INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 2/1 axa 3-4
  • Aleke Nèse Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Gɔmee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nèse Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Gɔmee?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ke Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Hã Ðe?
  • Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Ƒomevi Bubu
  • Subɔ Yehowa, Ablɔɖe Ƒe Mawu La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Mɔ Si Dzi Míato Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Mɔmaɖemaɖe Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu Egbea
    Nyɔ!—1999
  • Na Yehowa Nakplɔ Wò Ayi Ablɔɖe Vavãtɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 2/1 axa 3-4

Aleke Nèse Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Gɔmee?

Togbɔ be wobu mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe gomenɔamesi vevii le United States hã la, nuvlowɔhawo sẽ ŋuta le Yehowa Ðasefowo ŋu le dukɔa me godoo le ƒe 1940-awo me

Ame miliɔn geɖe ʋli eta. Ame aɖewo ku ɖe eta gɔ̃ hã. Ameƒomea ƒe nu xɔasiwo kekeake dometɔ ɖekae wònye vavã. Nukae? Ablɔɖe ye! The World Book Encyclopedia ɖe ablɔɖe gɔme be “tiatiawo wɔwɔ kple wo dzi wɔwɔ ƒe ŋutete.” Eyi edzi be: “Le se nu la, amewo le ablɔɖe me ne dukɔ mede se madzemadze, siwo mehiã alo susu mele wo me ɖe wo nu o. Ele hã be dukɔ nakpɔ woƒe gomenɔamesiwo ta—si nye woƒe ablɔɖe, ŋusẽ, kple mɔnukpɔkpɔ veviwo ta.”

Nya sia dze nya bɔbɔe. Gake le nuwɔwɔ ŋutɔŋutɔ me la, edze abe ɖe mele bɔbɔe na amewo be woalɔ̃ ɖe afisi wòle be ablɔɖe nase ɖo dzi o ene. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo susu be ele be dziɖuɖu nade se siwo akpɔ eƒe dukɔmeviwo ƒe ablɔɖe ta. Gake ame bubuwo hã gblɔna be se siawo kee zu kɔsɔkɔsɔ siwo me wòhiã be woatu dukɔmeviawo atsoe! Edze ƒã be amewo se ablɔɖe gɔme le mɔ vovovowo nu.

Ke Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Hã Ðe?

Ðewohĩ ablɔɖe si ŋu wohea nya le vevie wu enye mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe si gɔme woɖe be enye “gome si le ame si be wòaxɔ nusi wòlɔ̃ dzi ase eye wòanɔ agbe ɖe enu.” Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi Se gblɔ be, “ele be tamebubu, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒe gome nanɔ amesiame si.” Gome siawo ƒe ɖee nye be ame ate ŋu “atrɔ eƒe subɔsubɔ alo dzixɔse” faa eye evo “aɖe eƒe mawusubɔsubɔ alo dzixɔse afia to nufiafia, agbenɔnɔ, tadedeagu kple nuwɔna me.”—Sedede 18 lia.

Le nyateƒe me la, míakpɔ mɔ be dukɔ si tsɔa ɖe le eme na eƒe dukɔmeviwo vavã la nana ablɔɖe sia. Nublanuitɔe la, menɔa nenema ɣesiaɣi o. The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Mawusubɔsubɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame geɖe ƒe seselelãme ememetɔwo dzi. Dziɖuɖu aɖewo wɔa ɖeka kplikplikpli kple subɔsubɔha ɖeka eye wobua ha bubu me tɔwo be wonye ŋɔdzi na dunyahedziɖulawo. Dziɖuɖu aɖe hã ate ŋu abu mawusubɔsubɔ be ahe dunyahehe ɖe megbe elabena subɔsubɔhawo ate ŋu ade bubu Mawu ŋu wu toɖoɖo dziɖuɖua.”

Susu siawo tae dziɖuɖu aɖewo dea se aɖewo ɖe mawusɔbɔsubɔ nu ɖo. Wo dometɔ ʋee aɖewo meɖea mɔ na ha aɖeke kura o. Togbɔ be bubuwo gblɔna be yewode mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe dzi hã la, woƒe asi sẽna ɖe subɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo katã dzi vevie.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nusi yi edzi ƒe geɖe le Mexico ŋu kpɔ. Togbɔ be Dukplɔsea na mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe hã la, egblɔ be: “Dukɔa, si teƒe Dziɖuɖua ƒe Ta le la tɔe sɔlemexɔ siwo me amewo dea ta agu le la nye, eye eyae atso nya me le esiwo woakpɔtɔ anɔ zazãm nenema la ŋu.” Wotrɔ Dukplɔsea le ƒe 1991 me tsɔ te fli ɖe mɔxenu sia me. Ke hã la, kpɔɖeŋu sia fia be woate ŋu ase mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe gɔme le mɔ vovovo nu le dukɔ vovovowo me.

Mawusubɔsubɔ ƒe Ablɔɖe Ƒomevi Bubu

Ðe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe le dukɔ si me nèle mea? Ne eli la, ke aleke woɖe emee? Ðe nàte ŋu asubɔ Mawu alesi nèlɔ̃a, alo ɖe wozii ɖe dziwò be nànye Dukɔa ƒe subɔsubɔha me tɔa? Ðe woɖe mɔ be nàxlẽ subɔsubɔgbalẽwo eye nàmã woa, alo ɖe dziɖuɖua xe mɔ ɖe agbalẽ mawo tɔgbe nua? Ðe nàte ŋu aƒo nu na ame bubuwo tso wò dzixɔse ŋua, alo ɖe wobui be enye dada le woƒe mawusubɔsubɔ ƒe gomekpɔkpɔwo dzia?

Dukɔ si me nèle dzie nya siawo ƒe ŋuɖoɖo nɔ te ɖo. Gake dzidzɔtɔe la, mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒomevi aɖe li si menɔ te ɖe afisi nèle dzi kura o. Esime Yesu nɔ Yerusalem le ƒe 32 M.Ŋ. me la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.”—Yohanes 8:31, 32.

Nya sia si Yesu gblɔ gɔme ɖe? Yudatɔ siwo nɔ eƒe nyaawo sem la nɔ didim be yewoavo tso Romatɔwo ƒe dziɖuɖu te. Gake menye ablɔɖekpɔkpɔ tso dziɖuɖu ƒe ameteteɖeanyi ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe o. Ke boŋ abe alesi míava kpɔe le nyati si gbɔna me ene la, nusi nyo sasasã wu ƒe ŋugbe dom wònɔ na eƒe nusrɔ̃lawo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe