Ðaseɖiɖidɔa Wɔwɔ Geɖe Wu esi Nuwuwua le Aƒe Tum
1 Dzidzɔkpɔɣie nuŋeɣi nye. Eganye dɔ sesẽ wɔɣi hã. Ɣeyiɣi kpui aɖe koe li woatsɔ aƒo nukuawo nu ƒu. Mele be dɔwɔlawo nawɔ alɔgblɔlɔ le woƒe dɔa me o.
2 Yesu tsɔ ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ sɔ kple nuŋeɣi le kpɔɖeŋumɔ nu. (Mat. 13:39) Míele nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣia me, eye ɣeyiɣi sue aɖe koe li be míaɖi ɖase le “xexe blibo la katã me.” (Mat. 24:14) Esi nuwuwua le aƒe tum la, ele be míadzi míaƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖe edzi. Nukatae? Yesu ɖe eme be: “Nuŋeŋe la sɔ gbɔ; ke nuŋelawo mede ha o.”—Mat. 9:37, 38; Rom. 12:11.
3 Tsɔtsɔe Nenɔ Eŋu: Esi Yesu dze eƒe gbeƒãɖeɖedɔ gã la gɔme la, ƒe etɔ̃ kple afã koe nɔ esi be wòatsɔ awu dɔ si wode esi la nu. Etsɔ hiahiã kpata wɔ eƒe gbeƒãɖeɖedɔae, eye wògblɔ be: “Ele nam be, magblɔ mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui afia . . . ; elabena eyata wodɔm ɖo.”—Luka 4:43.
4 Yesu ƒã hiahiã kpata ƒe susu ma tɔgbe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo me. (Mar. 13:32-37) Ema tae “gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.” (Dɔw. 5:42) Nu maɖinuwo mexɔ nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me o. Togbɔ be womesɔ gbɔ o hã la, wote ŋu ɖe gbeƒã nyanyuia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kol. 1:23.
5 Egale vevie wu gɔ̃ hã le mía gome be míana hiahiã kpata ƒe susu ma ke nanɔ mía si fifia, esi “nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” (Pet. I, 4:7) Yehowa ɖo ŋkeke kple gaƒoƒo ɖi na nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. (Mat. 24:36) Woawu gbeƒãɖeɖedɔa nu le ɣeyiɣi si susɔ me. Ema tae míeyi edzi le agbagba geɖe wu dzem be míatsɔ nyanyuia aɖo ame geɖe wu gbɔ.
6 Ne míewɔ ɖaseɖiɖidɔa geɖe wu esi nuwuwua le aƒe tum la, míatsɔ dzidzeme agblɔ na Yehowa abe alesi Yesu gblɔe ene be: ‘Míewu dɔ si nètsɔ na mí be míawɔ la nu.’—Yoh. 17:4.