INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w96 11/15 axa 8-9
  • Daniel Subɔ Mawu Atraɖii

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Daniel Subɔ Mawu Atraɖii
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nugbeɖoɖo Fluame Aɖe
  • Daniel Nɔ Te Sesĩe
  • Enye Nufiame na Mí
  • Woɖee Tso Dzatawo Ƒe Nu Me!
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Daniel Le Dzatawo Ƒe Do Me
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yehowa Do Teƒeɖoɖo Nyui Aɖe Ŋugbe Na Daniel
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
w96 11/15 axa 8-9

Wowɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu

Daniel Subɔ Mawu Atraɖii

MEBƆ be ŋutinya me nudzɔdzɔwo natrɔ kpata o. Gake nu mae dzɔ le ƒe 539 D.M.Ŋ. me, esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo mu Babilon Fiaɖuƒea le gaƒoƒo ʋee aɖewo ko me. Yehowa ƒe nyagblɔɖila Daniel nye Yudatɔ aboyome le Babilon ƒe 80 kloe enye ma le ƒe ma me. Eteƒe madidi o Daniel si anɔ eƒe ƒe 90-awo me la adze ŋgɔ dodokpɔ gãtɔ kekeake le eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me.

Le Babilon ƒe mumu megbe la, edze abe nuwo zɔ nyuie na Daniel ene. Mediatɔ Dario si xɔ ƒe 62 ye nye fia yeye la, eye Daniel ƒe nu nyo eŋu. Afɔ gbãtɔ siwo Dario ɖe esi wòzu fia la dometɔ ɖekae nye be eɖo nutomedzikpɔla 120 eye wòdo ŋutsu etɔ̃ ɖe dzi wozu dziɖuɖumegãwo.a Daniel nye ŋutsu etɔ̃ siwo nu wove la dometɔ ɖeka. Esi Dario kpɔ be Daniel ƒe ŋutete de ŋgɔ wu la, eɖoe be yeaɖoe dziɖuɖudɔnunɔlagãe! Gake nane dzɔ ɣemaɣi tututu si na fia la trɔ eƒe ɖoɖo kpata.

Nugbeɖoɖo Fluame Aɖe

Daniel hati dziɖuɖumegãwo, kple nutomedzikpɔla gbogbo aɖewo tsɔ nya ʋãme aɖe va fia la gbɔe. Woɖe kuku na Dario be wòade se aɖe, si gblɔ be: “Amesiame, si abia nu mawu alo amegbetɔ bubu aɖe le ŋkeke blaetɔ̃ me, eye menye tso wò fia si ko o la, woatsɔe aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me.” (Daniel 6:8) Ðewohĩ Dario susu be ɖe ŋutsu siawo le woƒe nuteƒewɔwɔ ɖem fia ye. Anya susui hã be se sia akpe ɖe ye amesi nye amedzro la ŋu be ŋusẽ naɖo dziɖula si yenye ɖe fiaɖuƒea dzi la ŋu wu.

Gake menye fia la tae dziɖuɖumegãawo kple nutomedzikpɔlaawo doe ɖa be woade se sia o. Wonɔ “nya [dim] le Daniel ŋu le dziɖunya gome, ke womete ŋu kpɔ nya alo nu gbegblẽ wɔwɔ aɖeke o, elabena eɖi anukware, eye womekpɔ vototo alo nu gbegblẽ wɔwɔ le eŋu o.” Eyata ameflula siawo gblɔ be: “Míele nya aɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.” (Daniel 6:5, 6) Esi wonya be Daniel doa gbe ɖa na Yehowa gbesiagbe ta la, wodi be yewoawɔ esia wòanye nuvɔ̃ gã si dze na ku.

Ðewohĩ dziɖuɖumegãawo kple nutomedzikpɔlaawo lé Daniel ɖe dɔme elabena eyae “ƒo tatɔawo kple amegãawo ta, elabena gbɔgbɔ triakɔ le eme; eye fia la ɖo be, yeatsɔe aɖo fiaɖuƒe blibo la nu.” (Daniel 6:4) Ðewohĩ Daniel ƒe anukwareɖiɖi xe mɔ ɖe nugbegblẽwɔwɔ kple gakpɔkpɔ to mɔ fitifitiwo dzi nu si medze wo ŋu o. Aleke wòɖanɔ o, ŋutsu siawo na fia la de asi sededea te, wòzu “Mediatɔwo kple Persiatɔwo ƒe se, si metrɔna o la” ƒe akpa aɖe.—Daniel 6:9, 10.

Daniel Nɔ Te Sesĩe

Esi Daniel se be wode se yeye la, ɖe wòdzudzɔ gbedodoɖa na Yehowa? Kura o! Edzea klo ɖe eƒeme le dziƒoxɔ dzi eye wòdoa gbe ɖa na Mawu gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene. (Daniel 6:11) Esi wònɔ gbe dom ɖa la, eƒe futɔwo “ge ɖe eme, eye wokpɔ Daniel wòle gbe dom ɖa hele koko ƒom le eƒe Mawu ŋku me.” (Daniel 6:12) Esi wova gblɔ nya la na fia Dario la, eɖe fu nɛ be Daniel dze se si te yede asii la me. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Edze agbagba, vaseɖe esime ɣe ɖo to be, yeaɖee.” Gake fia la ŋutɔ gɔ̃ hã mate ŋu atrɔ se si wòde la o. Eyata wokplɔ Daniel yi ɖade dzatawo ƒe do, si edze ƒã be enye do alo tomexɔ la me. Fia la ka ɖe edzi na Daniel be: “Wò Mawu, si nèsubɔna atraɖi la, [aɖe, NW] wò!”—Daniel 6:13-17.

Esi Dario tsi zãdomadɔlɔ̃e eye wòtsi nu dɔ la, eƒu du yi do la gbɔ. Daniel nɔ eme agbagbee eye nuvevi aɖeke mewɔe o! Fia la tso ɖe nya la ŋu kaba. Ena wotsɔ Daniel ƒe futɔwo kple woƒe ƒomewo ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe doa me tsɔ ɖo eteƒe na woe. Dario na wonya le fiaɖuƒe bliboa me be “Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me.”—Daniel 6:18-28.

Enye Nufiame na Mí

Daniel nye nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Fia la, si menye Yehowa subɔla o, gɔ̃ hã de dzesii be Daniel subɔ Eyama “atraɖi.” (Daniel 6:17, 21) Aramgbe me nya si gɔme woɖe be “atraɖi” fia be “woazɔ anɔ xlã ƒom” le nya la ŋutɔŋutɔ nu. Efia be woayi nane wɔwɔ dzi. Aleke gbegbe nya sia ɖɔ Daniel ƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa madzudzɔmadzudzɔe nyuie enye si!

Daniel wɔ esia atraɖii do ŋgɔ xoxoxo hafi wotsɔe ƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me. Esime wònye sɔhɛ aboyome le Babilon la, egbe nuɖuɖu alo nunono siwo ɖuɖu nu Mose ƒe Sea de se ɖo alo wotsɔ trɔ̃subɔsubɔ ƒe kɔnu ƒo ɖii la ɖuɖu. (Daniel 1:8) Emegbe etsɔ dzideƒo gblɔ Mawu ƒe gbedasi na Babilon-fia Nebukadnezar. (Daniel 4:16-22) Gaƒoƒo ʋee aɖewo do ŋgɔ na Babilon ƒe anyidzedze la, Daniel gblɔ Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ na Fia Belsazar vɔvɔ̃manɔmee. (Daniel 5:22-28) Eyata esime wòva eme be woatsɔ Daniel aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do me la, eyi nuteƒewɔwɔgbenɔnɔ si wòtu ɖo la dzi.

Wò hã àte ŋu asubɔ Yehowa atraɖii. Sɔhɛ ye nènyea? Ekema wɔ nu fifia nàtsɔ atu nuwɔwɔ atraɖii ɖo to xexe sia me ƒe hadede vɔ̃wo kple nuwɔna gbegblẽwo tsitsri me. Ne èle Mawu subɔm ɣeyiɣi aɖee nye sia la, ke lé dzidodo nuteƒewɔwɔtɔe me ɖe asi ɖaa. Mègana ta o, elabena dodokpɔ ɖesiaɖe si dzea ŋgɔ mí la naa mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia Yehowa be míeɖoe kplikpaa be míasubɔ eyama atraɖii.—Filipitɔwo 4:11-13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nya “nutomedzikpɔla” (si gɔmee nye “Fiaɖuƒea ta kpɔla” le nya la ŋutɔŋutɔ nu la) fia amegã si Persia-fia ɖo be wòanye dziɖula le dukɔa ƒe nuto aɖe me. Esi wònye fiateƒenɔla si woɖo ta la, eyae kpɔa adzɔxɔxɔ kple ga si wokpɔ la tsɔtsɔ yi fiaƒemee dzi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe