Akɔfafa Si Tso “akɔfafawo Katã Ƒe Mawu” La Gbɔ
“Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.”—KORINTOTƆWO II, 1:3, 4.
1, 2. Akɔfafa ka ƒomevie amesiwo le nu xam la hiã?
AMESIWO le nu xam la hiã akɔfafa vavãtɔ—menye nya dzodzrowo alo nya titowo o. Mí katã míesee wogblɔ kpɔ be ‘ava fa na wò sia,’ gake nuxala kae nya ma fa akɔ na kpɔ esi eƒe ame aɖe ku megbe teti ko? Kristotɔwo nya be Mawu do tsitretsitsi ƒe ŋugbe, gake mewɔe be míegasea veve alo nu metena ɖe mía dzi ne míaƒe ame aɖe ku kpata o. Eye nyateƒee be ne vi ku na wò la, ɖevi mamlea siwo le agbe la mexɔna ɖe vi lɔlɔ̃ ma si ku na wò la teƒe o.
2 Ne míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku la, akɔfafa ŋutɔŋutɔ, si li ke sesĩe ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo me kpena ɖe mía ŋu geɖe wu. Míehiãa veveseseɖeameti hã. Ðikekemanɔmee la, Rwandatɔwo hiã nusia, vevietɔ Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome alafa geɖe siwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo tsi gbevovovodolawo dome gbɔgbɔ vɔ̃ ʋa vɔ̃ɖi ma si me wotsrɔ̃ ame gbogbo aɖewo le la me. Ameka gbɔe amesiwo katã le nu xam la akpɔ akɔfafa atsoe?
Yehowa—Akɔfafa Mawu La
3. Aleke Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi le akɔfafa na mí mee?
3 Yehowa ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí le akɔfafa na mí katã me. Eɖo eƒe Tenuvi Kristo Yesu ɖe anyigba dzi be wòana akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ mavɔ mí. Yesu fia nu be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Egagblɔ na eyomedzelawo be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:13) Egblɔ ɣebubuɣi be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ eye yeatsɔ [yeƒe] agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Eye Paulo hã gblɔ be: “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:8) Mawunyakpukpui siawo kple bubu geɖe kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi Mawu kple Kristo Yesu ƒe lɔlɔ̃ na mí le.
4. Nukatae apostolo Paulo se le eɖokui me vevie be ele be yeada akpe na Yehowa?
4 Apostolo Paulo koŋ nya alesi gbegbe Yehowa ƒe amenuveve si míedze na hafi o la loloe. Woɖee tso nɔnɔme si sɔ kple alesi wòanye ame kuku le gbɔgbɔ me la me, tso Kristo yomedzelawo yometila vɔ̃ɖivɔ̃ɖi si wònye tsã me, va zu Kristotɔ si ŋutɔ yome woti. (Efesotɔwo 2:1-5) Eƒo nu tso nusi dzɔ ɖe edzi la ŋu ale: “Nye enye suetɔ le apostoloawo dome, amesi medze be, woayɔ be apostolo o, elabena meti Mawu ƒe hame la yome. Ke Mawu ƒe amenuveve la ŋuti mezu nusi menye, eye eƒe amenuveve, si wòtsɔ ve nunye la, menye dzodzro o, elabena medze agbagba geɖe wu wo katã; ke menye nyee o, hafi Mawu ƒe amenuveve, si [li] kpakplim la boŋ.”—Korintotɔwo I, 15:9, 10.
5. Nukae Paulo ŋlɔ tso akɔfafa si tso Mawu gbɔ ŋu?
5 Eyata esɔ be Paulo ŋlɔ be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, si nye dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi fa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me, bene míawo hã míate ŋu atsɔ akɔfafa, si Mawu tsɔ fa akɔ na mí la, afa akɔ na amesiwo kpea fu sia fu la; elabena alesi Kristo ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ ŋutɔ va mía dzi la, nenema ke míekpɔa akɔfafa hã sɔ gbɔ ŋutɔ to Kristo dzi. Ke nenye ɖe míexaxa la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ, si sẽa ŋu le fukpekpe, siwo ke míawo hã míekpena ƒe dzidodo me la tae; alo nenye ɖe wofa akɔ na mí la, miaƒe akɔfafa kple xɔxɔ tae. Eye míaƒe mɔkpɔkpɔ li ke le mia ŋuti, esi míenyae bena, alesi miekpɔa gome le fukpekpewo me la, nenema ke miekpɔa gome le akɔfafa me hã la ŋuti.”—Korintotɔwo II, 1:3-7.
6. Gɔmesese kawoe le Helagbe me nya si gɔme woɖe be “akɔfafa” la ŋu?
6 Nya ʋãme kawoe nye si! Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be “akɔfafa” la do ƒome kple “amekpekpe be woava nɔ ame xa.” Eyata “enye ame gbɔ nɔnɔ be woade dzi ƒo nɛ ne ele dodokpɔ sesẽ me tom.” (A Linguistic Key to the Greek New Testament) Biblia-nyala aɖe ŋlɔ be: “Nya la . . . fiaa nu geɖe ɣesiaɣi sã wu veveseseɖeamenu si faa akɔ na ame ko. . . . Kristotɔwo ƒe akɔfafa nye akɔfafa si naa dzi ɖoa ame ƒo, akɔfafa si kpena ɖe ame ŋu be woadze ŋgɔ agbemekuxi ɖesiaɖe.” Akɔfanya siwo wotu ɖe ŋugbedodo kple mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le dzi hã le eme—eyae nye ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ƒe ŋugbedodo la.
Yesu Kple Paulo—Akɔfala Siwo Sea Veve ɖe Ame Ti Wonye
7. Aleke Paulo fa akɔ na nɔvia Kristotɔwoe?
7 Kpɔɖeŋu nyui kae nye si Paulo ɖo le akɔfafa na amewo me! Ete ŋu ŋlɔ na Tesalonika nɔviwo be: “Míefa tu le mia dome, abe alesi vidada kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii ene, nenema ke esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔ míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo. Eye mienyae hã bena, abe alesi fofo wɔna na viawo ene la, nenema ke míewɔ na mia dome amesiame: Míexlɔ̃ nu mi, eye míefa akɔ na mi, eye míeɖi ɖase na mi.” Mí katã míate ŋu aɖe míaƒe seselelãme deto kple nugɔmesesename afia ame bubuwo le woƒe xaxaɣiwo abe dzila lɔlɔ̃ siwo tsɔa ɖe le eme na wo viwo ene.—Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8, 11.
8. Nukatae Yesu ƒe nufiafia nye akɔfafa na amesiwo le nu xam?
8 Paulo nɔ eƒe Kpɔɖeŋuɖola gãtɔ Yesu srɔ̃m esi wòɖe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyo ma fia. Miɖo ŋku Yesu ƒe amekpekpe si le Mateo 11:28-30 si me veveseseɖeamenu le na amesiame la dzi be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena [nye] kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” Nyateƒee, Yesu ƒe nufiafia naa dzudzɔ ame elabena mɔkpɔkpɔ kple ŋugbedodo aɖe le eme—tsitretsitsi mɔkpɔkpɔ la. Esiae nye mɔkpɔkpɔ kple ŋugbedodo si míetsɔ le amewo ŋkume ɖom, le kpɔɖeŋu me, ne míena agbalẽ gbadza yeye si nye Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku la wo. Mɔkpɔkpɔ sia ate ŋu akpe ɖe mí katã mía ŋu ne míele nu xam ɣeyiɣi didi aɖe gɔ̃ hã.
Alesi Míafa Akɔe na Amesiwo Le Nu Xam
9. Nukatae mele be míayɔ na amesiwo le nu xam o?
9 Nuxaxa mesena ɖe ɣeyiɣi ɖoɖi aɖe dzi le ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku megbe teti o. Ame aɖewo xaa nu le woƒe agbe me katã, vevietɔ amesiwo vi ku na. Taɖuame sesẽ aɖe si tso ʋu ƒe ɖuɖu ɖe ahɔhɔ̃ me na ame gbɔ la wu Kristotɔ atsu kple asi nuteƒewɔla aɖewo siwo le Spania la ƒe viŋutsu si xɔ ƒe 11 le ƒe 1963 me. Va de asi na egbegbe la, ne wole Paquito ƒe nya gblɔm la, aɖatsi galolona ɖe ŋku dzi na wo kokoko. Ne ŋkeke si dzi amea ku gaɖo, fotowo, kple ŋkuɖodzinuwo ate ŋu ana woagaɖo ŋku blanuilényawo dzi. Eyata mele be míatsi dzi asusu be va ɖo fifia la, ele be amesiwo ame ku na la ƒe vevesese nu nafa fifia o. Ðɔkta aɖe si nya nu tso nya sia ŋu gblɔ be: “Nuteɖeamedzi kple seselelãme ƒe tɔtrɔwo ate ŋu anɔ anyi ƒe geɖe.” Eyata ɖo ŋku edzi be abe alesi abiteƒe ŋutɔŋutɔ te ŋu nɔa ame ŋu le ame ƒe agbemeŋkekewo katã mee ene la, nenema ke seselelãmebi geɖewo hã nɔa anyi didinae.
10. Nukae wòle be míawɔ atsɔ akpe ɖe amesiwo le nu xam ŋu?
10 Nukawoe nye kpekpeɖeŋunu ŋutɔŋutɔ aɖewo siwo míate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na amesiwo le nu xam le Kristo-hamea me dometɔ aɖewo? Míate ŋu atsɔ susu nyui agblɔ na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe si hiã akɔfafa la be, “Ne nane li si nàdi be mawɔ na wò la, nàgblɔe nam sia.” Gake zi nenie amesi ame ku na la yɔ mí gblɔ na mí be: “Mesusu nane ŋu si mekpɔ be àte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋunye” kpɔ? Edze ƒã be ele be míaxɔ ŋgɔ aɖaŋudzedzetɔe ne míedi be míafa akɔ na amesiwo ame ku na. Eyata nukae míate ŋu awɔ si aɖe vi? Wo ŋuti ɖaŋuɖoɖo ʋee aɖewoe nye si.
11. Aleke míaƒe toɖoɖo ase nya si gblɔm wole ate ŋu anye akɔfafa na amewoe?
11 Ðo to: Kpekpeɖeŋu siwo míate ŋu ana la dometɔ vevi ɖekae nye be míase veve ɖe amesi dzi ku dzɔ ɖo la ti to alesi míaɖo to ase nya si wòdi be yeagblɔ me. Àte ŋu abia amea be: “Àdi be yeaƒo nu tso eŋua?” Na amea ŋutɔ natso nya me. Kristotɔ aɖe ɖo ŋku esime fofoa ku dzi hegblɔ be: “Esi ame bubuwo bia nusi dzɔ lam eye woɖo to nyuie la, ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Abe alesi Yakobo xlɔ̃ nui ene la, ɖe abla le nusese me. (Yakobo 1:19) Tsɔ dzigbɔɖi kple veveseseɖeameti ɖo toe. Biblia kafui le Romatɔwo 12:15 be: “Mifa avi kple amesiwo le avi fam.” Ðo ŋku edzi be Yesu fa avi kpe ɖe Marta kpakple Maria ŋu.—Yohanes 11:35.
12. Kakaɖedzi ka tɔgbee míate ŋu ana amesiwo le nu xam la?
12 Na kakaɖedzi wo: Ðo ŋku edzi be amesi ame ku na la ase le eɖokui me gbã be yeɖi fɔ, ahanɔ susum be nu bubu aɖe gali si yeate ŋu awɔ hafi. Ka ɖe edzi na amea be ewɔ eƒe ŋutete katã (alo nusianu si nènya be enye nyateƒe eye wòatu ame ɖo). Ka ɖe edzi nɛ be ame geɖe sena le wo ɖokui me abe alesi wòle sesem le eɖokui me ene. Gblɔ alesi ame bubu siwo nènya la to nusiawo tɔgbe me la ŋu nya nɛ. Ne míagblɔe bubui la, se nu me na wo eye nàse veve ɖe wo ti. Míaƒe kpekpeɖeŋu dɔmenyotɔe ate ŋu aɖe vi geɖe ŋutɔ! Salomo ŋlɔ be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.”—Lododowo 16:24; 25:11; Tesalonikatɔwo I, 5:11, 14.
13. Ne míenɔ wo gbɔ la, aleke wòakpe ɖe wo ŋui?
13 Nɔ wo gbɔ: Nɔ wo gbɔ dem, menye le ŋkeke ʋee gbãtɔ siwo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ geɖe va la ko me o, ke ne ehiã la, le ɣletiwo megbe gɔ̃ hã esi amewo gatrɔ yi woƒe gbesiagbedɔwo gbɔ. Ɣeyiɣi si amewo tsɔ xaa nui la toa vovo le amesiame gome ale gbegbe. Míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖetsɔleme ƒe nuwɔna kple vevesese ɖe wo nu ate ŋu aɖe vi geɖe ɣesiaɣi si woɖo hiã me. Biblia gblɔ be “xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” Eyata nyateƒe si ŋu womate ŋu ake ɖi le o si nu wòle be míanɔ agbe ɖoe nyagbɔgblɔ sia nye be, “Xɔlɔ̃ si kpena ɖe ame ŋu le xaxa mee nye xɔlɔ̃ vavãtɔ.”—Lododowo 18:24; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 28:15.
14. Nuka ŋue míate ŋu aƒo nu tsoe atsɔ afa kɔ na amesiwo dzi ku dzɔ ɖo?
14 Ƒo nu tso ame kukua ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu: Esia nye kpekpeɖeŋunu gã bubu ne wowɔe le ɣeyiɣi si sɔ me. Ƒo nu tso nukokoedonamenya alo nukokoedonamenu nyui aɖewo siwo amea wɔ la ŋu. Mègavɔ̃ na amea ƒe ŋkɔ yɔyɔ o. Mègawɔ nu abe ɖe wò lɔlɔ̃tɔ si ku la menɔ anyi kpɔ kura o ene o. Efaa akɔ na ame be woanya nusi Harvard Atikewɔsuku ƒe agbalẽ aɖe gblɔ, be: “Amesi dzi ku dzɔ ɖo te ŋu hayana le mɔ aɖe nu ne ate ŋu abu ame kukua ŋu eye vevesese mawu tsɔtsɔ nɛ o . . . Ne wova lɔ̃ ɖe nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ yeye sia dzi la, nuxaxa dzi nɔa ɖeɖem kpɔtɔ vivivi eye ame ƒe ŋku va dzea ŋkuɖodzinu xɔasiwo dzi.” “Ŋkuɖodzinu xɔasiwo”—aleke gbegbe wòafa akɔ na amee nye si be woaɖo ŋku ɣeyiɣi vevi siwo nènɔ anyi kple ame aɖe si nèlɔ̃na la! Ðasefo aɖe si fofo ku ƒe aɖewoe nye sia la gblɔ be: “Nu vevi aɖe si dzi meɖoa ŋkui enye alesi mía kple Papa míexlẽa Bibliae esi wòdze nyateƒea sɔsrɔ̃ gɔme ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Ɣeyiɣi siwo me míemlɔa tɔ to nɔa dze ɖom tso nye kuxi aɖewo ŋu. Ƒe etɔ̃ alo ene megbe hafi mekpɔnɛ, eyata ɣeyiɣi mawo xɔ asi nam ŋutɔ.”
15. Aleke woate ŋu axɔ ŋgɔ le kpekpeɖeŋu nana mee?
15 Xɔ ŋgɔ ne esɔ: Ame aɖewo te ŋu nɔa te ɖe nuxaxa nu wu ame bubuwo. Eyata le alesi nɔnɔmeawo le nu la, ɖe afɔ siwo ate ŋu ana nàna kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ. Kristotɔ nyɔnu aɖe si le nu xam gblɔ be: “Ame geɖe gblɔ be, ‘Ne nane li nàdi be mawɔ na wò la, nàgblɔe nam sia.’ Gake Kristotɔ nyɔnu aɖe ya mebia o. Ðeko wòge ɖe xɔdɔmea me, ɖe avɔ le abaa dzi, eye wònyã abadzivɔ siwo me gblẽ la. Nyɔnu bubu tsɔ tɔkpo ku tsi hetsɔ anyigbatutunuwo tutu afisi srɔ̃nye ɖe xe ɖo. Xɔlɔ̃ vavãwoe amesiawo nye, eye nyemaŋlɔ wo be akpɔ gbeɖe o.” Afisi wòdze le be kpekpeɖeŋu hiã la, tso le ɖokuiwò si nàna kpekpeɖeŋua—ɖewohĩ àte ŋu aɖa nu, akplɔ aƒea me, alo awɔ dɔ vevi bubuwo. Gake ne amea di be ye ɖeɖe yeaɖe vo la, mele be míaɖe fu nɛ o. Eyata ele be míana Paulo ƒe nyawo naɖo dzi gbɔ na mí, be: “Eyata esi mienye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” Dɔmenyonyo, dzigbɔgbɔ blewu, kple lɔlɔ̃ medoa kpo akɔfafa na ame gbeɖe o.—Kolosetɔwo 3:12; Korintotɔwo I, 13:4-8.
16. Nukatae lɛta alo akɔfanamegbalẽvi afa akɔ na ame?
16 Ŋlɔ lɛta alo nàɖo akɔfanamegbalẽvi ɖe amea: Zi geɖe la, míaƒe susu dzona le asixɔxɔ si le babadonamegbalẽ ŋɔŋlɔ alo agbalẽvi dzeani si dzi woŋlɔ akɔfanamenyawo ɖo la ɖoɖo ɖe ame ŋu la dzi. Vi kawoe wòɖena? Woate ŋu axlẽe zi geɖe. Mehiã be lɛta sia nadidi o, gake ele be wòaɖe wò veveseseɖeamenu afia. Ele be gbɔgbɔmenyawo nadze le eme gake mele be wòanye mawunya gbɔgblɔ na ame o. Nya vevi si koŋ afia be “Míeli akpe ɖe ŋuwò” ate ŋu afa akɔ na ame.
17. Aleke gbedodoɖa ate ŋu afa akɔ na amee?
17 Do gbe ɖa ɖekae kple wo: Mègabu gbedodoɖa kple Kristotɔ siwo dzi ku dzɔ ɖo kple gbedodoɖa ɖe wo ta nu tsɛe o. Biblia gblɔ le Yakobo 5:16 be: “Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe . . . tea ŋu wɔa nu geɖe.” Le kpɔɖeŋu me, ne amesiwo le nu xam se be míele gbe dom ɖa ɖe yewo ta la, ekpena ɖe wo ŋu woɖua seselelãme gbegblẽwo, abe fɔbubuameɖokui ene, dzi. Le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ alo dziɖeleameƒoɣiwo la, Satana dzea agbagba be yeatsɔ “aɖaŋuvɔ̃wo,” alo “ayemenuwɔwɔwo” agblẽ nu le mía ŋui. Ɣeyiɣi sia mee akɔfafa kple gbedodoɖa ƒe ameléleɖete hiã mí le, abe alesi Paulo gblɔe ene be: “Mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖewo katã do gbe ɖa le ɣeawokatãɣi me le gbɔgbɔ me, eye eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, ne mianɔ kukuɖeɖewo dzi ɖaahe ɖe ame kɔkɔewo katã ta.”—Efesotɔwo 6:11, 18, Kingdom Interlinear; tsɔe sɔ kple Yakobo 5:13-15.
Nusiwo Mele Be Míawɔ O
18, 19. Aleke míate ŋu aɖe ŋuɖɔɖɔɖo afia le míaƒe dzeɖoɖowo mee?
18 Ne ame aɖe le nu xam la, nanewo li si mele be míawɔ alo agblɔ o. Lodoowo 12:18 xlɔ̃ nu be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Ɣeaɖewoɣi la, míewɔa nu le ŋumaɖɔmaɖɔɖo me le manyamanya me. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu agblɔ be, “Menya alesi nèle sesem le ɖokuiwò me.” Gake ɖe nènyae nyateƒea? Ðe alesi kua dzɔ ɖe edzii la sɔ tututu kple esi dzɔ ɖe dziwòa? Alesi amewo wɔa nui hã toa vovo tso ame bubuwo tɔ gbɔ. Ðewohĩ wò seselelãme masɔ kple amesi le nua xam la tɔ o. Anye amea ƒe seselelãme ŋu bubu wu be nàgblɔ be, “Mele nu xam ɖe nuwò ŋutɔ elabena edzɔ ɖe nye hã dzinye alea kpɔ esime nye . . . megava nɔ anyi o.”
19 Anye amea ƒe seselelãme ŋu bubu hã be míagagblɔ nya aɖeke tso amea fɔfɔ ɖe tsitre alo mafɔmafɔ ɖe tsitre ŋu o. Nya siwo ame aɖewo gblɔ tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo ƒe etsɔ me ŋu ɖe fu na nɔvi siawo ŋutɔ. Menye míawoe atso nya me le amesiwo woafɔ ɖe tsitre alo amesiwo womafɔ ɖe tsitre o ŋu o. Míaƒe dzi ate ŋu adze eme be Yehowa, amesi kpɔa amewo ƒe dzi me, akpɔ nublanui wu alesi mía dometɔ akpa gãtɔ akpɔe.—Psalmo 86:15; Luka 6:35-37.
Mawunyakpukpui Siwo Faa Akɔ na Ame
20, 21. Mawunyakpukpui siwo ate ŋu afa akɔ na amesiwo ƒe ame ku la dometɔ aɖewo ɖe?
20 Kpekpeɖeŋunu vevitɔ kekeakewo dometɔ ɖeka si míate ŋu ana le ɣeyiɣi nyuitɔ dzie nye be míadzro Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo li na ame kukuwo me ɖekae kple amea. Biblia me nya siawo aɖe vi ne amesi amea ku na la nye Ðasefo xoxo loo alo amesi míedo goe le gbeadzi wònye. Mawunyakpukpui siawo dometɔ aɖewo ɖe? Míenya be akɔfafawo katã ƒe Mawue Yehowa nye, elabena egblɔ be: “Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi.” Egagblɔ be: “Alesi ŋutsu aɖe dada fa akɔ nɛ la, nenema mafa akɔ na mii.”—Yesaya 51:12; 66:13.
21 Hakpala la ŋlɔ be: “Esia nye akɔfafa nam le nye hiã me be, wò nya la gbɔ agbem. Yehowa, meɖo ŋu wò se la tso mavɔ me ke, eye mefa akɔ na ɖokuinye. Wò amenuveve nenye akɔfafa nam le wò ŋugbedodo na wò dɔla la nu.” De dzesii be wozã nya “akɔfafa” zi geɖe le kpukpui siawo me. Nyateƒee, míate ŋu akpɔ akɔfafa vavãtɔ na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ne míetrɔ ɖe Yehowa ƒe Nya la ŋu le ɣeyiɣi siwo me nya dzɔ ɖe mía dzi me. Esia, tsɔ kpe ɖe mía nɔviwo ƒe lɔlɔ̃ kple veveseseɖeameti ŋu, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míate ŋu ado dzi ne míaƒe lɔlɔ̃tɔ aɖe ku eye wòana dɔwɔwɔ si me dzidzɔ le le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me la nagayɔ míaƒe agbenɔnɔ me ake.—Psalmo 119:50, 52, 76.
22. Mɔkpɔkpɔ kae le mía ŋgɔ?
22 Ne míedoa vevie nu le kpekpe ɖe ame bubu siwo hã ɖo xaxa me ŋu la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖu míaƒe nuxaxa dzi vaseɖe afi aɖe. Ne míekpe ɖe amesiwo hiã akɔfafa ŋu la, mía ŋutɔwo hã míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ le nunana ame le gbɔgbɔ me gome ta. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Mina míagblɔ tsitretsitsiŋkeke la ŋu nya na wo esime dukɔ ɖesiaɖe si nɔ anyi kpɔ va yi, kple dzidzime siwo kplɔ wo nɔewo ɖo, me tɔwo anɔ woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo ku la xɔm va agbe me le xexe yeyea me. Mɔkpɔkpɔ ka gbegbee nye si wòanye! Dzidzɔvi kawoe nye si míafa ɣemaɣi ne míeɖo ŋku edzi be Yehowa ye nye Mawu ‘amesi faa akɔ na amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi’!—Korintotɔwo II, 7:6.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
◻ Aleke Yehowa nye ‘akɔfafawo katã ƒe Mawui’?
◻ Aleke Yesu kple Paulo fa akɔ na nuxalawoe?
◻ Nukawoe nye nusiwo míate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na amesiwo le nu xam la dometɔ aɖewo?
◻ Nukawoe mele be míawɔ o ne míele kpekpem ɖe amesiwo ame ku na ŋu?
◻ Mawunyakpukpui vevi kawoe nàzã atsɔ afa akɔ na ame aɖe si ame ku na?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Tso le ɖokuiwò si ŋuɖɔɖɔɖotɔe nàkpe ɖe amesiwo le nu xam ŋu