Dzɔ Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Vevienyenye Ŋu
MƆ ÐEKA si ŋu kakaɖedzi le si dzi Mawu lɔ̃ ɖo kae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi asubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo? Eyae nye be míana nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye naxɔ aƒe ɖe míaƒe dzi me. Mawu subɔsubɔ kple luʋɔ blibo fia be míasubɔe kple míaƒe ametia katã, eye esia bia be míadze agbagba vevie awɔ ɖe nusianu si wòbia tso mía si la dzi bliboe.
Nyagblɔɖila Mose te gbe ɖe hiahiã sia dzi esi wòxlɔ̃ nu Israel-dukɔa be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” (Mose V, 6:5) Le ƒe alafa geɖe megbe la, Kristo Yesu gaƒo nu tso se ma ke ŋu be: “Lɔ̃ [Yehowa] wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37) Apostolo Paulo ƒo nu tso nudidi sia ke ŋu esime wògblɔ na Efesotɔwo be woawɔ ‘Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple luʋɔ blibo,’ kple esi wòxlɔ̃ nu Kolosetɔwo be: “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.”—Efesotɔwo 6:6; Kolosetɔwo 3:23.
Gake asesẽ be míaƒo míaƒe dzi kple luʋɔ ɖe Mawu subɔsubɔ me ne nuwɔwɔ kpata ƒe seselelãme mexɔ aƒe ɖe mía me o alo ne nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye si nɔ mía me tsã la me gbɔdzɔ—ɖewohĩ ebu kura. Egbea míele ɣeyiɣi si hiã nuwɔwɔ kpata me si mesɔ kple ɣeyiɣi bubu aɖeke le amegbetɔ ƒe ŋutinya me o.
Ɣeyiɣi Tɔxɛ Siwo me Wowɔ Nu Kpata Le
Nuwɔwɔ kpata hiã le ɣeyiɣi geɖe me do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli. Ðikekemanɔmee la, Noa ƒe ŋkekea kple ɣeyiɣi si do ŋgɔ na Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃ nye ɣeyiɣi siwo me nuwɔwɔ kpata hiã le vevie. (Petro II, 2:5, 6; Yuda, 7) Ðikeke mele eme o be ƒe siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa yɔ fũ kple dɔwɔwɔ kpata. Togbɔ be Noa kple eƒe ƒomea, menya ɣeyiɣi si tututu Tsiɖɔɖɔa adze egɔme o hã la, woƒe ‘mawuvɔvɔ̃’ ye wɔe be womehe megbelele o.—Hebritɔwo 11:7.
Nenema ke hafi woatsrɔ̃ Sodom kple Gomora la, mawudɔlawo “ƒo du ɖe Lot te” esi wogblɔ nɛ be: ‘Si nàɖe ɖokuiwò!’ (Mose I, 19:15, 17) Ẽ, le ɣemaɣi hã la, nuwɔwɔ kpatae ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe agbe. Ƒe alafa geɖe megbe la, woxlɔ̃ nu Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon be: “Midzo, midzo, miʋu tso afima! migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Miʋu tso wo dome.” (Yesaya 52:11) Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, aboyomenɔla siwo ade 200,000 ʋu tso Babilon afɔ tsɔtsɔe le toɖoɖo nyagblɔ̃ɖigbedasi vevi ma me.
Nuwɔwɔ kpata le nɔnɔme mawo dometɔ ɖesiaɖe me le ɣemaɣi wɔe be amesiwo see le wo ɖokui me eye woxɔe se be yewole ɣeyiɣi si hiã nuwɔwɔ kpata me la wɔ woƒe subɔsubɔa kple luʋɔ blibo.
Nuwɔwɔ Kpata le Kristotɔwo Ŋɔli
Wogblɔ alesi nuwɔwɔ kpata hiãe zi geɖe le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. ‘Minɔ mɔkpɔkpɔ me ɖaasi,’ ‘Minɔ ŋute,’ “Minɔ ŋudzɔ,” “Misu te”— Kristo Yesu zã nya siawo katã tsɔ fia alesi nuwɔwɔ kpata le vevie na eyomedzelawoe. (Mateo 24:42-44; Marko 13:32-37) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, eƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ɖetugbi ewoawo, dɔla vɔ̃ɖi la, talentoawo, kple alẽwo kpakple gbɔ̃wo me mamã ŋu la nyɔ mɔkpɔkpɔ kple nuwɔwɔ kpata ƒe seselelãme ɖe ame me.—Mateo 25:1, 14, 15, 32, 33.
Menye ɖeko Yesu ƒo nu tso nuwɔwɔ kpata ŋu ko evɔ o, ke eɖo kpe eƒe nyawo ƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye dzi hã to alesi eya ŋutɔ wɔ dɔ kpatae me. Gbeɖeka esi amehawo di be yewoasikae ɖi la, egblɔ na wo be: “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia du bubuawo hã; elabena eyata wodɔm ɖo.” (Luka 4:42, 43) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ede dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe kuku na nuŋeŋe la ƒe Aƒetɔ ne wòadɔ dɔwɔla geɖe ɖe Eƒe nuŋeŋedɔa me elabena “nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o.” (Mateo 9:37, 38) Le nyateƒe me, nusia biabia le gbedodoɖa me tso Mawu gbɔ la ɖe nuwɔwɔ kpata ƒe gbɔgbɔ fia.
Ðe Nuwɔwɔ Kpata ƒe Susu sia Mesɔ Oa?
Ame aɖewo abia wòasɔ be nukatae nuwɔwɔ kpata nɔ vevie ɣemaɣi nenye be “xaxa gã” si ƒe nya wogblɔ ɖi la ava le ƒe alafa geɖe megbe?—Mateo 24:21.
Miate ŋu aka ɖe edzi be menye nya aɖe ko wònye Yesu gblɔ tsɔ flu eyomedzelawo bene woanɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa dzi o. Ao, Kristo ƒe nuxlɔ̃ame ku ɖe nuwɔwɔ kpata ŋu la nɔ te ɖe eƒe lɔlɔ̃ na eƒe nusrɔ̃lawo kple alesi wòse Yehowa ƒe nukpɔsusu le ɣeyiɣi ŋu gɔme nyuie la dzi. Ẽ, Kristo Yesu nyae be nuwɔwɔ kpata ƒe gbɔgbɔ hiã ne woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wòasɔ ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo nu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, enya be aɖe vi na yeƒe nusrɔ̃lawo le gbɔgbɔ me nenye be wolé nuwɔwɔ kpata ƒe susu me ɖe asi vaseɖe esime wòatrɔ agbɔ.
Yesu Kristo ɖee fia kɔte be xexeame katã ƒe ɖaseɖiɖidɔ aɖe li woawɔ le ɣeyiɣi si ava nuwuwu me. (Mateo 24:14; Marko 13:10) Esime dɔdasia nɔ edzi yim hafi eƒe akpa vovovoawo va nɔ dzedzem. Ke hã la, nuwɔwɔ kpata hiã le eƒe akpa ɖesiaɖe wɔwɔ me. Yesu fia alesi dɔdasi sia anɔ ŋgɔ yim ʋeʋeʋe esi wògblɔ be: “Mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Eye nenemae dɔdasia yi edzii vaseɖe fifia. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Mawu ƒe amewo do go nusiwo wɔ nuku na wo, si na wòahiã be woawɔ ɖɔɖɔɖo le woƒe nugɔmesese ŋu ɣeaɖewoɣi.
Kristotɔwo ƒe nuwɔwɔ kpata na be Yehowa ƒe tameɖoɖo va eme. Ekpe ɖe Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ŋu wowɔ woƒe dɔdasia wòzɔ ɖe Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi si medana le edzi o la nu. Eyata egbea ne mietrɔ kpɔ megbe le ƒe 2,000 kloe siwo va yi me la, míesea Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia gɔme nyuie wu.
Kristotɔwo ƒe nuwɔwɔ kpata kpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu wowɔ ɖaseɖiɖidɔa tsitotsito le Yerusalem, Yudea, Samaria, kple le Yudatɔ siwo ka hlẽ dome hafi ƒe 36 M.Ŋ. va ɖo, esime Israel-viwo ƒe amenuveve tɔxɛa wu enu. (Daniel 9:27; Dɔwɔwɔwo 2:46, 47) Nenema ke Kristotɔwo ƒe nuwɔwɔ kpata kpe ɖe hame gbãtɔa me tɔwo ŋu wona Yudatɔwo nya do ŋgɔ be madidi o woƒe nuɖoanyia gbɔna nu wu ge. (Luka 19:43, 44; Kolosetɔwo 1:5, 6, 23) Eye esi wòwu enu le vome le ƒe 70 M.Ŋ. la, nuwɔwɔ kpata kpe ɖe Kristo ƒe ƒe alafa gbãtɔ me ɖasefowo ŋu woɖe gbeƒã tso dziƒomɔkpɔkpɔa ŋu na ame geɖe hafi xɔsegbegbe si ƒe nya wogblɔ ɖi ƒe viviti wuame la va keke ta. (Tesalonikatɔwo II, 2:3; Timoteo II, 4:2) Eye le Titinaɣeyiɣiawo me la, Kristotɔ ʋee siwo ɖi lu la lé dziƒomɔkpɔkpɔa me ɖe asi abe alesi Kristo Yesu gblɔe ɖi ene. (Mateo 13:28-30) Mlɔeba, le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la Yehowa fɔ eƒe egbegbe hame sesẽa ɖe te eye wòʋã wo be woagblɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gbedasia na amesiwo le dzidzime mamle sia me.—Mateo 24:34.
Abe blematɔ Daniel ene la, Mawu ƒe egbegbe Ðasefo nuteƒewɔlawo mate ŋu abia Yehowa be: “Nuka nye esi wɔm nèle hã o.” (Daniel 4:32) Kakaɖedzi le wo si be Yehowa nya nusi tututu hiã be woatsɔ awɔ eƒe dɔa ɖe game dzi. Eyata le esi teƒe be woahe nya le alesi Yehowa le eƒe nuwo wɔmee ŋu la, wokpɔa dzidzɔ boŋ be Mawu na mɔnukpɔkpɔa yewo be yewoawɔ dɔ kpli ye le ɣeyiɣi vevi siawo me—Korintotɔwo I, 3:9.
Nuwɔwɔ Kpata Ŋuti Dzideƒo Bubu
Nu bubu si hã tae nuwɔwɔ kpata le vevie enye be míenya ŋkeke kple gaƒoƒo si me tututu xaxa gã ava kpoyi o. Kristo Yesu gblɔe kɔte be anyigbadzitɔ aɖeke menya ŋkeke kple gaƒoƒo ɖoɖi si me nudzɔdzɔ vevi ma adze egɔme o. (Mateo 24:36) Egblɔ ɣebubuɣi na eƒe apostolo siwo di vevie be yewoanya nu le eŋu be: “Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.” (Dɔwɔwɔwo 1:7) Ẽ, nusiwo adzɔ ya dze kɔte, gake menye nusiwo katã ku ɖe wo ŋue wòle be míanya o.
Nuwɔwɔ kpata ƒe nɔnɔme nyuitɔ nɔ apostolo Paulo si. Ðewohĩ Yesu ƒe nyawo nɔ susu me nɛ esi wòŋlɔ agbalẽ na Tesalonikatɔwo ku ɖe Kristo ƒe anyinɔnɔ ŋuti be: “Ke le ɣeyiɣiwo kple azãgbewo ŋuti la, nɔviwo, mehiã mi be, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o.” (Tesalonikatɔwo I, 5:1) Eŋlɔ agbalẽ sia ƒe 17 le esi Yesu gblɔ be: “Mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke” megbe. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Le ɣemaɣi la, womate ŋu aŋlɔ nu bubu aɖeke wu ema o elabena womegaɖe nu bubu aɖeke fia wo wu ema o. Ke hã la, kakaɖedzi anɔ wo si be Yehowa ƒe ŋkekea ava godoo “abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene” esime Kristotɔwo aganɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi vevie.—Tesalonikatɔwo I, 5:2.
Esi nya siawo nɔ susu me na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ta la, masɔ be woasusu be Yehowa ƒe ŋkekea le ŋgɔ ƒe alafa geɖe o. Nyateƒee, wonya Yesu ƒe lododo siwo ku ɖe fia si zɔ mɔ yi anyigba didi aɖe dzi kple ŋutsu aɖe si yi nugbe la ŋu. Eye wonya hã be lododoawo ɖe eme be fia la ‘atrɔ gbɔ’ eye nugbeyila la hã agbɔ le ‘ɣeyiɣi didi aɖe megbe.’ Gake ɖikeke mele eme o be woanɔ tame bum le biabia siawo ŋu be, Ɣekaɣie ‘wòatrɔ agbɔ’? Eye nukae ‘ɣeyiɣi didi aɖe megbe’ fia? Ƒe ewo yea? Ƒe blaeve yea? Blaatɔ̃ yea? Alo adidi wu emaa? (Luka 19:12, 15; Mateo 25:14, 19) Ɣemaɣi Yesu ƒe nyawo anɔ susu me na wo be: “Miawo hã minɔ dzadzraɖoɖi; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si miele mɔ kpɔm nɛ o la dzi.”—Luka 12:40.
Nu Nyui Siwo Doa Go tso Nuwɔwɔ Kpata Me
Ẽ, nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye si tso Mawu gbɔ la de dzi ƒo na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nyuie, ekpe ɖe wo ŋu wowɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ vevi la. Egale dzi dem ƒo na mí le mɔ geɖe nu egbea. Ana míagasusu be míegahiã ŋgɔyiyi o alo “ɖeɖi nate mía ŋu” o. (Galatiatɔwo 6:9) Ekpɔa mía ta tso ame ɖokui ƒoƒo ɖe xexeame fũ kple eƒe ŋutilãmenudidi si agblẽ nu le mía ŋu le manyamanya me la sime. Enaa míaƒe susu nɔa “agbe vavã la” ŋu. (Timoteo I, 6:19) Aƒetɔ Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo anɔ abe ‘alẽwo ene le amegãxiwo dome,’ eye enya be ehiã be míaɖoe kplikpaa hafi ate ŋu awɔ avu kple xexe sia. Ẽ, Kristotɔwo ƒe nuwɔwɔ kpata kpɔa mía ta be míenɔa dedie.—Mateo 10:16.
Le Yehowa Mawu ƒe nunya si seɖoƒe meli na o me la, enaa nyatakaka siwo hiã si akpe ɖe esubɔlawo ŋu be woana nuwɔwɔ kpata ƒe susu nu nasẽ le wo me. Eka ɖe edzi na mí dɔmenyotɔe be míele nuɖoanyi gbegblẽ sia ƒe “ŋkeke mamleawo” me. (Timoteo II, 3:1) Woɖoa ŋku edzi na mí enuenu be míanɔ keklẽm abe akaɖiwo ene vaseɖe esime dzidzime sia si me míele la nawu enu le xaxa gã si awu nu le Harmagedon la me.—Filipitɔwo 2:15; Nyaɖeɖefia 7:14; 16:14, 16.
Ẽ, nuwɔwɔ kpata ƒe susu si tso Mawu gbɔ la nye nu vevi aɖe si hiã na Yehowa subɔsubɔ kple luʋɔ blibo. Etsia Abosam ƒe agbagbadzedzewo be yeana ‘ɖeɖi nate’ Mawu subɔlawo ‘ŋu eye woagbɔdzɔ le woƒe luʋɔwo me’ la nu eye wògblẽa wo me. (Hebritɔwo 12:3) Tso mavɔ me yi mavɔ me la, subɔsubɔ tso luʋɔ blibo me ana Yehowa subɔlawo naɖo toe, gake fifia do ŋgɔ na Harmagedon la, nuwɔwɔ kpata ŋuti susu nyui si de to nye mawusubɔsubɔ kple luʋɔ blibo ƒe akpa vevi aɖe.
Yehowa mía Mawu nekpe ɖe mí katã ŋu míadzɔ nuwɔwɔ kpata ƒe vevienyenye si le mía me la ŋu esime míeyi edzi le apostolo Yohanes ƒe nyawo gblɔm be: “Amen, Aƒetɔ Yesu va!”—Nyaɖeɖefia 22:20.