INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w01 7/1 axa 3-4
  • Kpekpeɖeŋu Hena Biblia Gɔmesese

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpeɖeŋu Hena Biblia Gɔmesese
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Filipo Nyrɔ Etiopia-megã Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
w01 7/1 axa 3-4

Kpekpeɖeŋu Hena Biblia Gɔmesese

BIBLIA nye agbalẽ tɔxɛ aɖe. Eŋlɔlawo be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã yewo, eye kpeɖodzi geɖewo le eme si fia be woƒe nyaa nye nyateƒe. (Timoteo II, 3:16) Tsɔ kpe ɖe nu bubuwo ŋu la, Biblia gblɔ afisi míedzɔ tso, nusitae míele agbe ɖo, kple afisi míeɖo tae la na mí. Ðikeke mele eme o be enye agbalẽ si sɔ be míasrɔ̃!

Ðewohĩ èdze agbagba be yeaxlẽ Biblia gake hekpɔe be egɔmesese sesẽ. Ðewohĩ mènya afisi nàyi akpɔ wò biabiawo ƒe ŋuɖoɖo o. Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Ðeko wò nɔnɔmea sɔ kple ŋutsu aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la tɔ. Enɔ tasiaɖam me nɔ mɔ zɔm tso Yerusalem yina wo de dukɔ, Etiopia, me. Etiopia-megã sia nɔ Biblia ƒe nyagblɔɖigbalẽ si nye Yesaya si woŋlɔ ƒe alafa adre kple edzivɔ do ŋgɔ la xlẽm sesĩe.

Enumake la, ŋutsu aɖe si nɔ du ƒum kplɔ tasiaɖam la ɖo do gbe nɛ. Ŋutsuae nye Yesu ƒe nusrɔ̃la Filipo, eye wòbia Etiopiatɔa be: “Èle nya, si xlẽm nèle la gɔme sema?” Etiopiatɔa ɖo eŋu be: “Aleke mate ŋui, ne ame aɖeke mefiam oa?” Ale wòkpe Filipo be wòaɖo tasiaɖam la. Filipo ɖe kpukpui siwo xlẽm ŋutsua nɔ me nɛ eye wòyi edzi gblɔ “Yesu ŋu nyanyui la” nɛ.—Dɔwɔwɔwo 8:30-35.

Abe alesi tso keke ɣemaɣi Filipo kpe ɖe Etiopiatɔ ma ŋu wòse Mawu ƒe Nyaa gɔme la, Yehowa Ðasefowo kpena ɖe amewo ŋu egbea be woase Biblia gɔme. Adzɔ dzi na wo be woakpe ɖe wò hã ŋuwò. Zi geɖe la, enyona wu be woasrɔ̃ Biblia ɖe ɖoɖo nu eye woadze egɔme tso Ŋɔŋlɔawo me gɔmedzenufiafiawo dzi. (Hebritɔwo 6:1) Ne èle ŋgɔ yim la, àte ŋu ava se nusi apostolo Paulo yɔ be “nuɖuɖu sesẽ”—si nye nyateƒenya goglowo—gɔme. (Hebritɔwo 5:14) Togbɔ be Biblia la srɔ̃mee nèle hã la, agbalẽ bubuwo—Biblia srɔ̃gbalẽwo—ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mawunyakpukpui siwo ku ɖe nya vovovowo ŋu ahase wo gɔme.

Zi geɖe la, woate ŋu awɔ ɖoɖo miasrɔ̃ nua le ɣeyiɣi si sɔ na wò dzi le teƒe si nèdi. Ame aɖewo gɔ̃ hã srɔ̃a nua le telefon dzi. Womewɔa nusɔsrɔ̃a abe alesi wosrɔ̃a nu le sukuxɔme ene o; enye ɖoɖo si wowɔna wòsɔna ɖe amesiame ƒe nɔnɔmewo kple amesi ƒomevi nènye kpakple wò agbalẽnyanya ŋu nu. Màxe fe aɖeke ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ sia ta o. (Mateo 10:8) Womewɔa dodokpɔ aɖeke o, eye womawɔ naneke si ado ŋukpe wò o. Woaɖo wò biabiawo ŋu, eye àsrɔ̃ alesi nàte ɖe Mawu ŋu kplikplikplii. Gake nukatae wòle be nàsrɔ̃ Biblia ɖo? Bu susu siwo ta Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ le agbe me la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe