INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 11/15 axa 24-27
  • “Yehowa Naa Nunya”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Yehowa Naa Nunya”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Ƒu To Anyi ɖe Nunya Ŋu’
  • Àdze Agbagba Adiia?
  • Màwɔ Dɔ Vlo O
  • Ne ‘Sidzedze Va le Nuwò Vivim’
  • “Ne Wòaɖe Wò tso Mɔ Vɔ̃ Dzi”
  • “Nuteƒewɔlawo Anɔ Anyigba la Dzi”
  • Bi Wò Dzi ɖe Gɔmesese Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Àte Ŋu Atu Gɔmesese Geɖe Wu Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • ‘Dzidzɔtɔe Nye Amesi ƒe Asi Tu Nunya’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Ðe Nèzãa “Nunya Si Tso Dziƒo” Le Wò Agbenɔnɔ Mea?
    Te Ðe Yehowa Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 11/15 axa 24-27

“Yehowa Naa Nunya”

DƆWƆNA ka ŋue nèzãa wò ɣeyiɣi kple ŋusẽ ɖo? Ŋkɔ nyui wɔwɔ na ɖokuiwò ŋue nètsia dzi ɖoa? Kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu ye nètsɔ ɖokuiwò katã na? Ke dɔ aɖe wɔwɔ alo agbagbadzedze be yeabi ɖe nusɔsrɔ̃ aɖe alo nu geɖe sɔsrɔ̃ me ɖe? Ðe ƒomedodo nyui tutuɖo le mia kple ame bubuwo dome le vevie na wòa? Lãmesẽ me nɔnɔ ŋue nètsia dzi ɖo wua?

Edze abe asixɔxɔ aɖe le wɔna siwo katã míegblɔ va yi la ŋu ene. Gake nukae xɔ asi wu? Biblia ɖo eŋu be: “Nunyae xɔ asi wu. Ƒle nunya.” (Lododowo 4:7, NW) Eyata nukae míawɔ adze nunya, eye vi kawoe nunya ɖena? Biblia ƒe agbalẽ si nye Lododowo ƒe ta evelia na ŋuɖoɖoawo mí.

‘Ƒu To Anyi ɖe Nunya Ŋu’

Blema Israel Fia nunyala Salomo gblɔ vifofo lɔ̃ame ƒe nya siwo gbɔna be: “Vinye, ne èxɔ nye nuƒoƒo wɔ tɔwòe, eye nèdzra nye sewo ɖo ɖe ɖokuiwò gbɔ, be nèƒu wò to anyi ɖe nunya ŋu, eye nèbi wò dzi ɖe gɔmesese ŋuti, ẽ, ne èyɔ nunya, eye nèkɔ wò gbe dzi ɖe gɔmesese ŋu la, ne èdii abe klosalo ene, eye nèdi eyome mɔ abe kesinɔnu, si le to me ene la, ekema àse Yehowa-vɔvɔ̃ gɔme, eye wò asi atu sidzedze Mawu.”—Lododowo 2:1-5.

Èkpɔ amesi gbɔ wòatso hafi nunya nasu ame sia? Le kpukpui siawo me la, nya ‘ne è’ dze zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. Eme kɔ ƒã be ekpo ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe gbɔ be míadi nunya kple eƒe kpeɖeŋutɔwo—sidzedze kple gɔmesese. Gake gbã la, ehiã be ‘míaxɔ’ nya siwo me nunya le siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me, eye ‘míadzra’ wo ɖo ɖe míaƒe susu me. Be míate ŋu awɔ esia la, ehiã be míasrɔ̃ Biblia.

Nunya enye ŋutete si anɔ ame si be wòazã sidzedze si Mawu nana la nyuie. Eye aleke gbegbe nunya bɔ ɖe Biblia mee nye si! Ẽ, nya siwo me nunya le le eme, abe esiwo woŋlɔ ɖe Lododowo kple Nyagblɔla ƒe agbalẽwo me ene, eye ehiã be míaƒu to anyi ɖe nya siawo ŋu. Azɔ hã, míakpɔ kpɔɖeŋu geɖe siwo fia Mawu ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ŋuti viɖewo kple afɔku siwo le wo dzi dada me la le Biblia me. (Romatɔwo 15:4; Korintotɔwo I, 10:11) Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nyagblɔɖila Elisa ƒe subɔvi, Gexazi ŋuklẽla la ƒe nuŋlɔɖia ŋu kpɔ. (Fiawo II, 5:20-27) Ðe mefia nunya si le ŋukeklẽ tsitsri me la mí oa? Ke nu wɔnublanui si va dzɔ esi Yakob vinyɔnu Dina ɖina tsa yia ‘Kanaan-dua me nyɔnuviwo’ gbɔ, esi wòsusu be magblẽ naneke le ye ŋu o ya ɖe? (Mose I, 34:1-31) Ðe míekpɔ bometsitsi si le hadede vɔ̃wo me la dze sii enumake oa?—Lododowo 13:20; Korintotɔwo I, 15:33.

Be woaƒu to anyi ɖe nunya ŋu bia be sidzedze kple gɔmesese nasu ame si. Le nyagɔmeɖegbalẽ si nye Webster’s Revised Unabridged Dicitionary ƒe nya nu la, sidzedze nye “susua ƒe ŋusẽ alo ŋutete si wòtsɔna kpɔa vovototo si le nuwo dome dzea sii.” Mawu me sidzedze nye ŋutete si anɔ ame si be wòate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome ahatia mɔ nyuitɔa. Ne ‘míebi míaƒe dzi’ ɖe sidzedze ŋuti o, alo míetsi dzi be wòasu mía si o la, aleke míate ŋu anɔ ‘mɔ si kplɔa ame yia agbe me’ dzii? (Mateo 7:14; tsɔe sɔ kple Mose V, 30:19, 20.) Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple etsɔtsɔ wɔ dɔe naa sidzedze sua ame si.

Aleke ‘míayɔ gɔmesesee’—si nye ŋutete si anɔ ame si be wòakpɔ alesi nya aɖe ƒe akpa vovovowo do ƒome kple wo nɔewo kple alesi wodo ƒome kple nu bliboae? Le nyateƒe me la, ƒexɔxɔ kple nuteƒekpɔkpɔ nye nusiwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ŋgɔ le nugɔmesese me—gake menye ɣesiaɣie wòle nenema o. (Hiob 12:12; 32:6-12) Hakpala la gblɔ be: “Mese nu gɔme wu ame tsitsiwo, elabena melé wò [Yehowa ƒe] seawo me ɖe asi.” Egadzi ha be: “Ne woʋu go wò nya la, eklẽna, eye wòfiaa nunya amesiwo ŋu wɔna mele o.” (Psalmowo 119:100, 130) Yehowae nye ‘Amegã ɖeɖi la’ eye gɔmesese si le esi de ŋgɔ sasasã wu amegbetɔwo katã tɔ. (Daniel 7:13) Mawu ate ŋu ana gɔmesese nasu ame makpɔnuteƒewo si, wòakpe ɖe eŋu nɔnɔme ma nasu esi wu amesiwo tsi wui le ƒe me gɔ̃ hã. Eyata ele be míado vevie Mawu ƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ kple etsɔtsɔ wɔ dɔe.

Nyagbɔgblɔ siawo abe ‘xɔ,’ ‘dzra ɖo,’ ‘yɔ,’ ‘dii,’ ‘di eyome mɔ,’ kplɔ nya ‘ne è’ si woyɔ enuenu le Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta evelia ƒe gɔmedzedze me ɖo. Nukatae nuŋlɔla la zã nya siawo eye wòna nya siwo kplɔ wo nɔewo ɖo la nu sẽ wu esiwo do ŋgɔ? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Alesi wòhiã vevie be woaku kutri le nunya didi me dzie nunyala la le gbe tem ɖo [le afisia].” Ẽ, ele be míaku kutri adi nunya kple nɔnɔme siwo kpe ɖe eŋu—sidzedze kple gɔmesese.

Àdze Agbagba Adiia?

Nu vevi aɖe si hiã le nunya didi mee nye fɔléle ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Gake ele be nusɔsrɔ̃ sia nade to sasasã wu nuxexlẽ be woanya nya aɖewo dzro ko. Ŋugbledede moveviɖoɖotɔe le nusiwo míexlẽ ŋu nye Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ ƒe akpa vevi aɖe. Nunya kple sidzedze ƒe ame si susu bia be míade ŋugble le alesi míate ŋu azã nusiwo srɔ̃m míele atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe kple alesi míazãe le nyametsotsowɔwɔ mee ŋu. Sidzedze ƒe ame si susu bia ŋugbledede le alesi nya yeye si ŋu míeke ɖo de nu nusi míenya xoxo mee la ŋu. Amekae malɔ̃ ɖe edzi be Biblia sɔsrɔ̃ ŋugblededetɔe alea bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe o? Ɣeyiɣi kple ŋusẽ si míazã ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu sɔ kple esi míazã ne míele ‘klosalo dim kple ne míele kesinɔnu, si le tome yome mɔ dim.’ Àdze agbagba adii le mɔ sia nua? ‘Àƒle ɣeyiɣia’ atsɔ adiia?—Efesotɔwo 5:15, 16.

Bu kesinɔnu si gbegbe míakpɔ ne míekɔ dzime heku Biblia me ŋu kpɔ. Míaƒe asi atu “sidzedze Mawu”—si nye mía Wɔla la ŋuti sidzedze vavã si li ke! (Yohanes 17:3) “Yehowa-vɔvɔ̃” hã nye kesinɔnu si asu mía si. Aleke gbegbe amesisiɖa deto si míatsɔ nɛ nye nu xɔasie nye si! Ele be vɔvɔ̃ nyuitɔ be míagawɔ nu adze agɔ le edzi o nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe ƒe akpa sia akpa dzi, be gbɔgbɔ me nukpɔsusu nadze le nusianu si míewɔna me.—Nyagblɔla 12:13.

Ele be gbɔgbɔ me kesinɔnu didi ƒe didi vevie nanɔ bibim le mía me. Be wo didi nanɔ bɔbɔe na mí la, Yehowa na dɔwɔnu nyui siwo míazã atsɔ adi woe la mí—woawoe nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe magazine siwo sɔna ɖe ɣeyiɣia nu kpakple agbalẽ bubu siwo wotu ɖe Biblia dzi. (Mateo 24:45-47) Azɔ hã, Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu, afisi míasrɔ̃ nu tso eƒe Nya kple mɔwo ŋu le. Ehiã be míade kpekpe siawo edziedzi, alé to ɖe nusi gblɔm wole ŋu tsitotsito, adze agbagba vevie ade ŋugble le susu veviwo ŋu ahatsɔ wo adzra ɖo, eye míabu tame le mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu vevie.—Hebritɔwo 10:24, 25.

Màwɔ Dɔ Vlo O

Zi geɖe la, tomenu xɔasiwo, sika, alo klosalo didi mekpɔa dzidzedze o. Mele be gbɔgbɔ me kesinɔnuwo ya didi nanɔ alea o. Nukatae? Salomo na kakaɖedzi mí be: “Yehowa naa nunya, eƒe nu me sidzedze kple gɔmesese dzɔ tso.”—Lododowo 2:6.

Fia Salomo ƒe nunya na wòxɔ ŋkɔ. (Fiawo I, 4:30-32) Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be enya nu tso nu vovovowo ŋu, eye enya nu tso numiemiewo, lãwo, amegbetɔwo ƒe nɔnɔme, kple tso Mawu ƒe Nya hã ŋu. Nyaʋiʋli si ɖo nyɔnu eve siwo nɔ vi ɖeka ʋlim dome si gbɔ wòtsɔ gɔmesese kpɔ esi wònye fia ɖekakpui la na eƒe ŋkɔ de du. (Fiawo I, 3:16-28) Afikae wòsrɔ̃ nusiawo gbegbe tsoe? Salomo do gbe ɖa na Yehowa be wòana ye ‘nunya kple sidzedze’ kpakple ŋusẽ si yeatsɔ ade “vovo nyui kple vɔ̃ dome.” Yehowa na nusiawo katãe.—Kronika II, 1:10-12; Fiawo I, 3:9.

Esi míawo hã míele Yehowa ƒe Nya srɔ̃m kple moveviɖoɖo la, ele be míawo hã míado gbe ɖa abia eƒe kpekpeɖeŋu. Hakpala la do gbe ɖa be: “Yehowa, fia wò mɔm, ne mazɔ le wò nyateƒe la me; tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ!” (Psalmo 86:11) Yehowa da asi ɖe gbedodoɖa ma dzi, elabena ena woŋlɔe ɖe Biblia me. Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be ne míedo gbe ɖa edziedzi moveviɖoɖotɔe be wòakpe ɖe mía ŋu míake ɖe gbɔgbɔ me kesinɔnuwo ŋu le Biblia me la, magbe toɖoɖo mí o.—Luka 18:1-8.

Salomo ɖee fia be: “Edzra dzɔgbenyui vavã ɖo ɖi na nuteƒewɔlawo, akpoxɔnu wònye na amesiwo ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o, ne wòakpɔ nu dzɔdzɔe ƒe toƒe ta, eye wòadzɔ eƒe mawumemewo ƒe mɔ ŋuti. Ekema àse dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe kple nuteƒewɔwɔ gɔme; mɔ nyuiwo katã gɔme nase.” (Lododowo 2:7-9) Dzideƒonamenya ka gbegbee nye si wònye na mí! Menye nunya vavãtɔ koe Yehowa naa amesiwo dinɛ le anukwareɖiɖi me o, ke enyea akpoxɔnu hã na ame dzɔdzɔewo elabena woɖea nunya vavãtɔ fiana eye wowɔna ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Neva eme be míanɔ amesiwo ŋu Yehowa kpena ɖo be woase “mɔ nyuiwo katã gɔme” la dome.

Ne ‘Sidzedze Va le Nuwò Vivim’

Ðokuisi Biblia nusɔsrɔ̃—si nye nudidi vevi aɖe le nunya didi me—mevivia ame geɖe nu o. Le kpɔɖeŋu me, Lawrence, amesi xɔ ƒe 58 gblɔ be: “Asi koe metsɔ wɔa dɔ ɣesiaɣi. Esesẽ nam be masrɔ̃ nu.” Eye Michael si xɔ ƒe 24, amesi nusɔsrɔ̃ medo dzidzɔ na le suku o gblɔ be: “Ðe mezia ɖokuinye dzi hafi te ŋu nɔa anyi srɔ̃a nu.” Gake woate ŋu atu nusɔsrɔ̃ ƒe dzodzro ɖo.

Bu nusi Michael wɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Mezia ɖokuinye dzi srɔ̃a nu gaƒoƒo afã gbesiagbe. Eteƒe medidi o mekpɔ ŋusẽ si kpɔm wònɔ ɖe nye nɔnɔme, nye nyaŋuɖoɖo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, kple dzeɖoɖo kple ame bubuwo dzi la dze sii. Fifia la, mekpɔa mɔ na nye nusrɔ̃ɣiwo, eye nyemedina be naneke nagblẽ wo me o.” Ẽ, ne míekpɔ ŋgɔyiyi si wɔm míele la, ɖokuisinusɔsrɔ̃ va vivia mía nu. Lawrence hã va lé fɔ ɖe Biblia-sɔsrɔ̃ ŋu, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva zu hamemegã le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me.

Ebia agbagbadzedze geɖe be woana ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔwɔ navivi ame nu. Gake viɖeawo sɔ gbɔ. Salomo gblɔ be: “Ekema nunya age ɖe wò dzi me, eye sidzedze avivi wò luʋɔ nu. Tamebubu akpɔ dziwò, eye gɔmesese adzɔ ŋuwò.”—Lododowo 2:10, 11.

“Ne Wòaɖe Wò tso Mɔ Vɔ̃ Dzi”

Mɔ ka nue nunya, sidzedze, tamebubu, kple gɔmesese ɖea ame le? Salomo gblɔ be: “[Woaɖe] wò tso mɔ vɔ̃ dzi, le amesiwo gblɔa godzenya la ŋu, amesiwo gblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, be woazɔ blukɔ ƒe mɔ dzi, amesiwo le dzidzɔ kpɔm ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu, eye wole aseye tsom ɖe godzedze vɔ̃ɖi ŋu, amesiwo toƒe le gɔdɔ̃gɔdɔ̃, eye wodze tso woƒe mɔwo dzi.”—Lododowo 2:12-15.

Ẽ, amesiwo lɔ̃ nunya vavãtɔ tsria hadede kple amesi “gblɔa godzenya,” si nye nusiwo tsi tre ɖe nyateƒe kple nu dzɔdzɔe ŋu. Tamebubu kple gɔmesese kpɔa ame ta tso amesiwo gbe nyateƒea hezɔa mɔ vɔ̃wo ko dzi kple amesiwo ƒe mɔ le gɔdɔ̃gɔdɔ̃ eye nuvɔ̃ɖiwɔwɔ vivia wo nu la si me.—Lododowo 3:32.

Aleke gbegbe míeda akpee nye si be nunya vavãtɔ kple nɔnɔme siwo kpe ɖe eŋu la kpɔa mía ta tso ŋutsu kple nyɔnu agbegbegblẽnɔlawo si me! Salomo gblɔ kpee be ne nɔnɔme siawo li la, “[woaɖe] wò tso [nyɔnumedzro] si me, tso dutanyɔnu, si ɖea ami ɖe eƒe nyawo la, si me, amesi gblẽ eƒe ɖetugbi me srɔ̃ ɖi, eye wòŋlɔ woƒe Mawu ƒe nubabla be; elabena eƒe aƒe ɖo agu yi ku gbɔ, eye eƒe mɔwo yi tsiẽƒe. Amesiwo katã yia egbɔ la, womegatrɔna gbɔna o, eye womegava tsoa agbemɔ me o.”—Lododowo 2:16-19.

Woɖee fia be ‘nyɔnumedzroa’ nye gbolo si gblẽ “eƒe ɖetugbi me srɔ̃ ɖi”—ɖewohĩ ŋutsu si wòɖe le eƒe ɖetugbi me.a (Tsɔe sɔ kple Maleaxi 2:14.) Eŋlɔ be be le Se ƒe nubablaa me la, womeɖe mɔ ɖe ahasiwɔwɔ ŋu o. (Mose II, 20:14) Eƒe mɔwo kplɔa ame yia ku mee. Amesiwo le ha dem kplii la ‘magava tso agbemɔ me’ akpɔ gbeɖe o, esi wònye eteƒe madidi o woaɖo afisi tɔtrɔgbɔ megale o, si nye ku me ta. Ame senugɔme kple tamebula nya ameblenu siwo kplɔa ame dea agbegbegblẽnɔnɔ me eye nunyatɔe la, eƒoa asa na wo be womagalée o.

“Nuteƒewɔlawo Anɔ Anyigba la Dzi”

Esi Salomo nɔ taɖodzinu si ta wòɖo aɖaŋu tso nunya ŋu ta ƒom la, egblɔ be: “Ne nato ame nyuiwo ƒe mɔ dzi, eye nalé ame dzɔdzɔewo ƒe toƒe ɖe asi.” (Lododowo 2:20) Taɖodzinu nyui ka gbegbee nye si gbɔe nunya ɖona! Ena míenɔa agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le si dzea Mawu ŋu.

Azɔ hã bu yayra nyui siwo wodzra ɖo ɖi na amesiwo ‘toa ame nyuiwo ƒe mɔ dzi’ la ŋu kpɔ. Salomo yi edzi be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” (Lododowo 1:21, 22) Neva eme be nànɔ ame maɖifɔ siwo anɔ Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me tegbee la dome.—Petro II, 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Wozãa nya “amedzro” na amesiwo trɔ megbe de nusi Sea bia be woawɔ la wɔwɔ heɖe wo ɖokui ɖe aga tso Yehowa ŋu. Esia tae woyɔ gboloa—manye amedzro kokoko o—be ‘nyɔnumedzro.’

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Salomo do gbe ɖa bia nunya. Ele be míawo hã míawɔe nenema

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe