INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 11/04 axa 1
  • Hiahiã Kpata ƒe Susu Nenɔ Asiwò!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hiahiã Kpata ƒe Susu Nenɔ Asiwò!
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Gbeƒã Veviedodotɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Dzɔ Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Vevienyenye Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nuwɔwɔ Kpata Ƒe Susu Nanɔ Mía Si Ðe Gbeƒãɖeɖedɔa Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
  • Ðaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Geɖe Wu esi Nuwuwua le Aƒe Tum
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2004
km 11/04 axa 1

Hiahiã Kpata ƒe Susu Nenɔ Asiwò!

1 Yesu nyae be ɣeyiɣi sue aɖe koe yeanɔ anyigba dzi atsɔ awɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. (Yoh. 9:4) Eyata etsɔ hiahiã kpata ƒe susu wɔ eƒe subɔsubɔdɔae, eye wòna hehe eƒe nusrɔ̃lawo be woawo hã woawɔe nenema ke. (Luka 4:42-44; 8:1; 10:2-4) Ŋutilãmenuwo menɔ vevie nɛ de enu o. (Mat. 8:20) Eyata ete ŋu wu dɔ si Yehowa de esi la nu.—Yoh. 17:4.

2 Ɣeyiɣia Vɔ Vɔ: Ɣeyiɣi si wòle be míawo hã míatsɔ aɖe gbeƒã nyanyuia “le xexe blibo la katã me” la le vɔvɔm. (Mat. 24:14) Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ɖee fia be míegogo nuwuɣia ŋutɔ. Eteƒe madidi o, “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o . . . akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ.” (Tes. II, 1:6-9) Ʋɔnudɔdrɔ̃ ma aɖi ɖe amewo kpoyi. (Luka 21:34, 35; Tes. I, 5:2, 3) Ehiã be amewo nanya nu tso afɔku ƒe nɔnɔme si me wole ŋu. Míawo dzie agba le be míakpe ɖe wo ŋu woadi Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ esi ɣeyiɣi gakpɔtɔ li.—Zef. 2:2, 3.

3 Míaƒe Ŋutete Ðesiaɖe Wɔwɔ: Esi Mawu subɔlawo nyae be ‘ɣeyiɣi si susɔ la le kpuie’ ta la, wotsɔa gbeƒãɖeɖedɔa ɖoa nɔƒe gbãtɔ. (Kor. I, 7:29-31; Mat. 6:33) Ame aɖewo ɖe asi le gakpɔmɔnu siwo ʋu ɖi na wo ŋu alo ɖe asi le woa ŋutɔwo ƒe nanewo ŋu ale be woate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me geɖe wu. (Mar. 10:29, 30) Ame bubu aɖewo hã yi edzi ‘le dɔ geɖe wɔm le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔa me’ togbɔ be wole dodokpɔwo me tom hã. (Kor. I, 15:58) Ame geɖe tsɔ tameɖoɖo kplikpaa le gbeƒã ɖem nyanyuia ƒe gbogbo aɖewoe nye esia. (Heb. 10:23) Yehowa dea asixɔxɔ nusiwo katã wotsɔ sa vɔe tsɔ do alɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu ale gbegbe.—Heb. 6:10.

4 Ne míena Yehowa subɔsubɔ, si ƒe akpa aɖee nye gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, nye nu vevitɔ kekeake na mí le agbe me la, ekema akpe ɖe mía ŋu míana Yehowa ƒe ŋkeke si tu aƒe la nanɔ susu me na mí ɣeawokatãɣi. Esia wɔwɔ kpɔa mía ta be Satana ƒe xexea mehea míaƒe susu o eye edoa ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míanɔ agbe si le kɔkɔe. (Pet. II, 3:11-14) Vavãe, hiahiã kpata ƒe susu tsɔtsɔ wɔ subɔsubɔdɔae ate ŋu ana mía ŋutɔwo kple amesiwo ɖoa to mí la míakpɔ agbe.—Tim. I, 4:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe