɔ exlẽm, nàdo gbe ɖa abia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò nàse nu si xlẽm nèle la gɔme, eye nànɔ dzadzram ɖo ɖe miaƒe Biblia me dzodzroa ŋu.
Numetoto
Nu kawoe nàwɔ be Biblia xexlẽ naɖe vi geɖe na wò?
Ɣeyiɣi kae nàte ŋu aɖo ɖi koŋ na Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃?
Nu ka tae wònyo be nànɔ dzadzram ɖo ɖe miaƒe Biblia me dzodzro ɖe sia ɖe ŋu do ŋgɔ?
KU NU ME TSO NYATIA ŊU
Kpɔ aɖaŋuɖoɖo vovovo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be Biblia xexlẽ naɖe vi geɖe na wò.
“Ale Si Nàwɔ Biblia Xexlẽ Naɖe Vi Geɖe Na Wò” (Gbetakpɔxɔ No. 1 2017)
Xlẽ nu tso mɔ vovovo etɔ̃ siwo dzi nàte ŋu ato axlẽ Biblia la ŋu.
“Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 1: Ale Si Nàxlẽ Wò Bibliae” (Nyati sia le jw.org)
Xlẽ nu tso ale si nàwɔ ase vivi na Biblia xexlẽ la ŋu.
“Viɖe Kae Makpɔ Tso Biblia Xexlẽ Me?—Akpa 2 Lia: Na Biblia Xexlẽ Navivi Nuwò” (Nyati sia le jw.org)
Le video sia me la, àse nusɔsrɔ̃ ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo tso ame siwo le Biblia xlẽm ƒe geɖe ye nye esia la gbɔ.