INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w97 12/1 axa 21-24
  • Sukuvi Kpɔdzidzedzewo Zu Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedzewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sukuvi Kpɔdzidzedzewo Zu Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedzewo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sukuvi Veviedonulawo Kpɔa Dzidzɔ Le Subɔsubɔdɔa Me
  • Dutanyanyuigblɔla Xoxowo Gblɔ Nusi na Wokpɔa Dzidzedze
  • Ðokuitsɔtsɔna ƒe Gbɔgbɔe Naa Amewo Yia Gilead
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mikpɔ Dzidzɔ Ðe Yehowa Ŋu eye Mitso Aseye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Wode Dzo Wo Me Hena Subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Sukunuwula Siwo Nye Mawu ƒe Nya la Srɔ̃viwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
w97 12/1 axa 21-24

Sukuvi Kpɔdzidzedzewo Zu Dutanyanyuigblɔla Kpɔdzidzedzewo

ESI Will nɔ nu ƒom tso hehexɔxɔ si nu woa kple srɔ̃a Patsy, wowu teti enye ma le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass 103 lia ŋu la, egblɔ be: “Egawɔa nuku nam be mɔnukpɔkpɔ sia su mía si!” Zahid kple Jeni hã lɔ̃ ɖe edzi. Wogblɔ be: “Míekpɔe be ɖe wode bubu mía ŋu be wokpe mí.” Sukuviawo katã wɔ dɔ nyuie le sukua me. Fifia wodi vevie be yewoadze yewoƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme. Gake gbã le sukunuwuwu ƒe wɔna si wowɔ le September 6, 1997 dzi la, woxɔ aɖaŋuɖoɖo siwo me lɔlɔ̃ le si akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ dzidzedze le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔawo gbe.

Theodore Jaracz si nye Dziɖuha la me tɔe nɔ zi me na wɔna la. Eɖe nu me be—hekpe ɖe Betel-ƒomea kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe 48 teƒenɔlawo ŋu la—xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo tso Canada, Europe, Puerto Rico, kple United States va be yewoana sukuviawo nanya be yewole megbe na wo eye be yewolɔ̃ wo. Nɔviŋutsu Jaracz gblɔ be zi geɖe la, Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe mawunyadɔgbedela siwo wodɔ la ƒe susu megava nɔa mawunyadɔgbededɔa ŋu o eye wova vuna ɖe agbalẽnyanyadɔwo ŋu alo ƒoa wo ɖokui ɖe dunyahehe gɔ̃ hã me. Gake Gilead nuwulawo ya wɔa nusi wona hehe wo be woawɔ la ko. Wofiaa Biblia amewo.

Emegbe Robert Butler si tso Habɔbɔa ƒe Brooklyn dɔwɔƒea va ƒo nu le tanya si nye “Na Wò Mɔ Nadze Edzi” ŋu. Eɖe eme be togbɔ be ganɔamesi alo nunɔamesi bubuwoe amegbetɔwo tsɔ dzidzea dzidzedzekpɔkpɔ hã la, nusi le vevie ŋutɔŋutɔe nye nusi Mawu buna dzidzedzekpɔkpɔe. Yesu ƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze, menye le esi wòtrɔ dzime na ame gbogbo aɖewo tae o, ke boŋ le esi wòwɔ nuteƒe le eƒe dɔdasi me tae. Yesu kɔ Yehowa ŋuti, eye elé eɖokui ɖimaƒomaƒoe tso xexeame gbɔ. (Yohanes 16:33; 17:4) Kristotɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ nusiawo ke.

Robert Pevy si nye dutanyanyuigblɔla tsã le Ɣedzeƒenutome la ɖo aɖaŋu be: “Mizu Kluviwo na Amewo Katã.” Apostolo Paulo nye dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedze. Nukae na wòkpɔ dzidzedze? Ewɔ eɖokui amesiame ƒe kluvi. (Korintotɔwo I, 9:19-23) Nuƒola la ɖe eme be: “Gilead sukunuwula si si nɔnɔme ma le la mabu dutanyanyuigbɔgblɔdɔa be enye amedodoɖeŋgɔ le dɔme ƒomevi aɖe si ana yeagaxɔ nɔƒe vevi geɖewo akpee le habɔbɔa me o. Taɖodzinu ɖekae nɔa dutanyanyuigblɔla si wòtsɔ yia dɔ gbee—bene yeasubɔ, elabena nu mae kluviwo wɔna.”

Gerrit Lösch si le Dziɖuha la me tu eƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖe Korintotɔwo II, ta 3 kple 4 koŋ dzi hede dzi ƒo na sukuviawo be “Mina Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe Naklẽ abe Ahuhɔ̃ewo Ene.” Eɖo ŋku edzi na wo be Mawu ŋuti sidzedze le abe kekeli si klẽna ɖe Kristotɔ me ne wòʋu eƒe dzime be yeaxɔe ene. Kekeli ma klẽna le mía ŋu ne míeɖea gbeƒã nyanyuia eye míenɔa agbe nyui. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Ɣeaɖewoɣi àse le ɖokuiwò me be yemedze o. Ne seselelãme mawo ho ɖe mewò la, ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ‘bene ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, nanye Mawu tɔ.’ ” (Korintotɔwo II, 4:7) Nɔviŋutsu Lösch gbugbɔ gblɔ Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Korintotɔwo II, 4:1, tsɔ ƒo koko na sukuviawo be: “Migaɖe asi le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu o. Mina miaƒe ahuhɔ̃ea ƒe ŋkume nakɔ ɖaa!”

Karl Adams si nye Gilead sukua ƒe nufiala ƒo nu tso tanya wɔdɔɖeamedzi si nye “Afikae Yehowa Le?” ŋu. Menye afisi Mawu le le xexeame ŋue biabia la ku ɖo o, ke alesi wòhiã be woabu Yehowa ƒe nukpɔsusu kple nusiwo fia be eyae le mɔ fiam ŋu boŋ ŋue wòku ɖo. Egblɔ be: “Ne amesi le Yehowa ƒe subɔsubɔ me eteƒe didi ɖo xaxa me la, eya gɔ̃ hã ate ŋu aŋlɔ nya ma be.” (Hiob 35:10) Ke míaƒe egbeŋkekeawo me ya ɖe? Mawu ƒe mɔfiafia va hiã eƒe amewo le ƒe 1942 me. Ðe gbeƒãɖeɖedɔa nɔ enu wum loo alo ɖe dɔ geɖe ganɔ anyi woawɔa? Nukae Yehowa di be yeƒe amewo nawɔ? Esi wonɔ Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi la, wova kpɔ ŋuɖoɖoa kɔte. Nɔviŋutsu Adams gblɔ be: “Hafi ƒea nawu enu la, wowɔ ɖoɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ŋu.” Yehowa yra dɔ si dutanyanyuigblɔla siwo woɖo ɖa tso suku ma me va wɔ la vavã.

Mark Noumair ye nye nufiala evelia si va ƒo nu. Ede dzi ƒo na sukuviawo le eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Aleke Nàzã Wò Talento Lae?” me be woatsɔ hehe si woxɔ le Gilead ade dɔwɔna me ne woɖo woƒe dɔwo gbe teti ko. Egblɔ be: “Midze agbagba miate ɖe amewo ŋu. Mibɔ ha kpli wo. Nedzro mi vevie be yewoasrɔ̃ dukɔa ƒe dekɔnuwo, ŋutinya, kple nukokoedoamenyawo. Ne miete ŋu srɔ̃ gbea kaba la, dɔa wɔwɔ asɔe na mi wu.”

Sukuvi Veviedonulawo Kpɔa Dzidzɔ Le Subɔsubɔdɔa Me

Tsɔ kpe ɖe nusɔsrɔ̃ vevie esime wonɔ Gilead ŋu la, womã sukuviawo ɖe afima ƒe hame 11 me. Woɖea gbeƒã veviedodotɔe le kwasiɖanuwuwuwo. Wallace Liverance si nye nufiala le Gilead kpe wo dometɔ geɖe be woava gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖewo na nyaselaawo. Dzidzɔ si le wo me dze esi wonɔ nusiwo teƒe wokpɔ esime wonɔ ɖase ɖim le asiƒleƒewo, ʋutɔɖoƒewo, dɔwɔƒewo, le ablɔdzi, kple tso aƒeme yi aƒeme la gblɔm. Wo dometɔ aɖewo di mɔ siwo dzi woato aƒo nu kple dutagbedola siwo va le hamea ƒe anyigbamamã me hele dɔ wɔm lae. Klass 103 lia me tɔawo te ŋu dze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ ewo ya teti gɔme hesrɔ̃ nu kple ameawo le ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔɣia me.

Dutanyanyuigblɔla Xoxowo Gblɔ Nusi na Wokpɔa Dzidzedze

Le wɔna la ƒe akpa dodzidzɔname sia megbe la, Patrick Lafranca kple William Van de Wall kpe Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me tɔ adre be woagblɔ nusiwo wosrɔ̃ le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me na sukuviawo woase. Woxlɔ̃ nu sukunuwulaawo be woabu woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa be Yehowa gbɔe wòtso eye woaɖoe kplikpaa be yewoanɔ dɔa wɔwɔ dzi. Woƒo nu tso viɖe nyui siwo dutanyanyuigblɔla siwo xɔ hehe le Gilead na wokpɔ tso dɔa me le dukɔ bubuwo me la ŋu.

Nukae kpe ɖe Alɔdzedɔwɔƒe ƒe Kɔmiti me tɔ siawo ŋu be wosubɔ ƒe geɖe abe dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzɔ siwo tsea ku ene? Wowɔ dɔ aduadu kple nɔvi siwo le teƒeawo eye wosrɔ̃ nu tso wo gbɔ. Wodze agbagba srɔ̃ gbegbɔgblɔa esi wova ɖo woƒe dɔwo gbe teti ko. Wosrɔ̃ alesi woatrɔ ɖe nɔnɔmewo ŋu kple alesi woawɔ nu ɖe afima dekɔnuwo nu. Charles Eisenhower si nye Gilead ƒe klass gbãtɔ nuwula si nye dutanyanyuigblɔla ƒe 54 enye sia gblɔ “nu” atɔ̃ siwo dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo srɔ̃: (1) Srɔ̃ Biblia ɣesiaɣi, (2) srɔ̃ gbea, (3) nɔ subɔsubɔdɔa dzi, (4) dze agbagba ŋutifafa nanɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒea me, eye (5) do gbe ɖa na Yehowa ɣesiaɣi. Menye aɖaŋu nyui siwo sukuviawo xɔ koe wɔ dɔ ɖe wo dzi o, ke dzidzɔ si dze ƒã be dutanyanyuigblɔla kpɔnuteƒe siawo le kpɔkpɔm le Yehowa ƒe subɔsubɔ me hãe. Abe alesi Armando kple Lupe gblɔe ene la, “dzi dzɔa wo ne wole nu ƒom tso woƒe agbe ŋu.”

Nuƒo ɖeka ganɔ gbebiameawo megbe. Albert Schroeder si nye Dziɖuha la me tɔ tia eƒe tanya be “Mawu ƒe Nya la ƒe Xɔnuvidɔwɔwɔ Nuteƒewɔwɔtɔe He Nyateƒea ƒe Nu Xɔasiwo Ðe Go.” Esi Bibliae nye Gilead Sukua ƒe nusrɔ̃gbalẽ vevitɔ ta la, sukuviawo tsɔ ɖe le nya siwo gblɔ ge wòala me vevie. Nɔviŋutsu Schroeder na wonya be esime Xexeme Yeye ƒe Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia me tɔ siwo nye amesiaminawo nɔ dɔ wɔm tso New World Translation of the Holy Scriptures ŋu ƒe 50 siwo va yi la, womebia gbe amegbetɔwo o ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia ŋue woɖo ŋu ɖo. (Yeremya 17:5-8) Gake nyitsɔ laa la, amegã aɖewo va de dzesi dzidzenu kɔkɔ si New World Translation la ɖo ɖi. Agbalẽnyala aɖe ŋlɔ lɛta ɖo ɖe Habɔbɔa be: “Ne mekpɔ agbalẽ si nye akuakua la, mekpɔnɛ dzea sii, eye miaƒe ‘Xexeme Yeye ƒe Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia’ wɔ eƒe dɔ nyuie.”

Le nuƒo sia megbe la, sukuviawo xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo, eye woɖe gbeƒã afisi yim wole la na nyaselaawo. Enye ɣeyiɣi si wɔ dɔ ɖe klass la me tɔwo dzi vevie. Esime klass la teƒenɔla aɖe nɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ƒe lɛta xlẽm la, ewɔ dɔ ɖe wo dometɔ geɖe dzi vevie eye aɖatsi loló ɖe ŋku dzi na wo. Sukuviawo dometɔ aɖewo tsɔ ƒe geɖe dzra ɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu. Esi wo dometɔ aɖewo kpɔ be Eŋlisigbe mee woawɔ Gilead nusɔsrɔ̃a le la, woʋu yi Eŋlisigbe hamewo me be yewoaganyre yewoƒe gbea gbɔgblɔ. Wo dometɔ aɖewo ʋu yi afisi mɔɖelawo hiã le wu, le wo dedukɔ me loo alo duta. Wo dometɔ bubuwo hã dzra ɖo to nuteƒekpɔkpɔwo xexlẽ, numekukuwɔwɔ, alo habɔbɔa ƒe videokasɛt si nye To the Ends of the Earth kpɔkpɔ zi gbɔ zi geɖe me.

Alesi wotsɔ ɖe le sukuviawo me ɖekaɖekae la wɔ dɔ ɖe Will kple Patsy siwo ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea dzi ŋutɔ. “Amesiwo menya mí o gɔ̃ hã nɔ asi kplam kɔ na mí henɔ foto ɖem mí. Dziɖuha la me tɔ aɖe va na asi mí gblɔ be, ‘Dzi dzɔa mí le mia ta!’ ” Ðikeke aɖeke mele eme o be womelɔ̃a nu le klass 103 lia me tɔawo gbɔ kura o. Wona hehe wo nyuie. Hehe si woxɔ le Gilead akpe ɖe wo ŋu be woate ŋu ato sukuvi kpɔdzidzedzewo me azu dutanyanyuigblɔla kpɔdzidzedzewo.

[Aɖaka si le axa 22]

Sukuviawo Ŋuti Nyatakaka

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 9

Dukɔ siwo me woyina ƒe xexlẽme: 18

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 48

Srɔ̃tɔwo ƒe xexlẽme: 24

Ƒe si woxɔ le mamã dedie nu: 33

Ƒe si wole nyateƒea me le mamã dedie nu: 16

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mamã dedie nu: 12

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukunuwulawo ƒe Klass 103 lia

Le ŋkɔ siwo woŋlɔ ɖe ete me la, woyɔ fliawo ƒe xexlẽdzesiwo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔwo tso miame yi ɖusimee le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Bunn, A.; Dahlstedt, M.; Campaña, Z.; Boyacioglu, R.; Ogando, G.; Nikonchuk, T.; Melvin, S. (2) May, M.; Mapula, M.; Lwin, J.; Hietamaa, D.; Hernandez, C.; Boyacioglu, N.; Sturm, A.; Melvin, K. (3) Thom, J.; Mapula, E.; Nault, M.; Teasdale, P.; Wright, P.; Pérez, L.; Shenefelt, M.; Pak, H. (4) Murphy, M.; Campaña, J.; Stewart, S.; Cereda, M.; Reed, M.; Pérez, A.; Teasdale, W.; Pak, J. (5) Stewart, D.; Wright, A.; Cereda, P.; Nikonchuk, F.; Reed, J.; Hietamaa, K.; Ogando, C.; Shenefelt, R. (6) Murphy, T.; Hernandez, J.; Nault, M.; Bunn, B.; Thom, R.; Dahlstedt, T.; Lwin, Z.; May, R.; Sturm, A.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Afika yim míele?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe