INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 7/15 axa 8-9
  • Filipo Nyrɔ Etiopia-megã Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Filipo Nyrɔ Etiopia-megã Aɖe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Nuka Xe Mɔ na Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?’
  • Nufiame si Le Eme na Mí
  • Nukata Woyɔe be Ame Tata?
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Kpekpeɖeŋu Hena Biblia Gɔmesese
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 7/15 axa 8-9

Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu

Filipo Nyrɔ Etiopia-megã Aɖe

ETIOPIATƆ aɖe nɔ eƒe ɣeyiɣi zãm nunyatɔe esime wònɔ eƒe tasiaɖam dom. Enɔ nu xlẽm sesĩe—enye nusi ƒe alafa gbãtɔ me mɔzɔlawo lɔ̃a wɔwɔ. Ŋutsu sia tututue nye amegã “si nye Etiopiatɔwo ƒe fianyɔnu Kandake ƒe ŋusẽtɔ.”a Eyae “kpɔa eƒe kesinɔnuwo katã dzi”—si fia be eyae nye dziɖuɖumegã si kpɔa ganyawo dzi. Amegã sia nɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm be sidzedze nasu ye si.—Dɔwɔwɔwo 8:27, 28.

Nyanyuigblɔla Filipo te ɖe teƒe ma ŋu. Mawudɔla aɖe fia mɔe ɖo ɖe teƒe sia, eye wogblɔ nɛ azɔ be: “Te ɖe ŋu eye nàtsɔ ɖokuiwò akpe ɖe tasiaɖam sia ŋu.” (Dɔwɔwɔwo 8: 26, 29) Míate ŋu atsɔ susu akpɔe be Filipo anɔ eɖokui biam be, ‘Amekae nye ŋutsu sia? Nuka xlẽm wòle? Nukata wodɔm ɖe egbɔ?’

Esi Filipo nɔ du ƒum le tasiaɖam la xa la, ese Etiopiatɔ la wònɔ nya siawo xlẽm be: “Wokplɔe abe alẽ ene yina wuwu ge, eye alesi alẽ zia kpi le amesi le fu sẽm nɛ la ƒe ŋku me la, nenema ke eya hã meke eƒe nu o. Le eƒe bɔbɔɖeanyi me woɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ɖa: Ameka axlẽ eƒe dzidzime afia mahã? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa tso anyigba dzi.”—Dɔwɔwɔwo 8: 32, 33.

Filipo nya kpukpui ma enumake. Etso Yesaya ƒe nuŋlɔɖia me. (Yesaya 53: 7, 8) Nusi xlẽm Etiopiatɔ la nɔ la tɔtɔe. Filipo dze dzeɖoɖo gɔme kplii esi wòbiae be: “Èle nya, si xlẽ nele la, gɔme sema?” Etiopiatɔ la ɖo eŋu be: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Eye wòɖe kuku na Filipo be wòaɖo ye gbɔ le tasiaɖam la me.—Dɔwɔwɔwo 8:30, 31.

‘Nuka Xe Mɔ na Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?’

Etiopiatɔ la gblɔ na Filipo bena: “Meɖe kuku na wò, ameka ŋuti nyagblɔɖila la gblɔ esia ɖo, ye ŋutɔ ŋuti loo alo ame bubu aɖe ŋutie mahã?” (Dɔwɔwɔwo 8:34) Mewɔ nuku be Etiopiatɔ la tɔtɔ o, elabena amesi “alẽ,” alo “dɔla” la nye le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la nye nya ɣaɣla ɣeyiɣi didi aɖe. (Yesaya 53:11) Aleke esia me akɔe nye si esi Filipo gblɔ “Yesu ŋu nyanyui” fia Etiopiatɔ la! Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Etiopiatɔ la gblɔ be: “Kpɔ ɖa, tsie nye esi; nuka xe mɔ na nye [nyɔnyrɔxɔxɔ, NW] mahã? Eyata Filipo nyrɔe enumake.—Dɔwɔwɔwo 8:35-38.

Ðe wɔna sia tsɔ akpa? Kura o! Trɔ̃subɔla zu Yudatɔe Etiopiatɔ la nye.b Eyata enye Yehowa subɔla si nya nu tso Ŋɔŋlɔawo kple Mesia la ŋuti nyagblɔɖiwo ŋu xoxo. Gake eƒe sidzedze mede edeƒe o. Esi wofia Etiopiatɔ la nu vevi sia ku ɖe Yesu Kristo ƒe wɔƒe ŋuti azɔ la, ese nusi Mawu di tso esi la gɔme eye wòle klalo be yeawɔ ɖe edzi. Esɔ be wonyrɔe.—Mateo 28:18-20; Petro I, 3:21.

Emegbe la, “Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ la tsɔ Filipo dzoe.” Eyi dɔdasi bubu wɔ ge. Etiopiatɔ la “dze eƒe mɔ la dzi kple dzidzɔ.”—Dɔwɔwɔwo 8:39, 40.

Nufiame si Le Eme na Mí

Esi míenye Yehowa ƒe egbegbe subɔlawo la, agba le mía dzi be míakpe ɖe dzi anukwaretɔ ɖesiaɖe ŋu be wòasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la. Ame geɖe gblɔ nyanyuia na amewo esime wonɔ mɔ zɔm alo le nɔnɔme si va le vome la me. Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa na be ame akpe alafa geɖe xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe tsɔ ɖoa kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu dzi.

Ele eme baa be mele be woana ame yeyewo naxɔ nyɔnyrɔ kpatakpata o. Gbã la, ele be Yehowa Mawu kple Via, Yesu Kristo, ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si. (Yohanes 17:3) Ele be woatrɔ dzime, agbe nu le agbebaɖanɔnɔ gbɔ eye woagbugbɔ ava awɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi. (Dɔwɔwɔwo 3:19) Esia xɔa ɣeyiɣi, vevietɔ ne tamesusu kple agbenɔnɔ vɔ̃ɖi ɖi tsi ɖe ame me. Togbɔ be ele be ame yeyewo nabu nusiwo Kristotɔ ƒe nusrɔ̃lanyenye bia ŋu vevie hã la, enyea yayra geɖe be woaɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu. (Tsɔe sɔ kple Luka 9:23; 14:25-33) Amesiwo nye Yehowa ƒe Ðasefowo tsɔa dzidzɔ fiaa habɔbɔ si Mawu le zazãm hele nanam be eƒe lɔlɔ̃nu le eme vam la ame yeye siawo. (Mateo 24: 45-47) Amesiawo atso aseye le nusi Mawu di tso wo si la sɔsrɔ̃ kple wɔwɔ ɖe edzi me abe Etiopiatɔ la ene.

Aɖaka si le axa 8 lia

Nukata Woyɔe be Ame Tata?

Woyɔ Etiopiatɔ la le Dɔwɔwɔwo ta 8 ƒe nuŋlɔɖia katã me le Eŋlisi Biblia me be “ame tata.” Gake esi Mose ƒe Sea meɖe mɔ na ŋutsu si wota be wòage ɖe woƒe takpekpe la me o la, edze ƒã be ŋutsu sia menye ame tata le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu o. (Mose V, 23:2) Helagbe me nya si wozãna na “ame tata” la, ate ŋu afia amesi le ɖoƒe kɔkɔ aɖe. Eyata Etiopiatɔ la nye amegã le Etiopia-fianyɔnua te.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a “Kandake” menye ame ŋkɔ o ke boŋ dzesideŋkɔ (si sɔ kple “Farao” kpakple “Kaisaro”) si woyɔna na Etiopia-fianyɔnu vovovo siwo va nɔ zi dzi.

b Trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo nye amesiwo menye Israel-viwo o siwo lɔ̃ be yewoawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi.—2 Mose 24:22.

[Aɖaka si le axa 8]

Nukata Woyɔe be Ame Tata?

Woyɔ Etiopiatɔ la le Dɔwɔwɔwo ta 8 ƒe nuŋlɔɖia katã me le Eŋlisigbe Biblia me be “ame tata.” Gake esi Mose ƒe Sea meɖe mɔ na ŋutsu si wota be wòage ɖe woƒe takpekpe la me o ta la, edze ƒã be ŋutsu sia menye ame tata le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu o. (5 Mose 23:2) Helagbe me nya si wozãna na “ame tata” la, ate ŋu afia amesi le ɖoƒe kɔkɔ aɖe. Eyata Etiopiatɔ la nye amegã le Etiopia-fianyɔnua te.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe