INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 9/15 axa 2-7
  • Ðe Subɔsubɔha Ðesiaɖe Dzea Mawu Ŋua?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Subɔsubɔha Ðesiaɖe Dzea Mawu Ŋua?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tsɔ Woƒe Tsetsewo Dze Si Woe
  • Ŋuɖɔɖɔɖo Hiã
  • Mido Kutsetseawo Kpɔ
  • Nyametsotsowɔɣie Nye Sia
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
    Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
  • Ðe Subɔsubɔhawo Katã Dzea Mawu Ŋua?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Aleke Mawɔ Ake Ðe Subɔsubɔha Vavã Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 9/15 axa 2-7

Ðe Subɔsubɔha Ðesiaɖe Dzea Mawu Ŋua?

Èsusu be subɔsubɔha ɖesiaɖe dzea Mawu ŋua? Ðewohĩ subɔsubɔha siwo ŋu nènya nu tsoe la dometɔ ɖesiaɖe dea agbe nyui nɔnɔ ƒe dzi ƒo, vaseɖe afi aɖe ya teti. Gake ɖe ema ɖeɖe sɔ gbɔ be wòadze Mawu ŋua?

AME aɖewo gblɔna be ‘Wò ya ɖi anukware le wò tadedeagu me ko, wò nu adze Mawu ŋu. Subɔsubɔha ɖesiaɖe nyo.’ Le kpɔɖeŋu me, Bahai Xɔse la lɔ̃ ɖe susu sia dzi ale gbegbe be woƒe dzixɔsewo va da asi ɖe xexemesubɔsubɔha gã asiekeawo dzi. Subɔsubɔha sia xɔe se be subɔsubɔha siawo katã tso Mawu gbɔ eye wonye nyateƒe ɖeka ƒe akpa vovovowo. Aleke nya sia ate ŋu anye nyateƒee?

Gawu la, èkpɔ mɔ abia ɖokuiwò alesi subɔsubɔha aɖe awɔ adze Mawu ŋu esi wòɖea gbe na eƒe hameviwo be woaɖi bɔmb si naa gbɔgbɔtsixe tsia ame ƒo ɖe amewo dome, bene wòawu ame gbogbo aɖewo. Wotsɔ nya ma ɖe subɔsubɔha aɖe ŋu le Japan. Alo ɖe Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔha aɖe si naa eƒe hameviwo wua wo ɖokui la ŋua? Ƒe ʋee aɖewo enye si va yi la, nu ma dzɔ ɖe subɔsubɔhakplɔla Jim Jones yomedzelawo dzi.

Ne míelé ŋku ɖe blemaɣeyiɣiwo ŋu la, anyo be míabia mía ɖokui be, Ðe subɔsubɔhawo ate ŋu adze Mawu ŋu le esime wodɔa aʋa, abe alesi wòdzɔe le Ƒe Blaetɔ̃ʋa si wowɔ tso 1618 vaseɖe 1648 me enea? The Universal History of the World gblɔ be subɔsubɔhawo dome ʋa ma si Katolikotɔwo kple Protestanttɔwo wɔ la nye “aʋa dziŋɔtɔwo dometɔ ɖeka si wowɔ le Europa ƒe ŋutinya me.”

Subɔsubɔhawo ƒe Atitsogaʋa siwo wowɔ tso ƒe alafa 11 lia vaseɖe 13 lia me hã he ʋukɔkɔɖi dziŋɔwo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, le Atitsogaʋa gbãtɔ me la, amesiwo yɔ wo ɖokui be Kristotɔ atitsogaʋawɔlawo tsɔ ŋutasesẽ wu Moslem kple Yuda tɔ siwo nɔ Yerusalem.

De ŋugble le nusi dzɔ le Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ si dze egɔme le ƒe alafa 13 lia me eye wòyi edzi ƒe 600 la hã ŋu kpɔ. Wofia fu ame akpe nanewo hetɔ dzo wo woku le subɔsubɔhakplɔlawo ƒe gbeɖeɖe nu. Peter De Rosa gblɔ le eƒe agbalẽ Vicars of Christ—The Dark Side of the Papacy me be: “Le papa la ƒe ŋkɔ me, [ŋutasẽʋɔnudrɔ̃lawo] wɔ anyrãnu vɔ̃ɖitɔwo kekeake ɣeyiɣi didi ɖe amegbetɔ ƒe nudzeamewɔwɔ ŋu le [ameƒomea ƒe] ŋutinya me.” De Rosa gblɔ le Dominicatɔ ŋutasẽʋɔnudrɔ̃la Torquemada si tso Spain ŋu be: “Woɖoe zi dzi le 1483 me, eɖu dzi ŋutasesẽtɔe ƒe wuiatɔ̃. Amesiwo wòna wowu sɔ gbɔ wu 114,000, siwo dometɔ 10,220 wotɔ dzoe.”

Nyateƒee, menye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo ɖeɖekoe ɖi ʋufɔ o. Franse xexemenunyala Blaise Pascal de dzesii le eƒe agbalẽ si nye Pensées me be: “Amewo mewɔa nu vɔ̃ɖi wògbɔa eme kple dzidzɔ alea gbegbe abe ne wole ewɔm le mawusubɔsubɔdzixɔsewo ta ene o.”

Tsɔ Woƒe Tsetsewo Dze Si Woe

Le Mawu gbɔ la, subɔsubɔha aɖe ƒe nyonyo menɔ te ɖe nu ɖeka ko dzi o. Hafi subɔsubɔha aɖe nadze eŋu la, ele be eƒe nufiafiawo kple wɔnawo nawɔ ɖeka kple eƒe Nyateƒenya si woŋlɔ, Biblia la. (Psalmo 119:160; Yohanes 17:17) Ele be tadedeagu si dzi Mawu da asi ɖo la ƒe kutsetsewo nawɔ ɖeka kple Yehowa Mawu ƒe dzidzenuwo.

Le Yesu Kristo ƒe Todzimawunya la me la, eɖee fia be aʋatsonyagblɔɖila siwo agblɔ be Mawu teƒe yewole la ava. Yesu gblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti, amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo. Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo. Ðe wogbea weinkpo le aŋɔkawo dzi loo, alo wogbea gbowo le srẽwo dzi mahã? Nenema ke ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo. Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe!” (Mateo 7:15-20) Nya siawo fia be ele be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Awɔ na mí be subɔsubɔhakplɔla alo habɔbɔ aɖe dzea Mawu kple Kristo ŋu, gake míate ŋu awɔ vodada.

Ŋuɖɔɖɔɖo Hiã

Togbɔ be subɔsubɔha aɖe agblɔ be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu eye woƒe nunɔlawo axlẽ Biblia ƒe kpukpui aɖewo hã la, ema mefia be enye tadedeagu si dzea Mawu ŋu o. Woƒe kplɔlawo awɔ nukunu siwo ana wòadze abe Mawue le wo zãm gɔ̃ hã ene. Ke hã, subɔsubɔha ma ate ŋu anye alakpa, si metsea ku siwo dzea Mawu ŋu o. Egiptetɔ nunɔla akunyawɔla siwo nɔ anyi le Mose ƒe ŋkekea me te ŋu wɔ nu wɔnukuwo, gake edze ƒã be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu o.—Mose II, 7:8-22.

Egbea, abe alesi wònɔ le blema ene la, subɔsubɔha geɖewo fiaa amegbetɔ ƒe nukpɔsusuwo kple xexemenunyawo le esi teƒe be woalé nusi Mawu gblɔ be enye nyateƒe me ɖe asi. Esia ta koŋ ye Biblia ƒe nuxlɔ̃ame sia sɔ ɖo be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.”—Kolosetɔwo 2:8.

Esi Yesu ƒo nu tso kutsetse nyui kple manyomanyoawo ŋu vɔ la, egblɔ be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe. Ame geɖewo lagblɔ nam le ŋkeke ma dzi bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! Alo menye wò ŋkɔ dzi míegblɔ nya ɖe anyi le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míenyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le o ɖe, eye wò ŋkɔ dzi míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le o ɖe? Ekema nye hã maʋu eme na wo bena: Nyemenya mi kpɔ o, mi nu madzɔmadzɔ wɔlawo; mite ɖa le gbɔnye!”—Mateo 7:21-23.

Mido Kutsetseawo Kpɔ

Eyata eme kɔ ƒã be ele vevie be woalé ŋku ɖe subɔsubɔha aɖe ƒe kutsetsewo ŋu hafi atso nya me be edze Mawu ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe subɔsubɔha la ƒoa eɖokui ɖe dunyahehe mea? Ke de dzesi nya siawo siwo woŋlɔ ɖe Yakobo 4:4: “Amesi dina be, yeanye xexeame xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” Gakpe ɖe eŋu la, Yesu gblɔ le eyomedzela vavãwo ŋu be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:16, NW) Subɔsubɔha si nyo le Mawu ŋkume meƒoa eɖokui ɖe xexe sia, si le “vɔ̃ɖitɔ la,” si nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makpɔmakpɔ, Satana Abosam ‘ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te’ la ƒe dunyahehe me o. (Yohanes I, 5:19) Ke boŋ subɔsubɔha si dzi Mawu da asi ɖo la daa megbe na eƒe Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me eye wòɖea gbeƒã dziƒodziɖuɖu ma ŋuti nyanyui.—Marko 13:10.

Ðe subɔsubɔha aɖe adze Mawu ŋu ne edea dumeviwo ƒe aglãdzedze dzia? Nyaŋuɖoɖoa dze ƒã ne míewɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi be: “Ðo ŋu nusiawo nawo bena, woabɔbɔ wo ɖokui na dziɖulawo kple ŋusẽwo, eye woaɖo to wo, eye woasu te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Tito 3:1) Nyateƒee, Yesu gblɔ be ele be ye yomedzelawo ‘natsɔ nusi nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la na Mawu.’—Marko 12:17.

Mítsɔe be subɔsubɔha aɖe dea gomekpɔkpɔ le dukɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me ƒe dzi ƒo. Petro I, 3:11 xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nyui’ eye ‘míadi ŋutifafa, ahati eyome.’ Aleke subɔsubɔha aɖe adze Mawu ŋui ne eƒe hameviwo lɔ̃ be yewoawu yewo nɔvi tadeagula siwo le dukɔ bubu me la le aʋawɔwɔ me? Subɔsubɔha si dzi Mawu da asi ɖo ƒe hameviwo ɖea eƒe nɔnɔme vevitɔ—lɔlɔ̃ fiana. Eye Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Lɔlɔ̃ ma mekpɔa gome aɖeke le fuléle vɔ̃ɖi si nɔa dukɔwo ƒe aʋawo me la me o.

Subɔsubɔha vavãtɔ trɔa amesiwo lɔ̃a aʋawɔwɔ wova zua ŋutifafalɔ̃lawo. Ale wogblɔ esia ɖi enye si: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” (Yesaya 2:4) Le esi teƒe be subɔsubɔha vavãtɔ me tɔwo nanɔ fulélenyawo gblɔm la, wowɔna ɖe sedede sia boŋ dzi: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.”—Mateo 22:39.

Subɔsubɔha vavãtɔ me tɔwo dzea agbagba be yewoanɔ agbe ɖe Yehowa Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu, esi wɔnɛ be wotsria agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwɔnawo. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Alo mienyae bena, ame madzɔmadzɔwo manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome oa? Migana woable mi o: Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo alo ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o. Eye nenem mia dome ame aɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe [gbɔgbɔ] la me.”—Korintotɔwo I, 6:9-11.

Nyametsotsowɔɣie Nye Sia

Ele vevie be míanya vovototo si le alakpa tadedeagu kple subɔsubɔha vavãtɔ dome. Le Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me la, woyɔ alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la be “Babilon gã,” kpɔɖeŋugbolo, ‘si kple anyigba dzi fiawo wɔ ahasi.’ Eɖi ʋufɔ eye wòlé sikakplu “si me yɔ fũ kple ŋunyɔnuwo kple eƒe ahasiwɔwɔ ƒe makɔmakɔnyenye” ɖe asi. (Nyaɖeɖefia 17:1-6) Naneke mele eŋu si adze Mawu ŋu o.

Ɣeyiɣi sia mee wòle be míawɔ nyametsotso kaba. Mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ la le anukwaretɔ siwo gakpɔtɔ le Babilon gã la me la kpem be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.”—Nyaɖeɖefia 18:4.

Ne èdi be yeanɔ subɔsubɔha si dzea Mawu ŋu me la, nukatae màte ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu wu o? Aɖaka si le nyati sia me la gblɔ woƒe dzixɔse aɖewo, hekpe ɖe Ŋɔŋlɔawo me nya siwo ɖo kpe wo dzi. Dii le wò Biblia me nàkpɔ be Ðasefoawo ƒe dzixɔsewo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe Nya la hã. Ku nu me kpɔ nenye be woƒe subɔsubɔha tsea ku siwo nàkpɔ mɔ be tadedeagu vavãtɔ natse. Ne èkpɔe be wotsenɛ la, ke èke ɖe subɔsubɔha si dzea Mawu ŋu la ŋu.

[Aɖaka si le axa 5]

NUSIWO DZI YEHOWA ÐASEFOWO XƆ SE

DZIXƆSE BIBLIA ƑE GƆMEÐOKPE

Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa Mose II, 6:3; Psalmo 83:19

Biblia la nye Mawu ƒe Nya Yohanes 17:17;Timoteo II, 3:16, 17

Yesu Kristo nye Mawu ƒe Vi Mateo 3:16, 17; Yohanes 14:28

Ameƒomea medzɔ tso nɔnɔmetɔtrɔ Mose I, 1:27; 2:7

dzi o ke boŋ ɖe wowɔe

Ame gbãtɔ ƒe nuvɔ̃ gbɔe Romatɔwo 5:12

amegbetɔ ƒe ku tso

Luʋɔ la meganɔa agbe le Nyagblɔla 9:5, 10;Xezekiel 18:4

ku megbe o

Hell nye ameƒomea ƒe yɔdo Hiob 14:13; Nyaɖeɖefia 20:13,

King James Version

Tsitretsitsie nye ame kukuwo Yohanes 5:28, 29; 11:25; Dɔwɔwɔwo 24:15

ƒe mɔkpɔkpɔ

Kristo tsɔ eƒe Mateo 20:28; Petro I, 2:24;

anyigbadzigbenɔnɔ xe tafee ɖe 1 John 2:1, 2

ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo ta

Yehowa ɖeɖeko wòle be woado Mateo 6:9; Yohanes 14:6, 13, 14

gbe ɖa na to Kristo dzi

Ele be woawɔ ɖe Biblia ƒe Korintotɔwo I, 6:9, 10

agbenyuinɔnɔ ŋuti sewo dzi

Mele be woazã nɔnɔmewɔwɔwo Mose II, 20:4-6; Korintotɔwo I, 10:14

le tadedeagu me o

Ele be woatsri gbɔgbɔyɔyɔ Mose V, 18:10-12;

Galatiatɔwo 5:19-21

Mele be woaxɔ ʋu de ame ƒe Mose I, 9:3, 4; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29

ŋutilã me o

Yesu yomedzela vavãwo Yohanes 15:19; 17:16; Yakobo 1:27; 4:4

ɖea wo ɖokui ɖe

vovo tso xexeame gbɔ

Kristotɔwo ɖia ɖase, Yesaya 43:10-12;

henɔa gbeƒã ɖem nyanyuia Mateo 24:14; 28:19, 20

Ame nyɔnyrɔ ɖe tsi me Marko 1:9, 10; Yohanes 3:22;

keŋkeŋ nye adzɔgbeɖeɖe na Dɔwɔwɔwo 19:4, 5

Mawu ƒe kpɔɖeŋu Hiob 32:21, 22; Mateo 23:8-12

Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe

mawusubɔsubɔ ƒe

dzesideŋkɔwo tsɔtsɔ dzi o

Míele “nuwuɣi” la me Daniel 12:4; Mateo 24:3-14;

Timoteo II, 3:1-5

Womate ŋu akpɔ Kristo ƒe Mateo 24:3; Yohanes 14:19;

anyinɔnɔ la kple ŋku o Petro I, 3:18

Satana nye xexe sia me Yohanes 12:31; Yohanes I, 5:19

dzi ɖula makpɔmakpɔ

Mawu atsrɔ̃ fifi nuɖoanyi Daniel 2:44;

vɔ̃ɖi sia Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 18:1-8

Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo Yesaya 9:5, 6; Daniel 7:13, 14;

si me la aɖu anyigba Mateo 6:10

la dzi le dzɔdzɔenyenye me

‘Alẽha sue’ aɖe aɖu dzi Luka 12:32;

kple Kristo le dziƒo Nyaɖeɖefia 14:1-4; 20:4

Ame bubu siwo ŋu Mawu Luka 23:43; Yohanes 3:16;

kpɔ ŋudzedze ɖo la akpɔ Nyaɖeɖefia 21:1-4

agbe mavɔ le paradisonyigba dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Wowu ame akpe geɖe le Ŋutasẽʋɔnudrɔ̃ɣia

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Atitsogaʋawo he ʋukɔkɔɖi dziŋɔwo vɛ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Subɔsubɔha vavãtɔ ƒe kutsetsewoe wotsɔna dzea sii

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

Akpa dzi: Garo Nalbandian

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe