‘Ðe Gbeƒã Nya la Kple Hiahiã Kpata’
1 Ne èxɔ nane si dzi woŋlɔ ɖo be “EHIà KPATA” la, aleke nèwɔa nu ɖe eŋui? Nya “ehiã kpata” bia be “woatso ɖe eŋu enumake.” Eyata susu nyui aɖe tae apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woaɖe ‘gbeƒã nya la kple hiahiã kpata.’ (Tim. II, 4:2) Ðe nèwɔna ɖe eƒe nyaa dzi hetsɔ hiahiã kpata le dɔ sia wɔmeea?
2 Ðewohĩ wona nutsotso Paulo be nɔvia Kristotɔ aɖewo nɔ ‘kuvia wɔm’ le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Rom. 12:11, NW) Esia ɖe woƒe dɔwɔnawo me tsonuwo kple dzidzɔ si woate ŋu akpɔ le kpekpeɖeŋu nana ame bubuwo me dzi kpɔtɔ.
3 Alesi Yesu Bu Subɔsubɔdɔae: Dzidzɔ ka gbegbee nye si Yesu kpɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me! Egblɔ be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” Yesu ƒe kpɔɖeŋua wɔ dɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi, amesiwo wòde dzi ƒo na be ‘agbleawo ƒu xoxo na ŋeŋe.’ (Yoh. 4:34, 35) Hiahiã kpata ƒe nɔnɔme si wòɖe fia le eƒe subɔsubɔdɔa katã me dze ƒã esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be “[woaɖe] kuku na nuŋeŋe ƒe Aƒetɔ la bena, wòadɔ dɔwɔlawo aɖo ɖe eƒe nuŋeŋe la me.” (Mat. 9:38) Yesu kpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si wode esi be wòaɖe gbeƒã ŋu, eye eɖoe kplikpaa be yemana naneke naxe mɔ na ye le dɔ sia wɔwɔ me o.
4 Ke Míawo Ya Ðe? Egbea ehiã kpata wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be míayi gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Le xexeame ƒe akpa geɖe la, agbleawo ƒu xoxo na ŋeŋe. Le dukɔ siwo me wòdze abe ɖe woɖe gbeƒã na amesiame xoxo gɔ̃ hã me la, ame akpe geɖewo xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe. Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum kabakaba ta la, ‘dɔ geɖe li míawɔ le Aƒetɔ la ƒe dɔa me.’ (Kor. I, 15:58) Ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe be míaʋli vevie le Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ na ame bubuwo me.
5 Mina míakpɔ gome bliboe le ame bubuwo gbɔ ɖoɖo kple nyanyuia tso aƒeme yi aƒeme kple afisiafi si míate ŋu ake ɖe amewo ŋu le le míaƒe anyigbamama me. Ne míekpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe alesi míate ŋui la, ke míele eɖem fia be míetsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. (Mat. 6:33) Ne míetsɔ nuteƒewɔwɔ ɖe gbeƒã nya la kple hiahiã kpata la, ana míakpɔ dzidzɔ geɖe.