Ðe Wòle be Viwò Nanɔ Sukuƒemea?
TSƆE be duvi aɖe mee nèle le dukɔ madeŋgɔ aɖe me. Viwòwo dometɔ geɖe le gɔmedzesuku gake ne woxɔ ƒe 12 la, woayi sekɛndri suku. Sekɛndri sukuawo yɔ gbagba le miaƒe nutoa me, suku nuzazã veviwo meli o, eye nufialawo hã mesɔ gbɔ o. Nufialawo gbea dɔmeyiyi si na wotua sukuawo ɣeaɖewoɣi kwasiɖawo kple ɣletiwo.
Ke ame aɖe va tsɔ agbalẽvi nyui aɖe na wò si ƒo nu tso sukuƒe aɖe ŋu le dugã me. Èkpɔ sukuviwo do awu nyuie le dzidzɔ kpɔm, hele nu srɔ̃m le sukuxɔ siwo me dɔwɔnu, nudokpɔƒe, kple agbalẽdzraɖoƒe nyuiwo le. Sukuviawo zãa kɔmpiuta eye womlɔa xɔ dzadzɛ dzeaniwo me. Èxlẽe be sukua ƒe taɖodzinu ɖekae nye be woakpe ɖe sukuviawo ŋu “woade suku anya agbalẽ nyuie alesi woate ŋui.” Ègaxlẽ be: “Woɖo agbenɔnɔdzidzenu na sukuviawo katã si nu woanɔ agbe ɖo si sɔ kple esiwo nɔa ƒomewo me, afisi nudzeamewɔwɔ, amebubu, toɖoɖo dzilawo kple ame tsitsiwo, nuwɔwɔ aduadu, mɔɖeɖeɖenuŋu, dɔmenyonyo, anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ le vevie.”
Wota ɖekakpui aɖe si le alɔgbɔnu kom si gblɔ be: “Dzinyelawo na mɔnukpɔkpɔ gãtɔm be made suku nyuitɔ kekeake.” Nyɔnuvi aɖe hã gblɔ be: “Sukudede dea dzo ame me eye wòvivina. Nusɔsrɔ̃ mesesẽ le suku sia me kura o.” Àɖo viwòŋutsu alo viwònyɔnu ɖe sukuƒe ma mea?
Sukudede Kple Gbɔgbɔmemenyenye
Dzila lɔ̃amewo katã dina be yewoaɖo gɔmeɖoanyi nyui na yewo viwo le agbe me, esia ta sukudede si da sɔ le vevie. Zi geɖe la, sukudede ʋua dɔdimɔnuwo na ɖeviwo le etsɔme eye wòkpena ɖe wo ŋu wotsina zua ame tsitsi siwo ate ŋu akpɔ wo ɖokui kple ƒome siwo woava ɖo dzi.
Ðewohĩ àbia be, ‘Ne wofiaa nu le sukuƒe aɖe me nyuie eye agbenɔnɔ ŋuti mɔfiame aɖe li la, nukata màyi afima o?’ Ele be dzila Kristotɔwo nade ŋugble le nu vevi ŋutɔŋutɔ aɖe ŋu le gbedodoɖa me hafi aɖo biabia ma ŋu—wo viwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye. Yesu Kristo bia be: “Viɖe ka wòanye na ame, ne xexeme blibo la katã zu etɔ, ke wòabu eƒe luʋɔ mahã?” (Marko 8:36) Le nyateƒe me la, viɖe aɖeke kura mele eme o. Eyata hafi dzila Kristotɔwo natso nya me be yewoaɖo yewo viwo ɖe sukuƒe aɖe me la, ele be woabu nusi wòate ŋu agblẽ le wo viwo ƒe agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ ŋu ŋuti.
Sukuvi Bubuwo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
Sukuƒe aɖewo me viwo ate ŋu ade ŋgɔ le agbalẽnyanya me. Gake aleke sukuviawo alo ɖewohĩ nufiala aɖewo gɔ̃ hã ƒe agbenɔnɔ le? Apostolo Paulo ŋlɔ le amesiwo tɔgbe abɔ le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me ŋu be: “Le ŋkeke mamleawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ!”—Timoteo II, 3:1-5.
Agbenyuimanɔmanɔ kple gbɔgbɔmemenyenye ƒe toyiyi sia le xexeame katã, eye ena agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu le sesẽm na Yehowa Ðasefowo. Sukuvi siwo tsoa aƒeme yia suku gbesiagbe kpɔe be hadede kple sukuvi xexemetɔwo ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ hã ate ŋu agblẽ nu le yewoƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu vevie. Ŋusẽkpɔɖeamedzi siawo gbegbe ate ŋu asesẽ na ɖevi Ðasefowo, togbɔ be woxɔa kpekpeɖeŋu, aɖaŋuɖoɖo, kple dzideƒo tso wo dzilawo gbɔ gbesiagbe hã.
Ekema aleke nuwo nɔna na ɖevi siwo dzo le wo ƒewo me yi sukuƒewo me? Woɖea aga, womexɔa gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu tso wo dzila lɔlɔ̃wo gbɔ edziedzi o. Esi wonɔa sukuhatiwo dome gaƒoƒo 24 la katã gbesiagbe ta la, anɔ eme be nyaƒoɖeamenu be woadze hawo yome kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ɖevi susuwo kple dziwo dzi wu alesi wòakpɔe ɖe sukuvi siwo tsoa aƒeme yia suku dzi. Sukuvi aɖe gblɔ be: “Le agbenɔnɔ gome la, sukuƒemenɔla nɔa afɔku me tso ŋdi vaseɖe zã.”
Paulo ŋlɔe be: “Migana woable mi o! Habɔbɔ vɔ̃wo gblẽa nuwɔna nyuiwo.” (Korintotɔwo I, 15:33) Dzila Kristotɔwo megaflu wo ɖokui ahasusu be yewo viwo ƒe hadede ɣesiaɣi kple amesiwo mesubɔa Mawu o magblẽ naneke le woƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖewohĩ Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo magaʋã dzi na wo o eye ɖewohĩ womagatsɔ ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me kura o. Ɣeaɖewoɣi la, dzilawo mete ŋu kpɔnɛ o vaseɖe esime wo via dzo le sukuƒea me hafi. Ɣemaɣi la, eɖɔɖɔɖo tsia megbe akpa zi geɖe.
Nusia tɔgbee dzɔ ɖe Clement dzi. Egblɔ be: “Hafi mayi sukuƒeme la, melɔ̃ nyateƒea eye medea gbeadzi kple nɔviwo. Míaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ koŋue vivia nunye. Gake esi mege ɖe sukuƒeme esime mexɔ ƒe 14 ko la, meɖe asi le nyateƒea ŋu kura. Ƒe atɔ̃ siwo katã menɔ sukuƒea me la, nyemegade kpekpe aɖeke kpɔ o. Hadede vɔ̃wo kplɔm de atikevɔ̃ɖizazã, atamanono, kple ahatsunono me.”
Nufialawo ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
Nufiala gbegblẽ siwo zãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu ate ŋu anɔ suku ɖesiaɖe. Ðewo sẽa tame hewɔa ŋlɔmi, eye bubuwo hã dɔa woƒe sukuviwo gbɔ. Ele bɔbɔe wu le sukuƒewo me be womagblɔ nufiala siawo ƒe nuwɔna o.
Gake nufiala akpa gãtɔ dzea agbagba vevie be woahe ɖeviwo woazu ame ɖotawo, woƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ nasɔ kple amesiwo dome wole tɔ. Gake kuxi bubu gale afisia na ɖevi Ðasefowo. Menye ɣesiaɣie xexeame ƒe dzidzenuwo sɔna kple Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo o. Nufialawo dea dzi ƒo na sukuviwo be woanɔ agbe ɖe xexe sia tɔ nu, gake Yesu gblɔ be ye yomedzelawo ‘manye xexeame ƒe akpa aɖeke o.’—Yohanes 17:16.
Ke ne kuxiwo do mo ɖa ne ɖeviwo le agbe nɔm ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nu ɖe? Ne aƒemee ɖeviawo tsona yia suku le nutoa me la, woate ŋu alé nya siawo kpɔ kple wo dzilawo. Ekema dzilawo ate ŋu afia mɔ wo viwo eye ɖewohĩ woadzro nya la me kple nufiala la. Esia wɔnɛ be wokpɔa kuxiwo kple masɔmasɔwo gbɔ kaba.
Gake mele nenema le sukuƒewo me o. Sukuvi mawo nɔa woƒe nufialawo ƒe kpɔkplɔ te ɣesiaɣi. Ne ɖeviwo azɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi la, ele be woawɔe kpekpeɖeŋu si dzilawo nana gbesiagbe manɔmee. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviwo dzea agbagba wɔa nuteƒe na Mawu le nɔnɔme siawo me. Gake zi geɖe la, womete ŋu wɔnɛ o. Ele bɔbɔe be ɖevi nawɔ eƒe nufiala ƒe gbe dzi.
Mɔmaɖemaɖe na Ame
Le yunivɛsitiwo la, woɖea mɔ na sukuviwo wotsana faa gake sukuƒewo ya mele nenema o, woxea mɔ na sukuviawo. Womelɔ̃na sukuviwo dona le kpodzi le suku siawo dometɔ geɖe me o negbe Kwasiɖagbe ko, ɖewo meɖea mɔ ɖe ema gɔ̃ hã ŋu o. Ƒe-11-vi aɖe si nɔ sukuƒeme de suku si ŋkɔe nye Eru gblɔ be: “Sukutatɔwo melɔ̃na gbeɖe be míayi kpekpewo kaka wòahayi gbeadzi nye ge o. Katolikotɔwo kple Moslemtɔwo koe wowɔa subɔsubɔ na le sukua. Ele be sukuvi ɖesiaɖe nayi wo dometɔ ɖeka alo nufialawo kple sukuviawo siaa natsi tre ɖe eŋu. Wozia sukuviwo dzi hã be woadzi duha kple sɔlemehawo.”
Ne dzilawo de wo viwo suku mawo la, nya kae nye ema gblɔm wole na wo viwo? Woate ŋu anɔ wo fiam be sukudede le vevie wu nusrɔ̃ƒe yiyi kple gomekpɔkpɔ le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me—ele vevie wu nuteƒewɔwɔ na Mawu gɔ̃ hã.—Mateo 24:14; 28:19, 20; Korintotɔwo II, 6:14-18; Hebritɔwo 10:24, 25.
Ðasefo sukuvi aɖewo dzea agbagba srɔ̃a Biblia ɖekae le sukuƒe aɖewo me gake zi geɖe la, esia hã wɔwɔ menɔa bɔbɔe o. Ale sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Blessing, si xɔ ƒe 16 gblɔ le sukuƒe si me wònɔ de suku ŋu enye si: “Yeaɖi Kristotɔwo kpea ta gbesiagbe doa gbe ɖa. Mí Ðasefoawo míeɖea kuku na wo be woana míawo hã míawɔ míaƒe Biblia nusɔsrɔ̃, gake sukuvi siwo le ŋgɔ na mí gblɔna be womeɖe mɔ ɖe míaƒe subɔsubɔha ŋu o. Ke wodina be yewoazi mía dzi míado gbe ɖa kpli yewo. Ne míegbe la, wohea to na mí. Egbɔgblɔ na nufialawo gagblẽa nya la ɖe edzi. Woyɔa megbeŋkɔ ƒomevi ɖesiaɖe na mí eye wogblɔna na sukuvi siwo le ŋgɔ na mí be woahe to na mí.”
Nuwɔwɔ Wòato Vovo
Ne wonya ɖevi siwo le sukuƒewo me nyuie be Yehowa Ðasefowoe wonye la, akpe ɖe wo ŋu ŋutɔ. Sukutatɔwo ate ŋu aɖe wo le alakpasubɔsubɔnuwɔna siwo wozina ɖe ame dzi, siwo tsi tre ɖe Ðasefoawo ƒe xɔse ŋu me. Sukuhatiwo magadi be yewoade wo nuwɔna kple dzeɖoɖo makɔmakɔwo me o. Mɔnukpɔkpɔwo asu wo si be woaɖi ɖase na sukuhatiwo kple nufialawo. Azɔ hã womabu nugbegblẽwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖe amesiwo nɔa agbe ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu ŋu o, eye ɣeaɖewoɣi la, ena nufialawo kple sukuhatiwo dea bubu wo ŋu.
Gake menye ɣesiaɣie nuwo yina nenema o. Zi geɖe la, nuwɔwɔ wòato vovo wɔnɛ be sukuhatiwo kple nufialawo tia ɖeviwo yome heɖua fewu le wo ŋu. Ƒe-15-vi Yinka si nɔ sukuƒeme de suku la gblɔ be: “Ne wonya le suku be Yehowa Ðasefoe nènye la, woaɖe ŋku atɔ wò. Esi wonya míaƒe tenɔnɔ le gbɔgbɔ kple agbenyuinɔnɔ gome ta la, wotrea mɔ̃ na mí.”
Dzilawo ƒe Agbanɔamedzi
Nufiala, suku, alo kɔledzi aɖeke mate ŋu axɔ ɖeviwo mamlã be woazu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo ƒe dɔa awɔ wòasɔ o. Menye woƒe dɔe wònye o, eye menye woƒe agbanɔamedzi hã o. Mawu ƒe Nya gblɔ be dzilawo ŋutɔwoe akpɔ wo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. Paulo ŋlɔ be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Aleke dzilawo awɔ Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi ne wo viwo dzo ɖale sukuƒeme afisi woagblɔ be woasrã wo kpɔ zi ɖeka alo zi eve ko le ɣleti ɖeka me?
Nɔnɔmeawo to vovo ŋutɔ, gake dzila Kristotɔwo dzea agbagba be yewoawɔ nu wòasɔ kple nya sia si tso gbɔgbɔ me la: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”—Timoteo I, 5:8.
Ðe Mɔnu Bubu Aɖewo Lia?
Nukae dzilawo ate ŋu awɔ ne tiatia eve koe li woawɔ—sukuƒeme nɔnɔ loo alo wo gbɔ suku si menyo o dede? Amesiwo le nɔnɔme sia me la dometɔ aɖewo de wo viwo suku le wo gbɔ hewɔ ɖoɖo be woaganɔ nu fiam wo le aƒeme. Dzila aɖewo ŋutɔ dia ɣeyiɣi fiaa nu wo viwo.
Ɣeaɖewoɣi la, dzilawo wɔa ɖoɖo ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ ɖe ɣeyiɣi si me wo viwo atsi ayi sekɛndri suku ŋu bene woaƒo asa na kuxiwo. Ne viwo le asiwò alo nèle ɖoɖo wɔm be yeadzi vi la, àte ŋu akpɔe ɖa be sekɛndri suku nyui aɖe le mia gbɔ hã. Ne nyui aɖeke meli o la, àte ŋu aʋu yi afisi miakpɔ ɖe le.
Abe alesi dzilawo nya nyuie ene la, ehiã aɖaŋu, dzigbɔɖi, kple ɣeyiɣi geɖe bene woaƒã lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe ɖevi me. Ne ɖevia le aƒeme evɔ esia menya le wɔwɔm o ɖe, ke aleke wòanɔ ne ɖevia ɖale didi aɖe ƒe! Esi ɖevia ƒe agbe mavɔ kpɔkpɔ ŋue wòku ɖo ta la, ele be dzilawo nabu eŋu nyuie le gbedodoɖa me ne anyo be woaɖo wo vi ɖe sukuƒea me. Anye akɔmekpɔkpɔ ŋutɔ be woatsɔ ɖevi ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo asa vɔe ɖe sukuƒeme nɔnɔ ade suku ƒe viɖewo ta! Asɔ kple kpotiti dze aƒe si le bibim me be yeaɖe asigɛ—nàtsi dzo me afiã.
Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Mɔxexe na nɔnɔme sesẽ nyo wu be wòadzɔ vɔ hafi nàbe yeakpɔ egbɔ. Nunya anɔ eme be nàbu nya ma ŋu ne èbia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòle be vinye nayi sukuƒemea?’
[Aɖaka si le axa 28]
Sɔhɛ Ðasefowo Gblɔ Nusiwo Dzɔna le Sukuƒewo Me
“Le sukuƒeme la, ɖevi Ðasefowo ɖea aga le gbɔgbɔ me hadedewo ŋu. Teƒea menyo kura o eye woƒoa nya ɖe ame nu vevie be woawɔ nu gbegblẽ.”—Rotimi si nɔ sukuƒeme de suku esime wòxɔ ƒe 11 vaseɖe 14.
“Dodo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo sesẽna ŋutɔ. Kwasiɖagbe koe mete ŋu dena, eye ɖe mewɔna dzaa sina ne sukuviwo ɖo fli yina sɔleme. Nyemekpɔa dzidzɔ gbeɖe o elabena esime menɔ aƒeme la, medea hame kpekpewo katã eye meyia gbeadzi Memleɖa kple Kwasiɖa. Tutuɖo aɖeke mele suku nàxɔ o. Nu geɖe to ŋunye.”—Esther si nufialawo ƒona ɣesiaɣi le esi mekpɔa gome le sukua ƒe subɔsubɔwɔnawo me o ta.
“Ðaseɖiɖi na sukuhatiwo mele bɔbɔe le sukuƒeme o. Mele bɔbɔe be nàwɔ nu wòato vovo o. Medina be madze hawo yome. Ðe medea kpekpewo heyia gbeadzi la, ɖewohĩ anye ne mate ŋu anɔ te sesĩe. Gake ne míexɔ mɔkeke ko hafi mete ŋu yina, evɔ zi etɔ̃ koe míexɔa mɔkeke le ƒe me. Ne akaɖi li womegadea ami eme o la, etsina. Nenema tututue wòle le suku.”—Lara si nɔ sukuƒeme de suku tso ƒe 11 vaseɖe 16.
“Fifia si nyemegale sukuƒeme o la, mekpɔa dzidzɔ be mete ŋu dea kpekpewo katã, yia gbeadzi, hedzroa gbesiagbe mawunya me kple ƒome bliboa. Togbɔ be viɖe aɖewo le sukuƒeme nɔnɔ ŋu hã la, naneke mele vevie nam de nye ƒomedodo kple Yehowa nu o.”—Naomi si na fofoa kplɔe dzoe le sukuƒeme.