Ðe Nède Dzi Ƒo na Ame aɖe le Ŋkeke Siawo Mea?
ELENA xɔ ƒe 17 esime ɖɔktawo kpɔe be azigolo me dɔdzẽ nɔ eŋu. Eva hiã be Elena dada, Mari, nakpe akɔ kple dzikatsoƒoe si via ƒe vevesese helĩhelĩ dona nɛ.
Mlɔeba woɖe Elena yi kɔ aɖe dzi le Madrid, Spain, si didi kilometa 1,900 tso eƒe aƒe si le Canary Ƒukpowo dzi gbɔ. Ðɔktawo ƒe ha aɖe lɔ̃ le Madrid be yewoawɔ dɔ nɛ ʋumadomadoe. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Gake esi wodze ekoko gɔme sẽ ko la, eva dze ƒã be Elena ƒe dɔa awui godoo. Dɔdzẽa kaka ɖe lãme nɛ xoxo, eye amekolawo mate ŋu awɔ naneke le eŋu o. Elena ku le woƒe Madrid ɖoɖo ŋkeke enyi megbe.
Mele be Mari ɖeka nadze ŋgɔ nɔnɔme sesẽ ma o. Kristotɔ hamemegã eve xe woa ŋutɔwo ƒe ʋudzɔ kplɔ eya kple viaŋutsu tsitsitɔ ɖo yi Madrid eye wonɔ afima vaseɖe esime Elena ku. Mari ɖe eme be: “Wokpe ɖe ŋunye medo dzi le ƒuƒlutsitsi vevie si nɔ menye la me. Nyemaŋlɔ dzideƒo si wonam be akpɔ gbeɖe o. Alɔ si wodom le gbɔgbɔ me kple kpekpeɖeŋu nyui si wonam la tɔgbe meli o. ‘Sitsoƒe’ ŋutɔŋutɔ wonye ‘tso ya nu.’”—Yesaya 32:1, 2.
Edzea Yehowa ŋu be alẽkplɔla lɔ̃amewo abe esiawo ene léa be na yeƒe alẽwo lɔlɔ̃tɔe alea gbegbe. (Lododowo 19:17; Petro I, 5:2-4) Gake menye hamemegãwo dzaa si koe mɔnukpɔkpɔ le be woade dzi ƒo na amewo o. Kristotɔwo katã kpea ta xɔa gbɔgbɔmenufiame ‘hedea dzi ƒo na wo nɔewo.’ (Hebritɔwo 10:24, 25) Kristotɔwo ƒe hadede ƒe akpa vevi aɖee dzideƒoname nye.
Nukae Dzideƒoname Bia?
Alesi seƒoƒo dzeani lua xe ne womede tsii o la, nenemae amewo hã—le ƒomea kple hamea siaa me—ate ŋu awɔ sũ ne womede dzi ƒo na wo o. Le go bubu me la, dzideƒoname ɖe ɣeyiɣi dzi ate ŋu ado ŋusẽ amesiwo dze ŋgɔ tetekpɔwo, ade dzo blanuilélawo me, ahado ŋusẽ amesiwo le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.
Dzifafa na ame, nuxɔxlɔ̃ ame, kple akɔfafa na ame hã le Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzideƒoname” la me. Eyata dzideƒoname mese ɖe gbɔgblɔ na ame be ele agbagba dzem ko dzi o. Alɔdodo ame ŋutɔŋutɔ kple kpekpe ɖe eŋu le gbɔgbɔ me hã ate ŋu anɔ eme.
Le nyateƒe me la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dzideƒoname” gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔe nye “amekpekpe be woanɔ ame gbɔ.” Zɔzɔ aduadu kple míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo akpe ɖe mía ŋu míakpe ɖe wo ŋu enumake ne ɖeɖi te wo dometɔ aɖe ŋu alo ne ekli nu. (Nyagblɔla 4:9, 10) Dzidzɔtɔe la, Yehowa ƒe amewo ‘tsɔa nusɔsɔ subɔnɛ.’ (Zefanya 3:9) Eye apostolo Paulo yɔ Kristotɔ aɖe be “hanyedɔwɔla vevi.” (Filipitɔwo 4:3) Dɔwɔwɔ ɖekae le kɔkuti ma ke te to nusɔsɔe tsɔtsɔ subɔe me la wɔa agba la wodzoe, vevietɔ na amesiwo mesẽ ŋu le gbɔgbɔ me o.—Tsɔe sɔ kple Mateo 11:29.
Wode Dzi Ƒo Na Amewo
Esi dzideƒoname le vevie alea gbegbe ta la, mina míadzro eŋuti kpɔɖeŋu aɖewo me le Ŋɔŋlɔawo me. Esi Mawu ƒe nyagblɔɖila Mose ƒe ku nɔ aƒe tum la, Yehowa de dɔ asi na Yosua be wòakplɔ Israel-viwo. Menye dɔ vie wònye o, Mose ŋutɔ hã nya nyuie. (Mose IV, 11:14, 15) Eyata Yehowa gblɔ na Mose be ‘wòade gbe asi na Yosua, ade dzi ƒo nɛ, ahado ŋusẽe.’—Mose IV, 3:28.
Le Israel-ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli la, Yefta vinyɔnu lɔ̃ faa wɔ ɖe fofoa ƒe adzɔgbeɖeɖe dzi esi wòtsɔ eƒe vidziŋutete ke bene wòasubɔ le Yehowa ƒe kɔkɔeƒe la me. Ðe woŋe aɖaba ƒu eƒe ɖokuitsɔtsɔna la dzia? Ao, elabena Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:40 gblɔ be: “Israel-nyɔnuviwo yina ɖafaa Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu ŋkeke ene le ƒe ɖeka me.” Sasrãkpɔ siawo anya de dzi ƒo na Yefta ƒe vinyɔnu si tsɔ eɖokui na la ŋutɔ.
Dzidede ƒo na ame bia be woasẽ ŋkume ɣeaɖewoɣi. Wotsi tre ɖe apostolo Paulo ŋu vevie le Asia Sue ƒe dugã geɖe me le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me. Wonyãe le Antioxia, wowui kloe le Ikonio, woƒu kpee le Listra eye wogblẽe ɖi hebu xaa bena eku. Gake emegbe kpuie la, Paulo kple eƒe zɔhɛwo trɔ yi du siawo me “hele ŋusẽ dom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.” (Dɔwɔwɔwo 14:21, 22) Paulo nɔ klalo be yeatsɔ yeƒe agbe ade afɔku me bene yeade dzi ƒo na nusrɔ̃la yeye siawo.
Gake menye nusrɔ̃la yeyewo koe nye Kristotɔ siwo hiã dzideƒo o. Ƒe aɖewo megbe la, Paulo zɔ mɔ sesẽ aɖe yi Roma, afisi wodrɔ̃ ʋɔnui le. Ðewohĩ dzi ɖe le eƒo esi wòte tu dua. Gake esi wòɖo teƒe aɖe si didi kilometa 74 le Roma ƒe dzieheɣedzeƒekpa dzi la, dzi ɖo eƒo. Nukatae? Elabena nɔvi siwo tso Roma la va kpee le Apiforo kple Tretaberne ƒe asime ke. “Esi Paulo kpɔ wo la, eda akpe na Mawu, eye wòlé dzi ɖe ƒo.” (Dɔwɔwɔwo 28:15) Le nudzɔdzɔ siawo tɔgbe me la, míaƒe afimanɔnɔ ɖeɖe dzaa ate ŋu ade dzi ƒo na haxɔsetɔwo geɖe.
Zã Mɔnukpɔkpɔwo Nàde Dzi Ƒo Na Amewo
Le nyateƒe me la, mɔnukpɔkpɔ geɖe li be míade dzi ƒo na amewo. Ðe sukuvi ƒe nuƒo si nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe ƒo nyuie le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la ʋã dzi na wòa? Ðe wòdzɔa dzi na wò be ƒewuivi siwo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me le hamea mea? Ðe ame tsitsiwo ƒe dzidodo wɔa dɔ ɖe dziwòa? Ðe alesi mɔɖela aɖe zã Biblia le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me nya kpɔ na wòa? Ekema kafu wo, eye nàgblɔ dzideƒonamenya aɖe na wo.
Dzideƒoname wɔa akpa vevi aɖe le ƒomea kple hamea siaa me. Ate ŋu akpe ɖe dzilawo ŋu woanyi wo viwo le “[Yehowa] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Gbɔgblɔ na ɖevi be edze agbagba ŋutɔ ahaɖe nusitae me nɛ la, ade dzi ƒo nɛ vevie! Dzideƒoname ɣesiaɣi le vevie le ƒewui siwo me ɖeviwo dzea ŋgɔ tetekpɔ kple nyaƒoɖeamenu geɖe le la me.
Dzideƒo makpɔmakpɔ le ɖevime ate ŋu agblẽ nu geɖe. Egbea Michael si nye Kristotɔ hamemegã la lɔ̃a ame ŋutɔ, gake egblɔ be: “Fofonye megblɔ nam zi ɖeka teti kpɔ be mewɔ nane nyuie o. Eyata nyemede asixɔxɔ ɖokuinye ŋu o metsɔ tsii. . . . Togbɔ be mexɔ ƒe 50 fifia hã la, ne nɔvinyewo gblɔ nam be mele hamemegã ƒe dɔa wɔm nyuie la, edzea ŋunye ŋutɔ. . . . Nye ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ fia alesi wòle vevie be woade dzi ƒo na ame bubuwoe lam, eye mekua kutri be made dzi ƒo na amewo.”
Amekawoe Hiã Dzideƒo?
Kristotɔ hamemegã siwo le dɔ dzi vevie dze be woade dzi ƒo na wo. Paulo ŋlɔe be: “Míele kuku ɖem na mi, nɔviwo: Midze si amesiwo wɔa dɔ vevi le mia dome, eye wonɔ mia nu le Aƒetɔ la me, eye woxlɔ̃a nu mi la, eye bena miabu wo geɖe ŋutɔ le lɔlɔ̃ me le woƒe dɔwɔwɔ la ta.” (Tesalonikatɔwo I, 5:12, 13) Ele bɔbɔe be míabu hamemegãwo ƒe dɔsesẽwɔwɔ nu tsɛe. Gake ŋudzedzekpɔkpɔ kple dzideƒo nyawo gbɔgblɔ na wo ate ŋu ana woƒe agba la nanɔ wodzoe wu.
Amesiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom le mía dome hã hiã dzideƒo. Biblia ɖo aɖaŋu be: “Mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Dzila ɖekɛwo, ahosiwo, ƒewuiviwo, ame tsitsiwo, kple gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo le amesiwo ate ŋu alé blanui alo agbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ɣeaɖewoɣi la dome.
María nye nyɔnu Kristotɔ si srɔ̃a gblẽ ɖi kpata. Egblɔ be: “Medina be maku ɣeaɖewoɣi abe alesi Hiob dii ene. [Hiob 14:13] Gake nyemena ta o le dzi siwo wode ƒo nam ta. Hamemegã eve siwo menya nyuie la tsɔ gaƒoƒo geɖe kpe ɖe ŋunye mekpɔ alesi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi yiyi ade dzinyee. Nɔvinyɔnu eve siwo sea nu gɔme na ame hã fa dzi nam, woɖoa tom dzigbɔɖitɔe ne mele nye dzimenya gblɔm na wo. Wozã Biblia tsɔ kpe ɖe ŋunye mekpɔ nuwo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene. Nyemenya zi nenie míexlẽ Psalmo 55:23 o, gake menya be esi mewɔ mawunyakpukpui sia ŋudɔ la, mehaya vivivi le gbɔgbɔ kple seselelãme gome. Nusiawo katã dzɔ ƒe 12 enye sia, eye edzɔ dzi nam be magblɔ be mele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi vaseɖe fifia. Dzidzeme kple dzidzɔ le nye agbenɔnɔ me, togbɔ be seselelãmekuxiwo ɖea fu nam ɣeaɖewoɣi hã. Mekpɔe be dzideƒoname le ɣeyiɣi siawo tɔgbe me ate ŋu akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe ame dzi le eƒe agbe me.”
Ame aɖewo hiã dzideƒo le esi wowɔ vodada eye wole agbagba dzem fifia be woaɖɔ wo ɖo ta. Ðewohĩ woka ŋkume na wo lɔlɔ̃tɔe. (Lododowo 27:6) Hamemegã siwo ka ŋkume na wo la anɔ ŋudzɔ akafu wo ne wokpɔ be wole Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖoawo dzi wɔm. Woƒe dzideƒonamenya aɖe vi eve—aɖo kpe woƒe lɔlɔ̃ dzi na nuvɔ̃wɔla la bene ‘wòagalé blanui akpa o’ eye aɖo ŋku viɖe siwo le aɖaŋuɖoɖoawo dzi wɔwɔ me dzi nɛ.—Korintotɔwo II, 2:7, 8.
Hamemegã aɖe da vo gã aɖe eye dzikpɔkpɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ge le esi le hamea me. Egblɔ be: “Esi woɖe gbeƒãe be woxɔ hamemegãnyenye le asinye la, mesusu be ne mele nɔviawo gbɔ la, woƒe dzi madze eme o. Gake hamemegãawo mekɔ nu le nusi mewɔ dzi kura o eye wodea dzi ƒo nam. Hamea me tɔ mamleawo hã ɖe lɔlɔ̃ kple havilɔlɔ̃ fiam, esia koŋue na mehaya le gbɔgbɔ me kabakaba.”
De Dzi Ƒo na Amewo
Esi míede vovo ge le agbe me dokpoe ta la, míate ŋu aŋe aɖaba ƒu dzideƒoname dzi bɔbɔe. Gake aleke gbegbe wòahaɖe vi enye si! Be nàte ŋu ade dzi ƒo na ame nyuie la, ele be nu eve nanɔ susu me na wò. Gbã, bu nya si nàgblɔ ŋu ale be wò dzideƒoname naku ɖe nane ŋu tẽ. Evelia, di mɔnukpɔkpɔ nàte ɖe amesi dze kafukafu alo amesi wòhiã be woatu ɖo la ŋu.
Zi alesi nèwɔa nusia edziedzii la, zi nenemae nàkpɔ dzidzɔ wu. Yesu ka ɖe edzi na mí be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne èdea dzi ƒo na ame bubuwo la, àdee na ɖokuiwò hã. Nukata màwɔe wò taɖodzinu ade dzi ƒo na ame aɖe gbesiagbe o?