‘Mifa Akɔ Na Konyifalawo Katã’
“Yehowa si ami nam, be . . . mafa akɔ na konyifalawo katã.”—YES. 61:1, 2.
1. Nu kae Yesu wɔ na konyifalawo, eye nu ka tae?
YESU KRISTO gblɔ be: “Nye nuɖuɖu ye nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye be mawu eƒe dɔ la nu.” (Yoh. 4:34) Esi Yesu nɔ dɔ si Mawu de asi nɛ la wɔm la, eɖe Fofoa ƒe nɔnɔme nyuiwo fia. Esiawo dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si na amewo. (1 Yoh. 4:7-10) Apostolo Paulo de dzesi mɔ aɖe si nu lɔlɔ̃ ma dze le esi wòyɔ Yehowa be ‘akɔfafawo katã ƒe Mawu.’ (2 Kor. 1:3) Yesu ɖe lɔlɔ̃ ma tɔgbi fia esi wòwɔ nya siwo wogblɔ ɖi le Yesaya ƒe agbalẽa me la dzi. (Mixlẽ Yesaya 61:1, 2.) Yesu xlẽ nyagblɔɖinya ma ƒe akpa aɖe le ƒuƒoƒe aɖe le Nazaret, eye wògblɔ be eku ɖe ye ŋu. (Luka 4:16-21) Yesu fa akɔ na konyifalawo lɔlɔ̃tɔe, ede dzi ƒo na wo eye wòna woƒe dzi dze eme le eƒe subɔsubɔdɔa katã me.
2, 3. Nu ka tae wòle be Kristo yomedzelawo nasrɔ̃ eyama le akɔfafa na amewo me?
2 Ele be Yesu yomedzelawo katã nasrɔ̃ eyama le akɔfafa na ame siwo le konyi fam la me. (1 Kor. 11:1) Paulo gblɔ be: “Miyi edzi mianɔ akɔ fam na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo.” (1 Tes. 5:11) Egbea si ameƒomea le “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” me tom lae wòle be míafa akɔ na amewo geɖe wu. (2 Tim. 3:1) Dzi anukwaretɔ gbogbo aɖewo le xexea me, siwo le ame siwo ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo doa vevesese na ame, gbãa dzi na ame, eye wonaa ame léa blanui la dome.
3 Abe ale si Biblia gblɔe ɖii ene la, le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛ siawo me la, ame geɖe nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.” Nɔnɔme siawo le fievo dom ɖe edzi egbea, elabena “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo [le] vɔ̃ɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.”—2 Tim. 3:2-4, 13.
4. Aleke xexea me ƒe nɔnɔme va le le míaƒe ŋkekea me?
4 Mele be esiawo katã nawɔ nuku na mí o, elabena Mawu ƒe Nya la na eme kɔ ƒãa be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (1 Yoh. 5:19) “Xexe blibo” si woyɔ la lɔ dunyahehe, subɔsubɔ, kple asitsatsa nuɖoanyiawo, kpakple mɔ siwo katã dzi Satana tona kakaa eƒe nukpɔsusuwo la ɖe eme. Ðikeke mele o be, esɔ nyuie be woyɔ Satana Abosam be “xexea dzi ɖula” kple “nuɖoanyi sia ƒe mawu.” (Yoh. 14:30; 2 Kor. 4:4) Nuwo yi edzi le gbegblẽm le anyigba katã dzi, elabena fifia Satana do dziku vevie, esi wònyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ ne Yehowa naɖe ye ɖa ta. (Nyaɖ. 12:12) Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míe nye esi be míanyae be, eteƒe madidi o, Mawu aɖe Satana kple eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ɖa, eye wòakpɔ nya si Satana fɔ ɖe te ku ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu la gbɔ!—1 Mose, ta 3; Hiob, ta 2.
Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyui La Le Anyigba Katã Dzi
5. Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la le eme vam le ŋkeke mamlɛ siawo me?
5 Le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe ɣeyiɣi sesẽ sia me la, nya si Yesu gblɔ ɖi la le eme vam. Egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mat. 24:14) Mawu Fiaɖuƒea ŋuti ɖaseɖiɖidɔ sia si wɔm wole le anyigba katã dzi la ƒo ɖe sia ɖe ta. Egbea la, Yehowa ƒe Ðasefo siwo wu 7,500,000, siwo le hame siwo wu 107,000 me le anyigba katã dzi la le gbeƒã ɖem tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, abe ale si ko Yesu hã wɔe ene. (Mat. 4:17) Gbeƒãɖeɖedɔ sia si wɔm míele egbea la le akɔ fam na ame siwo le konyi fam la geɖe ŋutɔ. Le ƒe eve siwo va yi ɖeɖe ko me la, ame 570,601 sɔŋ ye xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo!
6. Aleke nèse le ɖokuiwò me ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu?
6 Gbeƒãɖeɖedɔa le ta kekem ale gbegbe, elabena Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem hele wo mam le gbegbɔgblɔ siwo wu 500 me fifia. Nu sia tɔgbi medzɔ kpɔ le ŋutinya me o! Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ƒe anyinɔnɔ kple dɔ si wɔm wòle, kpakple ale si wòle dzidzedze kpɔmee la wɔ nuku vavã! Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la ƒe mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu manɔmee la, manya wɔ be nu siawo nadzɔ le xexe sia si le Satana ƒe ŋusẽ te la me o. Esi wole gbeƒã ɖem nya nyuia le anyigba la katã dzi ta la, menye mía nɔviwo koe Ŋɔŋlɔawo le akɔ fam na o, ke wole akɔ fam na konyifala siwo le Fiaɖuƒegbedeasia xɔm la hã.
Akɔfafa Na Mía Hati Tadeagulawo
7. (a) Nu ka tae míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be Yehowa naɖe nɔnɔme siwo doa nuxaxa na mí la katã ɖa fifia o? (b) Aleke míewɔ nya be míate ŋu ado dzi le yometitiwo kple xaxawo me?
7 Le xexe sia si me yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ kpakple fukpekpe me la, adzɔ godoo be míado go nɔnɔme siwo doa nuxaxa na ame. Míate ŋu akpɔ mɔ be Mawu naɖe nu siwo doa nuxaxa na mí alo naa míesea veve la katã ɖa fifia o, negbe ɖe wòtsrɔ̃ nuɖoanyi sia ɖa hafi. Gake fifia la, yometitiwo ado míaƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kpɔ ahaɖee afia nenye be míele eƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi hã. (2 Tim. 3:12) Esi mía Fofo si le dziƒo la kpe ɖe mía ŋu hefa akɔ na mí ta la, míate ŋu awɔ nu abe Kristotɔ amesiamina siwo nɔ blema Tesalonika, siwo do dzi le yometitiwo kple xaxawo me le xɔse me la ene.—Mixlẽ 2 Tesalonikatɔwo 1:3-5.
8. Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi kawoe ɖee fia be Yehowa faa akɔ na esubɔlawo?
8 Ðikeke mele eme o be Yehowa faa akɔ na esubɔlawo le woƒe hiahiã nu. Le kpɔɖeŋu me, esi Fianyɔnu Izebel vɔ̃ɖi la di be yeawu nyagblɔɖila Eliya la, dzi ɖe le nyagblɔɖilaa ƒo eye wòsi, eye wògblɔ kura gɔ̃ hã be yedi be yeaku. Gake Yehowa meka mo na Eliya o, ke boŋ efa akɔ nɛ eye wòde dzi ƒo nɛ be wòayi eƒe nyagblɔɖidɔa dzi. (1 Fia. 19:1-21) Nyateƒe si wònye be Yehowa faa akɔ na eƒe amewo la dze le nu siwo me Kristo hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me to la hã me. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽ nu tso ɣeyiɣi si me “hame si [nɔ] Yudea blibo la kple Galilea kpakple Samaria la ɖo ŋutifafa ƒe ɣeyiɣi aɖe me henɔ tutuɖo kpɔm” la ŋu. Gawu la, esi “[hame la nɔ] zɔzɔm le Yehowa vɔvɔ̃ kple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me ta la, eyi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi.” (Dɔw. 9:31) Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be “gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa” sua míawo hã si!
9. Nu ka tae nusɔsrɔ̃ tso Yesu ŋu ate ŋu afa akɔ na mí?
9 Esi mí Kristotɔwo míeva srɔ̃ nu tso Yesu Kristo ŋu eye míedzea eƒe afɔɖoƒewo yome ta la, esia faa akɔ na mí. Yesu gblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena ame fafa menye, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mat. 11:28-30) Ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui la sɔsrɔ̃ kple kpɔɖeŋu nyui siwo wòɖo ɖi sɔsrɔ̃ ɖeɖe dzaa kpena ɖe mía ŋu geɖe ŋutɔ míekpɔa gbɔdzɔe tso xaxa siwo vaa mía dzi me.
10, 11. Le hamea me la, ame kawoe ate ŋu afa akɔ na mí?
10 Hati Kristotɔwo hã ate ŋu afa akɔ na mí. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo le nɔnɔme donuxaxanamewo me tom ŋu la ŋu kpɔ. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Ðe mia dometɔ aɖe le [gbɔgbɔmedɔ] léma? Neyɔ hamemetsitsiwo woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta.” Nu kae ado tso eme? “Xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ aɖewo la, woatsɔe akee.” (Yak. 5:14, 15) Hamea me tɔ bubuwo hã ate ŋu afa akɔ na mí.
11 Enɔa bɔbɔe na nyɔnuwo be woagblɔ kuxi vovovo siwo me tom wole la na wo hati nyɔnuwo. Vevietɔ nɔvinyɔnu tsitsi kpɔnuteƒewo ɖoa aɖaŋu nyui geɖewo na nɔvinyɔnu ɖetugbuiwo. Anɔ eme be nyɔnu Kristotɔ siawo siwo tsi le gbɔgbɔ me la ŋutɔ hã to nɔnɔme mawo tɔgbi me le agbe me kpɔ. Woƒe veveseɖeamenu kple nyɔnuwo ƒe nɔnɔme nyui bubu siwo le wo si la ate ŋu akpe ɖe ɖetugbuiwo ŋu geɖe ŋutɔ. (Mixlẽ Tito 2:3-5.) Ɛ̃, ele be hamemetsitsiwo kple ame bubuwo naƒo “nu na luʋɔ siwo lé blanui [le mía dome] la akɔfafatɔe,” eye ele be woawɔe hã. (1 Tes. 5:14, 15) Anyo be wòanɔ susu me na mí be Mawu ‘fa akɔ na mí, be míafa akɔ na ame siwo le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom.’—2 Kor. 1:4.
12. Nu ka tae wòle vevie be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dem?
12 Mɔ vevi aɖe si dzi míato akpɔ akɔfafae nye be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo, afi si Biblia me numedzodzrowo dea dzi ƒo na mí le la, dem. Míexlẽe be Yuda kple Sila “[ƒo] nuƒo geɖe tsɔ de dzi ƒo na nɔviawo, eye wodo ŋusẽ wo.” (Dɔw. 15:32) Do ŋgɔ na kpekpeawo gɔmedzedze kple kpakpã vɔ megbe la, hamea me tɔwo ɖoa dze tuameɖowo kple wo nɔewo. Eya ta ne nɔnɔme donuxaxaname aɖe na míele fu kpem hã la, migana míaɖe mía ɖokuiwo ɖe aga o, elabena mana nɔnɔmea naka ɖe eme na mí o. (Lod. 18:1) Ke boŋ anyo wu be míawɔ ɖe aɖaŋu si gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖo la dzi be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom ta.”—Heb. 10:24, 25.
Na Mawu Ƒe Nya La Nafa Akɔ Na Wò
13, 14. Ðe ale si Ŋɔŋlɔawo ate ŋu afa akɔ na míi la me.
13 Míeɖanye Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo alo fifiae míedze nusɔsrɔ̃ tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu gɔme o, Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la ate ŋu afa akɔ na mí geɖe. Paulo ŋlɔ bena: “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta, bene to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Rom. 15:4) Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ate ŋu afa akɔ na mí eye woana ‘míadze bliboe, eye míanɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (2 Tim. 3:16, 17) Ne míenya tameɖoɖo si le Mawu si eye etsɔmemɔkpɔkpɔ vavã le mía si la, esia afa akɔ na mí godoo. Eya ta mina míawɔ Mawu ƒe Nya la kple Biblia srɔ̃gbalẽ siwo ate ŋu afa akɔ na mí eye woaɖe vi na mí le mɔ geɖewo nu la ŋu dɔ bliboe.
14 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le Ŋɔŋlɔawo zazã atsɔ afia nu amewo ahafa akɔ na wo me. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka, esi Yesu ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃la eve le eƒe tsitretsitsi megbe la, ‘eɖe Ŋɔŋlɔawo me na wo tsitotsito.’ Esi wònɔ nu ƒom na wo la, eƒe nyawo wɔ dɔ ɖe woƒe dzi dzi ale gbegbe. (Luka 24:32) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyuia sɔsrɔ̃ me la, apostolo Paulo hã ‘dzro Ŋɔŋlɔawo me kple amewo.’ Le Beroia la, eƒe nyaselawo “[tso] dzi me lɔ̃ faa xɔ nya la, eye wonɔa Ŋɔŋlɔawo me dzrom tsitotsito gbe sia gbe.” (Dɔw. 17:2, 10, 11) Aleke gbegbe wòsɔe nye esi be míanɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe, eye míana Biblia kple Kristotɔwo ƒe agbalẽ siwo wota be woafa akɔ na mí eye woana mɔkpɔkpɔ mí le ɣeyiɣi sesẽ siawo me la naɖe vi na mí!
Mɔ Bubu Siwo Dzi Míate Ŋu Ato Afa Akɔ Na Amewo
15, 16. Nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe mía nɔvi Kristotɔwo ŋu ahafa akɔ na wo la dometɔ aɖewo ɖe?
15 Míate ŋu ato mɔ vovovowo dzi afa akɔ na mía nɔvi Kristotɔwo. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu aɖi asi na haxɔsetɔ tsitsiwo kple mía nɔvi siwo dze dɔ. Míate ŋu akpe ɖe mía nɔvi bubuwo ŋu le woƒe aƒemedɔwo wɔwɔ me, eye míato esia me aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na wo. (Flp. 2:4) Ðewohĩ míate ŋu akafu wo ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo abe lɔlɔ̃, aɖaŋudzedze, dzinɔameƒo kple xɔse si woɖena fiana ta.
16 Le agbagbadzedze be míafa akɔ na ame tsitsiwo me la, míate ŋu asrã wo kpɔ, eye míaɖo to wo nyuie ne wole dze ɖom na mí tso nu siwo me woto va yi le agbe me kpakple yayra siwo su wo si le Yehowa subɔsubɔ me ŋu. Aleke gbegbe esia ade dzi ƒo na mí ahafa akɔ na míe nye esi! Míate ŋu axlẽ Biblia alo míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo na wo ne míeyi ɖasrã wo kpɔ. Ðewohĩ mía kpli wo míate ŋu asrɔ̃ nyati si me dzro ge míala le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ alo Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me le kwasiɖaa me la ɖekae. Míate ŋu awɔ ɖeka kpli wo akpɔ míaƒe DVD-awo dometɔ ɖeka. Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu axlẽ agbemeŋutinya dedziƒoname aɖewo tso míaƒe agbalẽwo me na wo alo aɖo dze tso wo ŋu na wo.
17, 18. Abe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ene la, nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu ahafa akɔ na mí?
17 Ne míede dzesii be mía nɔvi Yehowa subɔla aɖe hiã na akɔfafa la, míate ŋu ayɔ eŋkɔ le míawo ŋutɔwo ƒe gbedodoɖa me. (Rom. 15:30; Kol. 4:12) Esi míawo ŋutɔwo míetsɔ dzidodo le agbemekuxiwo me tom eye míedzea agbagba vevie be míafa akɔ na ame bubuwo la, xɔse kple kakaɖedzi si tɔgbi nɔ David si esime wòdzi ha be, “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; mana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o” la asu míawo hã si. (Ps. 55:23) Vavãe, Yehowa afa akɔ na mí ahakpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi, elabena magblẽ esubɔla wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o!
18 Mawu gblɔ na esubɔlawo le blema be: “Nyee, nyee nye ame si afa akɔ na mi.” (Yes. 51:12) Yehowa awɔ nenema ke na míawo hã, eye wòayra ɖe dɔ nyui siwo míewɔna kple nya nyui siwo míegblɔna esi míele akɔ fam na konyifalawo la dzi. Eɖanye dziƒomɔkpɔkpɔ alo anyigbadzimɔkpɔkpɔe le mía si o, nya si gbɔgbɔ ʋã Paulo wògblɔ na ehati Kristotɔ amesiaminawo la ate ŋu afa akɔ na mí. Egblɔ be: “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ŋutɔ kple Mawu, mía Fofo, ame si lɔ̃ mí, eye wòna akɔfafa mavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui to amenuveve dzi la, nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòana mianɔ te sesĩe le dɔ kple nya nyui ɖe sia ɖe me.”—2 Tes. 2:16, 17.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Aleke gbegbe dɔ si wɔm míele tsɔ le akɔ fam na konyifalawo la keke tae?
• Nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na amewo la dometɔ aɖewo ɖe?
• Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi kawoe ɖee fia be Yehowa faa akɔ na eƒe amewo?
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Ðe wò hã èfaa akɔ na konyifalawoa?
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Ðeviwo kple tsitsiawo siaa ate ŋu ade dzi ƒo na amewo