Wona Dzonu Aɖe Si Ƒe Asi Sẽ Ŋutɔ La Mí
ABE ALESI RICHARD GUNTHER GBLƆE ENE
Ƒe 1959 ƒe September mee. Míenɔ Italiatɔwo ƒe meli si nye Julio Caesar la me nɔ Atlantik Ƒugã la tsom tso New York yina ɖe Cádiz, Spania. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ɖo mía kple srɔ̃nye Rita kpakple Paul kple Evelyn Hundertmark siwo hã nye srɔ̃tɔ dutanyanyuigblɔlawo la ɖe Iberia-dukɔ ma me. Míeyina go do ge nɔnɔme sesẽ geɖe. Gake aleke wòdzɔe be míeva zu dutanyanyuigblɔlawo?
MÍA kple Rita míexɔ nyɔnyrɔ̃ hezu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1950 me le New Jersey, U.S.A. Eteƒe medidi o míewɔ nyametsotso aɖe si ana dzonu aɖe si ƒe asi sẽ ŋutɔ la nava ka mía si. Hame aɖe si me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe li awɔ dɔ le anyigbamamãa me la mee míenɔ. Eyata míesee le mía ɖokui me be ele be míatsɔ mía ɖokui ana asubɔ le afisi gbeƒãɖelawo ƒe hiahiã lolo wu le. Le Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York City le ƒe 1958 ƒe dzomeŋɔli me la, míebia be míawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ.
Ema megbe kpuie la, womia asi mí be míade Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Suku, eye mede ƒe ɖeka o míenɔ mɔ dzi yina Spania abe dutanyanyuigblɔlawo ene. Míetsi dzi ɖe dzadzraɖo geɖe wɔwɔ ŋu eye dzi nɔ mía dzɔm ale gbegbe be míekpɔ nusi wotsɔ na mí la dze sii ɣemaɣi o. Yesu ƒo nu tso dzonu aɖe si ƒe asi sẽ ŋutɔ ŋu. (Mateo 13:45, 46) Togbɔ be menye dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ye wòwɔnɛ le eƒe lododoa me o hã la, mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míanye dutanyanyuigblɔlawo la nɔ na mí abe dzonu xɔasi sia tɔgbe ene. Fifia ne míetrɔ kpɔ megbe la, míeva dze si nunana sia si le Yehowa ƒe habɔbɔa me la ƒe asixɔxɔ bliboe.
Nusi Dzi Míegaɖoa Ŋkui
Ɣemaɣi la, wowɔa Gilead-dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe sukua le Finger Lakes kɔƒenuto dzeania me le New York State. Míenyrɔ̃ mía ɖokui ɖe Biblia sɔsrɔ̃ kple Kristotɔwo ƒe hadede vavãtɔ me bliboe le afima ɣleti ade sɔŋ si me míese vivi le eye míeɖe aga tso xexe sia me nyawo kple kuxiwo gbɔ la me. Míaƒe sukuhatiawo tso xexeame ƒe akpa geɖe siwo dometɔ aɖewoe nye Australia, Bolivia, Britania, Greece, kple New Zealand. Gake eteƒe medidi o, sukunuwugbe ɖo. Le August 1959 me la, míedo hedenyuie na mía nɔewo kple aɖatsi esi míezɔ mɔ to ƒu dzi yi ɖe míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dɔdasi vovovoawo me. Ɣleti ɖeka megbe la, míeva ɖo Spania.
Dekɔnu Yeye
Míeva ɖi go ɖe Algeciras-melidzeƒe si le dziehe gome le Gibraltar Agakpe nyadri la gbɔ. Mí ame enea, mía kple Rita kpakple Hundertmark kple srɔ̃a, míeɖo keteke yi Madrid le zã ma me. Míeyi ɖe Hotel Mercador be míalala le afima vaseɖe esime Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si nɔ dɔ wɔm le adzame la ƒe dɔwɔlawo nava. Spania nɔ Asrafowo ƒe Tatɔ Francisco Franco ƒe dzizizidziɖuɖu te. Esia fia be Roma Katoliko-ha la koe nye subɔsubɔha si dzi woda asi ɖo le se nu le dukɔa me. Se meɖe mɔ be woawɔ subɔsubɔha bubu aɖeke ƒe dɔwo le gaglãgbe o, eye woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe aƒeme yi aƒeme dɔa dzi. Womeɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe kpekpewo gɔ̃ hã ŋu o, si na be Yehowa Ðasefo siwo ƒe xexlẽme de ame 1,200 le hame 30 me le Spania ɣemaɣi la mete ŋu kpea ta le Fiaɖuƒe Akpatawo me abe alesi wònɔ le dukɔ bubuwo me ene o. Enɔ na mí be míakpe ta le adzame le amewo ƒe aƒewo me.
Spaniagbe Sɔsrɔ̃ Kple Dɔa Gɔmedzedze
Míaƒe kuxi gbãtɔe nye gbea sɔsrɔ̃. Le ɣleti gbãtɔa me la, míetsɔ gaƒoƒo 11 srɔ̃a Spaniagbe gbesiagbe—gaƒoƒo 4 le nusrɔ̃xɔ me, emegbe mía ŋutɔ míetsɔa gaƒoƒo 7 srɔ̃nɛ le mía ɖokui si. Ðoɖo ma nue míezɔ ɖo le ɣleti evelia ƒe ŋdiwo me, gake míeyi ɖaɖea gbeƒã tso aƒeme yi aƒeme le ŋdɔwo me. Aleke nèbu be anɔ? Togbɔ be míese gbea haɖe o eye ŋgɔdonya si woŋlɔ ɖe agbalẽvi dzi koe míesrɔ̃ ɖe tame hã la, mía kple Rita ɖeɖe míeyina ɖawɔa aƒeme yi aƒeme dɔa!
Meɖo ŋku edzi be míeyi aƒe aɖe me le Vallecas si nye dɔwɔlawo nɔƒe le Madrid ƒe akpa aɖe. Metsɔ nye agbalẽvia ɖe asi be mazã ne meŋlɔ nya si magblɔ be, eye megblɔ le Spaniagbe me be: “Ŋdi na wò. Míele Kristotɔwo ƒe dɔ aɖe wɔm. Biblia gblɔ be (míexlẽa mawunyakpukpui aɖe). Míedi be naxɔ agbalẽvi sia.” Ðeko nyɔnua nɔ mía kpɔm dũu eye wòxɔ agbalẽvia. Esi míegatrɔ yi egbɔ la, ena míege ɖe eme, eye esi míenɔ nu ƒom la, ɖeko wònɔ mía kpɔm. Míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii alesi míate ŋui, eye ɖeko wònɔ to ɖom henɔ mía kpɔm dũu le nua srɔ̃ɣi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, egblɔ na mí mlɔeba be yemese nya si míegblɔ le míaƒe vava zi gbãtɔ me la gɔme o gake yese nya Dios (Mawu) eye ema ɖeɖe na yenya be nya nyui ye wòanye. Eteƒe medidi o, Biblia me sidzedze geɖe su esi eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃ va zu Yehowa Ðasefo.
Spaniagbe sɔsrɔ̃ sesẽ nam ale gbegbe. Ne míele zɔzɔm le dua me la, menɔa ŋku ɖom alesi wozãa nyawoe dzi. Nusi dzi maɖo ŋkui le kwasiɖa ɖeka me la buna ɖem le kwasiɖa si kplɔe ɖo me! Eɖe dzi le ƒonye ŋutɔ. Mena ta kloe zi geɖe. Esi nyemedoa Spaniagbe nyuie o ta la, ehiã be Spania-nɔviwo nagbɔ dzi ɖi nam ne mele ŋgɔ xɔm le wo dome. Le nutome gã takpekpe aɖe me la, nɔviŋutsu aɖe tsɔ gbeƒãɖeɖe aɖe si wotsɔ asi ŋlɔe la nam be maxlẽ le nuƒolanɔƒea. Esi nyemete ŋu kpɔ asinu sia nyuie xlẽ o ta la, meɖe gbeƒãe be: “Mitsɔ miaƒe muletas (bunɔwo ƒe atitɔɖeŋu) va lãmesẽfefewɔƒea etsɔ.” Ele be wòanye, “Mitsɔ miaƒe maletas (agbawo) va lãmesẽfefewɔƒea etsɔ” hafi. Le nyateƒe me la, ameha la ko nu, eye abe alesi wòanɔ ene la, metɔtɔ.
Dodokpɔ Gbãtɔwo le Madrid
Ƒe ʋee siwo míetsɔ nɔ Madrid la me sesẽ na mía kple Rita ŋutɔ le seselelãme gome. Aƒe dzro mí eye míesusu mía xɔlɔ̃wo vevie. Ne míenya xɔ lɛta tso United States ko la, aƒe dzroa mí wu gbɔgblɔ. Aƒedzroameɣi mawo ɖe dzi le mía ƒo ŋutɔ, gake wo nu va yi. Ne mede ɖeke o hã la, míegblẽ aƒe, ƒometɔwo, kple xɔlɔ̃wo ɖi be míaxɔ dzonu aɖe si ƒe asi sẽ ŋutɔ. Ehiã be míatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu.
Esi míeva ɖo Madrid zi gbãtɔ la, amedzrodzeƒe tsɛ aɖee míenɔ. Xɔ ɖeka nɔ mía si eye míeɖua nu zi etɔ̃ gbeɖeka. Xɔ sue si me do viviti aɖee wònye, eye atsatsa ye wotsɔ ɖo aba lae. Xɔfe si míexena ɣleti ɖeka la xɔa gakpekpeɖeŋu sue si wonaa mí ɣleti sia ɣleti la. Míeɖua ŋdɔnu le afima zi geɖe, eye aƒenɔa dea míaƒe fiẽnuɖuɖu abolomemɔ̃ me be wòaxɔ dzo ale be míakpɔ nane aɖu le zãtsiƒe. Gake zɔzɔ le ablɔwo dzi le ŋkekea me kple fiẽ na dɔ wua mí. Ne míaƒe gakpekpeɖeŋu vɔ la, míezãa mía ŋutɔwo ƒe ga sue si li tsɔ ƒlea chocolate si ƒe asi bɔbɔ wu ɖesiaɖe si míakpɔ. Gake eteƒe medidi o nɔnɔmea trɔ esi Habɔbɔa ƒe alɔdzewo dzikpɔla va srã mí kpɔ. Ekpɔ míaƒe nɔnɔme wɔnublanuia eye wògblɔ be míate ŋu adi aƒe sue aɖe si míatsɔ awɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒee. Esia anyo wu be míatɔ ɖe pɔmpi nu le dzodoƒea anɔ tsi lem. Fifia tsilepɔmpi, tsifanu si me míadzra nuɖuɖu ɖo, kple elektrik-gamle si dzi míaɖa nu le le mía si. Ameŋububu sia dze mía ŋu ŋutɔ.
Nu Dodzidzɔname Siwo Teƒe Míekpɔ le Madrid
Míetsɔ ŋuɖɔɖo blibo wɔ aƒeme yi aƒeme dɔ lae. Hoowɔwɔ si nɔa Madrid gbesiagbe la de mía dzi, si na be míenɔ dzedzem tututu o. Míedze agbagba be míado awu ahawɔ nu abe ame bubuwo ene ale madze be amedzrowoe míenye o. Alesi míewɔa aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔae nye be míeyina ɖe aƒe si me xɔ aɖe le me, míeƒoa ʋɔ na ame ɖeka heƒoa nu nɛ, eye míedzona le aƒea, ablɔa dzi, kple nuto ma me. Ele bɔbɔe ɣesiaɣi be aƒemenɔla nayɔ kpovitɔwo, eye eyata nunya menɔ eme be míanɔ nutoa me o. Le nyateƒe me la, togbɔ be Paul kple Evelyn Hundertmark ɖɔ ŋu ɖo le mɔnu sia zazã me hã la, asi tu wo eye wonya wo le dukɔa me le ƒe 1960 me. Woyi ɖe Portugal si do liƒo kple dukɔ sia, eye wosubɔ le afima ƒe geɖe eye Paul kpɔ woƒe alɔdzedɔwɔƒea dzi le adzame. Egbea enye dugãdzikpɔla le San Diego, California.
Gake nuwo sɔ pɛ na mí. Le ɣleti ʋee aɖewo ko megbe la, wode se na dutanyanyuigblɔla ade siwo woɖo ɖe Portugal la be woadzo le dukɔ ma me! Esia he nu dodzidzɔname aɖe vɛ elabena wogblɔ na Eric kple Hazel Beveridge, siwo nɔ míaƒe klass me le Gilead la, be woadzo le Portugal ava Spania. Eyata míegayi Hotel Mercador ake le February 1962 me—fifia ya be míava do dzaa na Eric kple Hazel esi wova ɖo.
Míaƒe Madrid nɔnɔ ƒe ɣeyiɣi gbãtɔ siawo mee mía kple Rita míekpɔ subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ teƒe ŋutɔŋutɔ. Míesrɔ̃ nu kple srɔ̃tɔ aɖewo, Bernardo kple Maria, siwo nɔ xɔ madeamedzi si Bernardo tsɔ xɔtunu kakɛ ɖesiaɖe si wòkpɔ tui la me. Míesrɔ̃a nu kpli wo le zãtsiƒe, eye le nusɔsrɔ̃a megbe la, wonaa abolo, wein, kple nyinotsi babla alo nusianu si le wo si la mí. Mede dzesii be nyinotsi babla la le abe Amerikatɔwo ƒe nyinotsi babla ene. Le zã aɖe me la, wotsɔ goe si me nyinotsi babla la nɔ va la do goe. Wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi gãwo ŋlɔ ɖe edzi le Eŋlisigbe me be, “Amerikatɔwoe ɖoe ɖe Spaniatɔwo—womadzrae o.” Aleke ƒome dahe sia wɔ kpɔ nyinotsi babla siae? Dziɖuɖua dee asi na Katoliko-ha la be wòamãe na ame dahewo. Gake nunɔla la nɔ edzram!
Subɔsubɔdɔ Tseku le Asrafowo Dome
Eteƒe medidi o nu wɔnuku aɖe dzɔ si he yayra geɖe vɛ na mí kple ame bubu geɖe. Míexɔ nyatakaka tso alɔdzedɔwɔƒea be míayi aɖasrã ɖekakpui aɖe si woyɔna be Walter Kiedaisch si le United States ƒe Yamesrafowo nɔƒe le Torrejón si didi tso Madrid gbɔ kilometa ʋee aɖewo. Míeyi ɖasrã wo kple srɔ̃a kpɔ, eye míedze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo kpakple Yamesrafo bubu aɖe kple srɔ̃a.
Ɣemaɣi la, menɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ siwo ade atɔ̃ wɔm kple United States ƒe Yamesrafowo, gake míewɔ wo katã le Eŋlisigbe me. Ame mawo dometɔ adre va xɔ nyɔnyrɔ̃ emegbe, eye esi wotrɔ yi United States la, ŋutsuawo dometɔ ene va zu hamemegãwo.
Agbalẽwo, magazinewo, kple Biblia tsɔtsɔ va dukɔa me sesẽ ŋutɔ ɣemaɣi le esi woɖo asi míaƒe dɔa dzi ta. Gake modzakatsaɖilawo kple Amerikatɔ siwo xɔa nyatakaka vɛ na mí la tsɔ agbalẽ aɖewo vɛ. Alɔdzea dee asi nam be makpɔ agbalẽdzraɖoƒe aɖe dzi le adzame. Enɔ agbalẽdzraƒe aɖe si le Vallecas la ƒe nudzraɖoƒe. Fiasea tɔ srɔ̃ nye Yehowa Ðasefo. Togbɔ be nutɔa menye Ðasefo o hã la, edea bubu míaƒe dɔa ŋu, eye ede eɖokui kple eƒe dɔa afɔku me gɔ̃ hã heɖe mɔ nam be mazã yeƒe fiasea ƒe dzogoe sia abla agbalẽwo aɖo ɖe dugãwo me le dukɔa me godoo. Esi wòle be xɔ sia me nanɔ abe alesi wònɔna ɣesiaɣi ene—xɔ si me le nyamãa eye aɖakago siwo ʋuʋu bla yɔe fũ—ta la, ele be mawɔ dɔwɔkplɔ̃ kple agbalẽwo deƒe si màte ŋu aɖo kaba atsɔ awɔ dɔe eye emegbe maɣlae alɔtsɔtsɔe. Ne wokpã le ɣetrɔ me la, melalana vaseɖe esime ame aɖeke meganɔa fiasea me o eye metsɔa nye nubablawo doa goe kaba.
Mɔnukpɔkpɔ ŋutɔŋutɔe wònye be makpɔ gome le gbɔgbɔmenuwo, abe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! kpakple agbalẽ bubuwo ene, mamã na hameawo me le dukɔa me godoo. Míekpɔ dzidzɔ le ɣeyiɣi mawo me ŋutɔ.
Rita kpɔ dzidzɔ le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ame 16 me, eye wo dometɔ siwo ade woƒe afã la va zu Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔ̃wo. Dolores nye ɖetugbi srɔ̃tɔ si tsia aba dzi le vuvɔŋɔli le dzidɔ ta. Le adame la, ete ŋu fɔna wɔa nu vie. Xɔse sesẽ aɖee le Dolores si, eyata esime ɣeyiɣi de be míayi nutome gã takpekpe le Toulouse, France la, edi vevie be yeayi. Ðɔkta xlɔ̃ nui be made edzi o le eƒe dzidɔ la ta. Esi wòle aƒemewu me hedo tsilefɔkpa ko eye metsɔ agba aɖeke o la, eyi ɖe ketekeɖoƒea be yeava ɖo ye srɔ̃, ye dada, kple ame bubuwo ɖa. Esi aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nɛ la, megate ŋu tɔ ɖe afima be woadzo agblẽ ye ɖi o, eyata ege ɖe ketekea me hedzo yi France! Rita menya be aleae wòdzɔe o. Gake aleke gbegbe wòwɔ nuku nɛ enye si esi wòkpɔ Dolores le takpekpea me wònɔ alɔgbɔnu kom vevie!
Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔnuku Aɖe
Míate ŋu awu míaƒe Madrid dɔdasia ŋuti nya sia nu ne míeƒo nu tso Don Benigno Franco, “el profesor” ŋu o. Ðasefo aɖe si tso afima kplɔm yi ɖasrã ŋutsu tsitsi aɖe si ƒe mo kɔ si wo kple srɔ̃a le aƒe madeamedzi aɖe me la kpɔ. Medze Biblia sɔsrɔ̃ kplii gɔme. Esi míesrɔ̃ nu abe ƒe ɖeka kple afã ene la, ebia be woana nyɔnyrɔ̃ ye ne yeazu Yehowa Ðasefo.
Ŋutsu tsitsi sia si ƒe mo kɔ si ŋkɔe nye Don Benigno Franco kple Francisco Franco si nye dzizizidziɖula le Spania ɣemaɣi la nye tɔgãtɔɖiviwo. Edze abe be Don Benigno nye amesi dia ablɔɖe ɣesiaɣi ene. Le Spania Dukɔmeviʋa la wɔɣi la, ede Dunyaheha si ɖoa ame zi dzi la dzi hetsi tre ɖe tɔgãvia—si nye aʋakplɔla si ɖu aʋa dzi heɖo Katoliko-dzizizidziɖuɖu anyi la ŋu. Tso keke ƒe 1939 me ke la, womeɖe mɔ na Don Benigno be wòawɔ dɔ o, eye wokpɔ egbɔ be nunɔamesi aɖeke mele esi o. Aleae wòdzɔe be amesi wo kple Asrafowo ƒe Tatɔ Francisco Franco, Spania-srafowo dziɖula, wonye tɔgãtɔɖiviwo la va zu Yehowa Ðasefo.
Amekpekpe Wɔnuku Aɖe
Le ƒe 1965 me la, Spania-lɔdzedɔwɔƒe kpe mí be míadze nutome sue ƒe mɔzɔzɔdɔa gɔme le Barcelona. Esia fia be míagblẽ nɔvi lɔlɔ̃tɔ siwo mía kpli wo dome va le kplikplikpli le Madrid la katã ɖi. Le gonyeme la, menye nuteƒekpɔkpɔ yeye ko wòanye nam fifia o, ke dodokpɔ hãe. Dɔa do vɔvɔ̃ nam elabena nyemekana ɖe nye ŋutete dzi ɣesiaɣi o. Menyae nyuie be Yehowae na mete ŋu bi ɖe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia me.
Hame aɖe sasrãkpɔ kwasiɖa sia kwasiɖa fia be míanɔ nɔviwo ƒe aƒewo me. Efia be míanɔ nɔƒe ɖɔlim ɣesiaɣi, eye le kwasiɖa eve ɖesiaɖe kloe me la, míegayia teƒe bubu. Esia sesẽ vevietɔ na nyɔnu. Gake eteƒe medidi o José kple Roser Escudé siwo nɔ Barcelona la kpe mí be míava nɔ yewo gbɔ ŋkeke geɖe hafi agayi teƒe bubu. Woɖe lɔlɔ̃ fia mí le go sia me ŋutɔ elabena efia be teƒe aɖe koŋ le mía si míada míaƒe nunɔamesiwo ɖo eye anye afisi míatrɔ ava Kwasiɖagbe fiẽwo.
Mía kple Rita míewɔ nutome sue ƒe dɔa ƒe ene le Catalonia-nuto si le Mediterranea Ƒuta la me. Míewɔa míaƒe kpekpewo hena Biblia sɔsrɔ̃ le adzame le amewo ƒe aƒewo me, eye míewɔa míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔa hã le ŋuɖɔɖo me be amewo naganya o. Ɣeaɖewoɣi la, hamea katã ƒoa ƒu le Kwasiɖagbe hena “azãɖuɖu” le ave me, vevietɔ ne míele nutome sue takpekpe wɔm.
Míaƒe ŋku anɔ gbɔgbɔmenɔvi siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe hede woƒe dɔwo kple ablɔɖe afɔku me eye wodo vevie nu be ɖekawɔwɔ kple dzo nanɔ hameawo me la dzi ɣesiaɣi. Wo dometɔ geɖe xɔ ŋgɔ keke dɔa ɖe enu yi du siwo mete ɖe dugã la ŋu o me. Esiawoe ɖo dzidziɖedzi gã si va Spania esi woɖe mɔxeɖenua ɖa eye woɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu le ƒe 1970 me la gɔme anyi.
Eva Hiã be Míaɖe Asi le Míaƒe Dutadɔdasia Ŋu
Mía dzilawo ƒe nɔnɔme do kplamatse míaƒe Yehowa subɔsubɔ me yayra tɔxɛ sia le ƒe ewo si míetsɔ nɔ Spania la me. Eva hiã kloe zi geɖe be míagblẽ míaƒe dɔdasia ɖi ayi aƒe aɖakpɔ danye kple fofonye dzi. Gake nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hame siwo te ɖe dzinyelawo gbɔ me ƒe kpekpeɖeŋu na be míete ŋu yi dɔa dzi le Spania. Ẽ, ame bubu siwo do alɔ mí le Mawu ƒe Fiaɖuƒea tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me hãe na be dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe mɔnukpɔkpɔ su mía si le ƒe mawo me.
Mlɔeba le December 1968 me la, míeyi aƒe be míaɖakpɔ danye dzi. Fofonye ku le ɣleti ma ke me, eye danye ɖeɖekoe kpɔtɔ. Esi ablɔɖe vi aɖe gasu mía si be míasubɔ ɣeyiɣiawo katã la, míexɔ dɔdasi be míasubɔ le nutome sue ƒe dɔa me, gake fifia ya míawɔe le United States. Le ƒe 20 si kplɔe ɖo me la, míesubɔ le nuto siwo me Spaniagbedolawo le me. Togbɔ be míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe dzonu si ƒe asi sẽ ŋutɔ la bu ɖe mí hã la, wogatsɔ bubu na mí.
Gbeƒãɖeɖe le Atike Vɔ̃ɖi Dzraƒewo Kple Ʋunyaʋunyawɔwɔ Dome
Fifia míenɔ subɔsubɔm kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo le dugãwo ƒe akpa siwo nuvlowɔwɔ bɔ ɖo. Le nutome sue ƒe dɔa wɔwɔ le Brooklyn, New York, ƒe kwasiɖa gbãtɔa tututu me gɔ̃ hã la, wodu Rita ƒe akplovi le esi.
Gbeɖeka mía kple Rita míekpe ɖe ƒuƒoƒo aɖe ŋu wɔ aƒeme yi aƒeme dɔa le New York City ƒe nuto bubu me. Esi míexa dzogoe aɖe la, míekpɔ ame aɖewo wole fli me le do aɖe si woɖe ɖe xɔ aɖe si me ame aɖeke megale o ƒe gli ŋu la ŋgɔ. Esi míenɔ zɔzɔm kabakaba le ablɔa dzi la, míekpɔ ɖekakpui aɖe wòtɔ ɖe afɔmɔa dzi henɔ mía kpɔm. Ame bubu hã nɔ dzogoe kemea dzi nɔ ekpɔm ɖa be kpovitɔwo ƒe ʋuwo gbɔna hã. Míeva ge ɖe atike vɔ̃ɖiwo dzraƒe! Ame gbãtɔ si kpɔ mí la ɖi vo, gake esi wòkpɔ Gbetakpɔxɔ le mía si la, eƒe dzi dze eme. Ne menye nenema o la, anye ne atsɔe be kpovitɔe menye! Azɔ edo ɣli gblɔ le Spaniagbe me be, “¡Los Atalayas! ¡Los Atalayas!” (Gbetakpɔxɔtɔwo! Gbetakpɔxɔtɔwo!) Magazinea na wokpɔ mí dze sii, eye woɖe dzi ɖi. Esi menɔ eŋu tom la, megblɔ be “¿Buenos dias, como está?” (Ŋdi na wò, èfɔ nyuiea?) Eɖo eŋu gblɔ nam be mado gbe ɖa ɖe ye ta!
Nyametsotso Sesẽ Aɖe
Le ƒe 1990 me la, eva dze ƒã be ele be manɔ danye gbɔ gbesiagbe. Míedze agbagba ɖesiaɖe be míanɔ mɔzɔzɔdɔa me, gake míekpɔe be míate ŋu awɔ dɔ eveawo katã zi ɖeka o. Míedi vevie be míakpɔ egbɔ be míele Danye dzi kpɔm lɔlɔ̃tɔe. Gake egava hiã be míaɖe asi le dzonu aɖe si ƒe asi sẽ ŋutɔ, nusi xɔ asi na mí ŋutɔ la ŋu. Kpe xɔasiwo ŋutɔŋutɔ siwo katã le xexeame kple nusiwo katã woate ŋu awɔ na ame la le sue ŋutɔ ne míetsɔe sɔ kple kpe xɔasi siwo nye subɔsubɔ abe dutanyanyuigblɔla alo dzikpɔla mɔzɔla ene le Yehowa ƒe habɔbɔa me.
Fifia mía kple Rita míexɔ wu ƒe 60. Míaƒe dzi dze eme ŋutɔ eye míesea vivi le subɔsubɔ kple Spaniagbe hame aɖe si le mía gbɔ me. Ne míetrɔ kpɔ ƒe siwo míetsɔ wɔ dɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la, míedaa akpe nɛ be wòtsɔ dzonu aɖewo siwo ƒe asi sẽ ŋutɔ de mía si.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Mia kple Rita kpakple Paul kple Evelyn Hundertmark (ɖusime) le Madrid ƒe towo ƒe avuwɔƒe ŋkume
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Esi menɔ hame aɖe subɔm le “azãɖuɖu” aɖe me le ave me