Ðo Ŋu Ðe Yehowa, ‘Akɔfafawo Katã Ƒe Mawu’ La Ŋu
‘Woayra mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu kple Fofo, ame si nye dɔmetɔtrɔwo Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la.’—2 KOR. 1:3.
1. Ƒe ka kee ame ɖaxɔ o, nu kae wòhiãna na zi geɖe?
TSO gbe si gbe wonya dzi mí ko la, ɣesiaɣi si míeɖo xaxa me la, míedina be woafa akɔ na mí. Ne vidzĩ aɖe hiã akɔfafa la, efaa avi. Ðewohĩ edi be woakɔ ye, alo dɔ le ewum. Ne míetsi kura gɔ̃ hã la, míegadina kokoko be woafa akɔ na mí. Míehiãa akɔfafa, vevietɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom.
2. Kakaɖedzi kae Yehowa na ame siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu?
2 Ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ate ŋu afa akɔ na mí va se ɖe afi aɖe. Gake ɣeaɖewoɣi la, amegbetɔ mate ŋu awɔ naneke le xaxa si me tom míele la ŋu o. Mawu ɖeɖe koe ate ŋu afa akɔ na mí le xaxa ɖe sia ɖe me. Eƒe Nya la na kakaɖedzi mí be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ . . . la gbɔ. . . . Esea woƒe ɣli.” (Ps. 145:18, 19) Ɛ̃, “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe ɣlidodo ŋu.” (Ps. 34:16) Gake hafi Mawu nakpe ɖe mía ŋu ahafa akɔ na mí la, ele be míaɖo ŋu ɖe eŋu. Hakpala David na esia dze ƒãa esi wòdzi ha be: “Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me. Ame siwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, mègblẽa ame siwo dia yowòme mɔ la ɖi o.”—Ps. 9:10, 11.
3. Aleke Yesu wɔ ale si Yehowa lɔ̃ Eƒe amewoe la ƒe kpɔɖeŋu?
3 Yehowa dea asixɔxɔ esubɔlawo ŋu. Yesu na esia me kɔ nyuie esi wògblɔ be: “Wodzraa atsutsrɔe atɔ̃ xɔa gaku eve siwo ƒe home le sue, menye nenemae oa? Ke hã, womeŋlɔa wo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã be le Mawu ŋkume o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã. Migavɔ̃ o; miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.” (Luka 12:6, 7) Yehowa gblɔ na eƒe dukɔ si nɔ anyi le blema la to nyagblɔɖila Yeremiya dzi be: “Metsɔ lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃ wò, eya ta meɖo amenuveve ɖi na wò didie alea.”—Yer. 31:3.
4. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi?
4 Míate ŋu akpɔ akɔfafa le xaxaɣiwo me ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu heka ɖe edzi be eƒe ŋugbedodowo ava eme. Eya ta ele be míaka ɖe Mawu dzi abe ale si Yosua wɔe ene; ame si gblɔ be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va eme na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” (Yos. 23:14) Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu aka ɖe edzi be, ne nɔnɔme sesẽwo na nu te mía ŋu ale gbegbe hã la, ‘Mawu nye nuteƒewɔla,’ magblẽ esubɔla wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o.—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 10:13.
5. Nu ka tae wòate ŋu anya wɔ na mí be míafa akɔ na ame bubuwo?
5 Apostolo Paulo yɔ Yehowa be ‘akɔfafawo katã ƒe Mawu.’ “Be woafa akɔ na ame” fia be woafa dzi na ame si le xaxa me tom alo ame si le konyi fam la. Wowɔa esia ne wona eƒe xaxaa alo nuxaxaa dzi ɖe kpɔtɔ, eye wona eƒe dzi dze eme. Alea tututue Yehowa wɔna. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 1:3, 4.) Naneke alo ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na mía Fofo si le dziƒo la o. Eya ta ate ŋu ato mɔ ɖe sia ɖe dzi afa akɔ na ame siwo lɔ̃nɛ. Eye esia wɔnɛ be míawo hã míetea ŋu faa akɔ na haxɔsetɔ siwo le “xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me tom” la. Míate ŋu awɔ esia to “akɔfafa si Mawu tsɔ le akɔ fam na mía ŋutɔwoe la dzi.” Ame bubu aɖeke mate ŋu afa akɔ na mí wu Yehowa o!
Dzidodo Le Xaxawo Me
6. Yɔ nu siwo ate ŋu ado nuxaxa na mí la dometɔ ɖeka.
6 Míetoa nɔnɔme vovovowo me le agbe me siwo me míehiãa akɔfafa le. Nu siwo doa nuxaxa na mí wu le agbe me la dometɔ ɖekae nye míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku, vevietɔ mía srɔ̃ alo mía vi ƒe ku. Míate ŋu ahiã akɔfafa hã ne wowɔ nu ɖe mía ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe alo bu nazã ɖe mía ŋu. Lãmegbegblẽ, tsitsi, ahedada, srɔ̃ɖeɖemekuxiwo, alo xexea me ƒe nudzɔdzɔ donuxaxanamewo ate ŋu ana be míahiã akɔfafa.
7. (a) Le xaxaɣiwo me la, akɔfafa kae míahiã? (b) Nu kae Yehowa ate ŋu awɔ atsɔ ada gbe le “dzi gbagbã, si tugu la” ŋu?
7 Le xaxaɣiwo me la, míahiã akɔfaname si ana míaƒe dzi, míaƒe susu kple míaƒe lãme siaa nafa miɔɔ, eye wòana míanɔ lãmesẽ me le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Le kpɔɖeŋu me, bu dzi la ŋu kpɔ. Mawu ƒe Nya la na míenya be míaƒe dzi ate ŋu ‘agbã ahatugu.’ (Ps. 51:19) Kakaɖedzitɔe la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sia me, elabena “[edaa] gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.” (Ps. 147:3) Le vevesese helĩhelĩ me gɔ̃ hã la, Mawu ate ŋu ada gbe le míaƒe dzi si gbã la ŋu ne míedo gbe ɖa le xɔse blibo me eye míewɔ eƒe sededewo dzi.—Mixlẽ 1 Yohanes 3:19-22; 5:14, 15.
8. Ne xaxawo na míetɔtɔ le susu me la, aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?
8 Zi geɖe la, míehiãna na susu ƒe akɔdzeanyi, elabena dodokpɔ vovovowo tea ŋu wɔnɛ be míaƒe susu tɔtɔna ale gbegbe. Ðewohĩ mate ŋu anya wɔ be míado dzi le xɔse ƒe dodokpɔ siawo me le míawo ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o. Ke hã hakpalaa dzi ha be: “Ne xaxa geɖewo le fu ɖem na nye susu la, wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.” (Ps. 94:19, NW) Gakpe ɖe eŋu la, Paulo ŋlɔ bena: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu to Kristo Yesu dzi.” (Flp. 4:6, 7) Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple ŋugbledede le wo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu geɖe ŋutɔ míado dzi ne xaxawo na míaƒe susu tɔtɔ.—2 Tim. 3:15-17.
9. Aleke míate ŋu awɔ ado dzi ne nu te ɖe mía dzi vevie?
9 Ɣeaɖewoɣi la, nu tena ɖe mía dzi ale gbegbe be seselelãme manyomanyowo sɔŋ koe yɔa mía me. Ðewohĩ míesena le mía ɖokui me be míate ŋu atsɔ Ŋɔŋlɔawo me agbanɔamedzi aɖe alo axɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe o. Le esia hã gome la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ahafa akɔ na mí. Le kpɔɖeŋu me, esi wode dɔ asi na Yosua be wòanɔ ŋgɔ na Israel viwo ne woawɔ aʋa kple dukɔ sesẽ siwo nye woƒe futɔwo la, Mose gblɔ na dukɔ la be: “Milé dzi ɖe ƒo, eye misẽ ŋu, migavɔ̃ o, eye womegadzi ŋɔ na mi o, elabena Yehowa, wò Mawu ŋutɔ le yiyim le mia dome, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o.” (5 Mose 31:6) Yosua te ŋu kplɔ Mawu ƒe amewo yi Ŋugbedodonyigbaa dzi le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me, eye woɖu woƒe futɔwo katã dzi. Do ŋgɔ na ɣemaɣi la, Mawu kpe ɖe Mose ŋu nenema ke le Ƒu Dzĩa nu.—2 Mose 14:13, 14, 29-31.
10. Ne nudzɔdzɔ donuxaxanamewo gblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu la, nu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?
10 Nudzɔdzɔ donuxaxanamewo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ŋutilãmelãmesẽ ŋu. Le nyateƒe me la, nuɖuɖu nyuie, ɖiɖiɖeme nyuie, kple kamedede kpakple dzadzɛnɔnɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Ne míedea ŋugble tso nu nyui siwo Biblia gblɔ ɖi be woava le etsɔme ŋu la, ate ŋu ade míaƒe lãmesẽ dzi. Eya ta ne míele xaxawo me tom la, anyo be nu siwo me Paulo to kple eƒe dzideƒonya sia nanɔ susu me na mí. Egblɔ be: “Womimi mí ɖo le mɔ sia mɔ nu, gake menye ale gbegbe be míedo kpo ʋaʋã o; míetɔtɔ, gake menye be míenya nu si míawɔ kura o; wotia mía yome, gake womegblẽ mí ɖi o; woxlã mí ɖe anyi, gake wometsrɔ̃ mí o.”—2 Kor. 4:8, 9.
11. Aleke míate ŋu akpɔ gbɔgbɔmedɔlényawo gbɔe?
11 Dodokpɔ aɖewo ate ŋu agblẽ nu le míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ ŋu. Le esia hã gome la, Yehowa ate ŋu axɔ na mí. Eƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be: “Yehowa tso ame siwo katã dze anyi la xɔ, eye wòfɔ ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la, ɖe tsitrenu.” (Ps. 145:14) Le gbɔgbɔmedɔléle gome la, ele be míadi kpekpeɖeŋu tso Kristotɔ hamemetsitsiwo gbɔ. (Yak. 5:14, 15) Eye ne míena míaƒe susu nɔa agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ si le Ŋɔŋlɔawo me ŋu la, esia hã ate ŋu alé mí ɖe te le míaƒe xɔse ƒe dodokpɔwo me.—Yoh. 17:3.
Mawu Ƒe Akɔfaname Ƒe Kpɔɖeŋu Aɖewo
12. Aleke Yehowa fa akɔ na Abraham?
12 Hakpala aɖe si gbɔgbɔ ʋã la gblɔ be: “[Yehowa,] wɔ wò nya dzi na wò dɔla, le esi nèna mele mɔ kpɔm ta. Esia nye akɔfafa nam le nye hiã me be, wò nya la gbɔ agbem.” (Ps. 119:49, 50) Egbea la, Yehowa ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la le mía si, eye Mawu ƒe akɔfaname ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le eme. Le kpɔɖeŋu me, Abraham anya tsi dzimaɖi ŋutɔ esi wòsee be Yehowa le Sodom kple Gomora tsrɔ̃ ge. Blemafofo wɔnuteƒe ma bia Mawu be: “Ðe àtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa mahã?” Yehowa fa akɔ na Abraham esi wòna kakaɖedzii be, ne yeakpɔ ame dzɔdzɔe 50 teti le Sodom dua me la, yematsrɔ̃e o. Ke hã Abraham gabia Yehowa zi gbɔ zi atɔ̃ be: Ke ne woakpɔ ame dzɔdzɔe 45 ya ɖe? 40 ya ɖe? 30 ya ɖe? 20 ya ɖe?, ke 10 ya ɖe? Le nyabiaseawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖoɖo me la, Yehowa gbɔ dzi ɖi na Abraham hena kakaɖedzii dɔmenyotɔe be, ne yekpɔ ame xexlẽme ma la, yematsrɔ̃ Sodom o. Togbɔ be ame dzɔdzɔe ewo teti gɔ̃ hã menɔ nutoa me o hã la, Yehowa kpɔ Lot kple vianyɔnuawo ta.—1 Mose 18:22-32; 19:15, 16, 26.
13. Aleke Xana ɖee fia be yeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?
13 Elkana srɔ̃ Xana di vevie be yeadzi vi. Gake etsi ko, eye esia nye nuxaxa nɛ. Edo gbe ɖa na Yehowa tso nyaa ŋu, eye Nunɔlagã Eli gblɔ nɛ be: “Israel ƒe Mawu la awɔ nu si nèbiae la na wò!” Esia fa akɔ na Xana, “eye mègato mo azɔ o.” (1 Sam. 1:8, 17, 18) Xana ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye wògblẽ nyawo ɖe esi me. Togbɔ be Xana menya nu si Mawu ava wɔ nɛ o hã la, eƒe dzi dze eme. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ. Efɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi si wòna ŋkɔe be Samuel.—1 Sam. 1:20.
14. Nu ka tae David hiã na akɔfafa, eye ame ka ŋue wòtrɔ ɖo?
14 Blema Israel Fia David hã nye ame bubu aɖe si Mawu fa akɔ na. Esi wònye be Yehowa “kpɔa keke dzi me ke” ta la, esime wòtia David be wòava nye fia ɖe Israel dzi la, enyae be David nye anukwaretɔ kple ame si doa vevie tadedeagu vavãtɔ. (1 Sam. 16:8a; 2 Sam. 5:10) Gake emegbe la, David va wɔ ahasi kple Bat-Seba eye wòdze agbagba be yeaɣla yeƒe nu vɔ̃a hena wòwu nyɔnua srɔ̃. Esi David va kpɔ ale si gbegbe nu vɔ̃ si wòwɔ la loloe dze sii la, edo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be: “Le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa! Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye nàklɔ ŋunye tso nye nu vɔ̃ me! Elabena nye dzidadawo la, medze si wo, eye nye nu vɔ̃ le ŋkunye me ɖaa.” (Ps. 51:3-5) David trɔ dzi me vavã, eye Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee. Ke hã David kpɔ nu gbegblẽ si wòwɔ la me tsonu. (2 Sam. 12:9-12) Gake Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ fa akɔ na esubɔla ɖokuibɔbɔla la.
15. Kpekpeɖeŋu kae Yehowa na Yesu do ŋgɔ teti na eƒe ku?
15 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eto dodokpɔ geɖewo me. Mawu ɖe mɔ ɖe xɔse ƒe dodokpɔ siawo ŋu, eye Yesu lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le wo katã me. Enye ame deblibo si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi, eye wònɔ Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi. Esi wòsusɔ vie woade Yesu asi ahawui la, edo gbe ɖa na Yehowa be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.” Eyome mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yesu hedo ŋusẽe. (Luka 22:42, 43) Mawu fa akɔ na Yesu, edo ŋusẽe, eye wòkpe ɖe eŋu le nɔnɔme ma me.
16. Ne eva hiã be míaku le míaƒe xɔse ta gɔ̃ hã la, aleke Mawu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?
16 Ne adzɔ be míawo ŋutɔwo míaku le míaƒe xɔse ta gɔ̃ hã la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Gakpe ɖe eŋu la, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa faa akɔ na mí. Eye míele mɔ kpɔm vevie na gbe si gbe “woaɖe” ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la “ɖa”! (1 Kor. 15:26) Yehowa Mawu afɔ esubɔla wɔnuteƒe siwo ku kpakple ame bubu geɖewo ɖe tsitre; maŋlɔ wo be gbeɖe o! (Yoh. 5:28, 29; Dɔw. 24:15) Kaka ɖe tsitretsitsi si ŋugbe Yehowa do na mí la dzi faa akɔ na mí eye wònaa mɔkpɔkpɔ like nɔa mía si le yometitiwo me.
17. Ne míaƒe ame vevi aɖe ku la, aleke Yehowa ate ŋu afa akɔ na mí?
17 Aleke gbegbe nyanya be míaƒe ame vevi siwo le alɔ̃ dɔm le tsiẽƒe la agbɔ agbe le xexe yeye wɔnuku si me nu donuxaxaname siwo dzɔna egbea maganɔ o me la faa akɔ na mie nye esi! Eye mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi asu Yehowa subɔlawo ƒe “ameha gã” siwo atsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu la si be woado dzaa na ame siwo woafɔ ɖe tsitre le anyigba dzi la ahafia nu wo!—Nyaɖ. 7:9, 10.
Le Mawu Ƒe Abɔ Mavɔwo Te
18, 19. Aleke Mawu faa akɔ na esubɔlawo le yometitiwo me?
18 Le hakpanya wɔdɔɖeamedzi siwo ŋu ŋusẽ le me la, Mose gblɔ na Israel dukɔa kple kakaɖedzi be: “Blema Mawu la enye sitsoƒe, kple abɔ mavɔwo le anyigba afii.” (5 Mose 33:27) Nyagblɔɖila Samuel gblɔ na Israel viwo emegbe be: “Migate ɖa le Yehowa ŋu o, eye misubɔ Yehowa tso miaƒe dzi blibo me! . . . Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta.” (1 Sam. 12:20-22) Zi ale si míeyi edzi ku ɖe Yehowa ŋu le tadedeagu vavãtɔa me la, magblẽ mí ɖi kpɔ gbeɖe o. Ana kpekpeɖeŋu si míehiã la mí ɖaa.
19 Mawu le kpekpeɖeŋu kple akɔfafa si eƒe amewo hiã le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ me la nam wo. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye esia la, woti mía nɔvi xɔsetɔ akpe geɖe yome eye wode wo gaxɔ me le esi wonye Yehowa subɔlawo dzaa ko ta. Nu siwo me woto ɖee fia be, Yehowa faa akɔ na esubɔlawo le dodokpɔɣiwo vavã. Le kpɔɖeŋu me, wodrɔ ʋɔnu mía nɔviŋutsu aɖe le eƒe xɔse ta, le Soviet Union si nɔ anyi tsã la ƒe dziɖuɖu te be wòanɔ gaxɔ me ƒe 23 sɔŋ. Togbɔ be edzɔ alea hã la, woto mɔ aɖe dzi tsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu yina nɛ be woado ŋusẽe ahafa akɔ nɛ. Egblɔ emegbe be: “Le ƒe mawo katã me la, mesrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu eye wòdoa ŋusẽm.”—Mixlẽ 1 Petro 5:6, 7.
20. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa magblẽ mí ɖi o?
20 Nu ka kee adzɔ ɖe mía dzi le etsɔme o, anyo be míana hakpalaa ƒe akɔfanya sia nanɔ susu me na mí be: ‘Yehowa magblẽ eƒe dukɔ la ɖi o.’ (Ps. 94:14) Togbɔ be mía dometɔ ɖe sia ɖe hiã na akɔfafa hã la, mɔnukpɔkpɔ gã wònye na mí be míawo ŋutɔwo hã míafa akɔ na ame bubuwo. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míasrɔ̃ ale si míate ŋu afa akɔ na ame siwo le konyi fam, le xexe sia si me xaxawo bɔ ɖo me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu siwo ate ŋu ado nuxaxa na mí la dometɔ aɖewo ɖe?
• Aleke Yehowa faa akɔ na esubɔlawo?
• Ne ahiã be míaku gɔ̃ hã la, nu kae ate ŋu afa akɔ na mí?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
ALE SI MÍAWƆ AKPE AKƆ KPLE NU SIWO ATE ŊU AKPƆ ŊUSẼ ÐE MÍAƑE . . .
▪ dzi dzi Ps. 147:3; 1 Yoh. 3:19-22; 5:14, 15
▪ susu dzi Ps. 94:19; Flp. 4:6, 7
▪ seselelãmewo dzi 2 Mose 14:13, 14; 5 Mose 31:6
▪ ŋutilãmelãmesẽ dzi 2 Kor. 4:8, 9
▪ gbɔgbɔmelãmesẽ dzi Ps. 145:14; Yak. 5:14, 15