Mawu Nye Sitsoƒe Kple Ŋusẽ Nam
ABE ALESI CHARLOTTE MÜLLER GBLƆE ENE
Ʋɔnudrɔ̃la Kɔmiunisttɔ la gblɔ be: “Ƒe asieke si nènɔ Hitler ƒe asi me la dze na kafukafu. Ètsi tre ɖe aʋawɔwɔ ŋu vavã, gake fifia ètsi tre ɖe míaƒe ŋutifafa ŋu!”
ƔEYIƔI siwo me Nazitɔwo dem gaxɔ me kple esime nusianu nɔ dziɖuɖu sime le Germany ƒe Demokrasi Dukɔ me ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Nyemete ŋu ƒo nu gbã o, gake emegbe meɖo eŋu be: “Kristotɔ meʋlia ŋutifafa vavãtɔ ta abe alesi ame bubuwo wɔnɛ ene o. Biblia ƒe sedede be malɔ̃ Mawu kple hanyevi dzi ko wɔm mele. Mawu ƒe Nya la kpena ɖe ŋunye meléa ŋutifafa me ɖe asi le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me.”
Gbemagbe si nye September 4, 1951 dzi la, Kɔmiunisttɔwo tso afia be woadem mɔ ƒe enyi—ƒe ɖeka koe do le ƒe siwo Nazitɔwo dem mɔ la me.
Esime Dziɖuɖu ƒe Sosialisttɔwo kple Kɔmiunisttɔwo nɔ mí Yehowa Ðasefowo yome tim la, Psalmo 46:2 me nyawo fa akɔ nam: “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.” Yehowa ɖeɖekoe do ŋusẽm be mete ŋu do dzi, eye zi alesi metsɔa eƒe Nya la wɔa tɔnyee la, zi nenemae ŋusẽ gaɖoa ŋunye.
Wodo Ŋusẽm Ðe Etsɔme Ŋu
Wodzim le ƒe 1912 me le Gotha-Siebleben le Thuringia, Germany. Togbɔ be Protestanttɔwoe dzinyelawo nye hã la, fofonye nɔ Biblia me nyateƒe kple dziɖuɖu dzɔdzɔe dim. Esime dzinyelawo kpɔ “Photo-Drama of Creation” la, edzɔ dzi na wo.a Papa ke ɖe nusi dim wònɔ la ŋu—Mawu ƒe Fiaɖuƒe la.
Le March 2, 1923 dzi la, Papa kple Dada, kpakple mí ɖevi adeawo katã míete fli ɖe míaƒe ŋkɔ me le sɔleme. Míenɔ Chemnitz le Saxony, eye míedea ha kple Biblia-nusrɔ̃viwo le afima. (Nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu etɔ̃ va zu Yehowa Ðasefowo.)
Ŋɔŋlɔawo me kpukpuiwo kple nyateƒe xɔasiwo wɔ dɔ ɖe dzinye vevie le Biblia-nusrɔ̃viwo ƒe kpekpewo me, eye nusiawo na dzidzɔ yɔ nye dzime tso ɖevime. Vevitɔe nye nusi wofiaa mí sɔhɛ 50 kple edzivɔ le Kwasiɖagbe, eye mía kple nɔvinye nyɔnu Käthe míesrɔ̃e hena ɣeyiɣi aɖe. Ðekakpui si nye Konrad Franke, amesi wɔa ɖoɖo míeɖia tsa eye wòsrɔ̃a hadzidzi kpli mí hã nɔ míaƒe ƒuƒoƒoa me. Emegbe tso ƒe 1955 va ɖo ƒe 1969 me la, Nɔviŋutsu Franke va nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Germany dzikpɔla.
Zitɔtɔ nɔ ƒe 1920 ƒe ƒeawo me ŋutɔ, eye enɔ Mawu ƒe amewo dome ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Ame aɖewo siwo megada asi ɖe Gbetakpɔxɔ dzi be enye ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi dzi’ o la tsi tre ɖe aƒeme yi aƒeme dɔa ŋu. (Mateo 24:45) Esia he megbedede vɛ. Gake “nuɖuɖu” sia tututue nye nusi do ŋusẽ si hiã mí vevie le ɣeyiɣi mawo me. Le kpɔɖeŋu me, nyati siwo nye “Yayratɔwoe Nye Amesiwo Mevɔ̃na O” (1919) kple “Amekae Ade Bubu Yehowa Ŋu?” (1926) nɔ Gbetakpɔxɔ me. Medi be matsɔ dzideƒo awɔ dɔ ade bubu Yehowa ŋu eyata memã Nɔviŋutsu Rutherford ƒe agbalẽ kple agbalẽvi geɖe.
Le March 1933 me la, wonyrɔm mezu Yehowa Ðasefo. Ƒe ma ke mee woxe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu le Germany. Le nyɔnyrɔxɔɣia la, wotsɔ Nyaɖeɖefia 2:10 me nyawo ɖo aɖaŋu na mí ɖe etsɔme ŋu be: “Megavɔ̃ fu, siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome ame aɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye miakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò!” Metsɔ nya sia de dzi me, eye menyae ɖikekemanɔmee be dodokpɔ sesẽwo nɔ ŋgɔ nam. Eva eme nenema.
Esi míedea nu dunyahenyawo me o ta la, míaƒe aƒelikawo bua susu vɔ̃ ɖe mía ŋu. Esi wowu dunyahekɔdada aɖe nu vɔ la, Nazi-srafo siwo nɔ awu me siwo wodɔ ɖo ɖa la va tɔ ɖe míaƒe aƒe ŋgɔ do ɣli be, “Dugbãlawo le afisia!” Nyati si nye “Migavɔ̃ Wo O,” si dze le Germanygbe me Gbetakpɔxɔ me le December 1933 me la de dzi ƒo nam etɔxɛe. Medi be mayi edzi anye Yehowa Ðasefo nuteƒewɔla le nɔnɔme sesẽtɔwo kekeake me.
Futɔ la ƒe Nyagbɔkpɔnu—Gaxɔ Me
Wote ŋu ta Gbetakpɔxɔ le bebeme le Chemnitz kaka vaseɖe ƒe 1935 ƒe keleme. Ema megbe la, eva hiã be woatsɔ nugbugbɔtamɔ̃ si wozãna la ayi Beierfeld le Ore Towo dzi, afisi wozãe le tsɔ gbugbɔ ta agbalẽwo vaseɖe August 1936 me. Mía kple Käthe míemãa wo na nɔvi siwo ƒe adrɛs Papa tsɔ na mí. Nusianu nɔ edzi yim nyuie vaseɖe ɣeaɖeɣi. Gake Adzamekpovitɔwo va nɔ ŋku lém ɖe ŋunye, eye le August 1936 me la, wova lém le aƒeme eye wosikam ɖi, eye menɔ afisia nɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ lalam.
Le February 1937 me la, wokplɔ nɔviŋutsu 25 kple nɔvinyɔnu 2—menɔ wo dome—yi ʋɔnudrɔ̃ƒe tɔxɛ aɖe le Saxony. Wogblɔ be dugbãlawoe Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa nye. Wode nɔvi siwo gbugbɔ ta Gbetakpɔxɔa mɔ ƒe atɔ̃. Wodem mɔ ƒe eve.
Le esi woaɖe asi le ŋunye le nye gamenɔnɔa vɔ megbe teƒe la, Adzamekpovitɔwo gava lém. Wobe made asi agbalẽ aɖe te be nyemaganye Yehowa Ðasefo o. Megbe gbidii, esi wɔe be amegã la do dziku, tso ɖe tsitre, eye wòna agbalẽ be woasikam ɖi. Agbalẽ lae le nɔnɔmetata sia me. Womeɖe mɔ nam be makpɔ dzinyelawo ƒe ŋkume o, eye wokplɔm yi nyɔnuwo ƒe fuwɔamegaxɔ sue aɖe me le Lichtenburg le Elbe tɔsisi to. Ema megbe kpuie la medo go Käthe. Enɔ fuwɔamegaxɔ me le Moringen tso December 1936 me, gake esi wotu fuwɔamegaxɔ ma la, wokplɔ eya kple nɔvinyɔnu bubuwo va Lichtenburg. Wosika fofonye hã ɖi, eye nyemegakpɔe o kaka vaseɖe ƒe 1945 me hafi.
Le Lichtenburg
Womeɖe mɔ nam mege ɖe nyɔnu Ðasefo bubuawo dome enumake o, le esi wonɔ to hem na wo le nanewo ta. Mekpɔ nyɔnuwo ƒe hatsotso eve le xɔa ɖeka me—nyɔnu aɖewo siwo nɔa nuɖukplɔ̃ ŋu ɖaa kpakple Ðasefo siwo wòle na be woanɔ zikpuiwo dzi ŋkeke bliboa eye womenaa naneke wo be woaɖu o.b
Melɔ̃na xɔa dɔ sia dɔ si wonam be mawɔ kple susu be mava ke ɖe Käthe ŋu to mɔ aɖe nu mlɔeba. Eye nu ma tututue dzɔ. Wo kple gamenɔla eve bubuwo yina dɔ wɔ ge esime míedo go. Dzi dzɔm wu gbɔgblɔ, ale be mekpla asi kɔ nɛ. Gake dzɔla nyɔnua yi ɖagblɔe enumake. Wobia gbe mí, eye tso ekema dzi la, woɖonɛ koŋ ɖea mí ɖa tso mía nɔewo gbɔ. Nu ma sesẽ ale gbegbe.
Nu eve bubu siwo dzɔ le Lichtenburg hã tsi susu me nam. Ɣeaɖeɣi la, wobia tso gamenɔlawo katã si be woakpe ta ɖe xɔxɔnu ase Hitler ƒe dunyahenuƒo aɖe le radio dzi. Mí Yehowa Ðasefowo míegbe esi dulɔlɔ̃ kɔnuwo kpe ɖe eŋu ta. Eyata gamenɔlaŋudzɔlawo lé aŋeto si wotsɔ tsia dzo ɖe mía dzi, wonɔ tsi si nɔ dodom sesĩe tso dzotsimɔ̃ ƒe tsidzɔƒe wum ɖe mía ŋu eye wotsɔ nɔ mí nyɔnu wɔnamanɔŋutɔwo kplɔm ɖo tso tuɖedzi etɔ̃lia dzi kaka míeɖi go ɖe xɔxɔnua. Wona míenɔ tsitre nu le afima, esi míepɔ keŋ.
Ɣeyiɣi bubu la, woɖe gbe na mía kple Gertrud Oehme kpakple Gertel Bürlen be míatsɔ elɛktrikkaɖiwo aɖo atsyɔ̃ na amegã gbeɖela ƒe dɔwɔƒegã, elabena Hitler ƒe dzigbezã ɖo dzi vɔ. Esi míedze si Satana ƒe aye siwo zãm wònɔ be yeaflu mí míana ta le nu suewo me ale be míado kpo nuteƒewɔwɔ ta la, míegbe. Míaƒe tohehee nye be, wona mí nɔvinyɔnu sɔhɛwo dometɔ ɖesiaɖe ɖeɖe dzaa nɔ gɔxɔ sue doviviti aɖe me le kwasiɖa etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me. Gake Yehowa nɔ mía ŋu kplikplikpli eye, le teƒe ma si ɖi vɔvɔ̃ gɔ̃ hã la, enye sitsoƒe na mí.
Le Ravensbrück
Le May 1939 me la, woɖe gamenɔla siwo nɔ Lichtenburg yi Ravensbrück fuwɔamegaxɔ me. Wona mía kple nɔvinyɔnu Ðasefo bubu geɖe míeva wɔ dɔ le nunyãƒe le afima. Esime aʋa dze egɔme eteƒe medidi o la, wobe míaxɔ atitsogadzesi ƒe aflaga vɛ, eye míegbe. Ewɔe be wode mi ame eve, mía kple Mielchen Ernst, tohexɔ me. Emae nye tohehe sesẽtɔ kekeakewo dometɔ ɖeka eye efia be aleke kee yame ƒe nɔnɔme le o, ele na mí be míawɔ dɔ sesẽ gbesiagbe, le Kwasiɖagbe gɔ̃ hã. Zi geɖe la, tohehea xɔa ɣleti etɔ̃, gake míawo ya míenɔ afima ƒe ɖeka. Ne menye Yehowae kpe ɖe ŋunye o la, anye ne nyematsi agbe gbeɖe o.
Nuwo va ka ɖe eme na mí gamenɔlawo vie le ƒe 1942 me, eye wode dɔ asi nam be manye aƒemedzraɖola na SS-srafo aɖe ƒe ƒome si te ɖe fuwɔamegaxɔa ŋu. Ƒomea na ablɔɖe vi aɖem. Le kpɔɖeŋu me, gbeɖeka esi menɔ ɖeviawo kplɔm nɔ tsa ɖim la, medo go Josef Rehwald kple Gottfried Mehlhorn siwo nye gamenɔla eve siwo ŋu dzogoe etɔ̃ ƒe avɔ kakɛ dzẽ nɔ, eye mía kple wo míede dzi ƒo na mía nɔewo.c
Ƒe Sesẽ Siwo Kplɔ Aʋa la Ðo
Le ƒe 1945 me esime dukɔ siwo bla nu ƒe asrafowo te tu mí vɔ la, ƒome si menɔ dɔ wɔm na si dzo, eye ehiã be mayi kpli wo. Wo kple SS-ƒome bubuwo ƒo ƒu zu mɔzɔha gã aɖe si ɖo ta ɣetoɖoƒe gome.
Zitɔtɔ kple afɔku geɖe nɔ aʋawɔwɔa ƒe ŋkeke mamlɛ ʋee mawo me. Mlɔeba míeva do go Amerika-srafo aɖewo siwo ɖe mɔ nam be maŋlɔ ŋkɔ le du si te ɖe mía ŋu me be menye ablɔɖeme. Amekae medo go le afima? Josef Rehwald kple Gottfried Mehlhorn ye. Wose be Ðasefo siwo katã zɔ ku ƒe mɔ dziŋɔ la tso fuwɔamegaxɔ si le Sachsenhausen la va ɖo Schwerin. Eyata mí ame etɔ̃ la míedze mɔ ɖo ta du ma si gbɔ didi abe kilometa 75 ene la me. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye le Schwerin esi míedo go nɔvi nuteƒewɔla mawo katã siwo nye fuwɔamegaxɔ me agbetsila siwo dome Konrad Franke hã nɔ.
Kaka December 1945 naɖo la, nuwo ka ɖe eme le dukɔa me ale gbegbe be mete ŋu ɖo keteke zɔ mɔ. Eyata medze aƒe mɔ! Gake le mɔa zɔzɔ me la, keteke xɔa tamee memlɔna eye megatsia tre ɖe tɔɖoƒe si le ketekea ŋu hã. Le Chemnitz la, medze mɔ tso ketekedɔwɔƒea ɖo ta afisi míaƒe ƒomea nɔ va yi. Gake xɔ ɖeka hɔ̃ hã megatsi anyi le ablɔ si dzi Nazi-srafowo va tsi tre ɖo eye wodo ɣli be “Dugbãlawo le afisia!” la o. Woda bɔmb ɖe teƒe bliboa wòzu aƒedo. Gake dzidzɔtɔe la, meke ɖe Dada, Papa, Käthe, kple nɔvinyeŋutsuwo kpakple nɔvinyenyɔnuwo ŋu wogale agbe.
Ganyawo sesẽ ale gbegbe le Germany le aʋa la megbe. Gake Mawu ƒe amewo ƒe hamewo va nɔ dzidzim ɖe edzi le Germany katã. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wɔ nusianu si wòate ŋui tsɔ dzra mí ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Dɔ gadze egɔme le Betel si le Magdeburg si Nazitɔwo tu la ake. Womia asim le ƒe 1946 ƒe adame be mava wɔ dɔ le afima eye wona dɔm le dzodoƒe.
Le Mɔxeɖenu Te Kple Gamenɔnɔ Ake
Germany ƒe akpa si dzi ɖum Kɔmiunisttɔwo nɔe Magdeburg le. Woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le August 31, 1950 dzi, eye wotu Magdeburg Betel la. Aleae nye subɔsubɔ le Betel si nye hehe nyui xɔɣi la wu enui. Metrɔ yi Chemnitz, kple tameɖoɖo kplikpaa be malé nyateƒea me ɖe asi sesĩe le Kɔmiunisttɔwo te gɔ̃ hã eye be maɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea be enye mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia na ameƒomea si le fu kpem.
Le April 1951 me la, mía kple nɔviŋutsu aɖe míezɔ mɔ yi Berlin be míaxɔ Gbetakpɔxɔ aɖewo. Esi míetrɔ gbɔ la, ŋɔdzi lé mí esi míekpɔ be kpovitɔwo ƒo xlã ketekedɔwɔƒea le Chemnitz. Edze ƒã be wonɔ mía lalam, eye wolé mí enumake.
Esi menɔ game nɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ lalam la, agbalẽ aɖewo nɔ ŋunye si fia be Nazitɔwo dem mɔ̃ ƒe geɖe kpɔ. Ewɔe be dzɔlawo wɔ nu kplim bubutɔe. Nyɔnu dzɔlawo ƒe tatɔ ɖeka gblɔ be: “Menye nuvlowɔlawoe mi Yehowa Ðasefowo mienye o; miedze na gaxɔ me nɔnɔ o.”
Ɣeaɖeɣi la, eva ge ɖe xɔ si me mía kple nɔvinyɔnu eve aɖewo míenɔ me, eye wòtsɔ nane de abati ɖeka te dzaa. Nukae wònye? Eya ŋutɔ ƒe Bibliae wòtsɔ na mí. Ɣebubuɣi, esi afisi dzinyelawo le medidi tso gaxɔa gbɔ o ta la, eyi wo gbɔ le aƒeme. Exɔ Gbetakpɔxɔ aɖewo kple nuɖuɖu, eɣla wo ɖe eɖokui ŋu, eye wòfi wo va nye gaxɔ me.
Nu bubu aɖe hã li medi be magblɔ. Ɣeaɖewoɣi le Kwasiɖagbewo la, míedzia míaƒe teokrasihawo sesĩe ale gbegbe be gamenɔla bubuwo sia akpe dzidzɔtɔe ne míedzi ha ɖesiaɖe vɔ.
Ŋusẽ Kple Kpekpeɖeŋu Tso Yehowa Gbɔ
Esime ʋɔnudɔdrɔ̃a nɔ edzi yim le September 4, 1951 dzie ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ nya siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze. Menɔ game le Waldheim, emegbe le Halle, eye mlɔeba le Hoheneck. Nudzɔdzɔ ɖeka alo ave aɖewo afia alesi Mawu nye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí Yehowa Ðasefowo kple alesi eƒe Nya la do ŋusẽ míi.
Le Waldheim-gakpɔ me la, nɔvinyɔnu Ðasefowo katã va kpea ta edziedzi le xɔ gã ɖeka me, ale be míete ŋu wɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Womeɖe mɔ ɖe nuŋlɔti kple pepa ŋu o, gake nɔvinyɔnu aɖewo di avɔ kakɛ aɖewo eye wodze agbagba tsɔe wɔ avɔ sue si dzi woŋlɔ ƒe 1953 ƒea ƒe mawunyakpukpui ɖo, si nye: “Mide ta agu na Yehowa le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me.”—Psalmo 29:2.
Nyɔnu dzɔlawo dometɔ ɖeka va do ɖe mía dzi le ŋuɖeɖi me eye wòyi ɖagblɔe enumake. Gaxɔa dzikpɔla va eye wògblɔ na nɔvinyɔnu eve be woalé avɔa ɖe yame. Ebia be: “Amekae wɔ nusia? Nukae wòfia?”
Nɔvinyɔnuawo dometɔ ɖeka di be yeagblɔ be yee, bene yeaxɔ fɔbubua ɖe mía nu, gake míedo dali na mía nɔewo enumake, eye míelɔ̃ be mí katã míaxɔ fɔbubua. Eyata míeɖo eŋu be: “Ðe míewɔe be míatsɔ ado ŋusẽ míaƒe xɔse.” Woxɔ avɔa le mía si, eye wote nuɖuɖu mí abe tohehe ene. Gake esime wonɔ gbe biam mí katã la, nɔvinyɔnuawo lée ɖe yame ale be míete ŋu lé mawunyakpukpui dedziƒoname sia ɖe tame.
Esime wotu nyɔnuwo ƒe gaxɔ si nɔ Waldheim la, woɖe nɔvinyɔnuawo yi Halle. Woɖe mɔ be míaxɔ nunanawo le afisia, eye ènya nuka wotɔ de afɔkpa aɖe si fofonye ɖo ɖem la mea? Gbetakpɔxɔ me nyatiwoe! Megaɖoa ŋku esiwo ƒe tanyae nye “Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Nye Nu Ŋutɔŋutɔ” kple “Aʋatsokaka na Wobua Ame ƒe Agbe” la dzi kokoko. Nyati siawo kple bubuwo nye nu xɔasiwo vavã, eye esi míenɔ eɖom ɖe mía nɔewo le bebeme la, amesiame wɔa nuŋlɔɖiwo na eɖokui.
Gbeɖeka si dzɔlawo va ka míaƒe nuwo me la, woke ɖe nuŋlɔɖi siwo mewɔ tsɔ ɣla ɖe nye beli si wotsɔ gbe ƒuƒu wɔe la me. Emegbe eyɔm be yeabia gbem hegblɔ be yedi koŋ be yease nyati si nye “Mɔkpɔkpɔ si Li na Yehowa Vɔ̃lawo le ƒe 1955 Me” la gɔme. Eya si nye Kɔmiunisttɔ la nɔ nu xam vevie ɖe eƒe ŋgɔnɔla, Stalin, ƒe ku le ƒe 1953 me ta, eye edze abe etsɔme mɔkpɔkpɔ bu ɖee ene. Le míawo ya gome la, míaƒe gamenɔnɔ atrɔ le etsɔme, gake nyemenya nu boo tso ema ŋu haɖe o. Metsɔ kakaɖedzi ɖe eme nɛ be mɔkpɔkpɔ si le Yehowa Ðasefowo sie nye nyuitɔ kekeake. Nukatae? Meyɔ nya tso mawunyakpukpui si dzi wotu nyatia ɖo me si nye Psalmo 112:7: “Nya vɔ̃ sese aɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi dzea eme, eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.”
Yehowa Gakpɔtɔ Nye Sitsoƒe Kple Ŋusẽ Nam
Esi medze dɔ sesẽ aɖe vɔ megbe la, woɖe ƒe eve le nye ƒewo dzi eye woɖe asi le ŋunye tso gaxɔ me le March 1957 me. Le nye dɔwɔnawo le Yehowa ƒe subɔsubɔ me ta la, Ɣedzeƒe Germany ƒe amegãwo gate nu ɖe dzinye. Eyata mezã mɔnukpɔkpɔa eye mesi yi Ɣetoɖoƒe Berlin le May 6, 1957 dzi, eye metso afima yi Ɣetoɖoƒe Germany.
Exɔ ƒe geɖe hafi nye lãme gasẽ. Gake gbɔgbɔ me nuɖuɖu gadzroam vevie kokoko eye mekpɔa mɔ na Gbetakpɔxɔ yeye ɖesiaɖe. Enuenu la, megbugbɔdzroa ɖokuinye me. Ðe megatsi dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋua? Ðe metu nɔnɔme nyuiwo ɖoa? Ðe nye xɔse ƒe dodokpɔa ana woakafu Yehowa ahade bubu eŋua? Enye nye taɖodzinu be madze Mawu ŋu le nusianu me, ale be wòanye sitsoƒe kple ŋusẽ nam tegbee.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Foto kple nɔnɔmetata si me woʋãna le ye le “Photo-Drama” la me eye, tso ƒe 1914 me la, Gbetakpɔxɔ Biblia kple Trakt Habɔbɔa teƒenɔlawo ɖee le teƒe geɖe.
b Magazine si nye Trost (Akɔfafa), si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta le Bern, Switzerland, le May 1, 1940, axa 10, ka nya ta be womena ŋdɔnuɖuɖu nyɔnu Yehowa Ðasefo siwo nɔ Lichtenburg o ŋkeke 14 sɔŋ le esi wogbe bubudede ƒe dzesi aɖe wɔwɔ esime wonɔ Nazi-ha aɖewo ƒom ta. Yehowa ƒe Ðasefo 300 ye nɔ afima.
c Nyati si ƒo nu tso Josef Rehwald ŋu dze le April 8, 1993 ƒe Nyɔ!, axa 20-3 me.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
SS-srafowo ƒe dɔwɔƒe le Ravensbrück
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Etame: Stiftung Brandenburgische Gedenkstätten
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Mɔɖegbalẽvi si na mete ŋu wɔ dɔ le asaɖa la godo