INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 1/15 axa 20-23
  • Akɔfafa Kple Dzideƒo—Nu Xɔasiwoe Wonye le Go Geɖe Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Akɔfafa Kple Dzideƒo—Nu Xɔasiwoe Wonye le Go Geɖe Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • To Ame Ŋutɔ ƒe Ƒomedodo Kpli Mawu Me
  • To Mawu ƒe Nya la Sɔsrɔ̃ le Mía Ðokui Si Me
  • To Hamea Dzi
  • To “Dɔla Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” la Dzi
  • ‘Mifa Akɔ Na Konyifalawo Katã’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Mifa Akɔ Na Amesiwo Le Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ale Si Mawu Faa Akɔ Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Akɔfafa Na Ame Siwo Ŋu Wowɔ Gbɔdɔnuwo Ðo Le Ðevime
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 1/15 axa 20-23

Akɔfafa Kple Dzideƒo—Nu Xɔasiwoe Wonye le Go Geɖe Me

MÍA dometɔ geɖe to ɣeyiɣi siwo me míese le mía ɖokui me be míeda ahe ŋutɔ la me kpɔ—menye gamanɔamesi o ke boŋ nue te ɖe mía dzi. Mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí, eye nu te ɖe mía dzi vevie gɔ̃ hã. Gake le ɣeyiɣi siawo tɔgbe me la, ɖewohĩ nu xɔasi aɖe anɔ anyi si akpe ɖe mía ŋu geɖe. “Kpe xɔasi” mae nye dzideƒo.

Le Biblia me la, Helagbe me nya ma kee wozã na “de dzi ƒo” kple “fa akɔ.” Dzideƒoname, ŋusẽdoame, alo mɔkpɔkpɔ nana ame ƒe susu dze le nya eveawo siaa me. Ekema edze ƒã be akɔfafa kple dzideƒo ye nye nusiwo tututu hiã mí ne míese le mía ɖokui me be míegbɔdzɔ alo míelé blanui. Afikae míate ŋu akpɔ wo le?

Biblia na kakaɖedzi mí be Yehowae nye “akɔfafawo katã ƒe Mawu.” (Korintotɔwo II, 1:3) Egblɔ na mí hã be “mele adzɔge tso mía dome amesiame gbɔ . . . o.” (Dɔwɔwɔwo 17:27) Eyata míate ŋu akpɔ akɔfafa kple dzideƒo. Mina míade ŋugble le mɔ ene siwo dzi koŋ Yehowa tona dea dzi ƒo na mí ŋu kpɔ.

To Ame Ŋutɔ ƒe Ƒomedodo Kpli Mawu Me

Akɔfafatsoƒe gãtɔ kekeakee nye ame ŋutɔ ƒe ƒomedodo kple Yehowa Mawu. Nyateƒe si wònye be ele bɔbɔe be míatu ƒomedodo sia ɖo gɔ̃ hã dea dzi ƒo na ame. Gake xexemedziɖula kae aɖo to mí le telefon dzi alo eya ŋutɔ natsɔ ɖe le míaƒe kuxiwo me? Yehowa tri akɔ wu amegbetɔ siawo sã. Ke hã ebɔbɔa eɖokui—si de ŋgɔ wu alesi wòlɔ̃ faa be yeawɔ nu kple amegbetɔ tsɛ madeblibowoe. (Psalmo 18:36) Yehowa tre mí lɔlɔ̃ gɔ̃ hã. Yohanes I, 4:10 gblɔ be: “Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo míelɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa tea mí ɖe Via ŋu lɔlɔ̃tɔe.—Yohanes 6:44.

Ðe nèwɔ nu ɖe enu hedi akɔfafa tso xɔlɔ̃dzedze Mawu mea? (Tsɔe sɔ kple Yakobo 2:23.) Le kpɔɖeŋu me, ne xɔlɔ̃ lɔlɔ̃tɔ aɖe le asiwò la, ɖe mevivia nuwò be mia kplii ɖeɖe mianɔ anyi, nàƒo nu tso wò dzimaɖitsitsiwo kple kuxiwo kpakple wò mɔkpɔkpɔwo kple dzidzɔ ŋu nɛ oa? Yehowa kpe wò be nàwɔ nenema kpli ye. Meɖo seɖoƒe le ɣeyiɣi didime si nàtsɔ aƒo nu kplii le gbedodoɖa me ŋu o—eye eɖoa to vevie hã. (Psalmo 65:3; Tesalonikatɔwo I, 5:17) Yesu do gbe ɖa vevie edziedzi. Le nyateƒe me la, hafi wòatia eƒe apostolo 12-awo la, edo gbe ɖa zã blibo katã.—Luka 6:12-16; Hebritɔwo 5:7.

Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ ɖoɖo le ɣeyiɣi aɖewo dzi be ye ɖeɖe yeanɔ Yehowa gbɔ. Anyinɔnɔ kpoo ɖe fesre nu alo azɔlizɔzɔ bɔkɔɔ ate ŋu anye mɔnukpɔkpɔ nyui si me míate ŋu aʋu míaƒe dzime na Yehowa le. Ema wɔwɔ ate ŋu ana gbɔdzɔe kple akɔfafa geɖe mí. Ne míelea ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ ƒe akpa aɖewo ŋu esime míele ŋugble dem—ne dziŋgɔli ƒe akpa sue aɖe, ati alo xevi aɖewo koe hã la—míate ŋu akpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme na mí ƒe ŋkuɖodzinya fakɔname aɖewo tso eme.—Romatɔwo 1:20.

To Mawu ƒe Nya la Sɔsrɔ̃ le Mía Ðokui Si Me

Gake Biblia sɔsrɔ̃ le mía ɖokui si mee míetona nyaa nu tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu ŋutɔŋutɔ. Biblia ɖee fia edziedzi be Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve . . . sɔ gbɔ.” (Mose II, 34:6; Nexemya 9:17; Psalmo 86:15) Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa vevi aɖee nye eƒe didi be yeafa akɔ na ye subɔla siwo le anyigba dzi.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le Yehowa ƒe nya siwo le Yesaya 66:13 ŋu kpɔ: “Alesi ŋutsu aɖe dada fa akɔ nɛ la, nenema mafa akɔ na mii.” Yehowa wɔe be ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ nanɔ vidada si na viawo. Ne èkpɔ vidada lɔlɔ̃tɔ aɖe si le akɔ fam na via si nuvevi wɔ kpɔ la, ànya nusi Yehowa wɔnɛ esi wògblɔ be yeafa akɔ na yeƒe amewo.

Biblia me nuŋlɔɖi geɖe ɖe alesi wofa akɔ na amewo aleae fia. Esime Fianyɔnu Yezebel vɔ̃ɖi la tsɔ ku do ŋɔdzi na nyagblɔɖila Eliya la, vɔvɔ̃ ɖoe eye wòsi ɖe eƒe agbe ta. Mɔkpɔkpɔ bu ɖee ale gbegbe be ezɔ ŋkeke ɖeka ƒe mɔ yi gbedzi, eye edze ƒã be metsɔ tsi alo nuɖuɖu ɖe asi o. Eliya tsi dzodzodzoe ale gbegbe be wògblɔ na Yehowa be yedi be yeaku. (Fiawo I, 19:1-4) Nukae Yehowa wɔ tsɔ fa akɔ na eƒe nyagblɔɖila la hede dzi ƒo nɛ?

Yehowa meka mo na Eliya be nukata wòse akogotsitsi, viɖemanɔameŋu, kple vɔvɔ̃ le eɖokui me hã o. Ke boŋ nyagblɔɖila la se “gbe ɖɔɖɔe fatu aɖe.” (Fiawo I, 19:12, NW) Ne èxlẽ Fiawo I, ta 19 la, àkpɔ alesi Yehowa fa akɔ na Eliya, wòna dzidzeme, eye wòdo ŋusẽ eƒe xɔsee. Menye ameŋkumenue akɔfafa sia nye o. Eɖo Eliya ƒe dzi si nɔ nu xam la gbɔ tẽ, eye wòde dzi ƒo na nyagblɔɖila la be wòayi dɔ dzi. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 40:1, 2.) Eteƒe medidi o, egadze dɔ gɔme ake.

Yesu Kristo hã faa akɔ na eyomedzela nuteƒewɔlawo hedea dzi ƒo na wo. Le nyateƒe me la, Yesaya gblɔ ɖi le Mesia la ŋu be: “Aƒetɔ Yehowa [ɖom] ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, . . . ne mafa akɔ na konyifalawo katã.” (Yesaya 61:1-3) Le Yesu ƒe agbenɔɣi la, ena eme kɔ ƒã be ye ŋue nya siawo ku ɖo. (Luka 4:17-21) Ne èse le ɖokuiwò me be yehiã akɔfafa la, de ŋugble le alesi Yesu wɔ nu le tufafa kple lɔlɔ̃ me ɖe amesiwo se veve eye nu nɔ wo hiãm la ŋu. Nyateƒee, Biblia sɔsrɔ̃ nyuie nye akɔfafa kple dzideƒo tsoƒe gã aɖe.

To Hamea Dzi

Akɔfafa kple dzideƒo ƒe nuxɔasinyenye dzena le mɔ geɖe nu le Kristo-hamea me. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Mifa akɔ na mia nɔewo, eye mido ŋusẽ mia nɔewo.” (Tesalonikatɔwo I, 5:11) Aleke míakpɔ akɔfafa kple dzideƒo le hamea ƒe kpekpewo mee?

Le nyateƒe me la, míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo ale be ‘Yehowa nafia nu’ mí, be míaxɔ mɔfiame le eyama kple eƒe mɔwo ŋuti. (Yohanes 6:45) Wotrɔ asi le nufiame sia ŋu be wòade dzi ƒo na mí ahafa akɔ na mí. Míexlẽ le Dɔwɔwɔwo 15:32 be: “Yuda kple Sila . . . xlɔ̃ nu nɔviawo kple nya geɖewo; eye wodo ŋusẽ wo.”

Edzɔ ɖe dziwò kpɔ be dzi ɖe le ƒowò nètsɔ yi Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖee eye esi nètrɔ va aƒeme la, ŋusẽ ɖo ŋuwò wua? Ðewohĩ nya aɖe si wogblɔ le nuƒo, nyaŋuɖoɖo, alo le gbedodoɖa aɖe mee ʋã wò dzi eye wòna nèkpɔ akɔfafa kple dzideƒo si hiã wò. Eyata mègada Kristotɔwo ƒe kpekpewo ƒu o.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Hadede kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le subɔsubɔdɔa me kple le ɣeyiɣi bubuwo dzi ate ŋu awɔ dɔ ma ke ɖe mía dzi. Le Hebrigbe me la, dɔwɔnya geɖe siwo gɔmee nye “be woabla nu ɖekae” la gafia “ŋusẽ” alo “ŋusẽdodo” hã—susu si dze le wo mee nye be nuwo sẽna wu ne wobla wo katã ƒo ƒu. Gɔmeɖose sia nye nyateƒe le hamea me. Ne míeƒo ƒu ɖekae la efaa akɔ na mí, edea dzi ƒo na mí, ẽ, edoa ŋusẽ mí. Eye ena míewɔa ɖeka le lɔlɔ̃ si nye nublanuwo ƒe sesẽtɔ kekeake la me.—Kolosetɔwo 3:14.

Ɣeaɖewoɣi la, míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo ƒe nuteƒewɔwɔe dea dzi ƒo na mí. (Tesalonikatɔwo I, 3:7, 8) Ɣeaɖewoɣi la, lɔlɔ̃ si woɖena fianae. (Filemon 7) Eye ɣeaɖewoɣi dɔwɔwɔ ɖekae kple mía nɔewo aduadu ne míele nu ƒom tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na ame bubuwo ye. Ne ègbɔdzɔ eye nèhiã dzideƒo le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la, nukata màwɔ ɖoɖo awɔ dɔ kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela tsitsi alo amesi kpɔ nuteƒe wu o? Àkpɔ akɔfafa geɖe atso eme godoo ne èwɔe nenema.—Nyagblɔla 4:9-12; Filipitɔwo 1:27.

To “Dɔla Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” la Dzi

Amekae wɔa ɖoɖo ɖe míaƒe tadeagudɔ fakɔnameawo ŋu? Yesu tia habɔbɔ aɖe si wòɖo wònye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” be wòana gbɔgbɔ me “nuɖuɖu . . . le ɣeyiɣi nyui dzi.” (Mateo 24:45) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ƒe ƒuƒoƒo sia nɔ dɔ wɔm xoxo. Hamemegãwo ƒe dziɖuha si nɔ Yerusalem la ɖo lɛta siwo me mɔfiame kple aɖaŋuɖoɖo le ɖe hameawo. Nukae do tso eme? Woŋlɔ alesi hameawo wɔ nu ɖe lɛta siawo dometɔ ɖeka ŋu ɖe Biblia me be: “Esi woxlẽe la, wodzɔ dzi le akɔfafa la ŋuti.”—Dɔwɔwɔwo 15:23-31.

Nenema kee egbea hã dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela le gbɔgbɔmenuɖuɖu si naa akɔfafa kple dzideƒo la nam Yehowa ƒe amewo. Nu mae nèɖunaa? Ebɔ ɖe agbalẽ tata siwo dɔla ƒe habɔbɔa mãna ɖe xexeame katã la me. Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo kpakple agbalẽ, agbalẽ gbadza, kple trakt siwo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa tana la fa akɔ na exlẽla gbogboawo.

Dzikpɔla mɔzɔla aɖe ŋlɔ bena: “Mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu akpa gãtɔ dina be yewoawɔ nu nyui, gake zi geɖe la, wowɔa avu kple dziɖeleameƒo, vɔvɔ̃, kple seselelãme si nye be ŋusẽ mele yewo ŋu yewoakpe ɖe yewo ɖokui ŋu o. Míaƒe magazineawo me nyatiwo le kpekpem ɖe ame geɖe ŋu wogava le ŋusẽ kpɔm ɖe woƒe agbenɔnɔ kple seselelãmewo dzi. Nyatiawo na hamemegãwo te ŋu gblɔa nya si de ŋgɔ wu dzideƒo dzro ko.”

Wɔ agbalẽ siwo tso dɔla nuteƒewɔla ƒe ha gbɔ la ŋudɔ bliboe. Magazinewo, agbalẽwo, kple agbalẽ bubu siwo sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ akɔfafa ne ɣeyiɣiawo sesẽ. Gake ne wòe ade dzi ƒo na amesi dzi nu te ɖo la, ke zã Ŋɔŋlɔawo me nya siwo le magazine siawo me. Woŋlɔa nyatiawo le ŋuɖɔɖo blibo me, zi geɖe le kwasiɖa alo ɣleti geɖe ƒe numekuku, nusɔsrɔ̃, kple gbedodoɖa vevie megbe. Biblia mee aɖaŋuɖoɖoa tso, wodoe kpɔ eye wonye nyateƒe. Ame aɖewo kpɔe be enyo be yewoaxlẽ nyati ɖeka alo eve si sɔ la kple amesi dzi nu te ɖo. Esia ate ŋu ana akɔfafa kple dzideƒo geɖe amea.

Ne èke ɖe kpe xɔasiwo ŋu la, ɖe nàtsɔ wo adzra ɖoa, alo àna kesinɔnu si nèkpɔ la ƒe ɖe ame bubuwo dɔmenyotɔea? Ðoe wò taɖodzinu be yeanye akɔfafa kple dzideƒo tsoƒe na nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo le hamea me. Ne ètua ame ɖo tsɔ wu be nàgblẽ ame ŋu, ne èkafua ame tsɔ wu be nàɖe ɖeklemii, ne ètsɔa “nusrɔ̃viwo ƒe aɖe” ƒoa nui tsɔ wu ‘nuŋumabumabu ƒe yitɔame’ la, ke àte ŋu ana ame bubuwo ƒe agbenɔnɔ nanyo wu. (Yesaya 50:4; Lododowo 12:18) Nyateƒee, woabu wò ŋutɔ hã abe kpe xɔasi ene—akɔfafa kple dzideƒo vavãtɔ tsoƒe!

[Aɖaka si le axa 20]

Akɔfafa na Amesiwo Hiã Tu

AME geɖe ƒo nu tso alesi Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyati aɖewo na ƒomedodo kplikplikpli va le wo kple Yehowa dome wui ŋu. Ðeka gblɔ be: “Esi mexlẽ nyati sia vɔ la, mese le ɖokuinye me be Yehowa tsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ kple gãnyenye katã va nɔ gbɔnye tututu. Mese le ɖokuinye be enye ame ŋutɔŋutɔ.” Lɛta bubu gblɔ be: “Míaƒe dzi kple susu trɔ keŋkeŋ le alesi míebua Yehowae ŋu ale gbegbe be míegale abe tsã ene o. Ele abe ɖe ame aɖe tutu míaƒe gaŋkui dzi ene, eye fifia míete ŋu kpɔa nusianu nyuie ŋutɔ.”

Ame aɖewo ŋlɔ lɛta gblɔ alesi magazineawo kpe ɖe wo ŋu wokpɔ kuxi alo gbetɔame tɔxɛwo gbɔe, eye ema na woka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na yewo ŋutɔ. Exlẽla aɖe gblɔe ale: “Akpe na mi kakaka be miegana míekpɔ alesi gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eƒe amewo me helɔ̃ woe.” Nyɔnu aɖe si le Japan si ƒe vi ku la gblɔ nya sia le Nyɔ! me nyati siwo ku ɖe nya ma ŋu la ŋuti be: “Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ dze le agbalẽa me, eye avi dzi ko menɔ. Meda nyati siawo ɖe afisi mate ŋu akpɔ wo le axlẽ enumake ne melé blanui hetsi akogo.” Nyɔnu bubu si nɔ nu xam la ŋlɔ bena: “Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyatiwo kple agbalẽ gbadza si nye “Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku” do ŋusẽ si mehiã lam be mate ŋu ato nye nuxaɣiawo me.”

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawoe nye akɔfafatsoƒe vevitɔ. (Romatɔwo 15:4) Gbetakpɔxɔ wɔa ɖeka kple Biblia abe eƒe ŋusẽ ene, eye nenema kee nye eƒe kpeɖeŋutɔ Nyɔ! hã. Esia na magazine siawo zu akɔfafa kple dzideƒo tsoƒe na wo xlẽlawo.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Akɔfafawo katã ƒe Mawu la nye Gbedodoɖasela hã

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe