INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 9/1 axa 19-21
  • Àte Ŋu Atu Gɔmesese Geɖe Wu Ðoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Atu Gɔmesese Geɖe Wu Ðoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gɔmesese Menɔ Israel-viwo Si O
  • Gbɔgbɔ me Gɔmesese ƒe Amesisusu
  • Gɔmesese Kple Nunya
  • Bi Wò Dzi ɖe Gɔmesese Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Na Gɔmesese Nadzɔ Ŋuwò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Yehowa Naa Nunya”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Srɔ̃ Yesu Ƒe Dzideƒo Kple Nugɔmesese
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 9/1 axa 19-21

Àte Ŋu Atu Gɔmesese Geɖe Wu Ðoa?

GƆMESESE ye nye “susu ƒe ŋusẽ alo ŋutete si wòtsɔ dea vovototo nuwo domee.” Agate ŋu anye “nyametsotso wɔwɔ aɖaŋutɔe” alo “vovototo si le nuwo alo nukpɔsusuwo dome kpɔkpɔ dze sii ƒe ŋutete.” Nenemae Webster’s Universal Dictionary gblɔ. Eme kɔ be gɔmesese nye nɔnɔme si le be wòadzro ame. Asixɔxɔ si le eŋu la dze le Salomo ƒe nyawo me be: “[Ne] nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu [la] . . . gɔmesese adzɔ ŋuwò, ne wòaɖe wò tso mɔ vɔ̃ dzi.”—Lododowo 2:10-12.

Ẽ, gɔmesese akpe ɖe mía ŋu míatsri “mɔ vɔ̃” si bɔ fũ egbea. Egahea viɖe bubuwo hã vɛ. Le kpɔɖeŋu me, dzilawo senɛ zi geɖe wo viwo gblɔna be, ‘Mèse egɔme nam o!’ To gbebiabia wo yi ŋgɔe vie dzi la, dzila nugɔmeselawo nyaa alesi woawɔ wo viwo naɖe woƒe seselelãmewo kple nusi le fu ɖem na wo agblɔ. (Lododowo 20:5) Srɔ̃ŋutsu nugɔmesela aɖo to ase srɔ̃a ƒe nya bene wòase eƒe tamesusu kple seselelãmewo gɔme tsɔ wu be wòatso ko aƒo nya ta. Nyɔnua hã awɔ ɖe srɔ̃a ŋu nenema ke. Esia awɔe be ‘woatsɔ nunya atu ƒomea, eye woatsɔ gɔmesese ali kee.’—Lododowo 24:3.

Gɔmesese kpena ɖe ame ŋu wòkpɔa nyawo gbɔ dzidzedzetɔe. Lododowo 17:27 gblɔ be: “Amesi mekea nu kplakplakpla o la, sidzedze le esi, eye ame ɖɔŋuɖo enye nugɔmesela.” Nugɔmesela metsona ko wɔa nu atsɔ eɖokui ade nusianu me eŋumabumabui o. Ebua nusiwo ate ŋu ado tso eme ŋu nyuie hafi dea ta eme. (Luka 14:28, 29) Woa kple ame bubuwo dome hã vivina nyuie elabena etsɔa “nunya” léa ŋku ɖe eƒe nyagbɔgblɔwo ŋu nyuie. (Lododowo 10:19; 12:8) Gake vevietɔ wu la, nugɔmesela dea dzesi eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ɖokuibɔbɔtɔe eye wòkpɔa Mawu sinu hena mɔfiame, ke menye amegbetɔwo sinu o. Esia dzea Yehowa ŋu eye wònye susu bubu si ta wòle be woatu gɔmesese ɖo.—Lododowo 2:1-9; Yakobo 4:6.

Gɔmesese Menɔ Israel-viwo Si O

Afɔku si le gɔmesese manɔamesi me la dze le Israel-viwo ƒe blemaŋutinya me nudzɔdzɔ aɖe me. Esi hakpala si gbɔgbɔ ʋã nɔ ɣeyiɣi mawo ŋu bum la, egblɔ be: “Mía fofowo melé ŋku ɖe wò nukunuwo ŋu le Egipte o, womeɖo ŋu wò amenuveve geɖeawo o, eye wosẽ to le ƒu la nu, le Avaƒu la nu.”—Psalmo 106:7.

Hafi Mose nakplɔ Israel tso Egipte la, Yehowa he fukpekpe ewo va xexemeŋusẽ triakɔ ma dzi tsɔ ɖe eƒe ŋusẽ kple tameɖoɖo kplikpaa be yeaɖe yeƒe dukɔa la fia xoxo. Esi Farao ɖe asi le Israel-viwo ŋu vɔ la, Mose kplɔ wo yi Ƒudzĩa nui. Gake Egipte-ʋakɔwo ti wo yome. Edze abe ɖe Israel-viwo ɖo xaxa me eye ablɔɖe yeye si su wo si nu atso kpuie ene. Eyata Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Wovɔ̃ ŋutɔ. Tete Israel-viwo do ɣli yɔ Yehowa.” Eye wotrɔ ɖe Mose ŋu gblɔ nɛ be: “Nukaŋuti nèwɔ esia ɖe mía ŋuti, eye nèkplɔ mí tso Egipte? . . . Ne míesubɔ Egiptetɔwo la, enyo wu esi míaɖaku ɖe gbedzi.”—Mose II, 14:10-12.

Ðewohĩ míase woƒe vɔvɔ̃a gɔme na wo negbe ɖe míeɖo ŋku edzi be wokpɔ Yehowa ƒe ŋusẽ ɖeɖefia ɖedzesi ewo teƒe xoxo. Woa ŋutɔwo nya nusi dzi Mose ava ɖo ŋkui na wo anye le ƒe 40 megbe xoxo be: “Yehowa tsɔ asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, nu dzɔtsuwo, dzesiwo kple nukunuwo kplɔ mí tso Egipte.” (Mose V, 26:8) Eyata abe alesi hakpala la ŋlɔe ene la, esi Israel-viwo gbe Mose ƒe mɔfiame la, ‘womeɖe gɔmesese fia o.’ Gake Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodo dzi esi wòɖu Egipte-ʋakɔa dzi nukutɔe.—Mose II, 14:19-31.

Míaƒe xɔse ate ŋu aʋuʋu nenema ke ne míetsɔ ɖikeke alo susu eve dze ŋgɔ dodokpɔwoe. Gɔmesese akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ nuwo alesi tututu wole ɣesiaɣi, eye alesi gbegbe Yehowa lolo wu amesiame si atsi tre ɖe mía ŋu la anɔ susu me na mí. Gɔmesese awɔe hã be míaɖo ŋku nusiwo Yehowa wɔ na mí xoxo la dzi. Akpe ɖe mía ŋu míaŋlɔ be gbeɖe o be Eyae “kpɔa amesiwo katã lɔ̃nɛ la ta.”—Psalmo 145:18-20.

Gbɔgbɔ me Gɔmesese ƒe Amesisusu

Tsitsi menaa gɔmesese sua ame si le eɖokui si o. Ele be woatui ɖo. Nunyala Fia Salomo si ƒe gɔmesese de du la gblɔ be: “Woayra amesi tu nunya kple amesi ƒe asi su gɔmesese dzi. Elabena eƒeƒle nyo wu klosaloƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta.” (Lododowo 3:13, 14) Afikae gɔmesese tso su Salomo si? Yehowa gbɔe. Esi Yehowa bia Salomo be yayra ka dim wòle hã la, Salomo ɖo eŋu be: “Na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ, eye wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” (Fiawo I, 3:9) Ẽ, Yehowa gbɔe Salomo di kpekpeɖeŋu tsoe. Ebia gɔmesese eye Yehowa na gbogbo aɖee. Nukae do tso eme? “Salomo ƒe nunya ƒo ɣedzeƒetɔwo katã ƒe nunya kple Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã ta.”—Fiawo I, 5:10.

Salomo ƒe nuteƒekpɔkpɔa fia afisi wòle be míadi gɔmesese le la mí. Ele be míadii le Yehowa gbɔ abe Salomo ene. Alekee? Yehowa tsɔ eƒe Nya Biblia si na míesea eƒe tamesusuwo gɔme la mí. Ne míexlẽa Biblia la, ke sidzede ƒe kpegbãƒe xɔasi, afisi míakpɔ gbɔgbɔ me gɔmesese ƒe xɔtukpewo le enye ma kum míele. Ele be míade ŋugble le nu gbogbo siwo míesrɔ̃na le míaƒe Biblia xexlẽ me la ŋu. Ekema míate ŋu azã wo atsɔ awɔ nyametsotso nyuiwoe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míaƒe sidzenuwo atsi ale gbegbe be ‘míatsi le nyasã me nyuie’ ale be míate ŋu ‘akpɔ [alo anya] vovototo si le nyui kple vɔ̃ dome.’—Korintotɔwo I, 14:20; Hebritɔwo 5:14; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 2:10.

Enyo ŋutɔ be gɔmesese si Yehowa na Salomo la agate ŋu aɖe vi na mí. Le mɔ ka nu? Salomo va bi ɖe nunya tsɔtsɔ do loe me ale gbegbe be wozu Mawu ƒe nunya si tso gbɔgbɔ me si nu woƒo ƒu kpokploe. Wodzra nyagbɔgblɔ siawo dometɔ geɖe ɖo ɖe Biblia-gbalẽ si nye Lododowo me. Agbalẽ ma sɔsrɔ̃ na Salomo ƒe gɔmesese ɖea vi na mí eye mía ŋutɔwo hã míetua gɔmesese ɖo.

Míate ŋu azã Biblia-srɔ̃gbalẽwo abe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ene bene woakpe ɖe mía ŋu le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ me. Gbetakpɔxɔ la le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe Fiaɖuƒea na dzianukwaretɔwo ƒe 116 kple vɔe enye sia. Nyɔ! magazine la kple esiwo do ŋgɔ nɛ le nu ƒom tso xexeame ƒe nɔnɔmewo ŋu tso ƒe 1919 me ke. Magazine eve siawo dzroa Biblia ƒe nyateƒea me eye wonaa gbɔgbɔ me numekɔkɔ mí vivivi si kpena ɖe mía ŋu míedea dzesi vodadawo, eɖanye Kristodukɔae fia wo alo mía ŋutɔwo ƒe tamebubu mee wotso o.—Lododowo 4:18.

Hadede nyui hã nye nu bubu si agakpe ɖe mía ŋu le gɔmesese tutuɖo me. Fia Salomo ƒe lododo ɖeka gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” (Lododowo 13:20) Ŋukpe blibo wònye be Fia Salomo ƒe vi Rexabeam meɖo ŋku lododo sia dzi le eƒe agbe me ɣeyiɣi vevi aɖe me o. Le fofoa ƒe ku megbe la, Israel-to ewo siwo le anyiehe gome va egbɔ be wòaɖe yewoƒe agbawo dzi na yewo. Gbã la, Rexabeam de aɖaŋu kple ame tsitsiwo, eye amesiawo ɖe gɔmesese fia esime wode dzi ƒo nɛ be wòaɖo to eteviawo. Emegbe eyi ɖekakpuiwo gbɔ. Woawo ɖe nuteƒemakpɔmakpɔ kple gɔmemasemase fia esi wode dzi ƒo na Rexabeam be wòado ŋɔdzi na Israel-viawo. Rexabeam se ɖekakpuiawo ƒe gbe. Nukae va dzɔ? Israel-viwo dze aglã eye Rexabeam bu eƒe fiaɖuƒea ƒe akpa gã aɖe.—Fiawo I, 12:1-17.

Gɔmesese tutuɖo ƒe akpa vevi aɖee nye be míadi gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu. Esi Nexemya nɔ alesi Yehowa wɔ nu kple Israel-viwo le wo ɖeɖe tso aboyo me le Egipte megbe me dzrom la, egblɔ be: ‘Èna wò gbɔgbɔ nyui la wo, ne wòana woadze nunya.’ (Nexemya 9:20) Yehowa ƒe gbɔgbɔ ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu be míadze nunya. Ne èle gbe dom ɖa be Yehowa ƒe gbɔgbɔ nana gɔmesese ye la, doe ɖa kple kakaɖedzi elabena Yehowa “[naa] amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o.”—Yakobo 1:5; Mateo 7:7-11; 21:22.

Gɔmesese Kple Nunya

Apostolo Paulo ɖe gɔmesese fia esime wòɖe gbeƒã nyateƒea na trɔ̃subɔlawo. Le kpɔɖeŋu me, esime wònɔ Atene ɣeaɖeɣi la, ‘enɔ tsatsam henɔ ŋku lém ɖe’ woƒe nu subɔsubɔwo ŋu. Legbawo sɔŋ koe ƒo xlã Paulo, eye eƒe gbɔgbɔ bi dzi le eme. Ehiã be wòatso nya me azɔ. Ðe wòazi ɖoɖoe anɔ dediea? Alo ɖe wòaƒo nu tso woƒe trɔ̃subɔsubɔ gbogbo si na wòbi dzi la ŋu kaŋ togbɔ be ema wɔwɔ ate ŋu adee afɔku me hã?

Paulo wɔ nu le gɔmesese me. Ekpɔ mlekpui aɖe si dzi woŋlɔ ɖo be: “Mawu, si womenya o la tɔe.” Paulo tsɔ aɖaŋudzedze lɔ̃ ɖe alesi wotsɔ wo ɖokui na legbawoe dzi eye wòzã mlekpui ma tsɔ ɖe “Mawu, si wɔ xexeame kple nusiwo katã le eme” ƒe nyati la nui. Ẽ, Yehowae nye Mawu si womenya o! Eyata Paulo lé ŋku ɖe alesi wotsɔ ɖe le nya la mee ŋu eye wòɖi ɖase nyui aɖe na wo. Nukae do tso eme? Ame gbogbo aɖewo, siwo dome “Dionisio, Areopago tɔ la, kple nyɔnu aɖe, si ŋkɔ nye Damaris kpakple ame bubu, siwo kpe ɖe wo ŋu” le la xɔ nyateƒea. (Dɔwɔwɔwo 17:16-34) Gɔmesese ŋudɔwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu ka gbegbe enye si Paulo ɖo!

Edze ƒã be gɔmesese mesua ame si bɔbɔe le eɖokui si o. Gake to dzigbɔɖi, gbedodoɖa, agbagbadzedze vevie, hadede nyuiwo, Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu, kpakple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu dzi la, wò hã àte ŋu atui ɖo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe