Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Susu Nanɔ Mía Si Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
Ele vevie be nuwɔwɔ kpata ƒe susu nanɔ mía si, eye ehiã be míatu nɔnɔme sia ɖo be míatsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Míate ŋu atu nuwɔwɔ kpata ƒe nɔnɔmea ɖo ne míetsɔa ŋkuɖodzinya siawo wɔa dɔe.
Do gbe ɖa edziedzi tso Fiaɖuƒea ŋu.—Mat. 6:10.
Dzɔ wò dzi ŋu to Biblia xexlẽ gbe sia gbe me.—Heb. 3:12.
Wɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie.—Ef. 5:15, 16; Flp. 1:10.
Wò ŋku nenɔ “nu ɖeka ŋu.” Mègaɖe mɔ be xexea me nudzodzrowo nahe wò susu o.—Mat. 6:22, 25; 2 Tim. 4:10.
Lé ŋku ɖe ale si Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vamee ŋu be nànɔ ŋudzɔ.—Marko 13:35-37.
Ne nuwɔwɔ kpata ƒe susu le mía si la, esia aʋã mí be míaƒo mía ɖokui ɖe dɔ si mewu enu haɖe o la me bliboe!—Yoh. 4:34, 35.